Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

Nu Si Wɔna Bɔbɔe Aɖe Fia Mí Tso Fia Aɖe Si Le Dziƒo Ŋu

Nu Si Wɔna Bɔbɔe Aɖe Fia Mí Tso Fia Aɖe Si Le Dziƒo Ŋu

“Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã. . . . Esia le tsitre ɖi na nye ʋu, si nye ‘nubabla ƒe ʋu.’”​—MAT. 26:26-28.

HADZIDZI 16 Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nu ka tae mewɔ nuku na mí be Yesu fia mɔ bɔbɔe aɖe si dzi míato aɖo ŋku eƒe kua dzi la mí o? (b) Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋu kawo mee míadzro?

ÐE NÀTE ŋu agblɔ nu siwo yia edzi le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔna si míewɔna ƒe sia ƒe la dzia? Ðikeke mele eme o be, mía dometɔ akpa gãtɔ míate ŋu aɖo ŋku nu vovovo siwo yia edzi le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa me la dzi. Nu ka tae? Nu si tae nye be, wɔnaa le bɔbɔe ale gbegbe. Ke hã, wɔna vevi aɖe ŋutɔe wònye. Eya ta, ɖewohĩ míabia be, ‘Nu ka tae wɔnaa le bɔbɔe nenema gbegbe ɖo?’

2 Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, amewo nyae be efiaa nyateƒenya veviwo le mɔ si le bɔbɔe, si me kɔ, si gɔme nya sena bɔbɔe la nu. (Mat. 7:28, 29) Le mɔ ma ke nu la, efia mɔ aɖe si le bɔbɔe evɔ gɔmesese vevi aɖe le eŋu la mí be míato edzi aɖo ŋku yeƒe kua dzi. * Na míadzro Ŋkuɖodziwɔna sia kple nya siwo Yesu gblɔ kpakple nu siwo wòwɔ la dometɔ aɖewo me nyuie. Esia akpe ɖe mía ŋu míagade asixɔxɔ ale si gbegbe Yesu bɔbɔ eɖokui, ale si dzi nɔ eƒo, kple ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la ŋu geɖe wu, eye míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua geɖe wu.

YESU BƆBƆ EÐOKUI

Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo siwo nye abolo kple wain la ɖoa ŋku edzi na mí be Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta eye enye míaƒe Fia si le dzi ɖum le dziƒo fifia (Kpɔ memama 3-5 lia)

3. Abe ale si wòdze le Mateo 26:26-28 ene la, aleke gbegbee Ŋkuɖodziwɔna si Yesu ɖo anyi la le bɔbɔe, eye nu kawoe nu vevi eve siwo wòzã la le tsitre ɖi na?

3 Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo nɔ eteƒe esime wòɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi. Ewɔ nu siwo wozã tsɔ ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia, siwo susɔ la ŋu dɔ tsɔ ɖo wɔna bɔbɔe sia anyi. (Xlẽ Mateo 26:26-28.) Amɔwɔ maʋamaʋã bolo kple wain si nɔ wo si xoxo la koe wòzã. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be nu vevi eve mawo le tsitre ɖi na yeƒe ŋutilã kple ʋu deblibo, siwo yeatsɔ asa vɔ ɖe wo ta kpuie. Anɔ eme be ale si gbegbe wɔna vevi sia si wòɖo anyi yeyee la le bɔbɔe la mewɔ nuku na apostoloawo o. Nu ka tae?

4. Aleke aɖaŋu si Yesu ɖo na Marta ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae Yesu na Ŋkuɖodziwɔnaa nɔ bɔbɔe la gɔme?

4 Bu nu si dzɔ ɣleti aɖewo do ŋgɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe etɔ̃lia me esime wòyi ɖasrã exɔlɔ̃ kplikplikpli siwo nye Lazaro, Marta kple Maria kpɔ le wo ƒe me la ŋu kpɔ. Le nɔnɔme ma si me woɖe dzi ɖi le me la, Yesu te nufiafia wo. Marta nɔ eteƒe, gake etsi dzi ɖe ale si wòaɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe amedzro vevi sia la ŋu. Esi Yesu kpɔ esia la, eɖɔ Marta ɖo tufafatɔe, eye wòkpe ɖe eŋu be wòade dzesii be kplɔ̃ɖoɖo kpeɖii mehiã ɣesiaɣi o. (Luka 10:40-42) Emegbe, gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ewɔ aɖaŋu si eya ŋutɔ ɖo na Marta la dzi. Ena Ŋkuɖodziwɔnaa nɔ bɔbɔe. Nu kae esia fia mí tso Yesu ŋu?

5. Nu kae ale si wɔna sia le bɔbɔe la fia mí tso Yesu ŋu, eye aleke esia wɔ ɖeka kple nya siwo dze le Filipitɔwo 2:5-8?

5 Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fia le nya siwo wògblɔ kple nu sia nu si wòwɔ me. Eya ta, mewɔ nuku be eɖe ɖokuibɔbɔ gã fia le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me o. (Mat. 11:29) Enyae be esusɔ vie yeasa vɔ gãtɔ kekeake ɖe amegbetɔwo ta eye Yehowa afɔ ye ɖe tsitre yeaɖaɖu fia le dziƒo. Ke hã, mehe susu yi eɖokui dzi madzemadzee o, elabe mebia be woawɔ wɔna kpeɖii atsɔ aɖo ŋku yeƒe kua dzi o. Ke boŋ, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ wɔna bɔbɔe sia zi ɖeka ƒe sia ƒe atsɔ aɖo ŋku ye dzi. (Yoh. 13:15; 1 Kor. 11:23-25) Wɔna sia si le bɔbɔe eye wòsɔ nyuie la ɖee fia be Yesu medoa eɖokui ɖe dzi o. Ele be wòanye dzidzɔ na mí be míaƒe Fia si le dziƒo la ƒe nɔnɔme ɖedzesiawo dometɔ ɖekae nye ɖokuibɔbɔ.—Xlẽ Filipitɔwo 2:5-8.

6. Aleke míawɔ asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom?

6 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ? Míate ŋu awɔ esia ne míedia ame bubuwo ƒe nyonyo tsɔ wu míawo ŋutɔwo tɔ. (Flp. 2:3, 4) Gabu Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ ŋu kpɔ. Yesu nyae be eteƒe madidi o, yease veve helĩhelĩ ahaku; ke hã, etsɔ ɖe le eme na eƒe apostolo siwo axa nu kpuie le eƒe kua ta la vevie. Eya ta, le zã mamlɛtɔa me la, eyi edzi fia nu wo, de dzi ƒo na wo hedo ŋusẽ wo. (Yoh. 14:25-31) Le ɖokuibɔbɔ me la, Yesu tsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me tsɔ wu eya ŋutɔ tɔ. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na mí!

DZI LE YESU ƑO

7. Esi Yesu ɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa anyi megbe teti la, aleke wòɖe dzinɔameƒo gã fia?

7 Esi Yesu ɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi megbe teti la, eɖe dzinɔameƒo gã fia. Le mɔ ka nu? Yesu lɔ̃ faa be ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nava eme na ye, togbɔ be enyae be esia bia be woawu ye le esi wosusui be yewɔ ŋukpenanu si nye busunyagbɔgblɔ ɖe Mawu ŋu ta gɔ̃ hã. (Mat. 26:65, 66; Luka 22:41, 42) Yesu wɔ nuteƒe na Mawu bliboe ale be yeade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, aʋli Yehowa Mawu ƒe dziɖulanyenye ta, eye yeato esia me ana mɔnukpɔkpɔ nasu amegbetɔ trɔdzimewo si be woava nɔ agbe tegbee. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu dzra eyomedzelawo ɖo ɖe nu siwo me woava to kpuie la ŋu.

8. (a) Nya kae Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo? (b) Ƒe aɖewo le Yesu ƒe ku megbe la, aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ eƒe dzinɔameƒoe?

8 Yesu gaɖe dzinɔameƒo fia le mɔ sia nu be, mena eƒe susu katã nɔ nu siwo me to ge eya ŋutɔ gbɔna la dzi o, ke boŋ, eyi edzi kpɔ eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wɔna bɔbɔe si wòɖo anyi esi wòna Yuda dzo vɔ megbe la, aɖo ŋku edzi na eyomedzela siwo woatsɔ gbɔgbɔ asi ami na la be Yesu ƒe ʋu si woakɔ ɖi la ahe yayra geɖe vɛ na wo, eye aɖo ŋku edzi na wo hã be mɔnukpɔkpɔ asu wo si woanɔ nubabla yeyea me. (1 Kor. 10:16, 17) Esi Yesu di be yeakpe ɖe eyomedzelawo ŋu woayi edzi awɔ nuteƒe ahadze na woƒe dziƒoyɔyɔa ta la, egblɔ nu si eya kple Fofoa di tso wo si la na wo. (Yoh. 15:12-15) Yesu gblɔ dodokpɔ siwo me apostoloawo ava to la hã na wo. Eyome, egblɔ na wo be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋua, eye ede dzi ƒo na wo esi wògblɔ na wo be: “Milé dzi ɖe ƒo!” (Yoh. 16:1-4a, 33) Ƒe geɖe megbe la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yi edzi srɔ̃ eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋua eye wowɔa nu dzinɔameƒotɔe. Wokpe ɖe wo nɔewo ŋu le dodokpɔ vovovowo me, togbɔ be esia he fukpekpe geɖe va woawo ŋutɔwo dzi gɔ̃ hã.—Heb. 10:33, 34.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dzinɔameƒoe?

9 Egbea la, míawo hã míesrɔ̃a Yesu ƒe dzinɔameƒo la. Le kpɔɖeŋu me, ebia dzinɔameƒo be míakpe ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo yome tim wole le woƒe xɔse ta la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu alé mía nɔviwo ade ga madzemadzee. Ne esia dzɔ la, ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu; le kpɔɖeŋu me, míaʋli wo ta le ʋɔnu eye míado gbe ɖa ɖe wo ta. (Flp. 1:14; Heb. 13:19) Mɔ bubu aɖe si dzi míeɖea dzinɔameƒo fiana lee nye, ne míeyia edzi ɖea gbeƒã “dzinɔameƒotɔe.” (Dɔw. 14:3) Abe Yesu ene la, míeɖoe kplikpaa be míayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia, togbɔ be amewo ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu eye woati mía yome gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be dzi mele mía ƒo o. Ne edzɔ alea la, nu kae míate ŋu awɔ?

10. Nu kae wòle be míawɔ le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me, eye nu ka tae?

10 Míate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo geɖe wu ne míedea ŋugble le mɔkpɔkpɔ si su mía si le Kristo ƒe tafevɔsaa ta la ŋu. (Yoh. 3:16; Ef. 1:7) Le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe sua mía si be míagakpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu geɖe wu. Le ɣeyiɣi mawo me la, dze agbagba nàzɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖoa dzi pɛpɛpɛ, nàde ŋugble le nu siwo dzɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe ku kple emegbe siaa ŋu vevie. Esia awɔe be, ne míeva kpe hena Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa la, míagase nu si Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo le tsitre ɖi na kple asixɔxɔ si gbegbe le tafevɔsaa ŋu la gɔme nyuie wu. Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu kple Yehowa wɔ na mí ŋu eye míekpɔ ale si gbegbe esia aɖe vi na mía kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo la, kakaɖedzi gasua mía si ɖe míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu geɖe wu, eye dzi ɖoa mía ƒo be míayi edzi ado dzi va se ɖe nuwuwu.—Heb. 12:3.

11-12. Va se ɖe fifia la, nu kawo mee míedzro?

11 Va se ɖe fifia la, míesrɔ̃e be Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖoa ŋku tafevɔsaa si ŋu asixɔxɔ gã le la dzi na mí, eye egaɖoa ŋku Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo nye ɖokuibɔbɔ kple dzinɔameƒo hã dzi na mí. Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye esi be Yesu, si nye míaƒe Nunɔlagã si le dziƒo, ame si xɔa míaƒe nya ɖe akɔ la, yi edzi le nɔnɔme siawo ɖem fia! (Heb. 7:24, 25) Ele be míayi edzi anɔ ŋku ɖom Yesu ƒe kua dzi nuteƒewɔwɔtɔe abe ale si wòde se na mí ene atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui si wòwɔ na mí la ŋu tso dzi blibo me. (Luka 22:19, 20) Míewɔa esia le ŋkeke si dze Nisan 14 lia, si nye ŋkeke vevitɔ kekeake le ƒea me dzi la dzi.

12 Yesu ƒe nɔnɔme nyui bubu aɖe dze le ale si Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa le bɔbɔe la me; nɔnɔme siae ʋãe wòlɔ̃ faa ku ɖe mía ta. Esi wònɔ anyigba dzi la, amewo de dzesi nɔnɔme sia le eŋu. Nɔnɔme kae?

YESU LƆ̃ AMEWO

13. Aleke nya siwo le Yohanes 15:9 kple 1 Yohanes 4:8-10 la ɖɔ lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí lae, eye ame kawoe woƒe lɔlɔ̃a ɖea vi na?

13 Yesu ɖe lɔlɔ̃ gã si gbegbe le Yehowa si na mí la fia le mɔ deblibo nu le nu sia nu me. (Xlẽ Yohanes 15:9; 1 Yohanes 4:8-10.) Yesu ɖe eƒe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake fia mí esi wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Míeɖanye amesiaminawo alo ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, lɔlɔ̃ si Yehowa kple Via ɖe fia mí to tafevɔsaa dzi la ɖea vi na mí katã. (Yoh. 10:16; 1 Yoh. 2:2) Azɔ bu Ŋkuɖodziwɔna bliboa ŋutɔ hã ŋu kpɔ; eɖee fia be Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo eye wòbua wo ŋu. Le mɔ ka nu?

Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòɖo Ŋkuɖodziwɔna aɖe si le bɔbɔe ale gbegbe be eyomedzelawo tea ŋu wɔnɛ tso ƒe alafa gbãtɔ me va de asi na egbea le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la anyi (Kpɔ memama 14-16 lia) *

14. Mɔ ka nue Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia eƒe nusrɔ̃lawo le?

14 Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia eyomedzela amesiaminawo le mɔ sia nu be mebia tso wo si be woanɔ kɔnu sesẽ aɖe wɔm o, ke boŋ, ɖeko wòɖo wɔna bɔbɔe aɖe anyi na wo be woatsɔ anɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, eva hiã be Yesu ƒe nusrɔ̃la amesiamina mawo nawɔ ƒe sia ƒe ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa le nɔnɔme vovovowo me, ne wole gaxɔ me gɔ̃ hã. (Nyaɖ. 2:10) Ðe wote ŋu wɔ Yesu ƒe sea dzia? Ɛ̃, wowɔ edzi!

15-16. Aleke nɔvi aɖewo te ŋu wɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua togbɔ be wonɔ nɔnɔme sesẽwo me hã?

15 Tso ƒe alafa gbãtɔ me va de asi na egbea la, Kristotɔ vavãwo dzea agbagba be yewoaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi ƒe sia ƒe. Wodzea agbagba wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa ale si woate ŋui, eye wowɔa esia ɣeaɖewoɣi le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiwo gbɔna. Esime Nɔviŋutsu Harold King nɔ ameɖekɛgaxɔ me le China la, eya ŋutɔ to mɔ aɖe dzi wɔ Ŋkuɖodzia. Edzea agbagba wɔa Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo le ŋuɖɔɖo me be yeagahe amewo ƒe susu ava ye ɖokui dzi o. Azɔ hã, edze agbagba bu ŋkekeawo ale si wòate ŋui be yeanya ŋkeke si tututu dzi Ŋkuɖodzia adze. Ne ɣeyiɣia de na Ŋkuɖodzia la, edzia ha, doa gbe ɖa, heƒoa Ŋɔŋlɔawo me nuƒo aɖe, togbɔ be eya ɖeka koe nɔ gaxɔa me hã.

16 Kpɔɖeŋu bubu hãe nye esi. Nɔvinyɔnu aɖewo siwo wolé de fuwɔamesaɖa aɖe me esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim la dze agbagba wɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa, togbɔ be wonyae be ne dzɔlawo nya la, woate ŋu awu yewo gɔ̃ hã. Ke hã, esi wònye be Ŋkuɖodzia nye wɔna bɔbɔe aɖe ta la, wote ŋu wɔe le adzame. Wogblɔ be: “Míeƒo ƒu hedo togodoo, míeda kplɔ̃ vi aɖe ɖe mía titina si dzi míeɖo avɔ ɣi ɖo, eye míeda kpɔɖeŋunuawo ɖe edzi. Esi wònye be elektrikkaɖi aɖe ha mí ta la, míesi bosomikaɖi. . . . Míegbugbɔ gblɔ adzɔgbe si míeɖe na mía Fofo la be míayi edzi azã míaƒe ŋusẽ katã atsɔ aʋli Eƒe ŋkɔ kɔkɔea ta la nɛ ake.” Xɔse sẽŋu ka gbegbee nye esi woɖe fia! Eye lɔlɔ̃ gã ka gbegbee nye esi Yesu ɖe fia mí esi wòna wòle bɔbɔe na mí be míate ŋu awɔ Ŋkuɖodzia ne míele nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã!

17. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

17 Esi Ŋkuɖodzia le aƒe tum la, anyo be míabia nya siawo mía ɖokui be: ‘Aleke mate ŋu asrɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la nyuie wu? Ðe mebua nye haxɔsetɔwo ƒe nuhiahiãwo ŋu wu nye ŋutɔ nye nuhiahiãwoa? Ðe media nu geɖe fũu akpa tso nɔviawo sia, alo ɖe medea dzesi woƒe ŋutetewo henya nu si woate ŋu awɔ kple nu si womate ŋu awɔ oa?’ Neva eme be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɣesiaɣi eye míanye ame siwo ‘sea veve ɖe ame nu.’—1 Pet. 3:8.

NA WÒ SUSU NANƆ NUFIAME VEVI SIAWO ŊU ÐAA

18-19. (a) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Eteƒe madidi o, magahiã be míawɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia azɔ o. Ne Yesu ‘va’ le xaxa gãa me la, aƒo eƒe ‘ame tiatia’ mamlɛawo nu ƒu ɖe dziƒo, eye ɣemaɣi la, míadzudzɔ Ŋkuɖodziwɔnaa wɔwɔ.—1 Kor. 11:26; Mat. 24:31.

19 Ne míedzudzɔ Ŋkuɖodziwɔnaa wɔwɔ gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe amewo ayi edzi anɔ ŋku ɖom wɔna bɔbɔe sia dzi kple dzidzɔ, elabe enye ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo, kple lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si amegbetɔ aɖe ɖe fia kpɔ la ƒe dzesi. Ɣemaɣi la, ɖikeke mele eme o be, ame siwo kpɔ wɔna tɔxɛ sia teƒe kpɔ la aƒo nu tso eŋu na ame siwo katã le agbe la be wòaɖe vi na wo. Gake hafi wɔna sia naɖe vi na mí fifia la, ele be míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo kple lɔlɔ̃ si wòɖe fia. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí geɖe.—2 Pet. 1:10, 11

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

^ mm. 5 Eteƒe madidi o, míade Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔnaa atsɔ aɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi. Wɔna bɔbɔe sia fia nu geɖe mí tso Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo kple lɔlɔ̃ ŋu. Le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui siwo wòɖe fia la me.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Ŋkuɖodzi nye wɔna tɔxɛ aɖe si wowɔna tsɔ ɖoa ŋku ame vevi aɖe alo nudzɔdzɔ vevi aɖe dzi.

^ mm. 56 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO KPLE NƆNƆMETATAA ME: Nudzɔdzɔ siwo wogbugbɔ wɔ ƒe foto siwo ku ɖe nuteƒewɔla siwo le Ŋkuɖodziwɔnaa wɔm le hame aɖe me le ƒe alafa gbãtɔ me; le ƒe 1800-awo me; kple le Nazi fuwɔamesaɖa aɖe me ŋu; kpakple esi yi edzi le Fiaɖuƒe Akpata tsɛ aɖe si le nuvo, si le Anyiehe Amerika ƒe dukɔ aɖe, si me yame xɔa dzo le la me.