GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso March 2 va se ɖe April 5, 2020, la le tata sia me.

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

Ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia akpe ɖe mía ŋu míatsɔ susu aɖo nu si míawɔ be míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi la ŋu.

Àte Ŋu Ava Zu “Akɔfafa Gã Aɖe” Na Ame Bubuwo

Srɔ̃ nu tso nɔnɔme nyui etɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu ahanye akɔfafa gã aɖe na wo la ŋu.

Yehowa Lɔ̃ Wò Eye Edea Asixɔxɔ Ŋuwò!

Ne dɔléle, gakuxi sesẽwo, alo tsitsimekuxiwo na nu te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã la, mina míaɖo ŋku edzi be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso lɔlɔ̃ si le mía Fofo si le dziƒo la si na mí la gbɔ o.

“Gbɔgbɔ La Ŋutɔ Ðia Ðase”

Aleke ame aɖe awɔ anya be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ye? Nu kawoe dzɔna ne Yehowa tia ame aɖe be wòava nɔ agbe le dziƒo?

Míayi Kpli Mi

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo aɖu kpɔɖeŋunuawo fiẽ ma la ŋu? Ðe wòle be wòaɖe fu na mí ne ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzia?