Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

ƑE 2020 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA YE NYE: “Eya ta miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.”—MAT. 28:19.

HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

NYA VEVIAWO *

1-2. Nya kae mawudɔla aɖe gblɔ na nyɔnu aɖewo le Yesu ƒe yɔdoa gbɔ, eye nu kae Yesu ŋutɔ gblɔ na wo be woawɔ?

ÐEKO ɣea dze ŋdi kanya ma le Nisan 16 lia, ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) dzi koe nye ema. Nyɔnu mawuvɔ̃la aɖewo siwo lé blanui vevie la yi yɔdo si me wotsɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã kukua mlɔ gaƒoƒo 36 kple edzivɔe nye ema la gbɔ. Esi wova ɖo yɔdoa gbɔ kple susu be yewoasi atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo na eƒe ŋutilãa la, woƒe nu ku esi wokpɔe be yɔdoa le ƒuƒlu, eƒe kukua mele eme o! Mawudɔla aɖe gblɔ na nusrɔ̃laawo be Yesu fɔ tso ku me, hegblɔ kpee be: “Edze mia ŋgɔ yina Galilea. Afi mae miakpɔe le.”—Mat. 28:1-7; Luka 23:56; 24:10.

2 Esi nyɔnuawo dzo le yɔdoa gbɔ vɔ la, Yesu ŋutɔ te ɖe wo ŋu eye wògblɔ na wo be: “Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo, ne woayi Galilea, eye woakpɔm le afi ma.” (Mat. 28:10) Mɔfiame vevi aɖewo anya nɔ Yesu si wòdi be yeagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo, elabe nu gbãtɔ si wòwɔ le eƒe tsitretsitsi megbee nye kpekpe sia si wòwɔ kpli wo!

AME KAWOE YESU DE SE NA BE WOAWƆ NUSRƆ̃LAWO?

Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kpe kple eƒe apostoloawo kpakple ame bubuwo le Galilea hele se dem na wo be ‘woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo’ (Kpɔ memama 3-4 lia)

3-4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye apostoloawo ɖeɖe koe se si Yesu de le Mateo 28:19, 20 la yi na o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

3 Xlẽ Mateo 28:16-20. Le kpekpe si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo me la, egblɔ na wo be dɔ vevi aɖe ŋutɔ li wòle be woawɔ le woƒe ɣeyiɣia me, eye dɔ ma ke wɔm míawo hã míele egbea. Yesu gblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”

4 Yesu di be ye yomedzelawo katã naɖe gbeƒã. Menye eƒe apostolo wɔnuteƒe wuiɖekɛawo koe wòde se sia na o. Nu ka tae míeka ɖe edzi nenema? Menye apostoloawo ɖeɖe koe nɔ toa dzi le Galilea esime Yesu de se be woawɔ nusrɔ̃lawo o. Aleke míewɔ nya? Ðo ŋku edzi be mawudɔlaa gblɔ na nyɔnuawo be: “Miakpɔe le [Galilea].” Eya ta, anɔ eme godoo be nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo hã nɔ kpekpe ma me. Gake mevɔ o. Apostolo Paulo gblɔ be Yesu “[ɖe] eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃ zi ɖeka.” (1 Kor. 15:6) Afi kae nɔvi 500 mawo ƒo ƒu ɖo?

5. Nu ka tae míeka ɖe edzi be kpekpe si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo le Galilea la ŋue nya si le 1 Korintotɔwo 15:6 la ku ɖo?

5 Susu nyuiwo li siwo tae míexɔe se be kpekpe si wowɔ le Galilea, si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo ta 28 la ƒe nya gblɔmee Paulo nɔ le 1 Korintotɔwo 15:6. Susuawoe nye kawo? Gbã, Yesu ƒe nusrɔ̃la akpa gãtɔ nye Galileatɔwo. Eya ta, anɔ bɔbɔe be Yesu nakpe kple ame gbogbowo le to aɖe dzi le Galilea tsɔ wu be wòakpe kpli wo le ame aɖe ƒe aƒe me le Yerusalem. Evelia, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kpe kple eƒe apostolo 11-awo le aƒe aɖe me le Yerusalem xoxo. Ne apostoloawo ɖeɖe koe Yesu di be yeade se na be woaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo la, anye ne egblɔe na wo le afi ma tsɔ wu be wòabia tso woamawo kple nyɔnuawo kpakple ame bubuwo si be woava do go ye le Galilea.—Luka 24:33, 36.

6. Aleke Mateo 28:20 ɖee fia be sedede si nye be woawɔ nusrɔ̃lawo la ka míawo hã egbea, eye aleke gbegbee amewo le wɔwɔm ɖe se sia dzi?

6 Azɔ, míakpɔ susu vevi etɔ̃lia. Menye Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la koe se si Yesu de be woawɔ nusrɔ̃lawo la yi na o. Aleke míewɔ nya? Yesu ƒo mɔfiame siwo wòna eyomedzelawo la ta kple nya siawo: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Abe ale si Yesu gblɔe ene la, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le ta kekem egbea ale gbegbe. Wò ya bu eŋu kpɔ! Ƒe sia ƒe la, ame siwo ade 300,000 kloe la xɔa nyɔnyrɔ zua Yehowa Ðasefowo eye wotoa esia me zua Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo!

7. Nu kawo mee míadzro fifia, eye nu ka tae?

7 Ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la dometɔ geɖe wɔa ŋgɔyiyi va xɔa nyɔnyrɔ. Gake edze abe wo dometɔ aɖewo hã nɔa hehem ɖe megbe be yewoaxɔ nyɔnyrɔ ahazu nusrɔ̃lawo ene. Nusɔsrɔ̃a doa dzidzɔ na wo, gake womele ŋgɔyiyi wɔm be yewoaxɔ nyɔnyrɔ o. Mí katã míedina be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woawɔ nu siwo srɔ̃m wole la dzi eye woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa kple ale si míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatsi le xɔse me ahawɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me la me. Nu ka tae wòhiã be míadzro nya sia me? Nu si tae nye be, ɖewohĩ, ava hiã be míatso nya me nenye be míayi nusɔsrɔ̃a dzi kple nusrɔ̃via loo alo míadzudzɔ.

DZE AGBAGBA NÀKPE ÐE WÒ NUSRƆ̃VIA ŊU WÒALƆ̃ YEHOWA

8. Nu ka tae wòsesẽna ɣeaɖewoɣi be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa?

8 Yehowa di be amewo nasubɔ ye le esi wolɔ̃ ye ta. Eya ta, míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe ŋu wòase egɔme be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye vevie eye wòlɔ̃ ye ale gbegbe. Míedi be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be “tsyɔ̃eviwo fofo kple ahosiwo takpɔlae” Yehowa nye. (Ps. 68:5) Ne wò nusrɔ̃viwo va se ale si gbegbe Mawu lɔ̃ woe gɔme la, esia awɔ dɔ ɖe wo dzi godoo eye aʋã wo be woawo hã woalɔ̃e. Ate ŋu asesẽ na nusrɔ̃vi aɖewo be woabu Yehowa be enye Fofo lɔ̃ame le esi wo fofo si dzi wo la melɔ̃ wo alo lé be na wo o ta. (2 Tim. 3:1, 3) Eya ta, ne èle nu srɔ̃m kpli wo la, te gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinameawo dzi na wo. Kpe ɖe wò nusrɔ̃viwo ŋu woase egɔme be mía Mawu lɔ̃ame la di be woakpɔ agbe mavɔ, eye ele klalo be yeakpe ɖe wo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ. Nu bubu kawoe míagate ŋu awɔ?

9-10. Agbalẽ kawoe wòle be míatsɔ asrɔ̃ Biblia kple míaƒe nusrɔ̃viwo, eye nu ka tae wòle be míazã agbalẽ mawo?

9 Zã agbalẽ siwo nye “Nu Kae Biblia Fia Mí?” kple “Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa.Ðe wota agbalẽ mawo koŋ kple susu be míatsɔ akpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, nyabiase siwo nye, Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mía, alo tamesẽlae wònye?, Aleke Mawu sena le eɖokui me ne ekpɔ amewo le fu kpem? kple Àte ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃a? ƒe ŋuɖoɖowo dze le Nu Si Biblia Fia gbalẽa ƒe ta gbãtɔ me. Ke Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa gbalẽa ya ɖe? Agbalẽ sia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ale si Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ le eƒe agbe me ate ŋu aɖe vi nɛ ahana wòate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Ne èsrɔ̃ agbalẽ siawo kple ame aɖewo va yi hã la, ehiã be nàdzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu nyuie ale be nàte ŋu awɔ nufiameawo ŋu dɔ woasɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nu.

10 Gake nu kae wòle be nàwɔ ne wò nusrɔ̃via di be yeanya nu tso nyati aɖe si le agbalẽ aɖe si mele Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la dome o la me? Ðewohĩ, àte ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ agbalẽ ma le eɖokui si ale be nàte ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii le Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míeyɔ va yi la me.

Do gbe ɖa le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze (Kpɔ memama 11 lia)

11. Ɣekaɣie wòle be míadze egɔme anɔ gbe dom ɖa le Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu, eye aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòakpɔ esia ƒe vevienyenye?

11 Dze nusɔsrɔ̃a gɔme kple gbedodoɖa. Zi geɖe la, eɖea vi ŋutɔ ne míedze gbedodoɖa gɔme kaba ale si míate ŋui, ne mede ɖeke o la, le kwasiɖa ʋɛ aɖe megbe tso esime míeɖo nusɔsrɔ̃a anyi. Ele be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase Eƒe Nyaa gɔme. Nɔvi aɖewo zãa Yakobo 1:5 tsɔ ɖea nu si tae wòle be yewoado gbe ɖa le Biblia nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu la me na woƒe nusrɔ̃viwo; afi ma gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam.” Eyome, nufialaa biaa nusrɔ̃via be, “Aleke míate ŋu abia Mawu be wòana nunya mí?” Anɔ eme godoo be nusrɔ̃via alɔ̃ ɖe edzi be ele be míado gbe ɖa.

12. Aleke nàte ŋu azã Psalmo 139:2-4 me nyawo atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòana eƒe gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi?

12 Fia wò nusrɔ̃via ale si wòado gbe ɖa. Ka ɖe edzi nɛ be Yehowa di be yeasee wòado gbe ɖa na ye tso dzi me. Na wòase egɔme be, ne míawo ɖeɖe míele gbe dom ɖa na Yehowa la, míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ—míate ŋu aɖe míaƒe seselelãme siwo míadi be míagblɔ na ame bubu aɖeke o la nɛ faa. Nya lae nye be, Yehowa nya míaƒe dzimesusuwo xoxo. (Xlẽ Psalmo 139:2-4.) Míate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe nusrɔ̃via hã be wòabia Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe asi le nuŋububu siwo mesɔ o kple numame gbegblẽwo ŋu. Tsɔe be nusrɔ̃vi aɖe si míele Biblia srɔ̃m kplii ɣeyiɣi aɖee nye esia la lɔ̃ azã aɖe si dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la ɖuɖu. Enya be menyo o, gake nyateƒeae nye be, nanewo siwo yia edzi le azãa ɖuɖu me la doa dzidzɔ nɛ. De dzi ƒo nɛ be wòagblɔ ale si tututu wòle sesem le eɖokui me la na Yehowa eye wòaɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu yealɔ̃ nu siwo wòlɔ̃na la ɖeɖe ko.—Ps. 97:10.

Kpe wò Biblia nusrɔ̃via be wòade kpekpeawo (Kpɔ memama 13 lia)

13. (a) Nu ka tae wòle be míakpe míaƒe nusrɔ̃viwo be woade kpekpeawo kaba ale si wòanya wɔ? (b) Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖe dzi ɖi le Fiaɖuƒe Akpataa me?

13 Kpe wò nusrɔ̃via kaba ale si wòanya wɔ be wòade kpekpeawo. Nya siwo wò nusrɔ̃via ase kple nu siwo teƒe wòakpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la ate ŋu awɔ dɔ ɖe edzi eye woakpe ɖe eŋu wòawɔ ŋgɔyiyi. Ðe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? la fiae eye nàkpee vividoɖeameŋutɔe be wòayi kpekpea kpli wò. Ne anya wɔ la, ɖo ʋu nɛ. Anyo ŋutɔ be nàkpe gbeƒãɖela vovovowo woakpe ɖe ŋuwò miayi aɖasrɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via. Esia awɔe be wò nusrɔ̃via nadze si hamea me tɔ aɖewo, eye ana wòaɖe dzi ɖi ne ede míaƒe kpekpeawo.

KPE ÐE NUSRƆ̃VIA ŊU WÒATSI LE XƆSE ME EYE WÒAWƆ ŊGƆYIYI

14. Nu kae ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòatsi le xɔse me ahawɔ ŋgɔyiyi?

14 Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woatsi le xɔse me eye woawɔ ŋgɔyiyi. (Ef. 4:13) Ne ame aɖe lɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli ye la, ɖewohĩ, nu si anɔ vevie nɛ gbã koe nye ale si nusɔsrɔ̃a aɖe vi na eya ŋutɔ. Gake ne eva lɔ̃ Yehowa la, ate ŋu ava nɔ ale si wòakpe ɖe ame bubuwo, siwo dome hamea me tɔwo hã le, ŋu la ŋu bum. (Mat. 22:37-39) Ne èkpɔ be esɔ be yeaƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu la ŋu nɛ la, ke mègahe ɖe megbe le esia wɔwɔ me o.

Fia wò nusrɔ̃via nu si wòawɔ ne kuxiwo do mo ɖa (Kpɔ memama 15 lia)

15. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòawɔ nu si sɔ ne kuxiwo do mo ɖa?

15 Fia wò Biblia nusrɔ̃via nu si wòawɔ ne kuxiwo do mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wò nusrɔ̃vi si nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la gblɔ na wò be ame aɖe si le hamea me la wɔ nu wòte ɖe ye dzi. Le esi nàde akpa aɖe dzi teƒe la, ɖe manyo wu be nàɖe nu si Biblia gblɔ be wòawɔ la me nɛ oa? Ate ŋu atsɔe ake nɔvia, alo ne mate ŋu aɖe asi le nyaa ŋu o la, ke ele be wòayi nɔvia gbɔ aɖe nyaa dzi nɛ tufafatɔe le lɔlɔ̃ me kple susu be ‘yeaɖe nɔvia.’ (Tsɔe sɔ kple Mateo 18:15.) Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòadzra ɖo ɖe nya si wòagblɔ ne eyi nɔvia gbɔ la ŋu. Fiae ale si wòate ŋu azã JW Library® dɔwɔnua, Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo, kple jw.org® atsɔ aku nu me ale be wòanya mɔ siwo dzi wòato akpɔ kuxia gbɔ. Ne esrɔ̃ ale si wòawɔ akpɔ kuxi siwo aɖo eya kple amewo dome gbɔ hafi xɔ nyɔnyrɔ la, esia ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòatu ƒomedodo nyui ɖo le eya kple hamea me tɔwo dome le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe.

16. Nu ka tae wònyo be nàna gbeƒãɖela bubuwo nawɔ ɖeka kpli wò miayi aɖasrɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via?

16 Kpe gbeƒãɖela bubuwo woawɔ ɖeka kpli wò miayi aɖasrɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via, eye ne nutome sue dzikpɔlaa va srã miaƒe hamea kpɔ la, kpee be wòawɔ ɖeka kpli wò miayi aɖasrɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via. Nu ka tae? Nu si tae nye be, tsɔ kpe ɖe susu vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu la, gbeƒãɖela bubuwo ate ŋu akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu le mɔ siwo nu manya wɔ na wò be nàkpe ɖe eŋu le o la nu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nusrɔ̃via dze agbagba zi gbɔ zi geɖe be yeadzudzɔ sigarɛtnono gake mete ŋui o. Kpe nɔvi aɖe si hã te ŋu ɖu numame gbegblẽ ma dzi, si ɖewohĩ, edze agbagba zi gbɔ zi geɖe hafi te ŋu va ɖu edzi mlɔeba, la be wòawɔ ɖeka kpli wò miayi aɖasrɔ̃ nu kple nusrɔ̃via. Nɔviwò haxɔsetɔa ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui aɖewo na wò nusrɔ̃via, siwo ate ŋu aɖe vi nɛ. Ne èse le ɖokuiwò me be yemate ŋu akpɔ nusɔsrɔ̃a dzi le gbeƒãɖela bibi aɖe ŋkume o la, àte ŋu abia tso gbeƒãɖelaa si be wòakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi gbe ma gbe. Ne èkpe gbeƒãɖela bubuwo wokpe ɖe ŋuwò mieyi ɖasrɔ̃ nu kple wò nusrɔ̃via la, woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ate ŋu aɖe vi nɛ. Ðo ŋku edzi be, míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòatsi le xɔse me ahawɔ ŋgɔyiyi.

ÐE WÒLE BE NÀDZUDZƆ NUSƆSRƆ̃ KPLE AMEA?

17-18. Nu kawo ŋue wòle be nàbu hafi atso nya me nenye be ele be nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe loo alo mele be nàdzudzɔ o?

17 Ne wò Biblia nusrɔ̃via mele agbe nɔm ɖe nu siwo srɔ̃m wòle nu o la, ava hiã be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòle be madzudzɔ nusɔsrɔ̃ kpliia?’ Hafi nàtso nya me le nu si nàwɔ ŋu la, anyo be nade ŋugble le amea ƒe ŋutetewo ŋu. Ame aɖewo metea ŋu wɔa ŋgɔyiyi kaba abe ame bubuwo ene o. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye nusrɔ̃via le ŋgɔ yim le ale si eƒe nɔnɔmea le nua?’ “Ðe wòle nu siwo srɔ̃m wòle ‘la dzi wɔm’ alo le agbe nɔm ɖe wo nua?” (Mat. 28:20) Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi hafi nusrɔ̃vi aɖe nava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la, ke hã, ele be wòanɔ tɔtrɔ viviviwo wɔm le eƒe agbe me.

18 Gake nu kae wòle be míawɔ ne míele nu srɔ̃m kple ame aɖe ɣeyiɣi aɖee nye esia gake mewɔa naneke si ɖenɛ fiana be ekpɔa ŋudzedze ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be èsrɔ̃ Nu Si Biblia Fia gbalẽa kple wò nusrɔ̃vi aɖe vɔ, ɖewohĩ, èdze agbalẽ si nye Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa gɔ̃ hã gɔme kplii, gake, mede hamea ƒe kpekpe ɖeka teti kpɔ o—mede Ŋkuɖodzia gɔ̃ hã kpɔ o! Eye zi geɖe la, edaa nusɔsrɔ̃a ƒuna, evɔ menye le susu gobii aɖeke ta o. Ne ele alea le wò nusrɔ̃vi aɖe gome la, ke ele be wò kple wò nusrɔ̃via míaɖo dze tso eŋu le anukware me. *

19. Ne ewɔ na wò be wò nusrɔ̃vi aɖe medea asixɔxɔ eƒe Biblia nusɔsrɔ̃a ŋu o la, nya kae nàte ŋu agblɔ nɛ, eye nu kawo ŋue wòahiã be nàbu hafi?

19 Ðewohĩ, àte ŋu abiae gbã be, ‘Nu kae nèsusu be ate ŋu anye mɔxenu gãtɔ na wò ne èdi be yeava zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka?’ Nusrɔ̃via ate ŋu aɖo eŋu be, ‘Biblia-sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nam, gake nyemate ŋu ava zu Yehowa Ðasefo gbeɖe o!’ Ne nenemae nye eƒe susu evɔ ɣeyiɣi aɖee nye esia nèle nu srɔ̃m kplii la, ɖe wògahiã be miayi nusɔsrɔ̃a dzia? Le go bubu me la, ɖewohĩ, ɣemaɣie anye zi gbãtɔ si wò nusrɔ̃via agblɔ nu si tututu na wòle hehem ɖe megbe la na wò. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ase le eɖokui me be yemate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me gbeɖe o. Fifia si nèva nya ale si wòle sesem le eɖokui me la, àte ŋu anya ale si nàkpe ɖe eŋu.

Mègagblẽ ɣeyiɣi ɖe ame aɖe si mele ŋgɔyiyi wɔm o la ŋu o (Kpɔ memama 20 lia)

20. Aleke Dɔwɔwɔwo 13:48 me nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe?

20 Nublanuitɔe la, nusrɔ̃vi aɖewo le abe Israel-vi siwo nɔ anyi le Ezekiel ƒe ŋkekea me ene. Yehowa gblɔ tso wo ŋu na Ezekiel be: “Kpɔ ɖa, èle na wo abe lɔlɔ̃ha si wotsɔ gbe vivi dzi heƒo saŋku ɖe edzi nyuie la ene. Woase wò nyawo ya, gake wo dometɔ aɖeke mawɔ wo dzi o.” (Eze. 33:32) Ate ŋu asesẽ na mí be míagblɔ na ame aɖe be míagasrɔ̃ nu kplii azɔ o. Ke hã, “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.” (1 Kor. 7:29) Le esi míagblẽ ɣeyiɣi gbogbowo ɖe ame aɖe si mele ŋgɔ yim o ŋu teƒe la, ehiã be míadi ame aɖe si ɖee fia be yenye ame si “si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:48.

Ame bubu aɖewo ate ŋu anɔ wò anyigbamamaa me siwo le gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu (Kpɔ memama 20 lia)

21. Nu kae nye ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia, eye nu ka tae wòsɔ nyuie ŋutɔ?

21 Ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia akpe ɖe mía ŋu le ƒe bliboa me be míatsɔ susu aɖo nu si míawɔ be míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi la ŋu. Eku ɖe nya aɖewo siwo Yesu gblɔ le kpekpe vevi ma si wòwɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo me le to aɖe dzi le Galilea la ŋu; egblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.”Mat. 28:19.

Mina míaɖoe kplikpaa be míatsɔ susu aɖo nu siwo míawɔ be míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi kple ale si míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woaxɔ nyɔnyrɔ la ŋu (Kpɔ memama 21 lia)

HADZIDZI 70 Midi Ame Siwo Dze

^ mm. 5 Ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia de dzi ƒo na mí be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo.’ Sedede ma yi na Yehowa subɔlawo katã. Aleke míate ŋu aʋã míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ƒe dzi be woalɔ̃ Yehowa ale be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míate ŋu akpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woa kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. Azɔ hã, míakpɔ ale si míawɔ atso nya me nenye be míayi edzi asrɔ̃ nu kple ame aɖe loo alo míadzudzɔ.

^ mm. 18 Kpɔ video si nye Ðe Asi Le Biblia Nusrɔ̃vi Siwo Mele Ŋgɔ Yim O Ŋu le JW Nyakakadɔwɔƒea.