Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 3

Yehowa Lɔ̃ Wò Eye Edea Asixɔxɔ Ŋuwò!

Yehowa Lɔ̃ Wò Eye Edea Asixɔxɔ Ŋuwò!

“[Eɖo] ŋku mía dzi esime wobɔbɔ mí ɖe anyi.”—PS. 136:23.

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

NYA VEVIAWO *

1-2. Nɔnɔme sesẽ kawo me tom Yehowa subɔla geɖewo le, eye ŋusẽ kae woate ŋu akpɔ ɖe wo dzi?

BU KPƆÐEŊU etɔ̃ siwo gbɔna ŋu kpɔ: Ðɔktawo kpɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe, si ana ŋusẽ nanɔ vɔvɔm le nɔviŋutsu aɖe ŋu la le eŋu. Dɔ ge le nɔviŋutsu aɖe, si wɔa dɔ moveviɖoɖotɔe, si le eƒe ƒe 50-awo me la si, eye togbɔ be ele dɔ dim kutrikukutɔe hã la, mekpɔ ɖeke o. Nɔvinyɔnu tsitsi wɔnuteƒe aɖe megate ŋu le geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me abe tsã ene o.

2 Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe si le abe esiwo ŋu míeƒo nu tsoe ene me tom la, ɖewohĩ, àva nɔ sesẽm le ɖokuiwò me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Nɔnɔme sesẽ mawo ate ŋu ana màganɔ dzidzɔ kpɔm o, woate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be bubu megale ye ŋu o, eye woate ŋu awɔe hã be wò kple amewo dome manɔ nyui o.

3. Aleke Satana kple ame siwo dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo la bua amegbetɔ ƒe agbee?

3 Ame siwo le xexe sia me la bua amegbetɔ ƒe agbe abe ale si Satana bunɛ ene. Tso gbe aɖe gbe ke la, Satana wɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu abe ɖe viɖe aɖeke mele wo ŋu o ene. Eble Xawa tagbɔsesẽtɔe be akpɔ ablɔɖe, evɔ enyae nyuie be Xawa aku ne egbe toɖoɖo Mawu. Satanae nye ame si le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia ƒe asitsahawo, dunyahehawo, kple subɔsubɔhawo dzi tso blema ke. Eya ta, mewɔ nuku o be, asitsalawo, dunyahelawo, kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖewo medea bubu amegbetɔwo ƒe agbe ŋu o, eye wometsɔ ɖeke le ale si amewo sena le wo ɖokuiwo me la me o.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Yehowa ya di be míase le mía ɖokui me be asixɔxɔ le mía ŋu, eye wòkpena ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be viɖe aɖeke mele mía ŋu o la me tom. (Ps. 136:23; Rom. 12:3) Le nyati sia me la, míadzro ale si Yehowa akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme vovovo siwo gbɔna me la me: (1) Ne míele fu kpem le dɔléle si me, (2) ne míele gakuxi sesẽwo me tom, kple (3) ne tsitsimekuxiwo na míele sesem le mía ɖokuiwo me be míagate ŋu awɔ dɔ boo aɖeke le Yehowa subɔsubɔ me o. Gake gbã la, na míakpɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu la ɖa.

YEHOWA DEA ASIXƆXƆ MÍA ŊU

5. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ amegbetɔwo ŋu?

5 Togbɔ be anyie wotsɔ wɔ mí hã la, míexɔ asi sãsãsã wu anyikɔ. (1 Mose 2:7) Bu susu siwo tae míeka ɖe edzi be míexɔ asi na Yehowa la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ. Ewɔ amegbetɔwo hena ŋutete wo be woaɖe yeƒe nɔnɔme nyoameŋuawo afia. (1 Mose 1:27) Esi wòwɔ mí alea ta la, ena míede ŋgɔ sãsãsã wu nu bubu siwo katã wòwɔ ɖe anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ mí be míaɖu anyigbaa kple lãwo siaa dzi.—Ps. 8:4-8.

6. Nu bubu kae gaɖo kpe edzi be na mí be Yehowa dea asixɔxɔ amegbetɔ madeblibowo ŋu?

6 Le nu vɔ̃ si Adam wɔ megbe gɔ̃ hã la, Yehowa gadea asixɔxɔ amegbetɔwo ŋu kokoko. Edea asixɔxɔ mía ŋu ale gbegbe be etsɔ Via lɔlɔ̃a, Yesu, na be wòanye tafe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. (1 Yoh. 4:9, 10) Yehowa ato tafea dzi afɔ ame siwo ku le Adam ƒe nu vɔ̃a ta la ɖe tsitre, “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15) Eƒe Nyaa ɖee fia be míexɔ asi nɛ, metsɔ le eme be míele lãmesẽkuxiwo, gakuxiwo, alo tsitsimekuxiwo me tom o.—Dɔw. 10:34, 35.

7. Susu bubu kawo tae Yehowa subɔlawo xɔe se be edea asixɔxɔ yewo ŋu?

7 Susu bubuwo li siwo tae míexɔe se be Yehowa dea asixɔxɔ mía ŋu. Ehe mí va eɖokui gbɔ eye ede dzesi ale si míewɔ nui esime wogblɔ nya nyuia na mí. (Yoh. 6:44) Esi míeva nɔ tetem ɖe Yehowa ŋu la, eya hã te ɖe mía ŋu kplikplikpli. (Yak. 4:8) Azɔ hã, Yehowa zãa ɣeyiɣi geɖe hetoa mɔ vovovowo dzi fiaa nu mí, eye wòtoa esia me ɖenɛ fiana be yedea asixɔxɔ mía ŋu. Enya ame si ƒomevi mía dometɔ ɖe sia ɖe nye fifia kple ame si ƒomevi míate ŋu ava zu. Azɔ hã, ehea to na mí le esi wòlɔ̃ mí ta. (Lod. 3:11, 12) Kpeɖodzi sẽŋu ka gbegbee nye esi be Yehowa dea asixɔxɔ mía ŋu!

8. Aleke Psalmo 18:27-29 me nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu susu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si ne míele kuxiwo me tom?

8 Ame aɖewo bu Fia David be mele bo aɖeke nu o, ke hã, enyae be Yehowa lɔ̃ ye eye wòkpena ɖe ye ŋu. Esia nyanya kpe ɖe David ŋu susu nyui kpɔtɔ nɔ esi si na wòte ŋu do dzi le eƒe nɔnɔmea me. (2 Sam. 16:5-7) Ne míele kuxiwo me tom alo nu te ɖe mía dzi vevie la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu susu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si, eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nuŋububu ɖe sia ɖe si mesɔ o dzi. (Xlẽ Psalmo 18:27-29.) Ne Yehowa le megbe na mí la, naneke mate ŋu axe mɔ na mí be míasubɔe kple dzidzɔ o. (Rom. 8:31) Azɔ, na míadzro go etɔ̃ mawo siwo me wòle be míaɖo ŋku edzi le be Yehowa lɔ̃ mí eye wòdea asixɔxɔ mía ŋu la me.

NE ÈLE FU KPEM LE DƆLÉLE SI ME

Yehowa ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la xexlẽ akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme manyomanyo siwo dɔléle hena vanɛ la dzi (Kpɔ memama 9-12 lia)

9. Aleke dɔléle ate ŋu ana míava nɔ mía ɖokuiwo bumee?

9 Dɔléle ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi alo míalé blanui ale gbegbe be míava nɔ sesem le mía ɖokui me abe ɖe viɖe aɖeke megale mía ŋu o ene. Eye ne amewo de dzesii be wɔna vɔ le mía ŋu eye míehiã na ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu la, ate ŋu azu ŋukpe na mí. Ne amewo mede dzesii be míele dɔ lém o gɔ̃ hã la, ate ŋu akpe ŋu na mí le esi míegatea ŋu wɔa nu siwo míewɔna tsã o ta. Le nɔnɔme ɖedzileameƒo siawo tɔgbi me la, Yehowa doa ŋusẽ mí. Aleke wòwɔa esiae?

10. Le Lododowo 12:25 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele dɔ lém?

10 Ne míele dɔ lém la, “nya nyui” aɖe sese ate ŋu ado ŋusẽ mí. (Xlẽ Lododowo 12:25.) Yehowa gblɔ nya nyui geɖe le Biblia me, siwo ɖoa ŋku edzi na mí be míele vevie na ye ne míele dɔ lém gɔ̃ hã. (Ps. 31:19; 41:3) Ne míexlẽa Mawu ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me, eye míegagbugbɔ xlẽa nya mawo ke enuenu gɔ̃ hã la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme manyomanyo siwo dɔlélea he vɛ la dzi.

11. Aleke Yehowa kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu?

11 Bu nu si me Jorge to la ŋu kpɔ. Ðɔktawo kpɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe le Jorge si nye ɖekakpui la ŋu; dɔléle sia do gã ɖe edzi kabakaba ale gbegbe be eva nɔ sesem le eɖokui me be yemegale ɖeke me o. Jorge gblɔ be: “Nyemenɔ mɔ kpɔm be nye dɔlélea ana mava nɔ sesem le ɖokuinye me alea alo ŋu nanɔ kpeyem vevie le esi amewo va nya nu si le dzɔdzɔm ɖe dzinye la ta kura o. Esi nye lãmegbegblẽa do gã ɖe edzi la, meva nɔ tɔtrɔ siwo wòahe ava nye agbe me la ŋu bum. Melé blanui vevie, eye meƒo koko na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye.” Aleke Yehowa kpe ɖe eŋu? Jorge gblɔ be: “Esi nye susu megaléa nu nyuie o ta la, wode dzi ƒo nam be manɔ mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo, siwo ɖe ale si Yehowa léa be na esubɔlawoe fia la, xlẽm le Psalmo ƒe agbalẽa me. Mexlẽa mawunyakpukpui ʋɛ mawo gaxlẽa wo ake zi gbɔ zi geɖe le ŋkekea me, eye mekpɔe be wofaa akɔ nam hedea dzi ƒo nam. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame bubuwo de dzesii be meva le alɔgbɔnu kom wu tsã. Wogblɔ gɔ̃ hã be dzidzɔ si dzena le mo nam la dea dzi ƒo na yewo. Esia na mekpɔe be Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam! Ekpe ɖe ŋunye meɖɔ susu gbegblẽ si nɔ asinye ɖe ɖokuinye ŋu la ɖo. Meva tsɔ nye susu ɖo nya siwo eƒe Nyaa gblɔ tso ale si wòbuamee, togbɔ be medze dɔ gɔ̃ hã, la ŋu.”

12. Ne èle fu kpem le dɔléle aɖe ta la, nu kawoe nàte ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe ŋuwò?

12 Ne èle fu kpem le dɔléle aɖe ta la, ka ɖe edzi be Yehowa nya nu si me tom nèle la nyuie. Ƒo koko nɛ vevie be wòakpe ɖe ŋuwò be susu nyui nasu asiwò le nɔnɔme si me tom nèle la me. Eyome, di nya nyui fakɔname siwo Yehowa na woŋlɔ ɖe eƒe Nya, Biblia, me na wò. Wò susu nenɔ mawunyakpukpui siwo ɖe ale si gbegbe Yehowa dea asixɔxɔ esubɔlawo ŋui fia la ŋu. Ne èwɔe alea la, àva kpɔe be Yehowa wɔa nyui na ame siwo katã subɔa eyama nuteƒewɔwɔtɔe la.—Ps. 84:11.

NE ÈLE GAKUXI SESẼWO ME TOM

Ne míaƒe susu nɔa ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí dzi la, esia akpe ɖe mía ŋu ne míele dɔ dim be míawɔ do kpoe (Kpɔ memama 13-15 lia)

13. Ne dɔ ge le ƒome ƒe ta aɖe si la, aleke wòate ŋu ase le eɖokui me?

13 Ƒome ƒe ta ɖe sia ɖe dina be yeasu te nyuie akpɔ yeƒe ƒomea me tɔwo ƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na wo. Gake tsɔe be, dɔ ge le nɔviŋutsu aɖe si, evɔ mewɔ nugbegblẽ aɖeke hafi o. Togbɔ be ele dɔ dim kutrikukutɔe gɔ̃ hã la, mekpɔ ɖeke o. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ƒome ƒe taa ate ŋu ase le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Aleke ŋugbledede le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu ate ŋu akpe ɖe eŋu?

14. Susu kawo tae Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɖo?

14 Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɣeawokatãɣi. (Yos. 21:45; 23:14) Ewɔa esia le susu vovovo aɖewo ta. Susuawo dometɔ ɖekae nye ŋkɔ nyui si le esi. Yehowa do ŋugbe be yealé be na ye subɔla wɔnuteƒewo, eye esena le eɖokui me be ele na ye godoo be yeawɔ ŋugbedodo ma dzi. (Ps. 31:1-3) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa nyae be dzi aɖe le mía ƒo ne yemelé be na yeƒe ƒomea me tɔwo o. Edo ŋugbe be yeakpɔ míaƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ na mí, eye naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòagawɔ ŋugbedodo ma dzi o!—Mat. 6:30-33; 24:45.

15. (a) Xaxa kae va Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi? (b) Nu ka dzie Psalmo 37:18, 19 me nyawo na míeka ɖo?

15 Ne míena susu siwo tae Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la nɔa susu me na mí ɣesiaɣi la, esia ate ŋu ana míaka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu le gakuxi sesẽwo me. Bu nu si me Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la to ŋu kpɔ. Esime yometiti gã aɖe va hame si nɔ Yerusalem dzi la, “wo katã woka hlẽ . . . , negbe apostoloawo ko.” (Dɔw. 8:1) Bu nu si esia anya he va wo dzi ŋu kpɔ. Woto gakuxi sesẽwo me! Anɔ eme be Kristotɔawo bú woƒe aƒe kple woƒe dɔwɔɖui gɔ̃ hã. Ke hã, Yehowa megblẽ wo ɖi o; eye woyi edzi subɔe dzidzɔtɔe. (Dɔw. 8:4; Heb. 13:5, 6; Yak. 1:2, 3) Yehowa kpe ɖe Kristotɔ nuteƒewɔla mawo ŋu, eye akpe ɖe míawo hã ŋu.—Xlẽ Psalmo 37:18, 19.

NE ÈLE TSITSIMEKUXIWO ME TOM

Ne míaƒe susu nɔa nu siwo míate ŋu awɔ ŋu la, togbɔ be míetsi gɔ̃ hã la, esia ana míaka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ míawo ŋutɔwo kple subɔsubɔdɔ si míewɔna nɛ nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu (Kpɔ memama 16-18 lia)

16. Nu kae ate ŋu ana míasusui be ɖewohĩ asixɔxɔ boo megale míaƒe subɔsubɔ ŋu na Yehowa o?

16 Esi míeva tsi ku amegã alo nyagã fifia ta la, ɖewohĩ míava nɔ sesem le mía ɖokui me be nu boo aɖeke megali míate ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. Anɔ eme be Fia David hã se le eɖokui me nenema esime wòtsi ku amegã. (Ps. 71:9) Ne edzɔ alea la, aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jheri ƒe kpɔɖeŋua me?

17 Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jheri ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wokpee be wòava xɔ hehe ku ɖe ale si woléa be na míaƒe tadeaguƒewoe ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me, ke hã, medi be yeayi o. Egblɔ be: “Meku nyagã, ahosie menye, eye dɔwɔɖaŋu ƒe ŋutete gobii aɖeke mele asinye si woahiã le dɔ sia me o. Viɖe aɖeke mele ŋunye o.” Le zã si do ŋgɔ na hehexɔxɔa me la, edo gbe ɖa na Yehowa hetrɔ eƒe dzimaɖitsitsiwo ƒo ɖe eŋkume. Esi ŋu ke eye wòyi Fiaɖuƒe Akpataa me la, egakpɔtɔ nɔ esusum kokoko be ɖe yedze ava afi sia mahã. Esi wɔnaa nɔ edzi yim la, nuƒolawo dometɔ ɖeka te gbe ɖe edzi be míaƒe ŋutete vevitɔ kekeakee nye ale si míalɔ̃ faa be Yehowa nafia nu mí. Jheri gblɔ be: “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ŋutete sia le asinyee!’ Ðeko aɖatsi te gege le mo nam esi mekpɔe be Yehowa le nye gbedodoɖaa ŋu ɖom nam. Enɔ kakam ɖe edzi nam be nu xɔasi aɖe le asinye mate ŋu ana ye eye yedi vevie be yeafia num!” Esi Jheri ɖo ŋku nudzɔdzɔa dzi la, egblɔ be: “Esime meva ɖo hehexɔƒea la, menɔ vɔvɔ̃m, dzi menɔ ƒonye o, eye mesusui be nyemedze o. Gake esi míewɔ vɔ la, kakaɖedzi su asinye, dzi ɖo ƒonye, eye mekpɔe be asixɔxɔ le ŋunye!”

18. Aleke Biblia ɖee fia be Yehowa gakpɔtɔ kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu ne míele tsitsim gɔ̃ hã?

18 Ne míele tsitsim gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be dɔ gakpɔtɔ le Yehowa si na mí míawɔ nɛ. (Ps. 92:12-15) Yesu fia nu mí be, afi ka kee míaƒe ŋutetewo se ɖo o alo aleke kee wòɖawɔna na mí be nu siwo míete ŋu wɔna la meɖi naneke o gɔ̃ hã la, Yehowa ya dea asixɔxɔ nu sia nu si míete ŋu wɔna le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. (Luka 21:2-4) Eya ta, wò susu nenɔ nu si nàte ŋu awɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo, àte ŋu ado gbe ɖa ɖe nɔviwò Kristotɔwo ta, eye àte ŋu ade dzi ƒo na wo hã be woayi edzi awɔ nuteƒe. Yehowa bua wò be ènye yeƒe hadɔwɔla, menye le nu siwo nète ŋu wɔna ta o, ke boŋ le esi nèlɔ̃na faa ɖoa toe ta.—1 Kor. 3:5-9.

19. Kakaɖedzinya kae le Romatɔwo 8:38, 39 na mí?

19 Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye esi be míele Yehowa, Mawu si dea asixɔxɔ vavã esubɔlawo la ŋu la subɔm! Ewɔ mí be míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu, eye Yehowa subɔsubɔe na taɖodzinu vavã va le míaƒe agbe ŋu. (Nyaɖ. 4:11) Togbɔ be xexe sia ate ŋu abu mí be míele ɖeke me o hã la, ŋu mekpea Yehowa le mía ta o. (Heb. 11:16, 38) Ne dɔléle, gakuxi sesẽwo, alo tsitsimekuxiwo na nu te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã la, mina míaɖo ŋku edzi be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso lɔlɔ̃ si le mía Fofo si le dziƒo la si na mí la gbɔ o.—Xlẽ Romatɔwo 8:38, 39.

^ mm. 5 Ðe nèle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom si na nèse le ɖokuiwò me be viɖe aɖeke megale ye ŋu oa? Nyati sia aɖo ŋku ale si gbegbe Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwòe la dzi na wò. Ana nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nàse le ɖokuiwò me be asixɔxɔ kpɔtɔ le ye ŋu nu ka ke me tom nèɖale le agbe me o.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye