Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woŋlɔ ɖe kpea dzi be: “Yahweh Sabaot neƒo fi de Hagaf, Hagav vi”

Ènyaa?

Ènyaa?

Blema nuŋɔŋlɔ aɖe ɖo kpe Biblia dzi

WOKE ɖe kpe aɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo si nɔ anyi tso ƒe 700-600 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) la ŋu le blemanudzraɖoƒe aɖe le Yerusalem. Wokpɔ kpea le agado aɖe si nye yɔdo me le Hebron le Israel. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Yahweh Sabaot neƒo fi de Hagaf, Hagav vi.” Aleke nuŋɔŋlɔ sia ɖo kpe Biblia dzi? Eɖee fia be amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa si woŋlɔna kple blema Hebri ŋɔŋlɔdzesi YHWH la eye wozãnɛ ɣemaɣi. Le nyateƒe me la, nu bubu siwo woŋlɔ ɖe agadoa mea, ɖee fia be ame siwo kpena le agado ma me alo bena ɖe eme la ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa kple amewo ƒe ŋkɔ siwo me Mawu ƒe ŋkɔa dze le la ɖe gliawo ŋu.

Esi Agbalẽnyalagã Rachel Nabulsi si fiaa nu le Yunivɛsiti aɖe le Georgia nɔ nu ƒom tso nuŋɔŋlɔ mawo ŋu la, egblɔ be: “Eɖe dzesi be wozã ŋkɔ YHWH. . . . Nuŋɔŋlɔ ma ɖee fia be ame si tɔ ŋkɔ YHWH la le vevie na Israel-viwo kple Yudatɔwo.” Esia ɖo kpe ale si wozã Hebri ŋɔŋlɔdzesi siwo nye YHWH tsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Biblia me zi akpe geɖe la dzi. Zi geɖe la, Mawu ƒe ŋkɔa dzena le amewo ƒe ŋkɔwo me.

Nya “Yahweh Sabaot,” si dze le kpea dzi la gɔmee nye, “aʋakɔwo ƒe Yehowa.” Esia fia be manye Mawu ƒe ŋkɔa koe wozã o, ke boŋ wozãa nya “aʋakɔwo ƒe Yehowa” hã edziedzi ɣemaɣiwo. Esia hã ɖo kpe ale si Biblia zã “aʋakɔwo ƒe Yehowa” si dze zi 283 sɔŋ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la dzi, vevietɔ le Yesaya, Yeremiya kple Zakariya ƒe nuŋlɔɖiwo me.