Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

Ðe Dzi Ði Nàɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Ðe Dzi Ði Nàɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

ƑE 2021 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA: “Miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.”—YES. 30:15.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

NYA VEVIAWO *

1. Abe Fia David enea, nya kae mía dometɔ aɖewo biana?

MÍ KATÃ míedina be míakpɔ tomefafa eye míaɖe dzi ɖi. Ame aɖeke medina be yeatsi dzimaɖi o. Ke hã, ɣeaɖewoɣia, míatsi dzi vevie. Eye Yehowa subɔla aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu abia nya si Fia David bia Yehowa be: “Va se ɖe ɣekaɣi matsi dzimaɖi eye nuxaxa nanɔ nye dzi me gbe sia gbe?”—Ps. 13:2.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Togbɔ be mímate ŋu adzudzɔ dzimaɖitsitsi keŋkeŋ o hãa, nanewo li míate ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe enu. Le nyati sia mea, gbãa, míadzro nu siwo nana míetsia dzimaɖi la dometɔ aɖewo me. Eyomea, míadzro nu ade siwo míate ŋu awɔ aɖe dzi ɖi anɔ te ɖe wo nu la me.

NU KAWOE ATE ŊU ANA MÍATSI DZIMAÐI?

3. Kuxi kawoe míedoa goe, eye ɖe míate ŋu awɔ nane tso ɖe sia ɖe ŋua?

3 Nu geɖe ate ŋu ana míatsi dzimaɖi, eye míate ŋu awɔ naneke le wo dometɔ aɖewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, nuɖuɖu kple nudodo ƒe asi, kpakple xɔfetu nɔa dzi yim ƒe sia ƒe eye míate ŋu awɔ naneke le wo ŋu o; eye míate ŋu awɔ naneke tso ale si míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒoa nya ɖe mía nu enuenu be míawɔ nu si mesɔ o alo aƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la ŋu o. Eye míate ŋu axe mɔ na amewo be woagawɔ ŋutasẽnuwo le míaƒe nutoa me o. Míetoa kuxi siawo me elabe ame akpa gãtɔ siwo le xexea me menɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu o. Azɔ hã, Satana si nye xexe sia ƒe mawua nyae be amewo aɖe mɔ “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi” nawɔe be womasubɔ Yehowa o. (Mat. 13:22; 1 Yoh. 5:19) Mewɔ nuku o be, kuxi siwo ana ame natsi dzimaɖia va bɔ ŋutɔ!

4. Aleke kuxi siwo vaa mía dzi la ate ŋu ana míawɔ nui?

4 Kuxi siwo vaa mía dzi la ate ŋu ana míatsi dzimaɖi vevie. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsi dzi be mímakpɔ ga si míatsɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ o, alo míava dze dɔ si ana míagate ŋu awɔ dɔ o loo alo dɔ nage le mía si. Míate ŋu atsi dzi be ne wote mí kpɔ la, míada le Mawu ƒe se dzi. Eteƒe madidi o, Satana ana ame siwo le eƒe ŋusẽ te nadze mía dzi, eye esia ŋu bubu ate ŋu ana míatsi dzimaɖi ɖe ale si míawɔ nu ɣemaɣi ŋu. Ðewohĩ míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe wòsɔ be míatsi dzi ɖe nu siawo ŋua?’

5. Yesu ƒe nya si nye, “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi” la gɔme ɖe?

5 Míenya be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi.” (Mat. 6:25) Ðe esia fia be mele be míatsi dzi ɖe naneke kura ŋu oa? Ao! Le nyateƒe me la, Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi va yia tsi dzimaɖi, gake Yehowa megbe wo o. * (1 Fia. 19:4; Ps. 6:3) Ðe Yesu nɔ akɔ fam na mí. Medi be míatsi dzi ɖe nuhiahiãwo ŋu ale gbegbe be Yehowa subɔsubɔ maganɔ vevie na mí o. Ke aleke míawɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu?—Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàwɔe.”

NU ADE SIWO AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAÐE DZI ÐI

Kpɔ memama 6 lia *

6. Le Filipitɔwo 4:6, 7 ƒe nya nua, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi?

6 (1) Nɔ gbe dom ɖa edziedzi. Ne Kristotɔ siwo tsi dzi la do gbe ɖa na Yehowa la, ana woakpɔ gbɔdzɔe. (1 Pet. 5:7) Mawu aɖo wò gbedodoɖaa ŋu eye wòana ‘eƒe ŋutifafa, si ƒo amegbetɔwo ƒe gɔmesesewo katã ta la’ wò. (Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.) Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi nana míeɖea dzi ɖi.—Gal. 5:22.

7. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbe dom ɖa?

7 Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa la, gblɔ wò dzimenyawo nɛ. Gblɔ nu si tututu nye kuxia kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò mea nɛ. Ne nane anya wɔ le kuxia ŋua, biae be wòana nunya wò be nànya nu si nàwɔ kple ŋusẽa wò be nàwɔe. Ne naneke meli nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ oa, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be màgatsi dzi ɖe eŋu fũu akpa o. Ne ègblɔ nu si tututu nye kuxia na Yehowa la, eteƒe madidi hafi nàkpɔ ale si Yehowa ɖoa wò gbedodoɖawo ŋu na wò o. Ne meɖo wò gbedodoɖaa ŋu enumake o hãa, mègadzudzɔ gbedodoɖa o. Menye ɖeko Yehowa di be nàgblɔ nu si tututu nye kuxia na ye ko o, ke edi hã be nànɔ gbe dom ɖa edziedzi.—Luka 11:8-10.

8. Nu kawo hãe wòle be míagblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me?

8  Ne èle wò kuxiwo gblɔm na Yehowa la, da akpe hã nɛ. Ne èle kuxi sesẽwo me tom gɔ̃ hãa, nɔ ŋku ɖom nu siwo Mawu wɔ na wò la dzi. Ne mènya nya si tututu nàgblɔ o gɔ̃ hãa, ɖo ŋku edzi be ne ègblɔ na Yehowa be ‘Meɖe kuku xɔ nam!’ gɔ̃ hãa asee.—2 Kron. 18:31; Rom. 8:26.

Kpɔ memama 9 lia *

9. Nu kae wòle be míawɔ ne vɔvɔ̃ ɖo mí?

9 (2) Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe ɖokuiwò ŋu o. Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe ŋkekea mea, Yudatɔwo vɔ̃ be Asiriatɔwo ava dze yewo dzi. Esi wovɔ̃ be yewoava zu kluviwo na Asiriatɔwo taa, wotrɔ ɖe Egiptetɔ siwo nye trɔ̃subɔlawo ŋu be woava kpe ɖe yewo ŋu. (Yes. 30:1, 2) Yehowa xlɔ̃ nu wo be Egiptetɔwo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu o. (Yes. 30:7, 12, 13) Yehowa to Yesaya dzi gblɔ nu si woawɔ be woanɔ dedie ŋutɔŋutɔ la na wo. Yehowa gblɔ be: “Miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.”—Yes. 30:15b.

10. Nɔnɔme kawo me míaɖee afia le be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?

10 Aleke míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu? Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Tsɔe be èkpɔ dɔ aɖe si ahe ga geɖe vɛ na wò, gake dɔa awɔe be màkpɔ ɣeyiɣi ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Alo tsɔe be ame aɖe le ahiãmo ɖom na wò le dɔ me evɔ menye mawusubɔla xɔnyɔnyrɔ o. Alo tsɔe be wò ƒometɔ aɖe gblɔ be nàdzudzɔ mawusubɔsubɔ hafi yeayi edzi akpe ɖe ŋuwò. Ate ŋu asesẽ be nàtso nya me nyuie le nya siawo ŋu, gake ka ɖe edzi be Yehowa afia mɔ wò nàwɔ nu si sɔ. (Mat. 6:33; 10:37; 1 Kor. 7:39) Ðe nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu aɖo toea?

Kpɔ memama 11 lia *

11. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi ne wotsi tre ɖe mía ŋu?

11 (3) Srɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu nyuiwo kple gbegblẽawo me. Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me siwo ɖe nu si tae wòle vevie be míaɖe dzi ɖi eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la fia. Esi nèle nu srɔ̃m tso mawusubɔla mawo ŋua, de dzesi nu si kpe ɖe wo ŋu woɖe dzi ɖi esime wonɔ wo yome tim vevie. Le kpɔɖeŋu me, esi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖea, womevɔ̃ o. Ke boŋ dzi nɔ wo ƒo wogblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 5:29) Esi woƒo apostoloawo gɔ̃ hãa, dzi meɖe le wo ƒo o. Nu ka tae? Elabena wonyae be Yehowa li kpli yewo eye yewoƒe nu dzea eŋu. Eya ta woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia. (Dɔw. 5: 40-42) Nenema kee esime wòsusɔ vie woawu Stefano la, efa tu eye woɖe dzi ɖi ale gbegbe be eƒe mo va nɔ “abe mawudɔla ƒe mo ene.” (Dɔw. 6:12-15) Nu ka tae? Elabe eka ɖe edzi be yeƒe nu dze Yehowa ŋu.

12. Le 1 Petro 3:14 kple 4:14 ƒe nya nu la, nu ka tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne woti mía yome?

12 Kpeɖodzi sẽŋu nɔ apostoloawo si be Yehowa li kpli yewo. Ena ŋusẽ wo wowɔ nukunuwo. (Dɔw. 5:12-16; 6:8) Yehowa mena ŋusẽ ma mí egbea o. Ke hã, Yehowa to eƒe Nyaa dzi ka ɖe edzi na mí lɔlɔ̃tɔe be ne míele fu kpem le dzɔdzɔenyenye ta hã la, míaƒe nu dzea ye ŋu eye yeƒe gbɔgbɔa li kpli mí. (Xlẽ 1 Petro 3:14; 4:14.) Le esi míana míaƒe susu katã nanɔ nu siwo me míava to le etsɔme ŋu teƒea, ele be míawɔ nu siwo ana míaka ɖe edzi be Yehowa alé mí ɖe te eye wòaxɔ na mí boŋ. Abe nusrɔ̃la mawo enea, míawo hã míate ŋu aka ɖe Yesu ƒe ŋugbedodo sia dzi be: “Mana nya kple nunya mi, eye ame siwo katã tsi tsitre ɖe mia ŋu la mate ŋu anɔ te ɖe wo nu alo atsi tsitre ɖe wo ŋu o.” Yesu do ŋugbe na mí be: “Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.” (Luka 21:12-19) Eye nenɔ susu me na wò be Yehowa ɖoa ŋku nu sia nu si ku ɖe esubɔla wɔnuteƒe siwo ku ŋu la dzi. Esi wònya nu mawo ta la, afɔ wo ɖe tsitre.

13. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo megbɔ dzi ɖi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o gbɔ?

13 Azɔ hã, míate ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo megbɔ dzi ɖi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o la gbɔ. Ne míesrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu gbegblẽ mawo mea, akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ vodada mawo ke o. Le kpɔɖeŋu me, esi aʋakɔ gã aɖe ho ɖe Yuda-fia Asa ŋu le eƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye Yehowa kpe ɖe eŋu wòɖu wo dzi. (2 Kron. 14:9-12) Gake, emegbe esi Israel-fia Baasa ƒe aʋakɔ sue aɖe ho ɖe Asa ŋua, exe fe na Siriatɔwo ƒe aʋawɔlawo be woakpe ɖe ye ŋu, le esi teƒe be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòaxɔ na yewo abe ale si wòwɔe va yi ene. (2 Kron. 16:1-3) Eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe nuwuwu esime wòdze dɔ veviea, meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu o.—2 Kron. 16:12.

14. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Asa ƒe vodadawo me?

14 Le gɔmedzedzea mea, Asa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esime wòɖo nɔnɔme sesẽwo me. Gake emegbea, megava ɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu o, ke boŋ etiae be yeakpɔ kuxiawo gbɔ le ye ɖokui si. Gbãa, adze abe Asa kpɔ dzidzedze esime wòtrɔ ɖe Siriatɔwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu ene. Gake tomefafa si wokpɔa menɔ anyi didi o. Yehowa to nyagblɔɖila aɖe dzi gblɔ nɛ be: “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria-fia ŋu, eye mèɖo ŋu ɖe Yehowa wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ la do le asiwò me.” (2 Kron. 16:7) Mele be míasusui be míate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ le mía ɖokui si ne mímedi mɔfiamewo tso Yehowa ƒe Nyaa me o. Ne míeɖo nɔnɔme aɖe si bia be míawɔ nu kpata gɔ̃ hã mea, ele be míagbɔ dzi ɖi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye akpe ɖe mía ŋu.

Kpɔ memama 15 lia *

15. Nu kae wòle be míawɔ ne míele Biblia xlẽm?

15 (4) Lé mawunyakpukpui aɖewo ɖe susu me. Ne èva ke ɖe Biblia ƒe kpukpui aɖewo siwo ɖe nu si tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ŋua, dze agbagba nàlé wo dometɔ aɖewo ɖe susu me. Ne míexlẽnɛ edziedzia, akpe ɖe mía ŋu be wòatsi susu me na mí. Yehowa gblɔ na Yosua be wòaxlẽ Segbalẽa kple gbe blewu edziedzi ale be wòate ŋu awɔ nu le nunya me. Nu siwo wòaxlẽ awɔe be mavɔ̃ o, ke boŋ dzi anɔ eƒo wòakplɔ Mawu ƒe amewo. (Yos. 1:8, 9) Nya gbogbo aɖewo le Mawu ƒe Nyaa me siwo ate ŋu ana nàɖe dzi ɖi tso kuxi siwo na nètsia dzi la me.—Ps. 27:1-3; Lod. 3:25, 26.

Kpɔ memama 16 lia *

16. Aleke Yehowa zãa hamea tsɔ kpena ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míaɖo ŋu ɖe ye ŋu?

16 (5) De ha kple Mawu ƒe amewo. Yehowa toa mía nɔviwo dzi kpena ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míaɖo ŋu ɖe ye ŋu. Nufiame siwo míexɔna le kpekpeawo me, mía nɔviwo ƒe nyaŋuɖoɖowo kple dzeɖoɖo tuameɖowo doa ŋusẽ mí. (Heb. 10:24, 25) Azɔ hã, ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo na mía xɔlɔ̃ veviwo le hamea mea, woade dzi ƒo na mí. Xɔlɔ̃ ƒe “nya nyui” ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ dzimaɖitsitsi.—Lod. 12:25.

Kpɔ memama 17 lia *

17. Le Hebritɔwo 6:19 ƒe nya nua, aleke míaƒe Fiaɖuƒe ƒe mɔkpɔkpɔa ate ŋu alé mí ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me?

17 (6) Mɔkpɔkpɔ sẽŋu nenɔ asiwò. Fiaɖuƒe ƒe mɔkpɔkpɔa le “abe seke ene na míaƒe luʋɔwo.” Eléa mí ɖe te le nɔnɔme sesẽwo alo nuteɖeamedziwo me. (Xlẽ Hebritɔwo 6: 19.) De ŋugble tso yayra siwo ŋugbe Yehowa do na mí ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu. Ɣemaɣia, ame aɖeke magaɖo ŋku naneke si ana wòatsi dzimaɖi dzi o. (Yes. 65:17) Kpɔ ɖokuiwò le xexe yeyea me, afi si dzimaɖitsitsi aɖeke maganɔ o. (Mika 4:4) Ne èƒoa nu tso yayra mawo ŋu na ame bubuwoa, agado ŋusẽ wò. Do vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne èwɔe alea, ekema ‘mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo anɔ asiwò va se ɖe nuwuwu.’—Heb. 6:11.

18. Nɔnɔme sesẽ kawoe ava mía dzi le etsɔme, eye aleke míate ŋu anɔ te ɖe wo nu?

18 Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum ta la, míato nɔnɔme sesẽ siwo ana míatsi dzimaɖia me godoo. Ƒe 2021 ƒe mawunyakpukpuia akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míaɖe dzi ɖi ne nɔnɔme sesẽ mawo va. Le ƒe sia mea, mina míato míaƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia be míeka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo sia dzi be: “Miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.”Yes. 30:15.

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe

^ mm. 5 Ƒe 2021 ƒe mawunyakpukpuia te gbe ɖe nu si tae wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele la na míetsi dzimaɖi fifia alo le etsɔme. Nyati sia adzro ale si míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le ƒea ƒe mawunyakpukpuia mea dzi la me.

^ mm. 5 Mía nɔvi aɖewo le nuteɖeamedzi si nu sẽ la me tom si wɔnɛ be wotsia dzimaɖi alo vɔ̃na vevie. Ema tɔgbi nye lãmesẽkuxi sesẽ, eye menye dzimaɖitsitsi ma tɔgbi ƒe nya gblɔmee Yesu nɔ o.

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (1) Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa tso nu siwo na wòtsi dzimaɖia ŋu le ɣeyiɣi vovovowo me le ŋkekea me.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (2) Le dɔ me ƒe ɖiɖiɖemeɣia, ele Mawu ƒe Nyaa xlẽm.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (3) Ele ŋugble dem tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo kple gbegblẽawo ɖi le Biblia me la ŋu.

^ mm. 69 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (4) Eŋlɔ mawunyakpukpui dedziƒoname siwo dzi wòdi be yeaɖo ŋkui la klã ɖe fridzi dzi.

^ mm. 71 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (5) Eya kple nɔvi aɖe le vivi sem le gbeadzi.

^ mm. 73 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: (6) Ele ŋugble dem le yayra siwo ava la ŋu tsɔ le ŋusẽ dom eɖokui.