NUSƆSRƆ̃NYATI 3
Ameha Gãa Si Nye Alẽ Bubuawo Kafua Mawu Kple Kristo
“Míaƒe xɔname tso mía Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la gbɔ.”—NYAÐ. 7:10.
HADZIDZI 14 Mikafu Anyigba Ƒe Fia Yeye La
NYA VEVIAWO *
1. Nu kae nuƒo si woƒo le ƒe 1935 me la na ɖekakpui aɖe wɔ?
ÐEKAKPUI aɖe xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1926 me esime wòxɔ ƒe 18. Edzilawo nye Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Wo ame atɔ̃ ye wodzi, ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi eve eye wo dzilawo he wo be woava subɔ Yehowa Mawu, eye woasrɔ̃ Yesu Kristo. Abe ale si wònɔ le Biblia Nusrɔ̃viawo katã gome ɣemaɣia, ɖekakpui wɔnuteƒe sia ɖua aboloa eye wònoa wain-a le Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe. Ke hã, esi wòse nuƒo wɔdɔɖeamedzi si ƒe tanyae nye, “Ameha Gã La,” egbugbɔ ŋku lé ɖe eƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu. Nɔviŋutsu J. F. Rutherford ye ƒo nuƒo ma le ƒe 1935 me le Washington, D.C., Amerika. Nu ka gɔmee Biblia Nusrɔ̃viawo va se le takpekpe ma me?
2. Nyateƒenya ka mee Nɔviŋutsu Rutherford ɖe le eƒe nuƒoa me?
2 Nɔviŋutsu Rutherford na wonya ame siwo anye “ameha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9 la me. Gake do ŋgɔ la, Biblia Nusrɔ̃viawo susu be ameha gã nye ame siwo ayi dziƒo, gake woƒe nuteƒewɔwɔ mede amesiaminawo tɔ nu o. Nɔviŋutsu Rutherford zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe eme be ameha gãa mayi dziƒo o, gake wonye Kristo ƒe alẽ bubu * siwo atsi agbe le “xaxa gã” la me, eye woava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Nyaɖ. 7:14) Yesu gblɔ be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽkpo sia me o; ele nam be makplɔ woawo hã vɛ, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka.” (Yoh. 10:16) Alẽ bubu siawo nye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒe siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Mat. 25:31-33, 46) Na míakpɔ ale si gɔmesese yeye sia kpe ɖe Yehowa ƒe ame geɖewo ŋu siwo dome ɖekakpui si xɔ ƒe 18 hã le la ɖa.—Ps. 97:11; Lod. 4:18.
GƆMESESE YEYE AÐE SI TRƆ AME AKPEWO ƑE AGBE
3-4. Le takpekpe si wowɔ le ƒe 1935 mea, nu ka gɔmee ame akpewo va se tso woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu, eye nu ka tae?
3 Nudodzidzɔname aɖe dzɔ le takpekpe ma esi nuƒolaa bia vavalawo be: “Mi ame siwo katã si mɔkpɔkpɔ le be miava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi la, meɖe kuku mitso?” Nɔviŋutsu aɖe si nɔ takpekpe ma si me vavala 20,000 nɔ la gblɔ be, ame siwo tso ɖe tsitrenua wu vavalawo ƒe afã. Emegbe Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Ameha gã me tɔwoe nye esiawo!” Ema megbe vavalawo katã do ɣli kple dzidzɔ. Eye ame siwo tso ɖe tsitrenua se egɔme be Yehowa metia yewo be yewoava nɔ agbe le dziƒo o. Eye wometsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa si ami na yewo hã o. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ame 840 ye xɔ nyɔnyrɔ eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo.
4 Le nuƒo ma megbea, ɖekakpui si ŋu míeƒo nu tsoe va yi kple ame akpe bubuwo dzudzɔ aboloa ɖuɖu kple wain la nono le Ŋkuɖodzia. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ŋkuɖodzi si míewɔ le ƒe 1935 me lae nye zi mamlɛtɔ si meɖu kpɔɖeŋunuawo. Meva de dzesii be Yehowa mezã eƒe gbɔgbɔa tsɔ tiam be mava nɔ agbe le dziƒo o, ke boŋ mɔkpɔkpɔ le asinye be mava nɔ agbe le anyigba dzi, eye makpe asi ɖe eŋu woatrɔ anyigba wòazu paradiso.” (Rom. 8:16, 17; 2 Kor. 1:21, 22) Tso ɣemaɣia, ameha gãa me tɔwo dzi ɖe edzi, eye wole dɔ wɔm aduadu kple amesiamina susɔeawo. *
5. Aleke Yehowa bua ame siwo dzudzɔ kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia?
5 Aleke Yehowa bu ame siwo dzudzɔ kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia le ƒe 1935 megbe? Eye egbea, aleke Yehowa bua Ðasefo xɔnyɔnyrɔ si ɖua aboloa eye wònoa wain la le Ŋkuɖodzia evɔ emegbe wòva de dzesii be Yehowa mesi ami na ye kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea o? (1 Kor. 11:28) Ame aɖewo ɖua kpɔɖeŋunuawo elabe wosusu be wosi ami na yewo. Gake ne wolɔ̃ ɖe edzi be vodadae wònye yewo wɔ, wodzudzɔ kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu, eye woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔea, Yehowa alɔ̃ faa abu wo ɖe alẽ bubuawo me godoo. Togbɔ be womegaɖua aboloa, noa wain la o hãa, woyia edzi dea Ŋkuɖodzia elabe wokpɔa ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wo la ŋu ŋutɔ.
MƆKPƆKPƆ TƆXƐ
6. Se kae Yesu de na mawudɔlawo?
6 Esi eteƒe madidi o xaxa gãa ava ta la, ele be míadzro nya siwo Nyaɖeɖefia ta 7 lia gblɔ tso Kristotɔ amesiaminawo kple ameha gãa siwo nye alẽ bubuawo ŋu la me. Yesu de se na mawudɔlawo be woayi edzi alé tsɔtsrɔ̃ ƒe ya eneawo ɖe asi. Mele be woaɖe asi le anyigba ƒe yaƒoƒo mawo ŋu o va se ɖe esime wotre Kristotɔ amesiaminawo katã nu, si fia be Yehowa bu wo be wonye nuteƒewɔlawo. (Nyaɖ. 7:1-4) Yehowa aɖo woƒe nuteƒewɔwɔa teƒe na wo, eye wòana woanye fiawo kple nunɔlawo le Kristo gbɔ le dziƒo. (Nyaɖ. 20:6) Yehowa, Yesu kple mawudɔlawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne amesiamina 144,000 siawo xɔ woƒe dziƒofetua.
7. Abe ale si Nyaɖeɖefia 7:9, 10 gblɔe enea, ame kawoe Yohanes kpɔ le ŋutega me, eye nu ka wɔm wonɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)
7 Esi Yohanes ƒo nu tso ame 144,000 siwo nye fiawo kple nunɔlawo ŋu vɔa, ekpɔ nu wɔdɔɖeamedzi bubu aɖe si nye, “ameha gã” siwo tsi agbe le Armagedon me. Ameha gã sia si nye ƒuƒoƒo evelia me tɔwo, sɔ gbɔ wu ƒuƒoƒo gbãtɔ me tɔwo eye míenya woƒe xexlẽme o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:9, 10.) “Wodo awu ʋlaya ɣiwo,” si fia be womeɖe mɔ Satana ƒe xexea ‘ƒo ɖi wo o,’ eye woyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu kple Kristo. (Yak. 1:27) Wodo ɣli be woxɔ na yewo le nu si Yehowa kple Yesu, si nye Mawu ƒe Alẽvia wɔ na wo ta. Azɔ hã, wolé deʋayawo ɖe asi, si fia be wotsɔ dzidzɔ lɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Fia si Yehowa ɖo.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 12:12, 13.
8. Nya kae Nyaɖeɖefia 7:11, 12 gblɔ tso Yehowa ƒe ƒome si le dziƒoa ŋu?
8 Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:11, 12. Aleke nuwo yi edzi le dziƒo? Yohanes kpɔ be Yehowa ƒe ƒome si le dziƒo la kpɔ dzidzɔ eye wonɔ Mawu kafum esi wokpɔ ameha gã la. Dzi adzɔ Yehowa ƒe ƒomea ƒe akpa si le dziƒo la ŋutɔ be woakpɔ ale si ŋutega sia ava eme esime ameha gã la atsi agbe le xaxa gãa me.
9. Le Nyaɖeɖefia 7:13-15 ƒe nya nu la, dɔ ka wɔmee ameha gãa le fifia?
9 Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:13-15. Yohanes gblɔ be ameha gã la me tɔwo ‘nya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.’ Esia fia be dzitsinya dzadzɛ le wo si, eye woƒe nu dzea Yehowa ŋu. (Yes. 1:18) Wonye Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ siwo xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se eye wo kple Yehowa dome le kplikplikpli. (Yoh. 3:36; 1 Pet. 3:21) Esia wɔe be wodze anɔ Mawu ƒe fiazikpuia ŋgɔ awɔ ‘subɔsubɔdɔ kɔkɔe nɛ zã kple keli’ le anyigba dzi afi sia. Fifia gɔ̃ hã, woawoe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ƒe akpa gãtɔ wɔm, elabe eyae nye dɔ vevitɔ na wo.—Mat. 6:33; 24:14; 28:19, 20.
10. Nu ka dzie ameha gãa ka ɖo, eye ŋugbedodo kae ava eme na wo?
10 Ameha gã siwo tsi agbe le xaxa gãa me la, ka ɖe edzi be Mawu ayi edzi akpɔ yewo ta, elabena “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la akeke eƒe agbadɔ la ɖe wo dzi.” Ŋugbedodo siwo alẽ bubuawo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, si gblɔ be, “[Mawu] atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese Nyaɖ. 21:3, 4.
hã maganɔ anyi o” la, ava eme.—11-12. (a) Le Nyaɖeɖefia 7:16, 17 ƒe nya nua, yayra kawoe ameha gãa akpɔ le etsɔme? (b) Nu kae alẽ bubuawo ate ŋu awɔ le Ŋkuɖodzia, eye nu ka tae?
11 Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:16, 17. Fifia gɔ̃ hã, ganyawo ƒe sesẽ kple aʋawɔwɔwo wɔe be Yehowa ƒe ame aɖewo mekpɔa nu ɖuna o. Wode ɖewo gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Ke hã, dzi dzɔa ameha gãa elabe wonyae be ne yewotsi agbe le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu la, nuɖuɖu abɔ ɖe yewo si eye Yehowa ayi edzi afia mɔ yewo. Ne Yehowa tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia la, akpɔ ameha gãa ta tso eƒe dziku si le abe ‘ŋdɔkutsu veve ɖuame’ ene la me. Ne xaxa gãa wu enu la, Yesu akplɔ agbetsila siwo le anyigba dzia ayi ‘agbe mavɔ ƒe tsi dzidziwo gbɔ.’ Bu eŋu kpɔ: Ameha gãa le mɔ kpɔm na nu nyuiwo. Ame biliɔn geɖe siwo le agbe la, magaku akpɔ o!—Yoh. 11:26.
12 Alẽ bubuawo daa akpa na Yehowa kple Yesu ɖe mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le wo si la ta! Togbɔ be wometia wo be woayi dziƒo o hã, mefia be asixɔxɔ mele wo ŋu de amesiaminawo nu le Yehowa ŋkume o. Amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa kafua Mawu kple Kristo. Mɔ aɖe si dzi wotona wɔa esiae nye ne wode Ŋkuɖodzia.
DA AKPE ÐE ŊKUÐODZIA TA TSO DZI ME
13-14. Nu ka tae wòhiã be ame sia ame nade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia?
13 Zi geɖea, ame ʋɛ aɖewo koe ɖua aboloa eye wonoa wain la le Ŋkuɖodzia le xexea me godoo. Eya ta ame akpa gãtɔ siwo dea Ŋkuɖodzia anɔ agbe le anyigba dzi. Ke nu ka tae wodea Ŋkuɖodzia? Míedea mía xɔlɔ̃ ƒe srɔ̃kpekpe tsɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e eye míedi be míakpe ɖe eŋu. Eya ta alẽ bubuawo dea Ŋkuɖodzia tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ Kristo kple amesiaminawo eye yewokpea asi ɖe wo ŋu. Azɔ hã, wodea Ŋkuɖodzia tsɔ ɖenɛ fiana be yewoda akpe ɖe Yesu ƒe kua, si na mɔnukpɔkpɔa su yewo si be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi la ta.
14 Susu bubu si ta wogadea Ŋkuɖodziae nye be wodi be yewoawɔ ɖe se si Yesu de la dzi. Esi Yesu ɖo wɔna vevi ma anyi 1 Kor. 11:23-26) Eya ta wodea Ŋkuɖodzia zi ale si amesiaminawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le anyigba dzi. Eye alẽ bubuawo kpea ame sia ame be woade Ŋkuɖodzia kpli yewo.
kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo la, egblɔ na wo be: “Minɔ esia wɔm, . . . hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (15. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí la ŋu le Ŋkuɖodzia?
15 Míedzia ha tsɔ kafua Mawu kple Kristo le Ŋkuɖodzia eye míedoa gbe ɖa. Ŋkuɖodzinuƒo si míase ƒe sia me ƒe tanyae nye “Kpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Si Mawu Kple Kristo Wɔ Na Wò La Ŋu!” Akpe ɖe mía ŋu míagada akpe na Yehowa kple Kristo geɖe wu. Ne wotsɔ kpɔɖeŋunuawo le tsatsam la, agaɖo ŋku nu si wole tsitre ɖi na la dzi na mí. Wole tsitre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã kple eƒe ʋu. Aɖo ŋku edzi na mí be Yehowa na Via ku ɖe mía ta be míanɔ agbe. (Mat. 20:28) Ame sia ame si lɔ̃ mía Fofo si le dziƒo kple Via ade Ŋkuɖodzia godoo.
DA AKPE NA YEHOWA ÐE MƆKPƆKPƆ SI WÒNA WÒ LA TA
16. Aleke Yehowa bua amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa?
16 Ne ame aɖe nye amesiamina la, mefia be Mawu dea asixɔxɔ eŋu wu alẽ bubuawo o. Edea asixɔxɔ ƒuƒoƒo eveawo ŋu sɔsɔe. Nyateƒeae nye be, Via lɔlɔ̃ ɖeka mae wòtsɔ sa vɔ ɖe amesiaminawo kple alẽ bubuawo ta. Vovototoa koe nye be woƒe mɔkpɔkpɔawo to vovo. Ele be amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa nawɔ nuteƒe na Mawu kple Kristo. (Ps. 31:23) Eye ɖo ŋku edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe wo katã ŋu sɔsɔe. Esia fia be Yehowa naa eƒe gbɔgbɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe le woƒe hiahiãwo nu.
17. Nu kae amesiamina susɔeawo le mɔ kpɔm na?
17 Womedzi Kristotɔ amesiaminawo kple dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔa o. Mawue na mɔnukpɔkpɔ ma wo. Wobua mɔkpɔkpɔ ma ŋu, doa gbe ɖa tso eŋu eye wonɔa mɔ kpɔm vevie be yewoava nɔ agbe le dziƒo. Womenya ale si tututu woƒe ŋutilã anɔ ne woyi dziƒo o. (Flp. 3:20, 21; 1 Yoh. 3:2) Togbɔ be ele alea hã, wonɔa mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me woakpɔ Yehowa, Yesu, mawudɔlawo kple wo nɔvi amesiamina susɔeawo eye woanɔ Fiaɖuƒea me le dziƒo.
18. Nu kae alẽ bubuawo le mɔ kpɔm na?
18 Alẽ bubuawo hã le mɔ kpɔm vevie be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Nyagb. 3:11) Wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woakpe asi ɖe eŋu woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso. Wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woawo ŋutɔwo woatu woƒe xɔwo, ade agblewo, eye womadzi vi vɔ̃ nadzɔ ɖe edzi o. (Yes. 65:21-23) Wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woaɖi tsa le anyigba dzi asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbogbo siwo ƒe ɖewoe nye, towo, avetsuwo kple atsiaƒu ŋu. Ƒo wo katã ta la, dzi adzɔ wo elabe woagate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.
19. Nu kae Ŋkuɖodzia ʋu mɔ ɖi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ, eye ɣekaɣie míawɔ Ŋkuɖodzia le ƒe sia me?
19 Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe esubɔla ɖeadzɔgbe ɖe sia ɖe, si asu esi le etsɔme. (Yer. 29:11) Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ʋu mɔ ɖi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòada akpe na Mawu kple Kristo ɖe nu si wowɔ na mí be míava nɔ agbe tegbee la ta. Ŋkuɖodzia ye nye kpekpe vevitɔ si Kristotɔ vavãwo wɔna le ƒea me. Míawɔe le Memleɖa, March 27, 2021 dzi le ɣeɖoto megbe. Le ƒe sia mea, amewo awɔ kpekpe vevi sia le ablɔɖe me le teƒe aɖewo. Ame bubuwo ade togbɔ be wole wo yome tim hã. Ame aɖewo awɔ wo tɔa le gaxɔwo me. Yehowa, Yesu, mawudɔlawo kple amesiamina siwo wofɔ yi dziƒo ƒe ŋku anɔ mía ŋu le kpekpe vevi sia me. Eya ta Ŋkuɖodzia neyi nyuie na hamewo, ƒuƒoƒowo kple ame ɖekaɖekawo siaa!
HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe
^ mm. 5 March 27, 2021, nye ŋkeke vevi aɖe na Yehowa Ðasefowo. Míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi le fiẽsi ma. Ame akpa gãtɔ siwo ade wɔna ma teƒea, nye ƒuƒoƒo si Yesu yɔ be “alẽ bubuwo.” Nyateƒenya kae Yehowa Ðasefowo va nya tso ƒuƒoƒo ma ŋu le ƒe 1935 me? Nu dodzidzɔname kae alẽ bubuawo anɔ mɔ kpɔm na le xaxa gãa megbe? Eye aleke alẽ bubuawo akafu Mawu kple Kristo ne wode Ŋkuɖodzia?
^ mm. 2 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Alẽ bubuawoe nye ame siwo dzea Kristo la yome eye wonɔa mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wo dometɔ aɖewo dze Yehowa subɔsubɔ gɔme le ŋkeke mamlɛawo me. Ameha gãe nye alẽ bubua me tɔ siwo anɔ agbe ne Kristo va le ʋɔnu drɔ̃m le xaxa gãa me eye woatsi agbe le xaxa gã la me.
^ mm. 4 NYAMEÐEÐE: ‘Amesiamina susɔeawoe’ nye Kristotɔ amesiamina siwo kpɔtɔ le agbe le anyigba dzi, eye woɖua aboloa henoa wain la le Ŋkuɖodzia.