Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso “Nusrɔ̃la Si Yesu Lɔ̃na Vevie” La Gbɔ

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso “Nusrɔ̃la Si Yesu Lɔ̃na Vevie” La Gbɔ

“Mina míayi edzi alɔ̃ mía nɔewo, elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu gbɔ.”—1 YOH. 4: 7.

HADZIDZI 105 “Mawu Nye Lɔlɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1. Aleke ale si Mawu lɔ̃ mí nana nèsena le ɖokuiwò me?

APOSTOLO Yohanes ŋlɔ bena: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) Nya kpui ma ɖoa ŋku nyateƒenya sia dzi na mí be: Mawu, si nye Agbenalaa ke gbɔe lɔlɔ̃ dzɔ tso. Yehowa lɔ̃ mí! Eƒe lɔlɔ̃ nana míesena le mía ɖokui me be míele dedie, dzi dzɔa mí eye míaƒe dzi dzea eme.

2. Le Mateo 22:37-40 ƒe nya nua, sedede gãtɔ eveawoe nye kawo, eye nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míawɔ ɖe akpa evelia dzi?

2 Se ye wònye na mí Kristotɔwo be míalɔ̃ amewo. (Xlẽ Mateo 22:37-40.) Ne míeva nya Yehowa nyuiea, anɔ bɔbɔe be míalɔ̃e awɔ ɖe sedede ma ƒe akpa gbãtɔ dzi. Nu si tae nye be, Yehowa de blibo, ebua mía ŋu eye wòwɔa nu ɖe mía ŋu nyuie ɣeawokatãɣi. Gake ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ ɖe sededea ƒe akpa evelia dzi. Nu ka tae? Elabena mía nɔviwo, siwo hã nye mía haviwo, mede blibo o. Esia awɔe be, ɣeaɖewoɣia, mía nɔviwo agblɔ nya aɖe alo awɔ nane si ana míase le mía ɖokui me be womebu mía ŋu o. Yehowa nya be esiawo ate ŋu adzɔ, eya ta, ena woŋlɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo koŋ ɖe Biblia me ku ɖe ale si wòle be míalɔ̃ mía nɔewo kple nu si tae wòle be míalɔ̃ wo ŋu. Yohanes le ame siwo ŋlɔ nu tso lɔlɔ̃ ŋu dome.—1 Yoh. 3:11, 12.

3. Nya kae Yohanes gblɔ enuenu tso lɔlɔ̃ ŋu?

3 Yohanes gblɔe zi geɖe le eƒe nuŋlɔɖiwo me be ele be Kristotɔwo nalɔ̃ amewo. Le nu siwo Yohanes ŋlɔ tso Yesu ŋu mea, eyae ƒo nu tso “lɔlɔ̃” ŋu wu lɔlɔ̃ si ŋu Nyanyuigbalẽ ŋlɔla etɔ̃awo katã ƒo nu tsoe ne wotsɔ wo ƒo ƒu. Yohanes xɔ abe ƒe alafa ɖeka ene hafi ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa kple eƒe lɛta etɔ̃ mamlɛawo. Nya mawo siwo Mawu fia mɔe wòŋlɔa na míekpɔe be ele be Kristotɔwo nawɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi. (1 Yoh. 4:10, 11) Ke hã, esime Yohanes nye sɔhɛa, ehiã be wòasrɔ̃ ale si wòalɔ̃ amewo.

4. Ðe Yohanes wɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣia?

4 Esime Yohanes nye sɔhɛa, mewɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ zɔm to Samaria yina Yerusalem. Eye Samariatɔwo ƒe kɔƒe aɖe me tɔwo gbe be yewomawɔ amedzro na wo o. Aleke Yohanes wɔ nui? Ebia be yeana dzo natso dziƒo ava tsrɔ̃ kɔƒe ma me tɔwo katã! (Luka 9:52-56) Ɣebubuɣia, Yohanes meɖe lɔlɔ̃ fia apostolo susɔeawo o. Anɔ eme be, eya kple nɔvia Yakobo ye ƒoe ɖe wo nɔ nu be wòava bia Yesu be wòana yewoanɔ ɖoƒe tɔxɛwo le egbɔ le Fiaɖuƒea me. Esi apostolo susɔeawo se nu si Yakobo kple Yohanes wɔa, dzi ku wo! (Mat. 20:20, 21, 24) Togbɔ be Yohanes wɔ nu mawo hã, Yesu lɔ̃e.—Yoh. 21:7.

5. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

5 Le nyati sia mea, míadzro nu siwo Yohanes ŋlɔ tso lɔlɔ̃ ŋu kple ale si wòɖe lɔlɔ̃ fia la me. Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔviwo. Azɔ hã, míakpɔ mɔ vevi si dzi ƒome ƒe tawo ato aɖe lɔlɔ̃ afia woƒe ƒomewo.

NUWƆNA MEE LƆLƆ̃ DZENA LE

Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòdɔ Via ɖa wòva ku ɖe mía ta (Kpɔ memama 6-7 lia)

6. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí?

6 Ɣeaɖewoɣia, míesusuna be ale si míesena le mía ɖokui me alo nya siwo míegblɔna koe nye lɔlɔ̃ɖeɖefia. Gake be wòanye lɔlɔ̃ akuakua, ele be nuwɔna nakpe ɖe eŋu. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 2: 17, 26.) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa lɔ̃ mí. (1 Yoh. 4:19) Eye egblɔe na mí le eƒe Nya Biblia me. (Ps. 25:10; Rom. 8:38, 39) Ke hã, míenya be menye nya siwo Mawu gblɔ koe na míeka ɖe edzi be elɔ̃ mí o, ke boŋ nu siwo wòwɔna na mí hãe. Yohanes gblɔ be: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía me, be Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to eya amea dzi.” (1 Yoh. 4:9) Yehowa ɖe mɔ Via lɔlɔ̃a kpe fu eye wòku ɖe mía ta. (Yoh. 3:16) Ðe esia meɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ mí ŋutɔ oa?

7. Nu kae Yesu wɔ si ɖee fia be elɔ̃ mí?

7 Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yelɔ̃ wo. (Yoh. 13:1; 15:15) Menye nya siwo wògblɔ me koe wòɖee fia le be yelɔ̃ wo kple míawo o, ke nu siwo wòwɔ hãe. Yesu gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yoh. 15:13) Ne míebu nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋua, nu kae wòle be wòaʋã mí míawɔ?

8. Nu kae 1 Yohanes 3:18 gblɔ be míawɔ?

8 Ne míewɔna ɖe Yehowa kple Yesu ƒe sewo dzia, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. (Yoh. 14:15; 1 Yoh. 5:3) Eye Yesu de se na mí tẽe be míalɔ̃ mía nɔewo. (Yoh. 13:34, 35) Menye ɖeko míagblɔ na mía nɔviwo be míelɔ̃ wo ko evɔ o, ke ele be míaɖee afia le míaƒe nuwɔnawo hã me. (Xlẽ 1 Yohanes 3:18.) Nu ŋutɔŋutɔ kawoe míawɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ wo?

LƆ̃ NƆVIWÒWO

9. Nu kae lɔlɔ̃ ʋã Yohanes wòwɔ?

9 Yohanes ate ŋu atiae be yeanɔ ye tɔ ŋu anɔ lã ɖem be yeakpɔ ga geɖe. Gake mewɔe nenema o, ke boŋ ezã eƒe agbenɔɣi mamlɛawo tsɔ fia nyateƒea amewo tso Yehowa kple Yesu ŋu. Ke hã, agbea menɔ bɔbɔe na Yohanes o. Woti eyome eye woɖe aboyoe le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo esime wòtsi ku amegã. (Dɔw. 3:1; 4:1-3; 5:18; Nyaɖ. 1:9) Togbɔ be Yohanes nɔ gaxɔ me le gbeƒãɖeɖe tso Yesu ŋu ta hã la, eyi edzi lɔ̃ amewo. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ Patmo ƒukpoa dzia, eŋlɔ nu siwo woɖe fiae la, eye wòɖoe ɖe hameawo ale be woanya “nu siwo ava dzɔ kpuie.” (Nyaɖ. 1:1) Eye anɔ eme be, esi woɖe asi le eŋu le Patmo ƒukpoa dzie wòŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽ si ku ɖe Yesu kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Azɔ hã, eŋlɔ lɛta etɔ̃ tsɔ de dzi ƒo na nɔviawo hedo ŋusẽ wo. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ ale si Yohanes tsɔ eɖokui na faa lae?

10. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ amewo?

10 Àte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ amewo le tiatia siwo nèwɔna la me. Satana ƒe xexea di be nàzã wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã na ɖokuiwò be nàkpɔ ga alo axɔ ŋkɔ. To vovo na emaa, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le xexea me godoo tsɔ wo ɖokuiwo na faa zãa woƒe ɣeyiɣi tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia eye wokpena ɖe amewo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã, zãa woƒe ɣeyiɣiawo katã tsɔ ɖea gbeƒã.

Míetoa nu siwo míewɔna na mía nɔviwo kple míaƒe ƒomea dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo (Kpɔ memama 11, 17 lia) *

11. Aleke mía nɔvi wɔnuteƒe geɖewo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ Yehowa kple yewo nɔviwo?

11 Ehiã be nɔvi geɖe nazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ awɔ dɔ ale be woakpɔ woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Togbɔ be ele alea hãa, nɔvi wɔnuteƒe siawo wɔa nu siwo woate ŋui tsɔ kpea asi ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ, bubuwo kpea asi ɖe xɔtudɔwo ŋu, eye mɔnukpɔkpɔa sua ame sia ame si be wòadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Wowɔa nu siawo katã, elabe wolɔ̃ Mawu kple wo haviwo. Kwasiɖa sia kwasiɖaa, míedea kpekpeawo eye míeɖoa nya ŋu tsɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía nɔviwo. Togbɔ be ɖeɖi tea mía ŋu hã, míedea kpekpeawo. Togbɔ be míevɔ̃na be míaɖo nya ŋu hãa, míeɖoa nya ŋu. Togbɔ be kuxiwo le mí katã dzi hã la, míedea dzi ƒo na mía nɔewo do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpa vɔ megbe. (Heb. 10:24, 25) Míekpɔa dzidzɔ ɖe agbagba siwo mía nɔviwo dzena ŋu ŋutɔ!

12. Mɔ bubu ka nue Yohanes ɖee fia le be yelɔ̃ nɔviawo?

12 Menye ɖeko Yohanes kafu nɔviawo tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ wo ko o, ke eɖo aɖaŋu hã na wo. Le kpɔɖeŋu me, le Yohanes ƒe lɛtawo mea, ekafu nɔviawo ɖe woƒe xɔse kple dɔ nyuiwo ta, ke hã eɖo aɖaŋu na wo tẽe tso nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu. (1 Yoh. 1:8–2:1, 13, 14) Nenema kee ele be míawo hã míakafu nɔviwo ɖe dɔ nyui siwo wowɔna ta. Gake ne edzɔ be nɔvi aɖe le nɔnɔme gbegblẽ aɖe ɖem fia la, ele be míatsɔ aɖaŋudzedze aɖo aɖaŋu nɛ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃e. Ebia be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu aɖo aɖaŋu na mía xɔlɔ̃ aɖe, gake Biblia gblɔ be, xɔlɔ̃ vavã nyrea nɔvia alo ɖɔnɛ ɖo.—Lod. 27:17.

13. Nu kae mele be míanɔ wɔwɔm o?

13 Ɣeaɖewoɣia, míeɖea ale si míelɔ̃ mía nɔviwo fiana ne mímewɔa nanewo o. Le kpɔɖeŋu me, mele be míanɔ dziku dom kabakaba ɖe nya aɖe si wogblɔ ta o. Bu nu si dzɔ le Yesu ƒe agbenɔɣi ƒe ŋkeke mamlɛawo me ŋu kpɔ. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be hafi woakpɔ agbea, ele be woaɖu yeƒe ŋutilã eye woano yeƒe ʋu. (Yoh. 6:53-57) Nya ma wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃la geɖe eye wogblẽe ɖi. Gake exɔlɔ̃ vavãwo, siwo dome Yohanes hã lea megblẽe ɖi o; woku ɖe eŋu. Woawo hã womese Yesu ƒe nyaa gɔme o, eye anɔ eme be, ewɔ nuku na wo. Ke hã, Yesu xɔlɔ̃ vavã siawo mesusui be nya si wògblɔa mesɔ o si na wodo dziku o. Ke boŋ, woka ɖe edzi, elabe wonyae be egblɔa nya siwo nye nyateƒe ɣesiaɣi. (Yoh. 6:60, 66-69) Eya ta, ele vevie be míaganɔ dziku dom kabakaba ɖe nya siwo mía nɔviwo gblɔna ŋu o! Ke boŋ, ele be míaɖe mɔ na wo be woaɖe susu si tae wowɔ nane alo gblɔ nya aɖe ɖo me na mí.—Lod. 18:13; Nyagb. 7:9.

14. Nu ka tae mele be míalé fu mía nɔviwo o?

14 Yohanes de dzi ƒo na mí hã be míagalé fu mía nɔviwo o. Ne mímewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi oa, ke míele mɔ ɖem na Satana be wòazã mí. (1 Yoh. 2:11; 3:15) Esia dzɔ ɖe nɔvi aɖewo dzi le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli me. Satana le adeklo dzi be yeade mama Mawu ƒe amewo dome. Kaka Yohanes naŋlɔ eƒe lɛtaawo la, ame siwo ɖea Satana ƒe nɔnɔme fiana va ge ɖe hamea me. Le kpɔɖeŋu me, Diotrefo nɔ mama dem hamea me ŋutɔ. (3 Yoh. 9, 10) Mebua dɔdzikpɔhaa ƒe amedɔdɔ siwo va srãa hamea kpɔ la o. Eye wòdzea agbagba be yeaɖe ame siwo nyoa dɔme na ame siwo ƒe nu medzɔa dzi nɛ o la ɖa le hamea me gɔ̃ hã. Dada ka gbegbee nye esi! Satana gale agbagba dzem vevie egbea be yeade mama Mawu ƒe amewo dome. Migana míaɖe mɔ nɛ, alé fu mía nɔviwo gbeɖe o.

LƆ̃ WÒ ƑOMEA

Yesu tsɔ nɔa de Yohanes si be wòakpɔ edzi eye wòakpe ɖe eŋu wòayi edzi asubɔ Yehowa. Ele be ƒome ƒe ta siwo li egbea nalé be na woƒe ƒomea (Kpɔ memama 15-16 lia)

15. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na ƒome ƒe ta?

15 Mɔ vevi aɖe si dzi ƒome ƒe ta ato aɖee afia be yelɔ̃ yeƒe ƒomea ye nye be wòakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Ke hã, ele be wòaɖo ŋku edzi be ŋutilãmenuwo mana eƒe ƒomea nali ke le xɔse me o. (Mat. 5:3) De dzesi kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na ƒome ƒe tawo. Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ be esime Yesu nɔ kukum le fuwɔametia ŋu gɔ̃ hã, enɔ eƒe ƒomea ŋu bum. Yohanes tɔ ɖe Yesu nɔ Maria gbɔ, le afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le. Togbɔ be Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ hã la, ewɔ ɖoɖo be Yohanes nalé be na ye nɔ Maria. (Yoh. 19:26, 27) Yesu nɔvi bubuwo li siwo ate ŋu akpɔ nɔa dzi hafi, gake edze abe wo dometɔ aɖeke meva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la ɣemaɣi o ene. Eya ta Yesu di be yeakpɔ egbɔ be wokpɔ ye nɔ dzi eye woakpe ɖe eŋu wòayi edzi asubɔ Yehowa.

16. Agba kawoe nɔ Yohanes dzi?

16 Agbanɔamedzi geɖe nɔ Yohanes dzi. Esi wònye apostolo ta la, ehiã be wòaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Anɔ eme hã be eɖe srɔ̃, eya ta ehiã be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wòakpe ɖe wo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. (1 Kor. 9:5) Nu kae ƒome ƒe tawo ate ŋu asrɔ̃ tso eme egbea?

17. Nu ka tae wòle vevie be ƒome ƒe ta nakpe ɖe eƒe ƒomea ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli?

17 Agba gbogbo ate ŋu anɔ nɔviŋutsu si nye ƒome ƒe ta la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ele be wòawɔ dɔ sesĩe ale be eƒe nuwɔna naƒo nu nyuie tso Yehowa ŋu. (Ef. 6:5, 6; Tito 2:9, 10) Eye agba aɖewo hã ate ŋu anɔ edzi le hamea me; nɔviawo sasrãkpɔ, dɔwɔwɔ kpli wo le gbeadzi kple bubuawo. Togbɔ be ele nenema hãa, ele vevie be wòanɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃a kpakple viawo edziedzi. Ne ekpɔa ƒomea ƒe ŋutilãme kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ na wo, eye wòkpena ɖe wo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la, ana woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.—Ef. 5:28, 29; 6:4.

‘MINƆ NYE LƆLƆ̃ LA ME’

18. Nu ka dzie Yohanes ka ɖo?

18 Yohanes nɔ agbe didi eye wòkpɔ nu dodzidzɔname geɖe teƒe. Eto nɔnɔme sesẽ vovovo siwo ate ŋu ana eƒe xɔse nagbɔdzɔ hafi la me. Gake ewɔ etɔ sinua be yeawɔ ɖe Yesu ƒe sededewo dzi. Sedede mawo dometɔ ɖekae nye be yealɔ̃ ye nɔviwo. Esia wɔe be Yohanes ka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu lɔ̃ ye eye woado ŋusẽ ye be yeado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. (Yoh. 14:15-17; 15:10; 1 Yoh. 4:16) Satana kple eƒe xexea mete ŋu na Yohanes dzudzɔ nɔviawo lɔlɔ̃ o. Eyi edzi to eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me ɖee fia be yelɔ̃ wo.

19. Nu kae 1 Yohanes 4:7 de dzi ƒo na mí be míawɔ, eye nu ka tae?

19 Abe Yohanes enea, míele xexe si me Satana, si melɔ̃ ame aɖeke oa kpɔ ŋusẽ ɖo la me. (1 Yoh. 3:1, 10) Togbɔ be edi be míadzudzɔ mía nɔviwo lɔlɔ̃ hã la, mate ŋui o, negbe ɖe míeɖe mɔ nɛ ko. Mina míaɖoe kplikpaa be míalɔ̃ mía nɔviwo to nya siwo míegblɔna kple nu siwo míewɔna me. Ne míewɔe alea la, míaƒe dzi adze eme be míenye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo eye míakpɔ dzidzɔ geɖe.—Xlẽ 1 Yohanes 4:7.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

^ mm. 5 Anɔ eme be apostolo Yohanes ye nye “nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie.” (Yoh. 21:7) Togbɔ be ɖekakpui ko Yohanes nye ɣemaɣi hãa, nɔnɔme nyui geɖewo nɔ esi. Ƒe aɖewo megbea, Yehowa zãe wòŋlɔ nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu. Le nyati sia mea, míaƒo nu tso nu siwo wòŋlɔ kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ la ŋu.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Ƒome ƒe ta aɖe si ŋu vovo mele o la le asi kpem ɖe dɔ ŋu le afi si afɔku dzɔ le, ele nu dzɔm tsɔ le asi kpem ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu, eye wòkpe ƒome aɖe be woava wɔ ɖeka kpli yewo le ƒometadedeagu me.