Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

“Ame Siwo Dia Yehowa La, Nu Nyui Aɖeke Mahiã Wo O”

“Ame Siwo Dia Yehowa La, Nu Nyui Aɖeke Mahiã Wo O”

ƑE 2022 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA: “Ame siwo dia Yehowa la, nu nyui aɖeke mahiã wo o.”—PS. 34:10.

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

NYA VEVIAWO *

Togbɔ be David nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hã, ekpɔe be ‘nu nyui aɖeke mehiã ye o’ (Kpɔ memama 1-3 lia) *

1. Nɔnɔme sesẽ ka mee David va kpɔ eɖokui le?

 DAVID nɔ sisim, elabe eƒe agbe ɖo afɔku me. Israel-fia sẽŋu, Saul, ɖoe kplikpaa be yeawui. Esi nuɖuɖu vɔ le esia, eyi Nob dua me, eye wòbia be woana abolo atɔ̃ pɛ ko ye. (1 Sam. 21:1, 3) Emegbe, eya kple eŋumewo vae be ɖe agado aɖe me. (1 Sam. 22:1) Aleke wòdzɔe be David va ɖo nɔnɔme sia me?

2. Nu kae Saul te kpɔ be yeawɔ? (1 Samuel 23:16, 17)

2 Saul lé fu David vevie, le esi wòxɔ ŋkɔ eye wòɖu aʋa geɖe dzi ta. Saul nya be yeƒe tomaɖomaɖo na Yehowa gbe ye be yeaganye Israel-fia azɔ o, eye enyae hã be Yehowa tia David be wòazu fia ɖe ye teƒe. (Xlẽ 1 Samuel 23:16, 17.) Ke hã, Saul kpɔtɔ nye Israel-fia, asrafo gbogbo aɖewo nɔ esi, eye ame geɖe de edzi; eya ta eva hiã be David nasi be wòatsi agbe. Ðe Saul susu be yeate ŋu axe mɔ na Mawu be David naganye fia oa? (Yes. 55:11) Biblia megblɔe ya o, gake míeka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: Saul nɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo ɖem. Ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe Mawu ŋu wòadze edzi o!

3. Togbɔ be David nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hã, aleke wòse le eɖokui me?

3 David bɔbɔ eɖokui. Menye eya ŋutɔe tiae be yeava zu Israel-fia o, ke boŋ Yehowa ye tiae. (1 Sam. 16:1, 12, 13) Saul lé fu David. Gake David mebu fɔ Yehowa le nɔnɔme si me wòle la me o; eye meto nyatoƒoe be nuɖuɖu vɔ le ye si, alo be yeva be ɖe agado me o. Ke boŋ anɔ eme be, esi wònɔ agadoa me ye wòkpa kafukafuha nyui sia, si nye mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃a ɖo; egblɔ be: “Ame siwo dia Yehowa la, nu nyui aɖeke mahiã wo o.”—Ps. 34:10.

4. Biabia kawo ŋue míaɖo, eye nu ka tae wole vevie?

4 Egbea, Yehowa subɔla geɖe mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o, eye womekpɔa woƒe nuhiahiã vevi aɖewo hã o, vevietɔ le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣi sia me. * Esi ‘xaxa gãa’ le ʋɔ lũm gbɔna ta, míagava to nɔnɔme siwo sesẽ wu me. (Mat. 24:21) Esi esiawo le susu me na mía, mina míaɖo nyabiase ene siawo ŋu: Mɔ ka nue ‘nu nyui aɖeke mehiã David o’ le? Nu ka tae wòle be nu siwo le mía si la nadze mía ŋu? Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí? Eye nu kawoe míate ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ gbɔnaa ŋu?

“NANEKE MAHIÃM O”

5-6. Aleke Psalmo 23:1-6 kpe ɖe mía ŋu míese nya si David gblɔ be “nu nyui aɖeke mahiã” Mawu subɔlawo o la gɔme?

5 Esi David gblɔ be “nu nyui aɖeke mahiã” Yehowa subɔlawo o la, nu kae wòfia? David gblɔ nya ma tɔgbi le Psalmo 23 lia. Eya ta ne míedzro Psalmo ma mea, míase nu si wòfiaa gɔme. (Xlẽ Psalmo 23:1-6.) David dze Psalmo 23 lia gɔme be: “Yehowae nye Kplɔlanye. Naneke mahiãm o.” Le psalmo ma ƒe kpukpui susɔeawo mea, David ƒo nu tso nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ ŋu; woawoe nye nu siwo Yehowa nae, le esi wòlɔ̃ be Yehowa nanye yeƒe Kplɔla ta. Yehowa kplɔ David “to toƒe dzɔdzɔewo,” eye wòkpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo me. David lɔ̃ ɖe edzi be ne yele Yehowa ƒe “gbeɖuƒe damawo” hã, ema mefia be yeavo tso kuxiwo me o. Enyae be ɣeaɖewoɣia, dzi aɖe le ye ƒo, abe ɖe yele “bali doblukɔ tsiɖitsiɖi” me zɔm ene, eye yeƒe futɔwo hã ati ye yome. Gake esi Yehowa nye David ƒe Kplɔla ta, ‘mavɔ̃ vɔ̃ aɖeke o.’

6 Eya ta, nyabiase si nye, Mɔ ka nue ‘nu nyui aɖeke mehiã David o’ le la ƒe ŋuɖoɖoe nye esi: Nu siwo katã wòhiã be eya kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la nɔ esi. Menye ŋutilãmenuwoe ana wòakpɔ dzidzɔ o. Nu siwo Yehowa na David la dze eŋu. Nu siwo nɔ vevie na David ye nye ale si Mawu yrae eye wòkpɔ eta.

7. Le Luka 21:20-24 ƒe nya nua, kuxi sesẽ kae dze ŋgɔ Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Yudea?

7 David ƒe nyawo na míekpɔe be menye ŋutilãmenuwoe wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ o. Togbɔ be ŋutilãmenuwo nana míesea vivi na agbea hã, menye woawoe wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe vevitɔ le agbe me o. Nu vevi mae Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Yudea va de dzesii. (Xlẽ Luka 21:20-24.) Yesu xlɔ̃ nu wo be, ɣeyiɣi aɖe ava esime ‘aʋakɔwo aɖe to ɖe Yerusalem.’ Ne esia dzɔa, ahiã be ‘woasi ayi towo dzi.’ Ne wosi la, ana woatsi agbe, gake ahiã be woaɖe asi le nanewo ŋu. Ƒe aɖewo va yia, Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be: “Wogblẽ agblewo kple aƒewo ɖi, eye womeva ƒo woƒe nunɔamesiwo nu ƒu tso woƒe aƒewo me hã o. Esi woka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yewo ta ado alɔ yewo ta la, wotsɔ eƒe subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ na nu bubu ɖe sia ɖe si adze nu vevii.”

8. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Kristotɔ siwo nɔ Yudea le ƒe alafa gbãtɔ me gbɔ?

8 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Kristo siwo nɔ Yudea dzi la me? Gbetakpɔxɔ ma ke gblɔ be: “Le etsɔmea, nɔnɔme sesẽ geɖe ava mía dzi, si ado ale si míebua ŋutilãmenuwoe akpɔ. Woana míade dzesii nenye be míebua ŋutilãmenuwo be woawoe nye nu vevitɔ siwo axɔ mí ɖe agbe loo, alo ale si míewɔa nuteƒe na Mawu ye. Ne nuwuwua vaa, ahiã be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míatsɔ nanewo asa vɔe. Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi be míawɔ nu sia nu si ahiã, abe ale si mía nɔvi Kristotɔ siwo si nɔ Yudea wɔe ene.” *

9. Aleke aɖaŋu si Paulo ɖo na Hebritɔwo la de dzi ƒo na wò?

9 Bu ale si wòasesẽ na Kristotɔ mawo be woagblẽ nu sia nu ɖi avae dze agbe yeye gɔmea ŋu kpɔ. Ahiã be xɔse nanɔ wo si be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo. Gake nane li si akpe ɖe wo ŋu. Ƒe atɔ̃ do ŋgɔ hafi Romatɔwo nava ɖe to ɖe Yerusalem la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu vevi aɖe na Hebritɔwo be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu. Elabena egblɔ be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’ Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?’” (Heb. 13:5, 6) Mewɔ nuku o be, ame siwo wɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi hafi Romatɔwo va dze wo dzi la te ŋu trɔ ɖe agbea ŋu bɔbɔe wu. Woka ɖe edzi be Yehowa akpɔ yewoƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na yewo. Paulo ƒe nyawo na míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ míawo hã míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.

“MÍANA NU SIAWO NADZE MÍA ŊU”

10. Nya vevi kae Paulo gblɔ na mí?

10 Paulo ɖo aɖaŋu ma tɔgbi na Timoteo, eye aɖaŋuɖoɖo ma ka míawo hã. Egblɔ be: “Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.” (1 Tim. 6:8) Ðe esia fia be mímate ŋu aɖu nu viviwo, anɔ aƒe nyuiwo me, alo aƒle awu yeyewo ɣeaɖewoɣi oa? Menye nya ma gblɔm Paulo le o. Nya si gblɔm wòlee nye be, míana nu siwo le mía si la nadze mía ŋu. (Flp. 4:12) Nu vevi mae kpe ɖe Paulo ŋutɔ ŋu. Ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ye nye nu vevitɔ na mí, ke menye nu siwo le mía si o.—Hab. 3:17, 18.

Esime Israel-viwo nɔ gbeadzi ƒe 40 la, “naneke mehiã wò o.” Ðe nu siwo le mía si fifia la dzea mía ŋua? (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Nu kae míesrɔ̃ tso nya si Mose gblɔ na Israel-viwo me?

11 Míawo míasusu be nanewo hiã mí, gake Yehowa ya nya nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ. Bu nya siwo Mose gblɔ na Israel-viwo esime wonɔ gbeadzi ƒe 40 ŋu kpɔ; egblɔ na wo be: “Yehowa wò Mawu yra wò le nu sia nu si nèwɔ la me. Enya ale si nèzɔ to gbe gã sia dzi. Yehowa wò Mawu nɔ kpli wò ƒe blaene siawo, eye naneke mehiã wò o.” (5 Mose 2:7) Le ƒe 40 mawo mea, Yehowa na mana Israel-viwo woɖu. Eye awu siwo nɔ wo si tso Egipte la mevuvu o. (5 Mose 8:3, 4) Togbɔ be nu mawo medze Israel-viwo ŋu o hã, Mose ɖo ŋku edzi na wo be, naneke mehiã wo o. Yehowa kpɔa dzidzɔ ne nu siwo le mía si la dzea mía ŋu, edi be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu suetɔ kekeake si yena mí la ŋu, eye míakpɔe be enye nunana tso ye gbɔ.

KA ÐE EDZI BE YEHOWA ALÉ BE NA WÒ

12. Nu kae ɖee fia be David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe eɖokui ŋu o?

12 David nyae be Yehowa wɔa nuteƒe na ame siwo lɔ̃e, eye wòléa be na wo vevie. Togbɔ be David ƒe agbe ɖo afɔku me esime wònɔ Psalmo 34 lia ŋlɔm hã, eƒe xɔse na wòka ɖe edzi be “Yehowa ƒe dɔla” ƒu asaɖa anyi ɖe ye ŋu “godoo va kpe.” (Ps. 34:7) Anɔ eme be, David tsɔ Yehowa ƒe dɔla nɔ sɔsɔm kple asrafo aɖe si le aʋagbedzi, eye wòle ŋudzɔ ɖe eƒe futɔwo ŋu. Togbɔ be David nye aʋawɔla sesẽ, eye Yehowa do ŋugbe nɛ be ava zu fia hã, David meɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutete ŋu eye wòho aʋa ɖe eƒe futɔwo ŋu o. (1 Sam. 16:13; 24:12) David ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye wòka ɖe edzi be Yehowa ƒe dɔla ‘ɖea ame siwo vɔ̃nɛ.’ Mímekpɔa mɔ be woakpɔ mía ta nukutɔe egbea o. Ke hã, míenya be ame siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋua, ne woku hã, ava fɔ wo ɖe tsitre eye woanɔ agbe tegbee.

Le xaxa gã me la, Gog si tso Magog ƒe asrafowo adze agbagba be yewoava dze mía dzi le míaƒe aƒewo me. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu kple mawudɔlawo nya nu siwo le edzi yim, eye woaxɔ na mí (Kpɔ memama 13 lia)

13. Ne Gog si tso Magog dze mía dzia, nu ka tae wòadze abe ɖe míele nuvo ene? Gake nu ka tae mele be míavɔ̃ kura o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

13 Eteƒe madidi o, nanewo ado ale si míexɔe se be Yehowa akpɔ mía ta la akpɔ. Ne Gog si tso Magog, si nye dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo, dze Mawu ƒe amewo dzia, adze abe míeku vɔ ene. Ɣemaɣia, ahiã be míaka ɖe Yehowa dzi be axɔ na mí. Dukɔwo akpɔ mí be míele abe alẽ siwo ŋu takpɔnu aɖeke mele o ene. (Eze. 38:10-12) Woakpɔ be aʋawɔnu aɖeke mele mía si o, eye míexɔ hehe ɖe aʋawɔwɔ ŋu hã o. Dukɔwo asusu be yewoate ŋu abu mo na mí bɔbɔe. Womakpɔe be Yehowa ƒe dɔlawo le klalo be yewoaxɔ na mí o; ke hã míawo ya míakpɔe adze sii, elabe xɔse le mía si. Aleke dukɔawo ya awɔ akpɔ esia esi womexɔ Mawu dzi se o? Kpɔ ale si woƒe mo ada tui ne dziƒoʋakɔwo tso be yewoaxɔ na míi ɖa!—Nyaɖ. 19:11, 14, 15.

DZRA ÐO FIFIA ÐE NU SIWO LE ŊGƆA ŊU

14. Afɔ kawoe míate ŋu aɖe fifia atsɔ adzra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la ŋu?

14 Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe nu siwo adzɔ kpuiea ŋu? Gbãa, mele be míabu ŋutilãmenuwo be woawoe nye nu vevitɔwo o, elabe gbe ɖekaa, míava gblẽ nu siawo katã ɖi. Azɔ hã, ele be nu siwo le mía si la nadze mía ŋu, eye vevietɔ wua, míakpɔ dzidzɔ be mía kple Yehowa dome le kplikplikpli. Ne míegava le Mawu nyam ɖe edzi wua, awɔe be míaka ɖe edzi be axɔ na mí ne Gog si tso Magog va dze mía dzi.

15. Nu kawo mee David to va yi, siwo na wòka ɖe edzi be Yehowa magblẽ ye ɖi o?

15 Bu nu bubu si kpe ɖe David ŋu, si ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míadzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽwo ŋu la ŋu kpɔ. David gblɔ be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔe be Yehowa nyo; dzidzɔtɔe nye ame si sinɛ tsona.” (Ps. 34:8) Nya mawo na míekpɔ nu si tae David ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ ye ta. David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu edziedzi, eye eƒe Mawu la megblẽe ɖi kpɔ o. Esi David nye ɖekakpui eye wòyi aʋa kpe ge kple Filistitɔ dzɔtsu Goliat si nye ame sesẽ la, egblɔ nɛ be: “Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea.” (1 Sam. 17:46) Emegbe, esime David nɔ Fia Saul subɔm la, etee kpɔ enuenu be yeawu David. Gake ‘Yehowa nɔ kple’ David. (1 Sam. 18:12) Esi David kpɔ ale si Yehowa kpe ɖe eŋu va yi ta, enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme si me yele fifia hã me.

16. Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu ‘aɖɔ’ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ “kpɔ” le?

16 Ne míeyia edzi kpɔa Yehowa si nu be wòafia mɔ mía, míaka ɖe edzi be akpɔ mía ta le etsɔme. Ele be xɔse nanɔ mía si, eye míalɔ̃ faa be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu abia mɔ le míaƒe dɔtɔ gbɔ be wòana ŋkeke mí míatsɔ ade takpekpe sue alo takpekpe gã, alo abia be woatrɔ asi le míaƒe dɔwɔwɔ ƒe ɣeyiɣiwo ŋu na mí ale be míate ŋu ade míaƒe kpekpeawo katã eye míazã ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me. Tsɔe be dɔtɔa gbe, eye dɔa ge le mía si. Ðe xɔse anɔ mía si be Yehowa magblẽ mí ɖi o, eye akpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na mía? (Heb. 13:5) Mía nɔvi siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ate ŋu aɖi ɖase be, ɣeyiɣi si tututu me yewohiã Yehowa la, megblẽ yewo ɖi o. Nuteƒewɔlae Yehowa nye.

17. Ƒe 2022 ƒe mawunyakpukpuiae nye eka, eye nu ka tae wòsɔ ŋutɔ?

17 Esi Yehowa le mía dzi ta, mímavɔ̃ na nu siwo ava dzɔ le etsɔme kpuie la o. Ne míeyi edzi tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea, mía Mawu la magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. Esi Dɔdzikpɔhaa di be yeaɖo ŋku nu si ta wòle be míadzra ɖo fifia ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me míava to ŋu, kple ale si míaka ɖe edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ o dzi na mí taa, wotia Psalmo 34:10 be wòanye ƒe 2022 ƒe mawunyakpukpuia; afi ma gblɔ be: “Ame siwo dia Yehowa la, nu nyui aɖeke mahiã wo o.”

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ Woɖe ƒe 2022 ƒe mawunyakpukpuia tso Psalmo 34:10; afi ma gblɔ be: “Ame siwo dia Yehowa la, nu nyui aɖeke mahiã wo o.” Nu mede Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo dzi o. Ke nu ka tae míate ŋu agblɔ be “nu nyui aɖeke mahiã wo o”? Ne míese kpukpui sia gɔmea, aleke wòakpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me míava to la ŋu?

^ Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le September 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ Kpɔ May 1, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 19.

^ NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Togbɔ be David va be ɖe agado aɖe me esime wònɔ sisim le Fia Saul nu hã, eda akpe ɖe nu siwo Yehowa nɛ la ta.

^ NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esime Israel-viwo dzo le Egipte megbea, Yehowa na mana wo woɖu eye wòkpɔ egbɔ be woƒe awuwo mevuvu o.