Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

Nu Si Tae Míedea Ŋkuɖodzia

Nu Si Tae Míedea Ŋkuɖodzia

“Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—LUKA 22:19.

HADZIDZI 20 Ètsɔ Viwò Lɔlɔ̃a Na

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Ɣekaɣi koŋue míeɖoa ŋku míaƒe ame vevi aɖe si ku dzi? (b) Wɔna kae Yesu ɖo anyi le zã si do ŋgɔ na eƒe kua me?

 NE MÍAƑE ame vevi aɖe ku ɣeyiɣi didi aɖee nye esia gɔ̃ hã, míegaɖoa ŋku edzi. Míeɖoa ŋku edzi, vevietɔ ne ŋkeke si dzi wòku le ƒea me ɖo.

2 Ƒe sia ƒea, míewɔa ɖeka kple ame miliɔn geɖe le xexea me godoo be míaɖo ŋku míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku dzi—ame mae nye Yesu Kristo. (1 Pet. 1:8) Míewɔa esia be míaɖo ŋku ale si wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me la dzi. (Mat. 20:28) Le nyateƒe mea, Yesu di be ye yomedzelawo naɖo ŋku yeƒe kua dzi. Eya ta le zã si do ŋgɔ na eƒe kua mea, eɖo fiẽnuɖuɖu tɔxɛ aɖe anyi, eye wògblɔ be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” *Luka 22:19.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Ame siwo dea Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzia dometɔ ʋɛ aɖewo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le dziƒo. Gake ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la hã dena. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae ame hatsotso eve siawo siaa dina vevie be yewoade Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe. Azɔ hã, míadzro ale si Ŋkuɖodzia dede ɖea vi na míi la me. Gbãa, na míadzro susu siwo tae amesiaminawo dea Ŋkuɖodzia la dometɔ aɖewo me.

NU SI TAE AMESIAMINAWO DEA ŊKUÐODZIA

4. Nu ka tae amesiaminawo ɖua aboloa eye wonoa wain la le Ŋkuɖodzia?

4 Ƒe sia ƒea, amesiaminawo nɔa mɔ kpɔm vevie be yewoade Ŋkuɖodzia, eye yewoaɖu kpɔɖeŋunuawo. Nu ka tae wòsɔ be woaɖu aboloa, eye woano wain la? Be míaɖo nya sia ŋua, na míabu nu si dzɔ le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me ŋu. Esi woɖu Ŋutitotoŋkekenyuia vɔa, Yesu ɖo wɔna aɖe si woyɔna be Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi. Etsɔ abolo na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo be woaɖu, kple wain na wo be woano. Eƒo nu tso nubabla, alo ɖoɖo eve ŋu na wo—woawoe nye nubabla yeyea kple Fiaɖuƒe ƒe nubablaa. * (Luka 22:19, 20, 28-30) Nubabla siawo ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na apostolo mawo kple amewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe be woava nye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo. (Nyaɖ. 5:10; 14:1) Amesiamina susɔeawo, * siwo le nubabla eveawo me, koe ate ŋu aɖu aboloa ahano wain la le Ŋkuɖodzia.

5. Nu kae amesiaminawo nya tso woƒe dziƒoyiyi ŋu?

5 Susu bubu si tae amesiaminawo dina vevie be yewoade Ŋkuɖodziae nye esi: Enaa mɔnukpɔkpɔ wo be woade ŋugble le woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Mɔkpɔkpɔ sia si Yehowa na wo la le etɔxɛe, elabena woanɔ agbe le dziƒo, womaku akpɔ o, eye woƒe ŋutilã hã magblẽ akpɔ o. Woawɔ dɔ kple Yesu si wofɔ ɖe tsitre la, kple ame 144,000 la me tɔ susɔeawo, eye vevietɔ wua, woakpɔ Yehowa Mawu! (1 Kor. 15:51-53; 1 Yoh. 3:2) Amesiaminawo nyae be, Yehowa tia yewo be yewoava nɔ agbe le dziƒo. Gake hafi woate ŋu ayi dziƒoa, ele be woayi edzi awɔ nuteƒe va se ɖe ku me. (2 Tim. 4:7, 8) Dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ sia ŋu bubu doa dzidzɔ na amesiaminawo ale gbegbe. (Tito 2:13) Ke ‘alẽ bubuawo’ ya ɖe? (Yoh. 10:16) Susu ka tae woawo hã wodea Ŋkuɖodzia?

NU SI TAE ALẼ BUBUAWO DEA ŊKUÐODZIA

6. Nu ka tae alẽ bubuawo dea Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe?

6 Alẽ bubuawo meɖua aboloa alo noa wain la le Ŋkuɖodzia o, gake edzɔa dzi na wo be yewoade. Le ƒe 1938 mea, wokpe ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi la zi gbãtɔ be woade Ŋkuɖodzia. March 1, 1938 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Esɔ be [alẽ bubuawo] nade kpekpe sia, eye woakpɔ nu siwo yia edzi la teƒe. . . . Enye dzidzɔɣi na woawo hã.” Ale si ko ame kpekpewo kpɔa dzidzɔ ne wode srɔ̃ɖeƒe aɖea, nenema kee alẽ bubuawo hã kpɔa dzidzɔ ne wode Ŋkuɖodzia.

7. Nu ka tae alẽ bubuawo kpɔa mɔ na Ŋkuɖodzinuƒoa vevie?

7 Alẽ bubuawo hã dea ŋugble le mɔkpɔkpɔ si le wo si la ŋu ne wode Ŋkuɖodzia. Wokpɔa mɔ na Ŋkuɖodzinuƒoa vevie. Nuƒo ma hea susu yia nu si Kristo kple ame 144,000 siwo aɖu fia kplii la awɔ na amegbetɔ wɔnuteƒewo le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la dzi. Fia Yesu Kristo axɔ ŋgɔ, eya kple ame siwo aɖu fia kplii la atrɔ anyigbaa wòazu paradiso, eye woakpe ɖe amegbetɔ toɖolawo ŋu woade blibo. Le Ŋkuɖodzia wɔɣia, ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne wode ŋugble le ale si nyagblɔɖi siwo dze le Yesaya 35:5, 6; 65:21-23; kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4 ava emee ŋu. Ne wokpɔ ale si wo kple woƒe ame veviwo akpɔ dzidzɔ le xexe yeyea me le susu mea, enana woganɔa mɔ kpɔm nɛ geɖe wu, eye wogaɖonɛ kplikpaa be yewoayi Yehowa subɔsubɔ dzi.—Mat. 24:13; Gal. 6:9.

8. Susu bubu ka tae alẽ bubuawo dea Ŋkuɖodzia?

8 Bu susu bubu si tae alẽ bubuawo dea Ŋkuɖodzia ŋu kpɔ. Wodi be yewoaɖe ale si yewolɔ̃ amesiaminawo, eye yewodi be yewoakpe asi ɖe wo ŋui la afia. Mawu ƒe Nyaa gblɔe ɖi be, kadodo kplikplikpli anɔ amesiaminawo kple ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la dome. Le mɔ ka nu? Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

9. Aleke nyagblɔɖi si le Zakariya 8:23 na míekpɔ ale si alẽ bubuawo sena le wo ɖokuiwo me tso amesiaminawo ŋu?

9 Xlẽ Zakariya 8:23. Nyagblɔɖi sia na míekpɔ ale si alẽ bubuawo sena le wo ɖokui me tso wo nɔvi amesiaminawo ŋu. Nyagbɔgblɔ siwo nye “Yudatɔ” kple “mi” fia ƒuƒoƒo ɖeka ma ke me tɔwo, si nye amesiamina susɔeawo. (Rom. 2:28, 29) ‘Ame ewo siwo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me’ la le tsitre ɖi na alẽ bubuawo. ‘Woléa’ Yudatɔwo ƒe awu, si fia be wowɔa nuteƒe na wo, eye wowɔa ɖeka kpli wo le tadedeagu dzadzɛa me. Eya ta alẽ bubuawo ɖea ale si wowɔ ɖeka kple amesiaminawo fiana ne wode Ŋkuɖodzia.

10. Nu kae Yehowa wɔ, si na nyagblɔɖi si le Ezekiel 37:15-19, 24, 25 va eme?

10 Xlẽ Ezekiel 37:15-19, 24, 25. Yehowa na nyagblɔɖi sia va eme esime wòna amesiaminawo kple alẽ bubuawo wɔ ɖeka. Nyagblɔɖia ƒo nu tso ati eve ŋu. Ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le dziƒo la le tsitre ɖi na “Yuda” ƒe atia (si nye to si me fiawo tsona le Israel), eye ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigba dzi la le tsitre ɖi na “Efrayim ƒe ati.” * Yehowa ana ƒuƒoƒo eve siawo nawɔ ɖeka anye “ati ɖeka.” Esia fia be woawɔ ɖeka le woƒe Fia, Kristo Yesu, te. Ƒe sia ƒea, amesiaminawo kple alẽ bubuawo dea Ŋkuɖodzia, menye abe ƒuƒoƒo eve ene o, ke boŋ abe “alẽha ɖeka” ene le “alẽkplɔla ɖeka” te.—Yoh. 10:16.

11. Mɔ ka koŋ dzie “alẽ” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 25:31-36, 40 tona kpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu?

11 Xlẽ Mateo 25:31-36, 40. “Alẽ” siwo dze le lododo sia me la le tsitre ɖi na alẽ bubuawo, siwo nye ame dzɔdzɔe siwo le agbe le nuwuɣia, eye wole mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigba dzi. Wokpea asi ɖe Kristo nɔvi siwo kpɔtɔ le anyigba dzi, siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ŋu. Aleke wowɔa esiae? Mɔ si koŋ dzi wotonae nye be, wokpea asi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔ gã si le edzi yim le xexea me godoo la ŋu.—Mat. 24:14; 28:19, 20.

12-13. Mɔ bubu kawo nue alẽ bubuawo kpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu le?

12 Ƒe sia ƒe, ne esusɔ vie woawɔ Ŋkuɖodzia, alẽ bubuawo kpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu wowɔa gbeƒãɖeɖedɔa le xexea me godoo tsɔ kpea amewo be woade Ŋkuɖodzia. (Kpɔ aɖaka si nye “ Èle Dzadzram Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋua?”) Azɔ hã, wokpea asi ɖe eŋu be woawɔ ɖoɖo, ale be woate ŋu awɔ Ŋkuɖodzia le hamewo katã me le xexea me godoo, togbɔ be le hame aɖewo mea, ame aɖeke meli aɖu aboloa alo ano wain la o hã. Edzɔa dzi na alẽ bubuawo be yewoakpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu le mɔ siawo nu. Wonyae be, ne yewokpe asi ɖe Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ŋua, Yesu bunɛ be ye ŋutɔ ŋue wokpe ɖo.—Mat. 25:37-40.

13 Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, susu vovovo kawo tae mí katã míedea Ŋkuɖodzia?

NU SI TA MÍ KATÃ MÍEDENA

14. Mɔ ka nue Yehowa kple Yesu ɖe lɔlɔ̃ gã fia mí le?

14 Míedi be míaɖee afia Yehowa kple Yesu be míeda akpe na wo ɖe lɔlɔ̃ si woɖe fia mí ta. Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le mɔ geɖewo nu. Gake esi ɖe dzesi wue nye ale si wòdɔ Via malɔ̃nugbɔa be wòava kpe fu, eye wòaku ɖe mía ta. (Yoh. 3:16) Míede dzesii hã be, Yesu hã lɔ̃ mí, eye wòlɔ̃ faa va ku ɖe mía ta. (Yoh. 15:13) Mímate ŋu aɖo lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí la teƒe na wo gbeɖe o. Gake míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia le míaƒe agbe me gbe sia gbe. (Kol. 3:15) Eye ne míede Ŋkuɖodzia la, míeɖoa ŋku lɔlɔ̃ sia si woɖe fia mí la dzi, eye míedaa akpe ɖe eta.

15. Nu ka tae amesiaminawo kple alẽ bubuawo dea asixɔxɔ gã tafea ŋu?

15 Míedea asixɔxɔ gã tafea ŋu. (Mat. 20:28) Amesiaminawo dea asixɔxɔ tafea ŋu, elabena eyae ʋu mɔ ɖi na wo be woava nɔ agbe le dziƒo. Esi woxɔ Kristo ƒe vɔsaa dzi se ta la, Yehowa bua wo be wole dzɔdzɔe, eye wòxɔ wo wozu viawo. (Rom. 5:1; 8:15-17, 23) Alẽ bubuawo hã daa akpe ɖe tafea ta. Esi woxɔ Kristo ƒe vɔsaa dzi se ta, woƒe nu dzea Mawu ŋu, woate ŋu asubɔe, eye mɔnukpɔkpɔa asu wo si be woado go “tso xaxa gã la me.” (Nyaɖ. 7:13-15) Mɔ aɖe si dzi amesiaminawo kple alẽ bubuawo tona ɖenɛ fiana be yewodaa akpe ɖe tafea tae nye be wodea Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe.

16. Susu bubu ka tae míedea Ŋkuɖodzia?

16 Susu bubu si ta míedea Ŋkuɖodzia ɖoe nye be míedi be míaɖo to Yesu. Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeawɔ ɖe se si Yesu de le zã si me wònɔ Ŋkuɖodzia ɖom anyia dzi. Egblɔ be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—1 Kor. 11:23, 24.

ŊKUÐODZIA DEDE ÐEA VI NA MÍ KATÃ

17. Aleke Ŋkuɖodzia kpena ɖe mía ŋu míegatena ɖe Yehowa ŋu?

17 Míegatena ɖe Yehowa ŋu wu. (Yak. 4:8) Abe ale si míesrɔ̃e enea, Ŋkuɖodzia ʋua mɔnukpɔkpɔa ɖi na mí be míaɖo ŋku mɔkpɔkpɔ si Yehowa na mí la dzi, eye míade ŋugble tso lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia mí la ŋu. (Yer. 29:11; 1 Yoh. 4:8-10) Ne míede ŋugble tso mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le, si ava su mía si le etsɔme, kple lɔlɔ̃ gã si Mawu ɖe fia mí ŋua, lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa gadea to ɖe edzi, eye mía kplii dome ganɔa kplikplikpli wu.—Rom. 8:38, 39.

18. Ne míede ŋugble tso Yesu ŋua, nu kae wòʋãa mí míewɔna?

18 Ŋkuɖodzia dede kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a Yesu. (1 Pet. 2:21) Le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia mea, míexlẽa Biblia ƒe akpa siwo ƒo nu tso kwasiɖa mamlɛtɔ siwo me Yesu nɔ anyigba dzi, eƒe ku, kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Emegbe le Ŋkuɖodzia ŋutɔ wɔɣia, míesea nuƒo si ɖoa ŋku ale si Yesu lɔ̃ míi la dzi na mí. (Ef. 5:2; 1 Yoh. 3:16) Ne míexlẽ nu tso ale si Yesu tsɔ eɖokui sa vɔe ŋu, eye míede ŋugble tso eŋua, eʋãa mí be ‘míazɔ abe ale si eya amea zɔe ene.’—1 Yoh. 2:6.

19. Nu kae ana míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

19 Ŋkuɖodzia nana míegaɖonɛ kplikpaa wu be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃a me. (Yuda 20, 21) Ne míewɔ míaƒe ŋutete katã be míaɖo to Mawu, akɔ eƒe ŋkɔ ŋu, eye míawɔ nu siwo ado dzidzɔ na eƒe dzia, míaɖee afia be míele Mawu ƒe lɔlɔ̃a me. (Lod. 27:11; Mat. 6:9; 1 Yoh. 5:3) Ŋkuɖodzia nana míegaɖonɛ kplikpaa be míanɔ agbe gbe sia gbe wòafia be míele gbɔgblɔm na Yehowa be: ‘Medi be manɔ wò lɔlɔ̃ la me ɖaa!’

20. Susu nyui kawo tae míedea Ŋkuɖodzia?

20 Míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee le dziƒo alo anyigba dzi o, susu nyuiwo li siwo tae míedea Ŋkuɖodzia ɖo. Ƒe sia ƒe, ne míekpe ta le ŋkeke ma dzia, míeɖoa ŋku míaƒe ame vevi, si nye Yesu Kristo ƒe ku dzi. Ƒo wo katã taa, míeɖoa ŋku lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia, esi wòtsɔ Via na wòva xe tafe ɖe mía ta dzi. Le ƒe sia mea, míawɔ Ŋkuɖodzia le Fiɖa, April 15, 2022 ƒe ɣetrɔ me. Míelɔ̃ Yehowa kple Via vevie, eya ta míaɖe mɔ be naneke nawɔe be, Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nato mía ŋu o.

HADZIDZI 16 Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta

^ Míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe le dziƒo alo paradiso me le anyigba dzi o, míedina vevie be míade Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe. Míadzro ŋɔŋlɔ aɖewo me, eye woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ susu vevi siwo tae míedea Ŋkuɖodzia kple ale si wòɖea vi na mí.

^ Biblia bubuwo ɖe nya sia gɔme be: “Miwɔ esia miatsɔ aɖo ŋku dzinye,” (The New Ewe Bible) kple “Miɖui ne miaɖo ŋku dzinye” (Agbenya La).

^ Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nubabla yeyea kple Fiaɖuƒe ƒe nubablaa ŋu le nyati si ƒe tanyae nye “Mianye ‘Nunɔlawo Ƒe Fiaɖuƒe,’” si dze le October 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-15.

^ NYAMEÐEÐE: Nyagbɔgblɔ amesiamina susɔeawo fia Kristotɔ amesiaminawo dometɔ siwo kpɔtɔ le agbe le anyigba dzi.

^ Be nàkpɔ numekɔkɔ geɖe ku ɖe nyagblɔɖi si ƒo nu tso ati eve, siwo dze le Ezekiel ta 37 lia me ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!, axa 130-135, memama 3-17.