Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 3

Nu Siwo Míate ŋu Asrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Aɖatsiwo Me

Nu Siwo Míate ŋu Asrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Aɖatsiwo Me

“Yesu fa avi.”—YOH. 11:35.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1-3. Nu kawoe ate ŋu ana Yehowa ƒe amewo nafa avi?

 ÈÐO ŋku zi mamlɛtɔ si nèfa avi dzia? Ɣeaɖewoɣia, míefaa dzidzɔvi. Gake zi geɖea, míefaa avi le esi nu te ɖe mía dzi ta. Le kpɔɖeŋu me, míefaa avi ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Nɔvinyɔnu Lorilei, si le Amerika, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, vinyenyɔnuvia ƒe ku nana mexaa nu ale gbegbe be, naneke mefaa akɔ nam o. Le ɣeyiɣi mawo mea, ewɔa nuku nam be megakpɔtɔ le agbe.” *

2 Míefaa avi le susu bubuwo hã ta. Nɔvinyɔnu Hiromi, si nye gbesiagbe mɔɖela le Japan gblɔ be: “Edzɔna zi geɖe be meléa blanui, elabe ame siwo meɖea gbeƒã na la metsɔa ɖeke le eme o. Eya ta ɣeaɖewoɣia, metsɔa avi gblɔna na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye make ɖe ame aɖe si di be yease nya nyuia ŋu.”

3 Ðe nèto nɔnɔme mawo tɔgbi me kpɔa? Mía dometɔ geɖe to nɔnɔme mawo tɔgbi me kpɔ. (1 Pet. 5:9) Míedi be ‘míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ,’ gake ɣeaɖewoɣia, míetsɔa aɖatsiwo subɔnɛ le esi nuxaxa, dziɖeleameƒo kple nɔnɔme bubuwo na wòle sesẽm na mí be míawɔ nuteƒe nɛ ta. (Ps. 6:6; 100:2) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme siawo tɔgbi me?

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Míate ŋu asrɔ̃ Yesu. Ɣeaɖewoɣia, nanewo te ɖe eya hã dzi vevie, si na ‘wòfa avi.’ (Yoh. 11:35; Luka 19:41; 22:44; Heb. 5:7) Na míaƒo nu tso wo ŋu, ne míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me. Azɔ hã, míadzro nu ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme siwo nana míefaa avi la me.

YESU FA AVI LE ESI EXƆLƆ̃WO ƑE NU WƆ NUBLANUI NƐ TA

Kpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu, abe ale si Yesu wɔe ene (Kpɔ memama 5-9 lia) *

5. Nya kae Yohanes 11:32-36 gblɔ tso Yesu ŋu?

5 Le ƒe 32 K.Ŋ. la, Yesu xɔlɔ̃ vevi Lazaro dze dɔ, eye wòku. (Yoh. 11:3, 14) Nɔvinyɔnu eve nɔ Lazaro si, siwo nye Maria kple Marta, eye Yesu lɔ̃ wo vevie. Lazaro ƒe ku te ɖe nɔvianyɔnuawo dzi ale gbegbe. Le Lazaro ƒe ku megbea, Yesu yi Betania, afi si Maria kple Marta le. Esi Marta se be Yesu gbɔnaa, eƒu du vae do goe. Bu ale si gbegbe wòanya nɔ sesem le eɖokui me esime wògblɔ be, “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o” ŋu kpɔ! (Yoh. 11:21) Le ema megbe kpuie, esi Yesu kpɔ Maria kple ame bubuwo wonɔ avi fam la, ewu tsɔtsɔ nɛ, eye ‘wòfa avi.’—Xlẽ Yohanes 11:32-36.

6. Nu ka tae Yesu fa avi le nɔnɔme ma me?

6 Nu ka tae Yesu fa avi le nɔnɔme ma me? Míaƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Exɔlɔ̃ Lazaro ƒe ku kple ale si Lazaro nɔvinyɔnuawo nɔ nu xam la na Yesu ‘ɖe hũu le eɖokui me, eye wòfa avi.’” * Anɔ eme be, Yesu bu ale si dɔlélea anya na exɔlɔ̃ Lazaro se veve kple ale si Lazaro anya nɔ sesem le eɖokui me esime wòkpɔe be yegbɔna kuku ge la ŋu. Anɔ eme hã be, ale si Lazaro ƒe ku te ɖe Maria kple Marta dzi ye na Yesu fa avi. Ne xɔ̃wò vevi aɖe, alo wò ƒometɔ aɖe kua, ke wò hã ànya se le ɖokuiwò me alea. Azɔ na míakpɔ nu etɔ̃ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me ɖa.

7. Nu kae Yesu ƒe aɖatsiwo na míenya tso Yehowa ŋu?

7 Yehowa nya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me. Yesu ɖe Fofoa ƒe ‘amenyenye fia pɛpɛpɛ.’ (Heb. 1:3) Esi Yesu fa avia, ena míekpɔ ale si Fofoa sena le eɖokui me ne míaƒe ame vevi aɖe ku. (Yoh. 14:9) Ne wò ame vevi aɖe ku, si na nèle nu xam la, àte ŋu aka ɖe edzi be, Yehowa dea dzesii, eye wòsea veve ɖe nuwò. Edi vevie be yeafa dzi na wò le nɔnɔme ma me.—Ps. 34:18; 147:3.

8. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu afɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre?

8 Yesu di vevie be yeafɔ wò ame vevi siwo ku la ɖe tsitre. Hafi Yesu nafa avia, egblɔ na Marta be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” Marta ka ɖe Yesu dzi. (Yoh. 11:23-27) Esi Marta nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe taa, ɖikeke mele eme o be, ese ame siwo Eliya kple Elisa fɔ ɖe tsitre ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ la ŋu nya. (1 Fia. 17:17-24; 2 Fia. 4:32-37) Anɔ eme hã be, ese nu tso ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la ŋu. (Luka 7:11-15; 8:41, 42, 49-56) Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be, àgakpɔ wò ame vevi siwo ku la ake. Ale si Yesu fa avi esime wònɔ akɔ fam na exɔlɔ̃ siwo nɔ nu xam la ɖee fia be, edi vevie be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre!

9. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu, abe ale si Yesu wɔe ene? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Àte ŋu akpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu. Menye ɖeko Yesu fa avi kple Marta kpakple Maria ko o, ke eɖo to wo, eye wòfa akɔ na wo hã. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema. Nɔviŋutsu Dan, si nye hamemetsitsi le Australia gblɔ be: “Esime srɔ̃nye kua, mehiã na kpekpeɖeŋu ale gbegbe. Atsu kple asi aɖewo va nɔa gbɔnye zã kple keli, eye woɖoa tom. Woɖea mɔ nam meɖea nye seselelãmewo gblɔna, eye mekpea ŋu na wo ne mele avi fam o. Wowɔ nu bubu aɖewo hã tsɔ kpe ɖe ŋunye. Woklɔa nye ʋua nam. Woɖia asi nam, eye woɖaa nu nam, ne nu siawo wɔwɔ le sesẽm nam. Wodo gbe ɖa kplim zi geɖe. Nɔvi siawo na mekpɔe be, yewonye xɔlɔ̃ vavã, siwo ‘wodzi ɖe xaxagbe ŋu.’”—Lod. 17:17.

YESU FA AVI LE ESI WÒTSI DZI ÐE WO DETƆWO ŊU TA

10. Ƒo nu tso nudzɔdzɔ si le Luka 19:36-40 ŋu kpuie.

10 Yesu va ɖo Yerusalem le Nisan 9 lia, ƒe 33 K.Ŋ. me. Esi wògogo dua la, ameha aɖe va ƒo ƒu, woɖo woƒe avɔwo ɖe anyigba eye wonɔ aseye tsom be enye yewoƒe Fia. Wokpɔ dzidzɔ ɣemaɣi ŋutɔ. (Xlẽ Luka 19:36-40.) Eya ta nu si Yesu wɔ emegbe la wɔ moyaa na eƒe nusrɔ̃lawo. Biblia gblɔ be: “Esi [Yesu gogo] Yerusalem, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu.” Yesu tsɔ avi gblɔ nu si ava dzɔ ɖe Yerusalem nɔlawo dzi.—Luka 19:41-44.

11. Nu ka tae Yesu fa avi ɖe Yerusalem nɔlawo ta?

11 Ete ɖe Yesu dzi vevie, elabe togbɔ be woxɔe nyuie hãa, wo dometɔ akpa gãtɔ agbe Fiaɖuƒe nya nyuia. Esia awɔe be woava tsrɔ̃ Yerusalem, eye woakplɔ Yudatɔ siwo atsi agbe la ayi aboyo me. (Luka 21:20-24) Nublanuitɔea, ame akpa gãtɔ gbe Yesu, abe ale si wògblɔe do ŋgɔ ene. Aleke ame siwo nèɖea gbeƒã na dometɔ akpa gãtɔ wɔa nui? Ne wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dina be yewoase nya nyuia, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe aɖatsiwo me? Na míakpɔ nu bubu etɔ̃ aɖewo, siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me ɖa.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le aɖatsi siwo Yesu fa ɖe ehaviwo ta la me?

12 Yehowa tsɔ ɖe le eme na amewo. Yesu ƒe aɖatsiwo ɖo ŋku edzi na mí be, Yehowa tsɔa ɖe le eme na amewo. “Medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Egbea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míagblɔ nya nyuia na wo.—Mat. 22:39. *

Trɔ ɣeyiɣi siwo nèɖea gbeƒã, abe ale si Yesu wɔe ene (Kpɔ memama 13-14 lia) *

13-14. Aleke Yesu ɖee fia be yese veve ɖe amewo nu, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?

13 Yesu do vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eɖee fia be, yelɔ̃ amewo le esi wòwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su esi la ŋu dɔ tsɔ fia nu wo ta. (Luka 19:47, 48) Nu kae ʋã Yesu wòwɔ nu alea? Esi wòse veve ɖe wo nu tae. Ɣeaɖewoɣia, ame gbogbo aɖewo nɔa Yesu ŋu dina be yewoase eƒe nyawo, ale gbegbe be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ‘metea ŋu ɖua nu gɔ̃ hã o.’ (Marko 3:20) Elɔ̃ faa be yeafia nu ame aɖe le zã me gɔ̃ hã, elabe ɣemaɣie sɔ na amea. (Yoh. 3:1, 2) Ame akpa gãtɔ siwo se Yesu ƒe nyawo meva zu eƒe nusrɔ̃lawo o. Gake eɖi ɖase na wo katã tsitotsito. Egbea, míedi be mɔnukpɔkpɔ nasu ame sia ame si wòase nya nyuia. (Dɔw. 10:42) Hafi míate ŋu awɔ esia la, ahiã be míatrɔ ɣeyiɣi siwo míeɖia ɖase na amewo.

14 Lɔ̃ faa nàtrɔ wò ɖoɖowo ne ehiã. Ne míetrɔ ɣeyiɣi siwo míeɖia ɖase na amewo o la, ate ŋu adzɔ be míake ɖe ame geɖe siwo adi be yewoase nya nyuia ŋu o. Nɔvinyɔnu Matilda, si nye gbesiagbe mɔɖela, gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míedzea agbagba be míaɖi ɖase na amewo le ɣeyiɣi vovovowo me. Míeɖia ɖase na amewo le dɔwɔƒewo le ŋdi, eye le ŋdɔ me esime amewo le ablɔwo dzia, míezãa ɖaseɖikekevia. Eye le fiẽ mea, enɔa bɔbɔe be míake ɖe ame geɖe ŋu le woƒe aƒe me.” Mele be míanɔ gbeadzi yim le ɣeyiɣi ɖeka aɖe si sɔ na míawo ko dzi o, ke boŋ ele be míalɔ̃ faa atrɔ míaƒe ɖoɖowo, ale be míaɖi ɖase le ɣeyiɣi siwo me míake ɖe ame geɖewo ŋu la me. Ne míewɔe nenema, míate ŋu aka ɖe edzi be, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

YESU FA AVI LE ESI WÒTSI DZI ÐE FOFOA ƑE ŊKƆ ŊUTI KƆKƆ ŊU TA

Ƒo koko na Yehowa ne èɖo xaxa me, abe ale si Yesu wɔe ene (Kpɔ memama 15-17 lia) *

15. Le Luka 22:39-44 ƒe nya nua, nu kae dzɔ le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me?

15 Le Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe zã mea, Yesu yi Getsemane-bɔa me, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me. (Xlẽ Luka 22:39-44.) Ɣemaɣie “[wòtsɔ] ɣlidodo sesĩwo kple aɖatsiwo ƒo koko” na Yehowa. (Heb. 5:7) Nu ka ŋue Yesu do gbe ɖa tsoe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me? Edo gbe ɖa be Yehowa nado ŋusẽ ye yeayi edzi awɔ nuteƒe, eye yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa se Via ƒe gbedodoɖaa, eye wòdɔ eƒe dɔla aɖe wòva do ŋusẽe.

16. Nu ka tae nu te ɖe Yesu dzi vevie esime wònɔ gbe dom ɖa le Getsemane-bɔa me?

16 Ðikeke mele eŋu o be, nu si ta Yesu fa avi esime wònɔ gbe dom ɖa le Getsemane-bɔa me ye nye be, ete ɖe edzi vevie be, amewo ava bu ye be yemedea bubu Mawu ƒe ŋkɔa ŋu o. Azɔ hã, enyae be, agba gã aɖe le ye dzi be yeakɔ ye Fofo ƒe ŋkɔ ŋu. Ne èle nɔnɔme aɖe si na nu te ɖe dziwò vevie me tom, si na wòle sesẽm na wò be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe aɖatsiwo me? Na míakpɔ nu etɔ̃ bubu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me ɖa.

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si wòɖo Yesu ƒe gbedodoɖawo ŋu me?

17 Yehowa ɖoa to sea wò kokoƒoƒowo. Yehowa ɖo to se Yesu ƒe kokoƒoƒowo. Nu ka tae? Elabena nu si koŋ ŋu Yesu tsi dzi ɖoe nye ale si wòayi edzi awɔ nuteƒe na Fofoa, eye wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu. Eya ta ne nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ye nye nu vevitɔ na míawo hã, aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu.—Ps. 145:18, 19.

18. Mɔ kawo nue Yesu nye xɔlɔ̃ lɔ̃ame le?

18 Yesu sea veve ɖe nuwò. Ne míele nɔnɔme aɖe me tom si na míetsi dzodzodzoe, eye mía xɔlɔ̃ aɖe fa akɔ na mía, míaƒe dzi dzea eme, vevietɔ ne eya hã to nɔnɔme ma tɔgbi me kpɔ. Xɔlɔ̃ ma tɔgbie Yesu nye. Enya nu si wòfia be ame nagbɔdzɔ, eye wòahiã be woakpe ɖe eŋu. Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye akpɔ egbɔ be kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si ‘hiã’ la asu mía si le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Heb. 4:15, 16) Abe ale si Yesu lɔ̃ faa mawudɔla aɖe kpe ɖe eŋu le Getsemane-bɔa me enea, ele be míawo hã míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu si Yehowa naa mí, eɖanye to míaƒe agbalẽwo, videowo, nuƒowo, hamemetsitsiwo ƒe sasrãkpɔ, alo nɔvi tsitsiwo dzi o.

19. Ne míele nɔnɔme sesẽ me tom la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

19 Yehowa Mawu ana ‘eƒe ŋutifafa’ wò. Aleke Yehowa doa ŋusẽ míi? Ne míedo gbe ɖa na Yehowa la, ana “ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” la mí. (Flp. 4:6, 7) Ŋutifafa sia wɔnɛ be, míaƒe dzi dzea eme, eye míetea ŋu bua nuwo ŋu nyuie. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Luz kpɔe be nyateƒee nya sia nye. Egblɔ be: “Metsia akogo zi geɖe. Esia nana mesena le ɖokuinye me be, Yehowa melɔ̃m o. Gake ne mese le ɖokuinye nenemaa, medoa gbe ɖa gblɔa nye seselelãmewo na Yehowa enumake. Gbedodoɖa alea kpena ɖe ŋunye mekpɔa gbɔdzɔe.” Abe ale si nɔvinyɔnua ƒe nyawo ɖee fia enea, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ gbɔdzɔe.

20. Nu kawoe míesrɔ̃ tso aɖatsi siwo Yesu fa me?

20 Nu vevi ka gbegbee nye esi míeva srɔ̃ tso aɖatsi siwo Yesu fa me! Yesu ƒe aɖatsiwo ɖoa ŋku edzi na mí be, ele be míafa akɔ na mía xɔlɔ̃ siwo le nu xam, eye míaka ɖe edzi be, Yehowa kple Yesu akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Yesu ƒe aɖatsiwo ʋãa mí hã be míaƒe dɔme natrɔ ɖe amewo ŋu ne míele gbeƒã ɖem, eye míele nu fiam wo, elabena Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu. Azɔ hã, Yesu ƒe aɖatsiwo na míekpɔe be, Yehowa kple Via lɔlɔ̃a sea nu gɔme na mí, wosea veve ɖe mía nu, eye wodi be yewoakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Eye esia faa akɔ na mí. Neva eme be, míayi edzi awɔ nu siwo míesrɔ̃ la dzi, va se ɖe esime Yehowa nawɔ ŋugbe nyui si wòdo be ‘yeatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le míaƒe ŋkume’ la dzi!—Nyaɖ. 21:4.

HADZIDZI 120 Srɔ̃ Yesu Ƒe Tufafa

^ Biblia gblɔ be nanewo te ɖe Yesu dzi vevie, si na wòfa avi. Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siwo na Yesu fa avi, kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme la me.

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 69 [Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 34].

^ Helagbe me nya “havi” si wozã le Mateo 22:39 la mefia ame siwo le nuto ɖeka me kpli mí la ko o. Ate ŋu afia ame sia ame si míedoa goe hã.

^ NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAWO ME: Yesu fa akɔ na Maria kple Marta. Míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo ƒe ame veviwo ku.

^ NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAWO ME: Yesu lɔ̃ faa fia nu Nikodemo le zã me. Ele be míawo hã míasrɔ̃ Biblia kple amewo le ɣeyiɣi si sɔ na wo dzi.

^ NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAWO ME: Yesu do gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ ye yeayi edzi awɔ nuteƒe. Ele be míawo hã míado gbe ɖa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom.