Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

Wɔ Wò “Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu”

Wɔ Wò “Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu”

“Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—EF. 5:15, 16.

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kawoe ana míate ɖe Yehowa ŋu?

 EDZƆA dzi na mí be míakpɔ vovo ɖe míaƒe ame veviwo ŋu. Edzɔa dzi na srɔ̃tɔwo be yewoakpɔ vovo ɖe yewo nɔewo ŋu. Evivia sɔhɛwo nu ne wole wo tɔ sɔhɛwo dome. Eye edzɔa dzi na mí katã ne míele ha dem kple mía nɔvi Kristotɔwo. Gake vevietɔ wua, edzɔa dzi na mí be míadi ɣeyiɣi ate ɖe Mawu ŋu. Míewɔa esia ne míedoa gbe ɖa nɛ, xlẽa eƒe Nyaa, eye míedea ŋugble le eƒe tameɖoɖo kple nɔnɔme nyuiwo ŋu. Míedea asixɔxɔ ɣeyiɣi siwo míezãna ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ŋutɔ!—Ps. 139:17.

2. Kuxi kawoe míedoa goe?

2 Togbɔ be míedina be míate ɖe Yehowa ŋu hã, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Vovo menɔa mía ŋu o, eye esia wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Míaƒe dɔwɔɖuia, ƒomegbanɔamedziwo, kple nu bubuwo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi le mía si ale gbegbe be míase le mía ɖokui me be ɣeyiɣi mele mía si míado gbe ɖa, asrɔ̃ nu, alo ade ŋugble o.

3. Nu bubu kae ate ŋu axɔ ɣeyiɣi le mía si?

3 Nu bubu aɖe li si ate ŋu afi míaƒe ɣeyiɣi, si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o. Ne míekpɔ nyuie oa, nanewo siwo megblẽ hafi o la ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si wòle be míatsɔ ate ɖe Yehowa ŋua le mía si. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye modzakaɖeɖe. Mí katã míedina be míaɖe modzaka ɣeaɖewoɣi. Gake ne mímekpɔ nyuie oa, modzakaɖeɖe siwo sɔ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ɣeyiɣi siwo wòle be míazã ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋua le mía si. Eya ta, ele be míada asɔ.—Lod. 25:27; 1 Tim. 4:8.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míade dzesi ale si míatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Azɔ hã, míadzro ale si míawɔ ɣeyiɣi siwo míezãna ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋua ŋu dɔ nyuie, kple vi siwo wòaɖe ne míewɔe nenema la me.

WƆ TIATIA NYUIWO; TSƆ NU VEVITƆWO ÐO NƆƑE GBÃTƆ

5. Aleke aɖaŋuɖoɖo si dze le Efesotɔwo 5:15-17 la akpe ɖe sɔhɛ aɖe ŋu wòawɔ tiatia nyuitɔ?

5 Wɔ tiatia nyuitɔ le agbe me. Zi geɖea, sɔhɛwo tsia dzi ɖe nu si woawɔ le agbe mea ŋu. Sukuɖaŋuɖolawo kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo oa dea dzi ƒo na wo be woade suku kɔkɔ ale be woakpɔ dɔ gã aɖe awɔ. Gake ɖeko esia wɔwɔ axɔ ɣeyiɣi geɖe le wo si. Le go bubu mea, wo dzilawo kple wo xɔlɔ̃ siwo le hamea me la dea dzi ƒo na wo be woatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ. Nu kae akpe ɖe sɔhɛ si lɔ̃ Yehowa la ŋu be wòawɔ tiatia nyuitɔ? Aɖe vi nɛ ne exlẽ Efesotɔwo 5:15-17. (Xlẽe.) Eye wòazã nyabiase siawo atsɔ ade ŋugble: ‘Nu kae nye “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu”? Tiatia kae adze eŋu? Tiatia kae akpe ɖe ŋunye be mawɔ nye ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie?’ Ðo ŋku edzi be, “ŋkekeawo nye vɔ̃,” eye xexe sia si dzi ɖum Satana le la awu enu kpuie. Nunya anɔ eme be míazã míaƒe agbea atsɔ awɔ nu siwo ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu.

6. Tiatia kae Maria wɔ, eye nu ka tae wònye nyuitɔ?

6 Tsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be míatso nya me le nu eve aɖewo ŋu; wo dometɔ aɖeke megblẽ o, gake kae míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ? Nu si dzɔ esi Yesu vae srã Maria kple Marta kpɔ la akpe ɖe mía ŋu míase nya sia gɔme. Edzɔ dzi na Marta be Yesu va srã yewo kpɔ, eya ta eɖoe be yeaɖo kplɔ̃ gã aɖe nɛ. Gake nɔvia, Maria, ya wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ be yeanɔ Yesu gbɔ aɖo to eƒe nufiafiawo. Nu si Marta wɔ la megblẽ hafi o, gake Yesu gblɔ be Maria ya “tia nyuia gome.” (Luka 10:38-42) Anɔ eme be, Maria ŋlɔ nu si woɖu la be le ɣeyiɣi aɖe megbe, gake míate ŋu aka ɖe edzi be, meŋlɔ nu siwo wòsrɔ̃ tso Yesu gbɔ gbe ma gbe ya be o. Maria bu ɣeyiɣi si wòatsɔ anɔ Yesu gbɔ la nu vevii; nenema kee wòle be míawo hã míabu ɣeyiɣi siwo míezãna ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la nu vevii. Aleke míate ŋu awɔe?

WƆ ƔEYIƔI SI NÈZÃNA ÐE YEHOWA SUBƆSUBƆ ŊUA ŊU DƆ NYUIE

7. Nu ka tae wòle be míalé fɔ ɖe gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kple ŋugbledede ŋu?

7 Ðo ŋku edzi be gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede nye míaƒe subɔsubɔa ƒe akpa aɖe. Gbedodoɖa nye mɔ si dzi míetona ɖoa dze kple mía Fofo si le dziƒo, si lɔ̃ mí vevie la. (Ps. 5:7) Biblia sɔsrɔ̃ ana míadze si Mawu, Ame si gbɔ nunyawo katã dzɔ tso. (Lod. 2:1-5) Ne míede ŋugblea, ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinamewo, kple eƒe tameɖoɖowo, kpakple ale si woaɖe vi na amegbetɔwo. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi míato azã míaƒe ɣeyiɣi wòaɖe vi wu esiawo o. Gake nu kae míawɔ be míagagblẽ ɣeyiɣi si le mía si la dome o?

Ðe nàte ŋu adi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le asrɔ̃ nua? (Kpɔ memama 8-9 lia)

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

8 Ne anya wɔa, di teƒe si ɖoɖoezizi le. Bu Yesu ŋu kpɔ. Hafi wòadze eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa gɔmea, eyi gbedadaƒo ŋkeke 40 sɔŋ. (Luka 4:1, 2) Esi ɖoɖoezizi le afi ma ta, edo gbe ɖa na Fofoa eye wòde ŋugble. Esia na Yesu dzra eƒe susu ɖo ɖe nu siwo me wòava to la ŋu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ? Ne miesɔ gbɔ le aƒe mea, ate ŋu asesẽ be nàkpɔ afi si ɖoɖoezizi le. Ne aleae wòle le gowòmea, ke àte ŋu ado go avae di teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le. Nu mae Julie wɔna ɣesiaɣi si wòdi be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na Yehowa. Esi wònye amewo sɔ gbɔ ɖe aƒe si me wole le France la me ta, esesẽna be wòakpɔ teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le. Le esia ta, Julie gblɔ be: “Meyia abɔ aɖe si te ɖe mía ŋu la me gbe sia gbe, ale be mate ŋu aɖe dzi ɖi agblɔ nye dzimenyawo na Yehowa, elabe ɖoɖoezizi le afi ma.”

9. Togbɔ be vovo menɔ Yesu ŋu o hã, aleke wòɖee fia be yedea asixɔxɔ ƒomedodo si le ye kple Yehowa dome ŋu?

9 Vovo menɔ Yesu ŋu kura o. Esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzia, ame gbogbo aɖewo dze eyome, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe di be wòakpɔ vovo ɖe ye ŋu. Edzɔ gbe ɖeka gɔ̃ hã be esi Yesu nɔ aƒe aɖe mea, “du bliboa va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu tututu” be yewoakpɔe. Togbɔ be vovo menɔ Yesu ŋu kura o hã, edia ɣeyiɣi doa gbe ɖa na Yehowa. Efɔna fɔŋli, eye wòdia “afi si ame aɖeke mele o,” eye wòdoa gbe ɖa na Fofoa le afi ma.—Marko 1:32-35.

10-11. Le Mateo 26:40, 41 ƒe nya nua, aɖaŋu nyui kae Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo le Getsemane-bɔa me, gake nu kae va dzɔ?

10 Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, egadi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le be yeade ŋugble, ado gbe ɖa. Ekpɔe be Getsemane-bɔa me asɔ ŋutɔ na esia wɔwɔ. (Mat. 26:36) Le afi ma, eɖo aɖaŋu vevi aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe gbedodoɖa ŋu.

11 Bu nu si dzɔ le afi ma ŋu kpɔ. Eƒo zã ga 12 lɔƒo to eŋu hafi wova ɖo Getsemane-bɔa me. Yesu gblɔ na apostoloawo be ‘woanɔ ŋudzɔ,’ eye wòdzo le wo gbɔ be yeavae do gbe ɖa. (Mat. 26:37-39) Gake esime wònɔ gbe dom ɖaa, woawo ya wodɔ alɔ̃. Esi Yesu va kpɔ wo wonɔ alɔ̃ dɔma, egaxlɔ̃ nu wo be ‘woanɔ ŋudzɔ, eye woanɔ gbedodoɖa dzi.’ (Xlẽ Mateo 26:40, 41.) Enya be nu te ɖe wo dzi, eye ɖeɖi hã te wo ŋu. Yesu nya be ‘ŋutilãa gbɔdzɔ,’ eya ta ese egɔme na wo. Ke hã, Yesu gadzo le wo gbɔ zi eve sɔŋ vae do gbe ɖa, eye esi wòtrɔ vaa, alɔ̃ dzi ko wonɔ, womenɔ gbe dom ɖa o.—Mat. 26:42-45.

Ðe nàte ŋu adi ɣeyiɣi ado gbe ɖa esime ɖeɖi mete ŋuwò fũu oa? (Kpɔ memama 12 lia)

12. Nu kae míate ŋu awɔ ne nuteɖeamedzi alo ɖeɖiteameŋu nana wòsesẽna na mí ɣeaɖewoɣi be míado gbe ɖa?

12 Tia ɣeyiɣi nyuitɔ. Ɣeaɖewoɣia, nu tea mía ŋu, alo ɖeɖi tea mía ŋu ale gbegbe be, esesẽna na mí be míado gbe ɖa. Ne aleae wòle le gowòmea, ke menye wò ɖekae o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò? Ame siwo doa gbe ɖa le ŋkekea ƒe nuwuwua dometɔ aɖewo kpɔe be eɖea vi wu ne yewodo gbea ɖa kaba vie hafi zã nava do fũu akpa, eye ɖeɖi nate yewo ŋu. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be ne yewole nɔnɔme aɖewo me hafi do gbe ɖa la, yewote ŋu nɔa ŋute wu. Ke ne edzɔ be ètsi dzi, alo dzi ɖe le ƒowò ale gbegbe be màte ŋu ado gbe ɖa o ya ɖe? Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò mea na Yehowa. Ka ɖe edzi be mía Fofo nublanuikpɔla la ase egɔme na wò.—Ps. 139:4.

Ðe nàte ŋu aƒo asa na text message alo email ɖoɖo ɖe amewo ne èle kpekpeawo mea? (Kpɔ memama 13-14 lia)

13. Aleke mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu ahe míaƒe susu ne míele gbe dom ɖa, le nu srɔ̃m, alo le kpekpeawo me?

13 Ƒo asa na susuhenuwo ne èle nu srɔ̃m. Menye gbedodoɖa koe nana mía kple Yehowa dome nɔna kplikplikpli o. Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede hã ana míate ɖe Mawu ŋu. Nu kae nàwɔ be ɣeyiɣi si nètsɔ srɔ̃a nu kple kpekpeawo naɖe vi na wò bliboe? Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kawoe hea nye susu ne mele kpekpeawo me alo le nu srɔ̃m?’ Ðe wòanye be ènɔa kaƒoƒowo xɔm, nɔa text message alo email ɖom ɖe amewoa? Egbea, elektrɔnikmɔ̃wo le ame sia ame kloe si, eye woɖea vi. Numekula aɖewo gblɔ be, ne asitelefon le gbɔwòa, asesẽ be wò susu katã nanɔ nu si wɔm nèle dzi. Susuŋutinunyala aɖe gblɔ be, “Ne èle nane wɔm eye fon le gbɔwòa, asesẽ be wò susu nanɔ nu si wɔm nèlea ŋu. Fon la ahe wò susu.” Zi geɖe hafi míadze takpekpe suewo kple gãwo gɔmea, wodea dzi ƒo na mí be míatrɔ asi le míaƒe elektrɔnikmɔ̃wo ŋu, ale be woagaɖe toɣli ame bubuwo o. Ðe manyo be míawo hã míatrɔ asi le míaƒe fonwo ŋu ne míedi be míasrɔ̃ nu, alo le kpekpeawo me, ale be woagaɖe toɣli  o?

14. Le Filipitɔwo 4:6, 7 ƒe nya nu la, aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ susu aɖo nu si wɔm míele la ŋu?

14 Do gbe ɖa na Yehowa be wòana wò susu nanɔ nu si wɔm nèlea ŋu. Ne èle nu srɔ̃m alo le kpekpeawo me eye nède dzesii be yeƒe susu le tsatsam la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Zi geɖea, menɔa bɔbɔe be míaɖe susu ɖa le míaƒe kuxiwo ŋu eye míana míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Gake ehiã be míawɔe nenema. Eya ta do gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe ŋutifafa nadzɔ wò dzi kple wò “tamesusuwo” ŋu.—Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.

NE MÍEDIA ƔEYIƔI DOA GBE ÐA, SRƆ̃A NU, EYE MÍEDEA KPEKPEAWO LA, AÐE VI NA MÍ

15. Ne míezãa ɣeyiɣi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la, vi kae wòɖena na mí?

15 Ne èdia ɣeyiɣi ƒoa nu na Yehowa, srɔ̃a eƒe Nyaa, eye nèdea ŋugble tso eŋua, aɖe vi na wò geɖe. Le mɔ ka nu? Gbãa, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le nuwo ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.” (Lod. 13:20) Eya ta ne èzãa ɣeyiɣi ɖe nu siwo ana nàgate ɖe Yehowa, Ame si gbɔ nunyawo katã dzɔ tso ŋu la, àgadze nunya ɖe edzi. Esia awɔe be nàwɔ nu siwo adze eŋu eye nàtsri nu siwo madze eŋu o la wɔwɔ.

16. Aleke ɣeyiɣi zazã ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu nana míaƒe nufiafia ganyona ɖe edzi?

16 Evelia, ana ale si nèfia nui la naganyo ɖe edzi. Ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖea, míaƒe taɖodzinu ɖekae nye be míakpe ɖe eŋu wòate ɖe Yehowa ŋu. Ne míeɖoa dze kple mía Fofo si le dziƒo edziedzi la, míegava lɔ̃nɛ ɖe edzi. Esia nana wònɔa bɔbɔe be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ŋu be eya hã nalɔ̃e. Aleae wònɔ le Yesu gome. Lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa kple ale si gbegbe wòƒoa nu nyui tso eŋu la ʋã eyomedzela wɔnuteƒewo hã wova lɔ̃e.—Yoh. 17:25, 26.

17. Aleke gbedodoɖa kple nusɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse?

17 Etɔ̃lia, wò xɔse asẽ ɖe edzi. Bu eŋu kpɔ: Nu kae dzɔna ne èdo gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ wò, afa akɔ na wò, eye wòakpe ɖe ŋuwò? Ɣesiaɣi si Yehowa ɖo gbedodoɖa mawo ŋua, wò xɔse gadzina ɖe edzi. (1 Yoh. 5:15) Nu bubu kae akpe ɖe ŋuwò nàdo ŋusẽ wò xɔse? Eyae nye ɖokuisinusɔsrɔ̃, elabe “nu si wose la mee xɔse tsona.” (Rom. 10:17) Ke hã, menye nusɔsrɔ̃ koe ana wò xɔse nasẽ o. Nu bubu kae gahiã?

18. Gblɔ nu si tae wòle be míade ŋugble la ƒe kpɔɖeŋu.

18 Ele be míade ŋugble ne míele nu srɔ̃m. Bu nu si me ame si ŋlɔ Psalmo 77 lia to ŋu kpɔ. Nu te ɖe edzi vevie elabe ese le eɖokui me be Yehowa gbe nu le ye kple Israel-vi bubuawo gbɔ. Esia nana wòtsia zãdomadɔlɔ̃e. (Kpukpui 2-8) Nu kae wòwɔ? Egblɔ na Yehowa be: “Made ŋugble le wò dɔwɔwɔ blibo la katã ŋu eye mabu tame le wò nuwɔnawo ŋu.” (Kpukpui 12) Hakpala sia nya nu tso nu siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo va yi ŋu la nyuie, gake dzimaɖitsitsi wɔe be wònɔ eɖokui biam be: “Ðe Mawu ŋlɔ eƒe amenuveve bea? Alo ɖe eƒe dziku wɔe be wòdzudzɔ nublanuikpɔkpɔa?” (Kpukpui 9) Hakpalaa de ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye wòɖo ŋku ale si Yehowa kpɔ nublanui na eƒe amewo eye wòve wo nu va yia dzi. (Kpukpui  11) Vi kae esia wɔwɔ ɖe nɛ? Eva ka ɖe edzi be Yehowa magblẽ eƒe amewo ɖi o. (Kpukpui 15) Ne wò hã ède ŋugble tso nu siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo va yi kple nu siwo wɔm wòle na wò ŋutɔ fifia ŋua, wò xɔse agasẽ ɖe edzi.

19. Ne míedia ɣeyiɣi tsɔ doa ŋusẽ ƒomedodo si le mí kple Yehowa domea, vi kae wòɖena na mí?

19 Susu enelia, si nye vevitɔ ye nye be, àgalɔ̃ Yehowa ɖe edzi wu. Lɔlɔ̃ koŋue aʋã wò nàɖo to Yehowa, awɔ nu siwo adze eŋu, eye nàdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. (Mat. 22:37-39; 1 Kor. 13:4, 7; 1 Yoh. 5:3) Nu bubu kae agate ŋu anɔ vevie wu ƒomedodo kplikplikpli si anɔ mí kple Yehowa dome!—Ps. 63:1-8.

20. Nu kawoe nàwɔ be ɣeyiɣi siwo nètsɔ doa gbe ɖa, srɔ̃a nu alo dea ŋugble la naɖe vi na wò wu?

20 Ðo ŋku edzi be gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Abe ale si Yesu wɔe ene la, di teƒe si ɖoɖoezizi le nàdo gbe ɖa na Yehowa. Ðe susuhenuwo ɖa. Ne èle nu srɔ̃m alo le kpekpeawo me la, bia Yehowa be wòana wò susu nanɔ nu si srɔ̃m nèlea ŋu. Ne èwɔ wò ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuiea, Mawu aɖo eteƒe na wò, eye ana nànɔ agbe tegbee le eƒe xexe yeyea me.—Marko 4:24.

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

^ Yehowae nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ. Míedea asixɔxɔ mía kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu, eye míedi be míaganyae geɖe wu. Exɔa ɣeyiɣi ne míedi be míanya ame aɖe nyuie. Nenema kee wòaxɔ ɣeyiɣi ne míedi be mía kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. Esi vovo menɔa mía ŋu kura oa, aleke míawɔ akpɔ ɣeyiɣi ate ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu, eye vi kawoe wòaɖe na mí ne míewɔ esia?