Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

Ka Ðe Edzi Be ‘Mawu Ƒe Nyaa Nye Nyateƒe’

Ka Ðe Edzi Be ‘Mawu Ƒe Nyaa Nye Nyateƒe’

ƑE 2023 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA: “Wò nyawo katã nye nyateƒe.”—PS. 119:160.

HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka tae ame geɖe mekana ɖe Biblia dzi egbea o?

 AME geɖe meganya ame si dzi yewoaka ɖo egbea o. Womeka ɖe edzi be dziɖuɖumegãwo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, asitsala xɔŋkɔwo, kple ame bubu siwo ŋu yewodea bubui tsɔ ɖe le eme na yewo ŋutɔŋutɔ o. Womegakana ɖe Kristodukɔa ƒe kplɔla siwo be yewoxɔ Biblia dzi sea dzi o. Eya ta mewɔ nuku o be womegakana ɖe Biblia ŋutɔ hã dzi o.

2. Le Psalmo 119:160 ƒe nya nua, nu ka dzie wòle be míaka ɖo?

2 Míawo ya míeka ɖe edzi be Yehowae nye “nyateƒe Mawu” la, eye edia nyui na mí ɣesiaɣi. (Ps. 31:5; Yes. 48:17) Míenya be míate ŋu aka ɖe nya sia nya si le eƒe Nya Biblia me dzi, elabe míexɔe se be eƒe “nyawo katã nye nyateƒe.” (Xlẽ Psalmo 119:160.) Míaƒe susu wɔ ɖeka kple Biblia ŋuti nunyala aɖe si gblɔ be: “Nya siwo Mawu gblɔ dometɔ ɖeka hɔ̃ hã menye aʋatso alo ado kpo eme vava kpɔ o. Esi Mawu ƒe amewo ka ɖe Mawu dzi taa, woate ŋu aka ɖe eƒe nyawo hã dzi bliboe.”

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Kpeɖodzi kawoe míate ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woaka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi abe míawo ke ene? Míadzro wo dometɔ etɔ̃ me. Woawoe nye (1) Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ, (2) eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme pɛpɛpɛ, eye (3) etea ŋu kpena ɖe amewo ŋu wotrɔa woƒe agbenɔnɔ.

BIBLIA ME NYAWO DE PƐPƐPƐ

4. Nu ka tae ame aɖewo meka ɖe edzi be Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ o?

4 Yehowa Mawu zã ŋutsu wɔnuteƒe 40 kloe woŋlɔ Biblia gbalẽawo. Gake agbalẽ siwo woawo ŋutɔ woŋlɔ kple asi megali o. Ke boŋ esiwo amewo kpɔ wo tɔ dzi ŋlɔ eye ame bubuwo hã va gbugbɔ wo ŋlɔ ye li egbea. Esia ta ame aɖewo meka ɖe edzi be nya si tututu Biblia gbalẽawo ŋlɔlawo ŋlɔ le gɔmedzedzea mee le Biblia me egbea o. Ðe nèbu nya ma ŋu kpɔa? Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Biblia me nyawo metrɔ o?

Nugbugbɔŋlɔla bibi siwo gbugbɔ ŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo wɔ woƒe dɔ memie eye wokpɔ egbɔ be Mawu ƒe Nyaa ƒe kɔpi siwo yewowɔ la de pɛpɛpɛ (Kpɔ memama 5 lia)

5. Aleke ame siwo gbugbɔ ŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo wɔ woƒe dɔae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

5 Yehowa di be yeakpɔ yeƒe nyawo ta, eya ta ebia tso eƒe dukɔa si be woawɔ eƒe kɔpiwo. Ede se na Israel-fiawo be woagbugbɔ Sea aŋlɔ na wo ɖokui, eye eɖo Lewi viwo be woafia Sea dukɔa. (5 Mose 17:18; 31:24-26; Neh. 8:7) Esi Yudatɔwo gbɔ tso aboyo me le Babilon megbea, nugbugbɔŋlɔla bibi aɖewo va nɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyawo gbugbɔ ŋlɔm. (Ezra 7:6, etenuŋɔŋlɔa) Ŋutsu siawo gbugbɔ nyaawo ŋlɔ beléletɔe. Eva ɖo ɣeaɖeɣia, woxlẽa nyakui ɖe sia ɖe kple alfabeta ŋɔŋlɔdzesikui ɖe sia ɖe ale be woakpɔ egbɔ be nu sia nu de pɛpɛpɛ. Togbɔ be wowɔ emawo katã hãa, blibomademade wɔe be vodada suesuesuewo tsi woƒe nuŋlɔɖiwo me. Gake esi wònye wowɔ Biblia gbalẽawo ƒe kɔpi geɖe taa, anya wɔ be woade dzesi vodada mawo emegbe. Aleke esia anya wɔe?

6. Aleke wowɔna dea dzesii ne vodada le nugbugbɔŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo me?

6 Biblia ŋuti nunyalawo toa mɔ aɖe dzi dea dzesi vodada siwo le nugbugbɔŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo me. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be wobia tso ame 100 si be woagbugbɔ nane si woŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe dzi aŋlɔ. Ne wo dometɔ aɖe wɔ vodada sue aɖea, mɔ aɖe si dzi woato ade dzesii ye nye be woatsɔ eƒe nuŋlɔɖia asɔ kple ame susɔeawo tɔ. Nenema kee ne Biblia ŋuti nunyalawo tsɔ blema asinuŋɔŋlɔgbalẽwo sɔ kple wo nɔewoa, wotea ŋu dea dzesii ne vodada aɖe le wo dometɔ aɖe me alo nya aɖe bu le eme.

7. Aleke míewɔ nya be nugbugbɔŋlɔlawo wɔ woƒe dɔa memie?

7 Ame siwo gbugbɔ ŋlɔ Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽwoa kpɔ egbɔ be yewowɔ yewoƒe dɔa memie. Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si li fifiae nye Leningrad Codex. Wobu akɔnta be ƒe 1008 alo ƒe 1009 K.Ŋ. mee woŋlɔe. Gake nyitsɔ laa, wogava ke ɖe Biblia ƒe akpa aɖewo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo kple agbalẽ kakɛkakɛ aɖewo ŋu, eye wogblɔ be wonɔ anyi abe ƒe 1,000 ene do ŋgɔ na Leningrad Codex la. Ame aɖe asusu be esi wònye ɖe amewo kpɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo mawo dzi gbugbɔ ŋlɔ bubuwo eye ame bubuwo hã va kpɔ emawo dzi gbugbɔ ŋlɔ bubuwo ʋuu ƒe 1,000 aɖewo hafi wova ŋlɔ Leningrad Codex la taa, Leningrad Codex la me nyawo ato vovo kura na xoxoawo. Gake mele alea kura o. Esi agbalẽnyalawo tsɔ nuŋlɔɖiawo sɔ kple wo nɔewoa, nu si wode dzesii boŋue nye be nya ɖekaɖeka aɖewo koe to vovo vie, gake Biblia me nya veviawo ya metrɔ o.

8. Vovototo kae le Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo kple agbalẽ bubu siwo amewo ŋlɔ dome?

8 Abe ale si nugbugbɔŋlɔlawo wɔe enea, Kristotɔ gbãtɔwo hã gbugbɔ ŋlɔ agbalẽ 27 siwo le Hela Ŋɔŋlɔawo me beléletɔe. Eye wozãa geɖe siwo wogbugbɔ ŋlɔa le kpekpewo kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Esi agbalẽnyala aɖe tsɔ Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbãlewo sɔ kple agbalẽ bubu siwo ame bubuwo ŋlɔ le ɣeyiɣi ma ke mea, eƒo nya ta be: “Edze ƒãa be [Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo kpɔtɔ li va se ɖe egbea] sɔ gbɔ wu bubuawo, . . . eye zi geɖea, wonɔa blibo wu.” Agbalẽ aɖe hã gblɔ be: “Ne míexlẽ nane le [Hela Ŋɔŋlɔawo] ƒe gɔmeɖeɖe nyui aɖe mea, míate ŋu aka ɖe edzi be nya siwo woŋlɔ le gɔmedzedzea mee nye ema xlẽm míele.”—Anatomy of the New Testament.

9. Nya kae Yesaya 40:8 gblɔ tso Mawu ƒe Nyaa ŋu?

9 Dɔ vevi si nugbugbɔŋlɔlawo wɔ ƒe geɖe va yia wɔe be Biblia me nyawo metrɔ o, eye wòva ka mía si egbea be míaxlẽe ahasrɔ̃e. b Ðikeke mele eme o be Yehowae kpɔ egbɔ be yeƒe Nyaa li va de asi na egbea eye wòde pɛpɛpɛ. (Xlẽ Yesaya 40:8.) Gake ame aɖewo agblɔ be togbɔ be Biblia li tso blema va se ɖe fifia hãa, ema mefia be etso Mawu gbɔ o. Na míakpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Biblia tso Mawu gbɔ dometɔ aɖewo.

BIBLIA ME NYAGBLƆÐIWO VAA EME PƐPƐPƐ

Miame: C. Sappa/DeAgostini/Getty Images; ɖusime: Image © Homo Cosmicos/Shutterstock

Biblia me nyagblɔɖiwo va eme le blema eye wole eme vam egbea hã (Kpɔ memama 10-11 lia) d

10. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖo kpe 2 Petro 1:21 me nyawo dzi. (Kpɔ nɔnɔmetataawo.)

10 Nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo va eme pɛpɛpɛ. Wo dometɔ aɖewo va eme ƒe alafa aɖewo megbe tso esime woŋlɔ wo ɖi. Ŋutinyawo ɖo kpe edzi be nyagblɔɖi mawo va eme nyateƒe. Esia mewɔa nuku na mí o, elabe míenya be Yehowa gbɔe Biblia me nyagblɔɖiwo tso. (Xlẽ 2 Petro 1:21.) Bu nyagblɔɖi si ku ɖe blema Babilon dugãa ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋua ŋu kpɔ. Le ƒe alafa enyi Do Ŋgɔ Na Yesu mea, Mawu na nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔe ɖi be Babilon amu. Eyɔ ame si anɔ ŋgɔ woaxɔ dua ŋkɔ gɔ̃ hã, kple ale si tututu wòawɔ axɔ dua. Egblɔ be amea ŋkɔe nye Kores. (Yes. 44:27–45:2) Yesaya gblɔe ɖi hã be ʋɛʋɛʋɛa, Babilon atsrɔ̃ gbidii eye ame aɖeke maganɔ afi ma o. (Yes. 13:19, 20) Nu siawo katã va eme pɛpɛpɛ. Le ƒe 539 D.Y. mea, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi, eye du triakɔ ma zu glikpo fifia.—Kpɔ video si nye Biblia Gblɔ Babilon Ƒe Tsɔtsrɔ̃ Ði Do Ŋgɔ le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe mɔ̃ dzi tɔ me, le nusɔsrɔ̃ 03 lia ƒe numedzodzro 5 lia me.

11. Aleke Daniel 2:41-43 le eme vam egbea?

11 Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam egbea hã. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ŋu le eme vamee ŋu kpɔ. (Xlẽ Daniel 2:41-43.) Daniel gblɔe ɖi be xexemeŋusẽ ƒokpli ma nye gayibɔ kple tsu tsaka, si fia be eƒe “akpa aɖe asesẽ, eye eƒe akpa aɖe masesẽ o.” Nyagblɔɖi sia le eme vam egbea. Abe gayibɔ enea, Britain kple Amerika ɖe woƒe ŋusẽ fia le Xexemeʋa eveawo me, eye ŋusẽ geɖe gakpɔtɔ le wo ŋu fifia. Gake ale si woƒe dukɔmeviwo tsona ɖe wo ŋu ʋlia woƒe gomenɔamesiwo kple dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ta wɔe be womete ŋu zãa woƒe ŋusẽa bliboe ɣesiaɣi o. Dunyahehe ŋuti nunyala aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Demokrasi dziɖuɖu aɖeke mele xexea me egbea si me mama le wu Amerika o.” Britain si nye xexemeŋusẽ ƒokplia ƒe akpa evelia hã me ma ŋutɔ. Esia gadze ƒãa vevietɔ esime nyitsɔ laa, dukɔa me viwo ƒe susu mewɔ ɖeka le kadodo si wòle be wòanɔ Britain kple Europa dukɔ bubuwo dome ŋu o. Mama mawo wɔe be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa metea ŋu wɔa nu si wòdi zi geɖe o.

12. Nu ka dzie Biblia me nyagblɔɖiwo na míeka ɖo?

12 Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe siwo va eme xoxo nana míegakana ɖe edzi geɖe wu be Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu hã ava eme. Míesena le mía ɖokui me abe hakpalaa ene, esi wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Wò xɔname dzroam vevie, elabena wò nya la sinu kpɔm mele.” (Ps. 119:81) Yehowa ƒe nya siwo le Biblia me ɖee fia be ‘ena mɔkpɔkpɔ mí eye edi be etsɔme nanyo na mí.’ (Yer. 29:11) Míeɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míekpɔa mɔ vevie be eƒe ŋugbedodowo nava eme. Mina míayi edzi anɔ Biblia me nyagblɔɖiwo srɔ̃m veviedodotɔe ale be míagaka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi geɖe wu.

BIBLIA ƑE AÐAŊUÐOÐOWO LE KPEKPEM ÐE AME MILIƆN GEÐE ŊU

13. Le Psalmo 119:66, 138 ƒe nya nua, susu bubu ka tae míate ŋu aka ɖe Biblia dzi?

13 Susu bubu si ta míate ŋu aka ɖe Biblia dzie nye be eƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vi na ame siwo wɔna ɖe wo dzi. (Xlẽ Psalmo 119:66, 138.) Le kpɔɖeŋu me, Biblia kpe ɖe srɔ̃tɔ siwo ɖoe be yewoagbe yewo nɔewo hafi ŋu be fifia wowɔ ɖeka eye wole dzidzɔ kpɔm. Esi wova le wɔwɔm ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi taa, wo viwo hã le dzidzɔ kpɔm, elabe wosena le wo ɖokui me be yewo dzilawo lɔ̃ yewo eye woléa be na yewo.—Ef. 5:22-29.

14. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpena ɖe amewo ŋu wotrɔa woƒe agbenɔnɔ.

14 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Bu Jack ŋu kpɔ: Enye adzogli si sẽa ŋuta eteƒe mekɔ o, eye wònye nu vlo wɔla siwo wolé de gaxɔ me hetso kufia na la dometɔ ɖeka. c Gake gbe ɖeka esi nɔviwo nɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖe le gaxɔa mea, Jack hã va ɖo to. Ale si nɔviawo wɔ nu ɖe nusrɔ̃via ŋu nyuie wɔ dɔ ɖe Jack dzi eye eya hã te Biblia sɔsrɔ̃. Jack va nɔ wɔwɔm ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye esia na wòtrɔ eƒe nɔnɔme keŋkeŋ. Eva dze zu gbeƒãɖela eye ʋɛʋɛʋɛa, eva xɔ nyɔnyrɔ. Eɖe gbeƒã na gamenɔla bubuwo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu dzonɔamemetɔe eye wòkpe ɖe ame ene ya teti ŋu wosrɔ̃ Biblia. Esi ŋkeke si woawu Jack ɖoa, edze ƒãa be etrɔ kura. Senyala siwo ʋli eta dometɔ ɖeka gblɔ be: “Jack si kpɔm mele fifia megale abe Jack si menya ƒe 20 va yi ene o. Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo trɔ eƒe agbenɔnɔ kura.” Togbɔ be wowu Jack hãa, eƒe kpɔɖeŋua na míekpɔe be míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi eye Biblia ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ.—Yes. 11:6-9.

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe ame ƒomevi vovovowo ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ (Kpɔ memama 15 lia) e

15. Aleke wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi na Yehowa ƒe amewo to vovo egbea? (Kpɔ fotoa.)

15 Esi Yehowa ƒe amewo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi taa, wowɔ ɖeka. (Yoh. 13:35; 1 Kor. 1:10) Míaƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔa ɖe dzesi ŋutɔ, vevietɔ le xexe sia si me wodea vovototo amewo me le dunyaheha si me wole, ame si ƒomevi wonye, kple ɖoƒe si le wo si ta la me. Ðekawɔwɔa si le Yehowa ƒe amewo dome wɔ dɔ ɖe ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Jean dzi. Afrika dukɔ aɖe mee wònɔ tsi. Esi dukɔmeviʋa dzɔa, ege ɖe asrafodɔ me, gake emegbe esi yi dukɔ bubu si te ɖe wo ŋu me. Le afi maa, edo go Yehowa Ðasefowo. Jean gblɔ be: “Mesrɔ̃e le Biblia me be subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o, eye mama mele wo dome o. Ke boŋ wolɔ̃ wo nɔewo.” Eyi edzi gblɔ be: “Meɖe adzɔgbe be maʋli nye dukɔa ta. Gake Biblia me nyateƒe si meva srɔ̃a ʋãm metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa.” Jean trɔ kuraa. Fifia, megatsɔa tu ɖe amewo ŋu o, ke boŋ etsɔa Biblia eye wòɖea gbeƒã nyateƒea na ame sia ame si wòdo goe. Ale si Biblia le vi ɖem na ame ƒomevi vovovowo ɖo kpe edzi kɔtɛ be míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi.

YI EDZI NÀKA ÐE MAWU ƑE NYAA DZI

16. Nu ka tae wòle vevie be míaka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi bliboe?

16 Míenya be nuwo agagblẽ ɖe edzi le xexea me, eye esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míayi edzi aka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Amewo adze agbagba be yewoaƒã ɖikeke ɖe mía me, ale be míagaka ɖe Biblia me nyawo dzi alo axɔe ase be Yehowa ɖo kluvi si dzi wòto le mɔ fiam mí egbea o. Gake ne míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe Nyaa nye nyateƒe ɣesiaɣia, mímaɖe mɔ amewo ƒe alakpanyawo nana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ o. Ke boŋ ‘míaɖoe le dzi me be míawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi ɖaa va se ɖe nuwuwu.’ (Ps. 119:112) Azɔ hã ‘mímana ŋu nakpe mí o,’ ke boŋ dzi anɔ mía ƒo míaɖe gbeƒã nyateƒea na amewo eye míade dzi ƒo na wo woawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Ps. 119:46) Ne míeka ɖe Mawu ƒe Nyaa dzia, awɔe hã be míate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo, abe yometiti ene, gɔ̃ hã me “le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.”—Kol. 1:11; Ps. 119:143, 157.

17. Nu ka dzie ƒea ƒe mawunyakpukpuia aɖo ŋkui na mí?

17 Míedaa akpe na Yehowa be wòna míenya nyateƒea! Nyateƒea léa mí ɖe te, eye wòfiaa mɔ mí le xexe sia si me nuwo tɔtɔ le me. Enaa mɔkpɔkpɔ mí be nuwo ava nyo le etsɔme le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Neva eme be ƒe 2023 ƒe mawunyakpukpuia nana míayi edzi aka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe Nyaa, ɛ̃, eƒe nyawo katã nye nyateƒe!—Ps. 119:160.

HADZIDZI 94 Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta

a Nya dedziƒoname siwo dze le Psalmo 119:160 ye nye ƒe 2023 ƒe mawunyakpukpuia. Afi ma gblɔ be: “Wò nyawo katã nye nyateƒe.” (Ps. 119:160) Ðikeke mele eme o be èxɔ nya mawo dzi se. Gake ame geɖe mexɔe se be Biblia me nyawo nye nyateƒe eye woate ŋu afia mɔ mí le agbe me o. Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siwo ɖo kpe edzi be míate ŋu aka ɖe Biblia kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi me, eye míakpɔ ale si míate ŋu azã kpeɖodzi mawo atsɔ akpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu be woawo hã woaka ɖe Biblia dzi.

b Ne èdi nyatakaka bubuwo tso ale si wokpɔ Biblia tae ŋua, ʋu jw.org eye nàyi Biblia Ƒe Nufiafiawo, eyome nàte asi ɖe “Ŋutinya Kple Biblia” dzi.

c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

d NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Mawu gblɔe ɖi be blema Babilon dugã nyadria ava zu glikpo eye nenema tututue wòdzɔe.

e NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Wɔwɔfia ƒe foto​—Ðekakpui si wɔa aʋa tsãa va srɔ̃ Biblia, eye esia kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ ale si wòanɔ ŋutifafa me kple amewo, eye wòakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu woawɔe nenema.