Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Esia Kpɔ

Te Esia Kpɔ

Ðe mía nɔviwo ƒe agbemeŋutinyawo xexlẽ doa dzidzɔ na wòa?

Atsu kple asi aɖe xlẽa mía nɔviwo ƒe ŋutinyawo ŋdi sia ŋdi; wogblɔ be: “Ŋutinya siawo dea dzi ƒo na mí eye wonana míekpɔa dzidzɔ ale gbegbe! Woɖoa ŋku edzi na mí be míawo hã míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.” Nɔvinyɔnu aɖe si hã se le eɖokui me nenema gblɔ be: “Taɖodzinu vavã le mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe agbe ŋu. Woƒe agbemeŋutinyawo wɔa dɔ ɖe ame dzi, wofaa akɔ na ame, eye wodea dzi ƒo na ame. Woƒe ŋutinyawo ʋãam be mawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, eye wokpena ɖe ŋunye be mahe vinyewo be woava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.”

Agbemeŋutinyawo xexlẽ ate ŋu aʋã wò nàɖo taɖodzinu nyuiwo na ɖokuiwò le Yehowa subɔsubɔ me, woado ŋusẽ wò be nàɖu wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye woakpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ dzidzɔ ado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Aleke nàwɔ ake ɖe ŋutinya siawo ŋu?

  • Ʋu jw.org alo JW Library® nàyi akpa si nye Nyati Vovovowo eye nàdi “Yehowa Ðasefowo Ƒe Agbemeŋutinyawo.”

  • Yi Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE alo Watchtower Library eye nàdi “Agbemeŋutinyawo.”