Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi

Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi

“Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”LUKA 22:19.

HADZIDZI 19 Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

NYA VEVIAWO a

1-2. Nu ka tae míedea Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe?

 ABE ƒe 2,000 ene va yia, Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta, eye esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míava nɔ agbe tegbee. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, ezã abolo kple wain tsɔ wɔ wɔna bɔbɔe aɖe eye wòde se na eyomedzelawo be woanɔ esia wɔm atsɔ anɔ ŋku ɖom nu si yewɔ na wo dzi.—1 Kor. 11:23-26.

2 Míewɔna ɖe Yesu ƒe sea dzi elabe míelɔ̃e vevie. (Yoh. 14:15) Ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo mea, míedia ɣeyiɣi dea ŋugble le Yesu ƒe kua ŋu, eye míedoa gbe ɖa tso eŋu tsɔ ɖenɛ fiana be míeda akpe ɖe eta. Míewɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me eye míetsɔa dzidzɔ kpea amewo be woava wɔ ɖeka kpli mí le wɔna vevi sia me. Ɛ̃, míeɖoe kplikpaa be míaɖe mɔ naneke nawɔe be míagade Ŋkuɖodzia o.

3. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míakpɔ agbagba siwo Yehowa ƒe amewo dze be yewoawɔ Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia: (1) wogava nɔ Ŋkuɖodzia wɔm abe ale si Yesu ɖoe anyi ene, (2) wova nɔ amewo kpem na Ŋkuɖodzia, eye (3) wodzea agbagba wɔa Ŋkuɖodzia ne nɔnɔmeawo sesẽ gɔ̃ hã.

WOGAVA NƆ ŊKUÐODZIA WƆM ABE ALE SI YESU ÐOE ANYI ENE

4. Nya vevi kawo dzie woɖoa ŋkui na mí le Ŋkuɖodzia, eye nu ka tae mele be míabu wo nu tsɛ o? (Luka 22:19, 20)

4 Ƒe sia ƒe ne míede Ŋkuɖodzia, míesea nuƒo si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi, si ɖoa ŋku nya vevi aɖewo dzi na mí. Wogblɔa nu si tae tafea hiã kple ale si wòanya wɔ be ame ɖeka naxe fe ɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ta. Eye woƒoa nu tso nu si aboloa kple wain la le tsitre ɖi na, kpakple ame siwo dze aɖu aboloa ahano wain la hã ŋu. (Xlẽ Luka 22:19, 20.) Azɔ hã, míedea ŋugble le ale si Mawu ayra ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigba dzii ŋu. (Yes. 35:5, 6; 65:17, 21-23) Mele be míabu nyateƒenya vevi siawo nu tsɛ o. Ame miliɔn akpe geɖe menya nya vevi mawo o, eye womenya ale si gbegbe Yesu ƒe vɔsaa xɔ asii o. Womeɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi abe ale si wòɖoe be ye yomedzelawo nawɔe ene o. Nu ka gbɔe esia tso?

5. Nu kae dzɔ le apostoloawo ƒe ku megbe?

5 Esi Yesu ƒe apostoloawo dometɔ akpa gãtɔ ku megbea, aʋatso Kristotɔwo va ge ɖe hamea me. (Mat. 13:24-27, 37-39) Wogblɔ “nya totrowo be yewoahe nusrɔ̃lawo ne woadze yewo yome.” (Dɔw. 20:29, 30) Esi ƒeawo va nɔ yiyimaa, wova nɔ gbɔgblɔm be Yesu metsɔ eɖokui na “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” abe ale si Biblia gblɔe ene o, ke boŋ ele be woagbugbɔ eƒe vɔa anɔ sasam enuenu. (Heb. 9:27, 28) Ame geɖewo xɔ alakpanufiafia ma dzi se egbea. Eya ta le subɔsubɔha aɖewo mea, amewo ƒoa ƒu kwasiɖa sia kwasiɖa alo gbe sia gbe gɔ̃ hã be yewoasa vɔ si woyɔna be “Misa ƒe Vɔsa.” b Togbɔ be sɔleme aɖewo ya mewɔnɛ edziedzi o hãa, womenya nu boo aɖeke tso asixɔxɔ si le Yesu ƒe vɔsaa ŋua ŋu o. Ame aɖewo biana be, ‘Ðe Yesu ƒe kua ate ŋu ana woatsɔ nye nu vɔ̃wo akem vavã?’ Nu ka tae wobiaa nya ma? Le ame aɖewo gomea, ɖikelawo na woxɔe se be Yesu ƒe vɔsaa mate ŋu ana woatsɔ nu vɔ̃wo ake o. Aleke Yesu yomedzela vavãwo kpe ɖe amewo ŋu be woanya nu geɖe tso tafea ŋu?

6. Kaka ƒe 1872 naɖoa, nu ka ŋue Biblia srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ke ɖo?

6 Le ƒe 1870-awo mea, Biblia srɔ̃la dovevienuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si Charles Taze Russell xɔ ŋgɔ na la te Ŋɔŋlɔawo me kuku. Wodi be yewoanya nyateƒea ku ɖe asixɔxɔ si le Yesu ƒe vɔsaa ŋu, kple ale si wòle be woaɖo ŋku eƒe kua dzii ŋu. Kaka ƒe 1872 naɖoa, wova srɔ̃e le Biblia me be Yesu xe tafe ɖe amewo katã ta nyateƒe. Womeɣla nu siwo ŋu woke ɖo o, ke boŋ woto agbalẽwo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, kple magazinewo dzi ɖe gbeƒãe. Esia megbe kpuiea, woawo hã wova nɔa kpekpem zi ɖeka le ƒea me wɔa Ŋkuɖodzia, abe ale si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔe ene.

7. Aleke Biblia srɔ̃la siwo nɔ anyi va yi ƒe numekukuwo le vi ɖem na mí?

7 Numekuku si Kristotɔ dovevienu mawo wɔ tso ɣemaɣi kea le vi ɖem na mí egbea. Le mɔ ka nu? Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi si wɔe be egbea, míeva nya nu geɖe tso Yesu ƒe vɔsaa kple ale si wòaɖe vi na ameƒomea ŋu. (1 Yoh. 2:1, 2) Míesrɔ̃e hã be mɔkpɔkpɔ evee le Biblia me na ame siwo ƒe nu dzea Mawu ŋu; ɖewo ava nɔ agbe le dziƒo eye womaku akpɔ o, eye ame miliɔn geɖe anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Azɔ hã míedea ŋugble le ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ mí kple ale si Yesu ƒe vɔsaa ɖea vi na mí ŋu, eye esia tea mí ɖe Yehowa ŋu. (1 Pet. 3:18; 1 Yoh. 4:9) Eya ta míesrɔ̃a mía nɔvi wɔnuteƒe mawo ƒe kpɔɖeŋu eye míekpea amewo be woava wɔ ɖeka kpli mí míawɔ Ŋkuɖodzia abe ale si Yesu ŋutɔ ɖoe anyi ene.

WOKPEA AMEWO NA ŊKUÐODZIA

Nu kawoe nèɖo be yeawɔ ale be nàte ŋu akpe ame geɖe na Ŋkuɖodzia? (Kpɔ memama 8-10 lia) e

8. Agbagba kae Yehowa ƒe amewo dze be yewoakpe amewo na Ŋkuɖodzia? (Kpɔ fotoa.)

8 Ƒe geɖee nye esia Yehowa subɔlawo kpea amewo na Ŋkuɖodzia. Le ƒe 1881 mea, wokpe nɔvi siwo le Amerika woƒo ƒu ɖe nɔvi aɖe ƒe me le Allegheny, Pennsylvania, wɔ Ŋkuɖodzia. Esia megbea, hame ɖe sia ɖe wɔa Ŋkuɖodzia le eɖokui si. Le March 1940 mea, wogblɔ na gbeƒãɖelawo be woate ŋu akpe ame sia ame si dii la be wòava Ŋkuɖodzia. Ƒe 1960 ye nye zi gbãtɔ si Betel ta Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo na hamewo. Tso ema dzia, habɔbɔa ta Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi miliɔn akpe geɖe. Nu ka tae míedzea agbagba vevie be míakpe amewo na Ŋkuɖodzia?

9-10. Ame kawoe míaƒe amekpekpedɔa ɖea vi na? (Yohanes 3:16)

9 Susu vevi aɖe si tae míekpea amewo na Ŋkuɖodziae nye be míedi be ame siwo ade zi gbãtɔ nasrɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí ŋu. (Xlẽ Yohanes 3:16.) Míekpɔa mɔ be nu siwo woakpɔ kple nya siwo woase le Ŋkuɖodzia aʋã wo woasrɔ̃ Biblia, eye woava subɔ Yehowa. Gake amekpekpedɔ sia ɖea vi na ame bubuwo hã.

10 Míekpea ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hã. Míewɔa esia tsɔna ɖoa ŋku edzi na wo be Mawu galɔ̃ wo kokoko. Wo dometɔ geɖe dzea agbagba vaa Ŋkuɖodzia, eye esia dzɔa dzi na mí ŋutɔ! Ŋkuɖodzia dede nana wogaɖoa ŋku dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esime wonɔ Yehowa subɔm dzi. Bu Monica ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. c Le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu wògava te gbeadzidede ake. Ede Ŋkuɖodzia le ƒe 2021 me eye wògblɔ be: “Ŋkuɖodzi sia le etɔxɛ nam ŋutɔ. Nye hã meɖe gbeƒã na amewo eye mekpe wo na Ŋkuɖodzia. Ƒe 20 ye nye esia nyemegawɔ dɔ sia kpɔ o. Mewɔe tso dzi blibo me elabe mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ nam ŋu.” (Ps. 103:1-4) Aleke kee amewo ɖawɔ nu ne míekpe wo na Ŋkuɖodzia o, míekua kutri vevie kpea ame geɖe ale si nu míate ŋui elabe míenya be míaƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu.

11. Aleke Yehowa yra ɖe agbagba siwo míedzena be míakpe amewo na Ŋkuɖodzia dzi? (Hagai 2:7)

11 Yehowa yrana ɖe agbagba siwo míedzena be míakpe amewo na Ŋkuɖodzia dzi ŋutɔ! Le ƒe 2021 me togbɔ be corona dɔvɔ̃a nɔ anyi hãa, ame 21,367,603 ye de Ŋkuɖodzia. Emae nye xexlẽme gbogbotɔ, eye wònye Yehowa Ðasefo siwo le xexea me katã ƒe xexlẽme teƒe eve kple afã kloe! Gake menye xexlẽmea koe le vevie na Yehowa o; ame ɖekaɖeka siwo de hã le vevie nɛ. (Luka 15:7; 1 Tim. 2:3, 4) Míeka ɖe edzi be ne míele amewo kpemaa, Yehowa kpena ɖe mía ŋu míekena ɖe dzinyuitɔwo ŋu.—Xlẽ Hagai 2:7.

WOWƆA ŊKUÐODZIA NE NƆNƆMEAWO SESẼ GƆ̃ HÃ

Yehowa yrana ɖe agbagba siwo míedzena be míawɔ Ŋkuɖodzia dzi (Kpɔ memama 12 lia) f

12. Nu kawoe nana wòsesẽna na mí ɣeaɖewoɣi be míawɔ Ŋkuɖodzia? (Kpɔ fotoa.)

12 Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo mea, míado go kuxi sesẽ vovovowo, le kpɔɖeŋu me, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, yometiti, aʋawɔwɔ, dɔvɔ̃wo, kple bubuawo. (Mat. 10:36; Marko 13:9; Luka 21:10, 11) Ɣeaɖewoɣia, nu siawo nana wòsesẽna na mí be míawɔ Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Aleke mía nɔviwo wɔ ɖu kuxi mawo dzi, eye aleke Yehowa kpe ɖe wo ŋu?

13. Esi dzi nɔ Artem ƒo wòɖoe kplikpaa be yeawɔ Ŋkuɖodzia le gaxɔ mea, aleke Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi?

13 Gaxɔmenɔnɔ. Mía nɔvi siwo wolé de gaxɔ me le woƒe xɔse ta wɔa wo tɔ sinu ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi. Bu Artem ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Hafi woawɔ Ŋkuɖodzia le ƒe 2020 mea, wolée de gaxɔ me, eye wo ame atɔ̃e nɔ xɔa me. Togbɔ be enɔ gaxɔ me hãa, edi nu siwo wòazã ɖe kpɔɖeŋunuawo teƒe, eye ewɔ ɖoɖo be yeaƒo Ŋkuɖodzinuƒoa na ye ɖokui. Gake ame siwo nɔ gaxɔa me kplii noa atama eye wogblɔa nya ƒaƒãwo. Nu kae Artem wɔ? Eɖe kuku na wo be woagano atama alo agblɔ nya ƒaƒã aɖeke o gaƒoƒo ɖeka pɛ ko. Nukutɔea, wolɔ̃ be yewomawɔ nu mawo le ɣeyiɣi si wòawɔ Ŋkuɖodzia me o. Artem gblɔ be: “Mebia wo be woadi be maƒo nu tso Ŋkuɖodzia ŋu na yewo hãa.” Togbɔ be gbãa, womelɔ̃ be Artem naƒo nu tso wɔnaa ŋu na yewo o hãa, esi wokpɔe wòwɔ wɔnaa vɔa, wobia nya geɖee tso eŋu.

14. Agbagba kae nɔviwo dze be woawɔ Ŋkuɖodzia le dɔvɔ̃ɣia?

14 Corona dɔvɔ̃a. Esi corona dɔvɔ̃a doa, ewɔe be Yehowa ƒe amewo mete ŋu ƒo ƒu ɖekae wɔ Ŋkuɖodzia o. Gake ema mexe mɔ na wo be woagawɔ wɔna vevi ma o. d Hame siwo gbɔ Internet tea ŋu wɔa dɔ nyuie lea wɔ Ŋkuɖodzia to videokadodo dzi. Ke nɔvi gbogbo siwo le nuto siwo me Internet mewɔa dɔ le kura o ya ɖe? Habɔbɔa wɔ ɖoɖo be woaɖe Ŋkuɖodzinuƒoa le television dzi alo woaƒoe le radio dzi le dukɔ aɖewo me. Azɔ hã wotia nɔviwo le alɔdze vovovowo me woƒo nuƒoa wolé ɖi le gbegbɔgblɔ 500 kple edzivɔ me be wòaɖe vi na nɔvi siwo le nuto saɖeagawo me. Nɔvi dovevienu aɖewo hã wɔ ɖoɖo be nuƒoa te ŋu ka nɔvi siwo le nuto mawo me si.

15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔ?

15 Ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu. Susu si tae wòsesẽna na ame aɖewo be woade Ŋkuɖodziae nye be woƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia le ƒe 2021 mea, Biblia nusrɔ̃vi aɖe gblɔ na eƒe Biblia fiala be yemate ŋu ade Ŋkuɖodzia o elabe yeƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe ye ŋu. Eƒe Biblia fialaa xlẽ Luka 22:44 nɛ, eye wòde dzi ƒo nɛ be ne edo go kuxi aɖea, wòasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ado gbe ɖa na Yehowa eye wòaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Esi ŋu kea, nusrɔ̃via di Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋuawo da ɖe alɔ dzi eye wòkpɔ Ŋditadedeagu wɔna tɔxɛa le jw.org. Le fiẽ mea, eya ɖeka nɔ xɔ me ɖo to Ŋkuɖodziwɔnaa to telefon dzi. Le wɔnaa megbea, eŋlɔ nu ɖo ɖe eƒe Biblia fialaa be: “Nya siwo nègblɔ nam de dzi ƒo nam ŋutɔ. Mewɔ nu sia nu si mate ŋui dzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu eye Yehowa wɔ susɔea. Dzi dzɔm ŋutɔ eye meda akpe na Yehowa be ekpe ɖe ŋunye!” Ðe nèsusu be Yehowa ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò ne èɖo nɔnɔme sia tɔgbi mea?

16. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo míadze be míade Ŋkuɖodzia dzi? (Romatɔwo 8:31, 32)

16 Yehowa dea asixɔxɔ agbagba siwo míedzena be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be ayra mí ne míeda akpe ɖe nu si wòwɔ na mí ta. (Xlẽ Romatɔwo 8:31, 32.) Eya ta, mina míaɖoe kplikpaa ade Ŋkuɖodzia le ƒe sia me, eye míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me.

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

a Le Braɖa, April 4, 2023 dzia, ame miliɔn geɖe le xexea me godoo ade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa. Emae anye zi gbãtɔ si wo dometɔ aɖewo woade. Ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye womegade Ŋkuɖodzia kpɔ o ƒe geɖe hã dometɔ aɖewo ade. Nenema kee togbɔ be nɔnɔme aɖewo ate ŋu axe mɔ na ame aɖewo hafi hãa, woadze agbagba ade. Aleke kee wò nɔnɔmea ɖale o, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne èdze agbagba de wɔna vevi ma.

b Woxɔe se be le wɔna ma mea, aboloa kple wain la trɔna zua Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ. Eye ɣesiaɣi si ame aɖe ɖu aboloa alo no wain la, ke efia be Yesu ƒe ŋutilã kple ʋue nye ema wògatsɔ sa vɔe.

c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

d Kpɔ nyati siwo nye “2021 Memorial Commemoration” (« Le Mémorial de 2021 ») le jw.org.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Tso ƒe 1960-awo me va de asi na egbea, wole asi trɔm le Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo ŋu be woaganyo ɖe edzi, eye fifia wowɔa eƒe tata tɔ kple mɔ̃ dzi tɔ siaa.

f NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Wɔwɔfia ƒe foto—Nɔvi aɖewo le Ŋkuɖodzia wɔm esime ʋunyaʋunya nɔ edzi yim le woƒe dukɔa me.