Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

Yehowa Lɔ̃ Wò Vevie

Yehowa Lɔ̃ Wò Vevie

“Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe.”YAK. 5:11.

TAÐODZINUA

Míakpɔ ale si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ tea mí ɖe eyama ŋu henana míeɖea dzi ɖi kple ale si eƒe lɔlɔ̃a nana míekpɔnɛ be eléa be na mí eye wònana míenɔa dedie.

1. Aleke nèsusuna be Yehowa le?

 ALEKE nèsusuna be Yehowa le? Ne èle gbe dom ɖa nɛa, nu kae vaa susu me na wò tso eŋu? Togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa o hãa, Biblia ɖɔe le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be Yehowa nye “míaƒe ɣe kple míaƒe akpoxɔnu,” eye enye “dzo si fiãa nu.” (Ps. 84:11; Heb. 12:29) Ezekiel zã safir-kpe, sika kple klosalo tsaka siwo le dzo dam, kpakple anyieʋɔ tsɔ ɖɔ Yehowa ƒe dzedzeme. (Eze. 1:​26-28) Ale si woɖɔ Yehowae nana gbɔgblɔ buna ɖe mí, eye ate ŋu ana míavɔ̃e gɔ̃ hã.

2. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woate ɖe Yehowa ŋu?

2 Esi míate ŋu akpɔ Yehowa o taa, ate ŋu asesẽ na mí be míaxɔe ase be elɔ̃ mí. Ame aɖewo meka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu alɔ̃ yewo o, le nu siwo me woto le agbe me ta. Ðewohĩ wo fofo meɖe lɔlɔ̃ fia wo o. Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me, eye esea egɔme na mí. Edi be yeakpe ɖe mía ŋu, esia tae wòɖe eƒe amenyenye fia mí le eƒe Nyaa me.

3. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu?

3 Yehowa nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Lɔlɔ̃e nye eƒe amenyenye ƒe akpa vevitɔ, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu si wòwɔna dzi. Mawu ƒe lɔlɔ̃a deto eye wòkeke ta ale gbegbe be elɔ̃a ame siwo melɔ̃e o gɔ̃ hã. (Mat. 5:​44, 45) Le nyati sia mea, míasrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu ayi ŋgɔe. Esia ana míanya nu geɖe tso mía Mawua ŋu, eye míalɔ̃e geɖe wu.

YEHOWA LƆ̃ MÍ ALE GBEGBE

4. Aleke Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ nana nèsena le ɖokuiwò me? (Kpɔ fotoa hã.)

4 “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe.” (Yak. 5:11) Le Biblia mea, Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple vidada si ƒe dɔme trɔna ɖe via ŋu. (Yes. 66:​12, 13) Kpɔe ɖa le susu me be vidada aɖe kɔ eƒe vidzĩ ɖe akɔnu, eye wòle ha dzim nɛ alo le fefem kplii. Ne ɖevia le avi fam alo le veve semaa, ewɔa nu sia nu si wòate ŋui be eƒe dzi nadze eme eye wòadzudzɔ avia. Nenema kee míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòalé be na mí ne nu te ɖe mía dzi. Hakpalaa gblɔ be: “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.”—Ps. 94:19.

“Ale si vidada faa akɔ na via la, nenemae manɔ akɔ fam na mi” (Kpɔ memama 4)


5. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ɖea vi na wòe?

5 Yehowa ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa mí. (Ps. 103:8) Meɖea kɔ ɖa le mía ŋu ne míewɔ nu gbegblẽ o. Edzɔ enuenu be blema Israel-viwo mewɔ nuteƒe nɛ o, gake esi wotrɔ dzi mea, eyi edzi lɔ̃ wo eye wògblɔ na wo be: ‘Miexɔ asi le ŋkunyeme, mede bubu mia ŋu, eye melɔ̃ mi.’ (Yes. 43:​4, 5) Yehowa lɔ̃ míawo hã nenema ke. Míate ŋu aka ɖe eƒe lɔlɔ̃ dzi ɣesiaɣi. Ne míeda vo gã aɖe hãa, Yehowa megbea mí o. Ne míetrɔ dzi me eye míetrɔ va egbɔa, ayi edzi alɔ̃ mí abe tsã ene. Edo ŋugbe be ‘yeatsɔ ake mí geɖe.’ (Yes. 55:7) Biblia gblɔ be ne Yehowa tsɔ ke mía, ‘míakpɔ dzidzemeɣiwo tso eya ŋutɔ gbɔ.’—Dɔw. 3:19.

6. Nu kae Zakariya 2:8 fia mí tso Yehowa ŋu?

6 Xlẽ Zakariya 2:8. Míaƒe ŋku nye ŋutilã ƒe akpa vevi aɖe eye míedina be naneke nakae o. Eya ta esi Yehowa gblɔ be míele abe yeƒe ŋkuvi enea, ɖeko wòle abe ele gbɔgblɔm be, “Ne ame aɖe wɔ nu vevi mi, nye amewoa, ke nye ŋutɔ ŋue wòwɔe ɖo” ene. Esi Yehowa lɔ̃ mí taa, ne nu te ɖe mía dzia, etena ɖe eya hã dzi eye wòdi vevie be yeakpɔ mía ta. Ne míele veve semaa, eya hã sea veve. Eya ta abe hakpalaa enea, míate ŋu ado gbe ɖa be Yehowa ‘nalé be na mí abe eƒe gadaglamakui alo ŋkuvi ene.’—Ps. 17:8.

7. Nu ka tae wòhiã be míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa lɔ̃ mí?

7 Yehowa di be míaka ɖe edzi be yelɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe. Gake enya hã be nu siwo me míeto va yi ate ŋu ana wòasesẽ be míaka ɖe edzi be yelɔ̃ mí. Alo ɖewohĩ míele nɔnɔme sesẽwo me tom fifia si na wòsesẽ na mí be míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí? Eyae nye be míasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa lɔ̃ Yesu, amesiaminawo, kple mí katã ŋu.

ALE SI YEHOWA ÐE LƆLƆ̃ FIA MÍI

8. Nu kae na Yesu ka ɖe edzi be ye Fofo lɔ̃ ye?

8 Yehowa kple Via malɔ̃nugbɔa nɔ anyi ɖekae ƒe miliɔn akpe geɖe hafi va wɔ nu bubu ɖe sia ɖe. Esia na be wo dome va le kplikplikpli eye wolɔ̃ wo nɔewo vevie ŋutɔ. Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ Viae gblɔ le Mateo 17:5 be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Yehowa ate ŋu agblɔ ko be, ‘Esiae nye ame si ƒe nu dzea ŋunye’ hafi. Gake esi wòdi be míanya ale si gbegbe yelɔ̃ Yesu ta, eyɔe be “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.” Edze ƒãa be Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Yesu ŋu le ame si ƒomevi wònye kple ale si wòlɔ̃ faa tsɔ eɖokui na ta. (Ef. 1:7) Yesu hã nya nyuie be ye Fofo lɔ̃ ye vavã. Ese le eɖokui me be Yehowa lɔ̃ ye vevie. Esi wòka ɖe esia dzi taa, egblɔe enuenu be ye Fofo lɔ̃ ye.—Yoh. 3:35; 10:17; 17:24.

9. Aleke Romatɔwo 5:5 ɖee fia be Yehowa lɔ̃ amesiaminawo?

9 Yehowa ɖee fia amesiaminawo hã be yelɔ̃ wo. De dzesii be Biblia gblɔ be “wokɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe” woƒe dziwo me. (Xlẽ Romatɔwo 5:5.) Helagbe me nya si gɔme woɖe nenema ɖee fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃ na wo nu sẽ ale gbegbe be woate ŋu atsɔe asɔ kple tɔsisi. Amesiaminawo hã nyae be ‘Mawu lɔ̃ yewo.’ (Yuda 1) Apostolo Yohanes ɖe ale si wosena le wo ɖokui me gblɔ be: “Mikpɔ lɔlɔ̃ si ƒomevi Fofo la tsɔ lɔ̃ míi ɖa, be woayɔ mí be Mawu ƒe viwo.” (1 Yoh. 3:1) Ke amesiaminawo koe Yehowa lɔ̃a? Ao, Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí katã.

10. Nu kae nye nu vevitɔ si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ wò?

10 Nu vevitɔ si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí ye nye tafea. Tafeae nye lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna gãtɔ kekeake! (Yoh. 3:16; Rom. 5:8) Yehowa tsɔ Via xɔasia na be wòva ku ɖe amegbetɔwo katã ta ale be wòate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye míazu exɔlɔ̃wo. (1 Yoh. 4:10) Ne míedea ŋugble le nu siwo gbegbe Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋua, esia ana míakpɔ ale si gbegbe wolɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖee. (Gal. 2:20) Menye esi Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo bia be woaxe tafea ta koe wòtsɔ Via Yesu, si nye eƒe nu vevitɔ, na ɖo o. Ke esi wòlɔ̃ amegbetɔwo hã tae. Yehowa ɖe mɔ Via kpe fu heku ɖe mía ta.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Yeremiya 31:3?

11 Abe ale si míeva srɔ̃e enea, menye ɖeko Yehowa lɔ̃ mí ko evɔ o, ke eɖenɛ gblɔna hã. (Xlẽ Yeremiya 31:3.) Ete mí ɖe eɖokui ŋu le esi wòlɔ̃ mí ta. (Tsɔe sɔ kple 5 Mose 7:​7, 8.) Naneke alo ame aɖeke mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ gbɔ o. (Rom. 8:​38, 39) Aleke lɔlɔ̃ sia nana nèsena le ɖokuiwò me? Xlẽ Psalmo 23, eye nàkpɔ ale si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple beléname na David se le eɖokui me kple ale si wòate ŋu ana míawo hã míase le mía ɖokui me.

ALEKE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ NANA NÈSENA LE ÐOKUIWÒ ME?

12. Gblɔ nya vevi siwo le Psalmo 23 lia me kpuie.

12 Xlẽ Psalmo 23:​1-6. Le Psalmo 23 lia, David ɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye eye wòléa be na ye. Eƒo nu tso kadodo kplikplikpli si nɔ eya kple Yehowa dome ŋu, eye wògblɔ be enye yeƒe Kplɔla. David se le eɖokui me be yele dedie le esi wòna Yehowa fia mɔe ta. Eɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu le nu sia nu me. David nya be Yehowa alɔ̃ ye le yeƒe agbemeŋkekewo katã me. Nu kae na wòka ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi nenema?

13. Nu kae na David ka ɖe edzi be Yehowa alé be na ye?

13 “Naneke mahiãm o.” David kpɔe be Yehowa léa be na ye, elabe ekpɔa yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye ɣesiaɣi. David nya hã be Yehowa nye ye xɔlɔ̃ eye yeƒe nu dzea eŋu. Esia tae wòka ɖe edzi be nu ka kee ava dzɔ ɖe ye dzi o, Yehowa ayi edzi akpɔ yeƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na ye. Esi David nya nyuie be Yehowa lɔ̃ ye eye alé be na ye taa, metsi dzimaɖi o, ke boŋ eyi edzi kpɔ dzidzɔ eye nu siwo le esi dze eŋu.—Ps. 16:11.

14. Aleke Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe?

14 Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe, vevietɔ ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi. Bu nu si me Nɔvinyɔnu Claire, a si subɔ le Betel ƒe 20 kple edzivɔwo toa ŋu kpɔ. Gbagbadɔ dze fofoa dzi, woɖe nɔvianyɔnu le haa me, ƒomea ƒe dɔ gblẽ si na woɖu agba, eya ta gadzraɖoƒea va xɔ woƒe aƒea le wo si. Nu siawo na Claire tɔtɔ ale gbegbe. Aleke Yehowa lé be na woe? Claire gblɔ be: “Yehowa kpɔa egbɔ be nu si nye ƒomea hiã gbe sia gbea sua wo si. Zi geɖea, ewɔnɛ wògbɔa nu siwo míesusu ŋu gɔ̃ hã. Medea ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋua ŋu zi geɖe, eye nyemaŋlɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ mí be o. Ŋkuɖoɖo nu mawo dzi kpena ɖe ŋunye be xaxawo menana dzi ɖena le ƒonye o.”

15. Nu kae kpe ɖe David ŋu be wòyi edzi subɔ Yehowa kple dzidzɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

15 “Ena megbɔ ɖe eme.” Kuxi siwo va David dzi na be wòtsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi. (Ps. 18:​4-6) Ke hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple beléname na eƒe dzi dze eme. Ðeko wòle abe ɖe Yehowa kplɔ exɔlɔ̃a si dzi nu te ɖo la yi “gbeɖuƒe damawo” kple “gbɔɖemeƒe tɔwo nu” ene. Esia wɔe be ŋusẽ gaɖo eŋu wòyi edzi subɔ Yehowa kple dzidzɔ.—Ps. 18:​28-32.

Esi David nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hãa, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple beléname na eƒe dzi dze eme (Kpɔ memama 15)


16. Aleke lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia wò nana wò dzi dzea eme?

16 Nenema kee egbea, togbɔ be míele xaxa geɖewo me tom hãa, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o tae míetsrɔ̃ o ɖo.” (Kony. 3:22; Kol. 1:11) Bu nu si dzɔ ɖe Rachel dzi ŋu kpɔ. Le corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea, srɔ̃a gbee eye wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Esia gbã dzi na Rachel ale gbegbe. Aleke Yehowa kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Yehowa ʋã nɔviwo woɖe lɔlɔ̃ fiam. Wokpɔa ɣeyiɣi ɖe ŋunye, woɖaa nu vɛ nam, woŋlɔa text message kple mawunyakpukpuiwo ɖona ɖem tsɔ dea dzi ƒo nam, wokoa alɔgbɔnu nam, eye woɖoa ŋku edzi nam be Yehowa tsɔ ɖe le eme nam. Medaa akpe na Yehowa enuenu be wòna nɔviwo ƒe ƒome gã sia si lɔ̃m vevie lam.”

17. Nu ka tae David mevɔ̃ “vɔ̃ aɖeke o”?

17 “Nyemevɔ̃a vɔ̃ aɖeke o, elabena èli kplim.” Futɔ sesẽwo tso ɖe David ŋu, eye eƒe agbe ɖo afɔku me zi geɖe. Ke hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na wòse le eɖokui me be yele dedie. David de dzesii be Yehowa nɔ kpli ye le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, eye esia do ŋusẽe. Eya ta ete ŋu dzi ha be: “[Yehowa ɖem] tso nu siwo katã vɔ̃m mele la me.” (Ps. 34:4) Togbɔ be nu dziŋɔwo dzɔ ɖe David dzi hãa, eɖu vɔvɔ̃ dzi elabe enya be Yehowa lɔ̃ ye.

18. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ wò ne èle nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ aɖe me tom?

18 Aleke ale si Yehowa ka ɖe edzi na mí be yelɔ̃ mí la kpena ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme siwo ɖi vɔvɔ̃ me tom? Nɔvinyɔnu Susi si nye mɔɖela gblɔ ale si eya kple srɔ̃a se le wo ɖokui me esime wo viŋutsu wu eɖokui. Egblɔ be: “Ne nu dziŋɔ sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwòa, ɖeko nàtɔtɔ eye wɔna navɔ le ŋuwò. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kpe ɖe mía ŋu míese le mía ɖokui me be míele dedie.” Rachel si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Gbe ɖeka le zã mea, melé blanui vevie, metsi dzimaɖi eye vɔvɔ̃ ɖom. Mefa avi hehehe yɔ Yehowa. Enumake nye susu dze akɔ anyi eye nye dzi dze eme abe vidzĩ si le nɔa ƒe akɔnu ene, eye mete ŋu dɔ alɔ̃. Nyemaŋlɔ nu si dzɔ zã ma me be akpɔ o.” Wolé Tasos si nye hamemetsitsi de gaxɔ me ƒe ene le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o ta. Aleke Yehowa lé be nɛ lɔlɔ̃tɔe? Egblɔ be: “Yehowa kpɔ nye nuhiahiãwo katã gbɔ nam wògbɔ edzi gɔ̃ hã. Esia na mekpɔe be mate ŋu aka ɖe eyama dzi bliboe. Azɔ hã, togbɔ be nu siwo yia edzi le gaxɔ me ɖea dzi le ame ƒo hãa, Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi kpe ɖe ŋunye be menɔ dzidzɔ kpɔm. Esia na meka ɖe edzi be ne meyi edzi ku ɖe Yehowa ŋua, awɔ nyui nam. Eya ta mete gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esime menɔ gaxɔ me.”

TE ÐE YEHOWA, MAWU SI ƑE DƆME TRƆNA ÐE AME ŊUA ŊU

19. (a) Ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mía, aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe gbedodoɖawo dzi? (b) Nya siwo wogblɔ tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu kae lé dzi na wò wu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nya Siwo Na Míekpɔ Ale Si Gbegbe Yehowa Lɔ̃ Mí.”)

19 Nuteƒekpɔkpɔ siwo katã me míedzroa ɖee fia be Yehowa si nye ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu la’ li kpli mí! (2 Kor. 13:11) Etsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Míeka ɖe edzi be ‘eƒe amenuveve ƒo xlã mí.’ (Ps. 32:10) Ne míedea ŋugble le ale si wòɖea lɔlɔ̃ fia mí ŋua, ana míakpɔe be eléa be na mí eye míate ɖe eŋu. Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ faa agblɔ ale si gbegbe míehiã eƒe lɔlɔ̃a nɛ. Míate ŋu agblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã nɛ, elabe míeka ɖe edzi be ase nu gɔme na mí eye edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu.—Ps. 145:​18, 19.

20. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ tea mí ɖe eŋu?

20 Ale si ko le vuvɔŋɔli míetena ɖe dzo ŋu be wòaɖo lãme na mía, nenema kee Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dea agbe mía me eye wòtena mí ɖe eyama ŋu. Nyateƒee wònye be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de to, efaa akɔ na ame eye wònana ame ƒe dzi dzea ame. Ðe medzɔa dzi na wò be Yehowa lɔ̃ wò oa? Esi Yehowa lɔ̃ mí alea gbegbe taa, mina míawo hã míawɔ nu abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Melɔ̃a Yehowa”!—Ps. 116:1.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke nàɖɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃?

  • Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye vevie?

  • Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ nana nèsena le ɖokuiwò me?

HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.