Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 5

HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃

Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Le Vi Ðem Na Mí

Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Le Vi Ðem Na Mí

“Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.”1 TIM. 1:15.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si tafevɔsaa le vi ɖem na mí kple ale si míada akpe na Yehowa ɖe eta.

1. Nu kae míawɔ be Yehowa nakpɔ dzidzɔ?

 TSƆE be èna nu nyui aɖe ame aɖe si nèlɔ̃ vevie. Nunanaa nya kpɔ eye ezãza aɖe vi nɛ. Ate ɖe dziwò ŋutɔ ne amea tsɔ nunana ma da ɖe afi aɖe eye meganyea kɔ kpɔnɛ gɔ̃ hã o! Gake ne amea wɔ nu si nètsɔ nɛ la ŋu dɔ nyuie eye wòda akpe ɖe eta la, dzi adzɔ wò ŋutɔ. Nu nyui aɖee Yehowa na mí esi wòna Via va ku ɖe mía ta. Dzi adzɔ Yehowa ŋutɔ ne míede asixɔxɔ eƒe nunana gã xɔasi si nye tafevɔsaa kpakple lɔlɔ̃ deto si wòɖe fia mí la ŋu!—Yoh. 3:16; Rom. 5:​7, 8.

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be míagava nɔ asixɔxɔ dem nunana xɔasi si nye tafea ŋu o. Anɔ ko abe míetsɔ Mawu ƒe nunana xɔasi ma da ɖe afi aɖe ko eye míeganyea kɔ kpɔnɛ o ene. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míayi edzi anɔ ŋugble dem le nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí ŋu eye míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia. Míadzro ale si tafea le vi ɖem na mí fifia kple ale si wòava ɖe vi na mí le etsɔme la me. Azɔ hã, míadzro nu si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ate ŋu aʋã mí míawɔ, vevietɔ le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me la me.

ALE SI TAFEA LE VI ÐEM NA MÍ FIFIA

3. Aleke tafea le vi ɖem na mí fifia?

3 Kristo ƒe tafevɔsaa le vi ɖem na mí fifia. Le kpɔɖeŋu me, tafea na be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Mele be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí kokoko hafi o. Gake edi vevie be yeatsɔ ake mí. Hakpala aɖe da akpe ɖe esia ta esi wògblɔ be: “Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Ps. 86:5; 103:​3, 10-13.

4. Ame kawo tae Yehowa wɔ tafe ƒe ɖoɖoa? (Luka 5:32; 1 Timoteo 1:15)

4 Ate ŋu awɔ na ame aɖewo be yewomedze na Yehowa ƒe tsɔtsɔke o. Le nyateƒe me la, mí katã míedze na Mawu ƒe tsɔtsɔke o. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi eye wògblɔ be “nyemedze woayɔ be apostolo o.” Gake egblɔ kpee be: “Le Mawu ƒe amenuveve me la, mezu nu si menye egbea.” (1 Kor. 15:​9, 10) Ne míetrɔ dzi me la, Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Nu ka tae? Menye esi míedze na eƒe tsɔtsɔke tae o, ke boŋ le esi wòlɔ̃ mí tae. Ne èsena le ɖokuiwò me be yemedze na Mawu ƒe tsɔtsɔke o la, ke ɖo ŋku edzi be menye ame siwo ŋu nu vɔ̃ mele o tae Yehowa wɔ tafe ƒe ɖoɖoa ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la tae.—Xlẽ Luka 5:32; 1 Timoteo 1:15.

5. Ðe mía dometɔ aɖe ate ŋu agblɔ be yedze na Yehowa ƒe tsɔtsɔkea? Ðe eme.

5 Ne ƒe geɖee nye esia míele Yehowa subɔm gɔ̃ hã la, mele be mía dometɔ aɖeke nase le eɖokui me be yedze na Yehowa ƒe tsɔtsɔke o. Le nyateƒe me la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ƒe geɖe siwo míetsɔ le nuteƒe wɔm nɛ la ŋu. (Heb. 6:10) Etsɔ Via na wònye nunana faa, ke menye fexexe na mí ɖe míaƒe subɔsubɔdɔwo ta o. Mele be wòawɔ na ame aɖeke be esi yewɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ta la, yedze na eƒe tsɔtsɔke o. Ne ame aɖe susu nuwo ŋu nenema la, ke efia be ele gbɔgblɔm be mehiã be Kristo naku ɖe ye ta o.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 2:21.

6. Nu ka tae Paulo do vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me?

6 Paulo nyae be nu ka kee yeɖawɔ le Yehowa subɔsubɔ me o, yemate ŋu aƒu asi akɔ agblɔ be yedze na Yehowa ƒe tsɔtsɔke o. Ke nu ka tae wòdo vevie Yehowa subɔsubɔ nenema gbegbe? Mewɔ esia be yeatsɔ aƒu asi akɔ o, ke boŋ be yeatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe amenuveve ta. (Ef. 3:7) Abe Paulo ene la, menye ɖe míetsɔa dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu be Yehowa nanɔ te ɖe ema dzi atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o, ke boŋ ɖe míele ewɔm be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia.

7. Mɔ bubu ka nue tafea le vi ɖem na mí fifia le? (Romatɔwo 5:1; Yakobo 2:23)

7 Mɔ bubu si nu tafea ɖea vi na mí le fifia ye nye be ate ŋu ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mí kple Yehowa dome. a Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, womedzia ame aɖeke kple xɔse o, eye ƒomedodo mele ame aɖeke kple Mawu dome tso edziɣi o. Gake le tafea ta la, míate ŋu anɔ “ŋutifafa me kple Mawu” eye ƒomedodo nyui nanɔ mía kplii dome.—Xlẽ Romatɔwo 5:1; Yakobo 2:23.

8. Nu ka tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖe gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ si le ʋuʋu ɖi na mí ta?

8 Esi ƒomedodo kplikplikpli va le mí kple Yehowa dome ta la, míete ŋu doa gbe ɖa nɛ tso dzi me faa. Menye gbe siwo míedona ɖa ne míeva ƒo ƒu ɖekae koe Yehowa sena o, ke esea gbe siwo mía dometɔ ɖe sia ɖe dona ɖa le eɖokui si hã. Gbedodoɖa ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme eye wòana míakpɔ tomefafa. Gake eƒe viɖewo mese ɖe afi ma o. Gbedodoɖa ate ŋu ana mía kple Mawu dome ƒomedodoa me nagasẽ ɖe edzi. (Ps. 65:2; Yak. 4:8; 1 Yoh. 5:14) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, edo gbe ɖa edziedzi na Yehowa elabe enyae be eɖoa to gbedodoɖa, eye enyae hã be gbedodoɖa ana ye kple ye Fofo dome nanɔ kplikplikpli. (Luka 5:16) Aleke gbegbee míeda akpe ye nye esi be le Yesu ƒe vɔsaa ta la, míate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃wo eye míate ŋu aƒo nu na Yehowa faa le gbedodoɖa me!

ALE SI YESU ƑE VƆSAA AÐE VI NA MÍ LE ETSƆME

9. Aleke tafea aɖe vi na Yehowa subɔlawo le etsɔme?

9 Aleke tafea aɖe vi na Yehowa subɔlawo le etsɔme? Yehowa anɔ te ɖe tafea dzi ana woava nɔ agbe tegbee. Ame geɖe susui be esia mate ŋu ava eme o elabe ƒe akpe geɖee nye esia amegbetɔwo le kukum. Gake Yehowa ƒe tameɖoɖo tso gɔmedzedzea ye nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee. Ne ɖe Adam mewɔ nu vɔ̃ o la, anye ne ame aɖeke mabu agbe tegbee nɔnɔ be enye drɔ̃enya aɖe ko o. Togbɔ be egbea, agbe tegbee nɔnɔ gɔmesese ate ŋu asesẽ na ame aɖewo hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be esia ava eme, elabe nu xɔasitɔ kekeake si nye Via ƒe agbee Yehowa tsɔ xe fe be esia nava eme.—Rom. 8:32.

10. Nu kae amesiaminawo kple alẽ bubuawo le mɔ kpɔm na?

10 Togbɔ be agbe tegbee nɔnɔ nye etsɔmeyayra hã la, Yehowa di be míanɔ eŋu bum fifia. Amesiaminawo le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi dodzidzɔname si me woayi dziƒo eye woaɖu fia kple Kristo. (Nyaɖ. 20:6) Yehowa subɔla bubuawo, siwo Biblia yɔ be alẽ bubuawo hã le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi eye vevesese kple konyifafa nu ayi. (Nyaɖ. 21:​3, 4) Ðe wò hã èle mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe tegbee le anyigba dzia? Esia menye nu tsɛ kura o, asixɔxɔ le eŋu abe dziƒo mɔkpɔkpɔa ke ene! Ðe Yehowa wɔ mí be míanɔ agbe le anyigba dzi, eye ale si wòdi be nuwo nanɔ na mí la le ŋgɔ gbɔna. Agbenɔnɔ le anyigba dzi ana míakpɔ dzidzɔ ale gbegbe.

11-12. Yayra kawoe míele mɔ kpɔm na le Paradisoa me? (Kpɔ nɔnɔmetatawo hã.)

11 Bu ale si agbea anɔ na wò le Paradisoa me ŋu kpɔ. Màgatsi dzi ɖe dɔléle alo ku ŋu kura o. (Yes. 25:8; 33:24) Yehowa ana nu nyui siwo katã dim nèle la nasu asiwò. Nu kawo ŋue nàdi be yeasrɔ̃ nu tsoe? Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso lãwo alo xewo ŋua? Àdi be yeasrɔ̃ haƒonu aɖe ƒoƒoa? Àdi be yeasrɔ̃ nutata alo aɖaŋudɔ aɖea? Ðikeke mele eme o be woahiã na xɔtalawo, xɔtulawo kple agbledelawo. Azɔ hã, woahiã na dɔwɔla bubuwo abe, nuɖala bibiwo, ame siwo awɔ dɔwɔnu nyui siwo woazã kple ame siwo atso abɔ dzeaniwo. (Yes. 35:1; 65:21) Esi míava nɔ agbe tegbee ta la, ɣeyiɣi anɔ anyi nàsrɔ̃ dɔ sia dɔ si nèdi.

12 Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye be míado wòezɔ na ame siwo woafɔ ɖe tsitre! (Dɔw. 24:15) Eye bu dzidzɔ si gbegbe nàkpɔ ne èle nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu be nàganya eyama ɖe edzi geɖe wu ŋu kpɔ. (Ps. 104:24; Yes. 11:9) Ƒo wo katã ta la, bu dzidzɔ si gbegbe wòanye be nàsubɔ Yehowa tegbee eye magahiã be nàbia nu vɔ̃ ƒe tsɔtsɔke o, le esi nu vɔ̃ megali o ŋu kpɔ! Ðe nàdi be “nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko” la nana yayra siawo gbegbe nato ŋuwòa? (Heb. 11:25) Kura o! Yayra siwo le ŋgɔ gbɔna la ƒo nu sia nu si ame ate ŋu ase vivi na le nuɖoanyi sia me la ta sãsãsã. Ðo ŋku edzi be anyigba dzi Paradisoa ava eme ŋutɔŋutɔ kpuie. Eye manye nu si míanɔ mɔ kpɔm na ɖaa o. Ne ɖe Yehowa melɔ̃ mí alea gbegbe be wòtsɔ Via na ɖe mía ta o la, anye ne nu nyui siawo katã masu mía si o!

Yayra kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie le Paradisoa me? (Kpɔ memama 11-12)


KPƆ ŊUDZEDZE ÐE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ GÃ LA ŊU

13. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu? (2 Korintotɔwo 6:1)

13 Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ na mí ŋu? Ðekae nye be míatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Mat. 6:33) Le nyateƒe me la, Yesu ku ɖe mí katã ta “ale be ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.” (2 Kor. 5:15) Míadi gbeɖe be míaxɔ Mawu ƒe amenuvevea evɔ míada taɖodzinu si le eŋu ya aƒu o.— Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:1.

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi?

14 Míagate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu ne míeka ɖe eyama dzi hewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ne ehiã be míatso nya me le nya veviwo abe, afi si míade suku ase ɖo alo dɔ si míawɔ ene ŋu la, ahiã be míabu nu si Yehowa di tso mía si ŋu. (1 Kor. 10:31; 2 Kor. 5:7) Ne míeka ɖe Yehowa dzi eye míetso nya me wòwɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, míaƒe xɔse me asẽ, mía kplii dome aganyo ɖe edzi, eye míaƒe mɔkpɔkpɔa hã me agasẽ ɖe edzi.—Rom. 5:​3-5; Yak. 2:​21, 22.

15. Nu kawoe míawɔ le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?

15 Mɔ bubu aɖe gali si dzi míato aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia mí la ŋu. Eyae nye be míawɔ geɖe le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me atsɔ aɖee afia Yehowa be míeda akpe nɛ ɖe tafea ta. Ele vevie be míawɔ ɖoɖo ade Ŋkuɖodzia, eye míakpe ame geɖewo hã be woade. (1 Tim. 2:4) Ðe ale si wɔnaa ayi edzi le Ŋkuɖodzia me na ame siwo nàkpe. Aɖe vi ŋutɔ ne èɖe video siwo nye Nu Ka Tae Yesu Ku? kple Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi siwo le jw.org la fia wo. Hamemetsitsiwo, miɖo ŋku edzi miakpe ame siwo dzudzɔ gbeadzi alo kpekpeawo dede. Bu dzidzɔ si gbegbe wòanye le dziƒo kple anyigba dzi ne Yehowa ƒe alẽ siwo bu la dometɔ aɖewo trɔ va eƒe alẽhaa dome ŋu kpɔ! (Luka 15:​4-7) Le Ŋkuɖodziŋkekea dzi la, míaɖo ŋku edzi be menye mía nɔvi siwo míekpɔna ɣesiaɣi koe míado gbe na o, ke míado gbe na ame yeyewo kple ame siwo megade kpekpeawo kpɔ o hã. Míedi be míana woakpɔe be míexɔ yewo nyuie!—Rom. 12:13.

16. Nu ka tae wòanyo be míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiwo me?

16 Ðe nàte ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo mea? Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu kple Kristo wɔ na wò la ŋu. Zi ale si nèle vevie dom nu le Yehowa subɔsubɔ me la, zi nenemae nàkpɔe be Yehowa li kpli ye eye esia ana nàgaka ɖe eyama dzi geɖe wu. (1 Kor. 3:9) Azɔ hã, dze agbagba nàzɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me alo esi dze le kwasiɖa domedome kpekpea ƒe nusrɔ̃gbalẽa me dzi. Àte ŋu aɖoe gɔ̃ hã be yeatia Biblia ƒe akpa mawo atsɔ asrɔ̃ nu le ɖokuiwò si.

17. Nu kae dzea Yehowa ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàɖee Afia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Gã La Ŋu.”)

17 Ðewohĩ nɔnɔmeawo maɖe mɔ na wò nàwɔ nu sia nu si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me dzi o. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa matsɔ wò ŋutetewo asɔ kple ame bubuwo tɔ o. Ekpɔa ŋudzedze ɖe nu si lɔlɔ̃ aʋã wò nàwɔ nɛ la ŋu. Ne ètso dzi blibo me ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nunana xɔasi si nye tafea ŋu la, edzea eŋu ŋutɔ.—1 Sam. 16:7; Marko 12:​41-44.

18. Nu ka tae wòle be míanɔ akpe dam na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo?

18 Yesu ƒe tafevɔsaa ʋu mɔ be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, míate ɖe Yehowa ŋu anye exɔlɔ̃wo, eye míanɔ mɔ kpɔm na agbe tegbee nɔnɔ. Mina míayi edzi aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto si ʋãe wòwɔ ɖoɖo nyui siawo na mí la ŋu. (1 Yoh. 4:19) Neva eme be míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu hã wɔ na mí ŋu, elabe elɔ̃ mí vevie eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta!—Yoh. 15:13.

HADZIDZI 154 Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O

a Yehowa tsɔ esubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la ƒe nu vɔ̃wo ke wo hafi Kristo va xe tafea gɔ̃ hã. Yehowa wɔ esia elabe eka ɖe edzi be ye Vi la awɔ nuteƒe va se ɖe ku me. Le Mawu gbɔ la, ɖeko wòle abe ɖe woxe tafea xoxo ene.—Rom. 3:25.