Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 1

HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa

Mitsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ

Mitsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ

ƑE 2025 ƑE MAWUNYAKPUKPUIA: “Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ.”PS. 96:8.

TAÐODZINUA

Míasrɔ̃ ale si míatsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na la anɛ.

1. Nu ka ŋue ame geɖe tsia dzi ɖo egbea?

 ÈDE dzesii be le ŋkeke siawo me la, ame geɖe tsia dzi ɖe wo ɖokuiwo ko ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe zãa Internet dzi hahokadoƒewo tsɔ hea susu vaa wo ɖokuiwo kple nu siwo gbegbe wote ŋu wɔ la dzi. Gake ame ʋɛ aɖewo koe kafua Yehowa Mawu. Le nyati sia me la, míakpɔ nu si wòfia be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa kple nu siwo wòle be wòaʋã mí míawɔ esia. Eyome míasrɔ ale si míatsɔ bubu si Yehowa dze na la anɛ. Mlɔeba, míakpɔ ale si Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu le etsɔme.

NU KAE WÒFIA BE MÍATSƆ ŊUTIKƆKƆE ANA YEHOWA?

2. Aleke Yehowa ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia le Sinai Toa gbɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata hã.)

2 Biblia ɖee fia be Yehowae nye Mawu Gã si ɖeke mesɔ kplii o. Esi Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte la, ewɔ dzesi aɖewo tsɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia eƒe amewo. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me: Israel-vi akpe teƒe akpe geɖe va ƒo ƒu ɖe Sinai Toa gbɔ le woƒe Mawu ŋkume. Alilikpo dodo aɖe va tsyɔ toa tame. Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, dzi nɔ gbe ɖem henɔ dzo kem eye kpẽ aɖe hã nɔ ɖiɖim sesĩe. (2 Mose 19:​16-18; 24:17; Ps. 68:8) Kpɔ ale si gbegbe wòawɔ nuku na Israel-viwo esi Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe fia woe ɖa.

Yehowa zã eƒe ŋusẽ triakɔ la tsɔ wɔ dzesi gãwo tsɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia Israel-viwo le Sinai Toa gbɔ (Kpɔ memama 2)


3. Nu kae wòfia be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa?

3 Ke ɖe mí amegbetɔwo míate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa? Ɛ̃, míate ŋui. Mɔ aɖe si dzi míato ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa ye nye be míaƒo nu tso eƒe ŋusẽ triakɔ la kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu na amewo. Míate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa ne míetsɔ nu siwo wòdo ŋusẽ mí míete ŋu wɔ la ŋuti kafukafu na eyama. (Yes. 26:12) Fia David ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui na mí. Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le Israel ƒe ha la ŋkume la, egblɔ na Mawu be: “Oo Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye, ŋusẽ, atsyɔ̃, nyonyo kple bubu; elabena nu sia nu si le dziƒowo kple anyigba dzi la, tɔwòe.” Esi David wu eƒe gbedodoɖaa nu la, “ha blibo la katã kafu Yehowa.”—1 Kron. 29:​11, 20.

4. Nu kawoe Yesu wɔ tsɔ he ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa?

4 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, etsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa esi wòna amewo nya be ŋusẽ si yetsɔ le nukunuwo wɔm la tso ye Fofo gbɔ. (Marko 5:​18-20) Yesu to ale si wòƒoa nu tso Fofoa ŋu na amewo kple ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu dzi he ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, nyɔnu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ ƒe 18 sɔŋ ye nye ema la hã nɔ nyaselawo dome. Gbɔgbɔ vɔ̃awo wɔe be nyɔnua xa gobaa eye metea ŋu dzɔna o. Ewɔ nublanui loo! Yesu se veve ɖe nyɔnua nu eye wòte ɖe eŋu gblɔ be: “Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.” Eda eƒe asiwo ɖe nyɔnua dzi, enumake nyɔnua dzɔ kã eye “wòde asi Mawu kafukafu me.” Dzi dzɔ nyɔnua ŋutɔ be woda dɔ na ye! (Luka 13:​10-13) Esɔ ŋutɔ be nyɔnua kafu Yehowa eye ele be míawo hã míakafu Yehowa.

NU KAE ƲÃA MÍ BE MÍATSƆ ŊUTIKƆKƆE ANA YEHOWA?

5. Susu kawo tae míedea bubu Yehowa ŋu?

5 Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míedea bubu gã eŋu. Susu geɖe li siwo ta wòle be míade bubu Yehowa ŋu. Eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la eye seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o. (Ps. 96:​4-7) Eƒe nuwɔwɔwo na míekpɔe be eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Eyae na agbe mí eye eyae léa míaƒe agbe ɖe te. (Nyaɖ. 4:11) Nuteƒewɔlae wònye. (Nyaɖ. 15:4) Nu sia nu si wòwɔna dzea edzi eye wòwɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi pɛpɛpɛ. (Yos. 23:14) Eya ta esɔ ŋutɔ be nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ be: “Le dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome la ame aɖeke meli de nuwò o”! (Yer. 10:​6, 7) Vavãe, susu geɖe li siwo tae wòle be míade bubu mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Gake menye bubu koe Yehowa dze na o, eƒe nɔnɔme lédzinamewo nana míelɔ̃nɛ vevie hã.

6. Nu ka tae míelɔ̃ Yehowa vevie?

6 Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míelɔ̃e vevie. Bu eƒe nɔnɔme lédziname siwo tae míelɔ̃e ɖo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Ekpɔa nublanui eye wòsea veve ɖe ame nu. (Ps. 103:13; Yes. 49:15) Ne míele veve sem la, eya hã sea veve. (Zak. 2:8) Ena wòle bɔbɔe na mí be míate ɖe ye ŋu anye ye xɔlɔ̃wo. (Ps. 25:14; Dɔw. 17:27) Ebɔbɔa eɖokui hã elabe Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ebɔbɔ be yeakpɔ dziƒo kple anyigba, efɔa ame tsɛ ɖe tsitre tso ʋuʋudedi me.” (Ps. 113:​6, 7) Susu aɖeke meli si ta ame aɖe agblɔ be yematsɔ ŋutikɔkɔe ana mía Mawu gã la o.—Ps. 86:12.

7. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae su mía si?

7 Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míedi be ame bubuwo nava nya nu tso eŋu. Ame geɖe menya ame si tututu Yehowa nye o. Nu ka tae? Elabe Satana kaka alakpanya vɔ̃ɖiwo tso Yehowa ŋu tsɔ gbã ŋku na amewo. (2 Kor. 4:4) Satana ble amewo woxɔe se be Yehowa doa dziku kabakaba, metsɔa ɖeke le eme na mí o, eye eya gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpe akpa gãtɔ tso. Gake míawo ya míenya nyateƒea tso Mawu ŋu! Eye mɔnukpɔkpɔa su mía si be míana amewo nanya ame si tututu Mawu nye eye míato esia dzi akɔ eƒe ŋkɔa ŋu. (Yes. 43:10) Psalmo 96 lia te gbe ɖe ale si wòle be míakafu Yehowa ahade bubu eŋu la dzi. Esi míele psalmo sia ƒe akpa aɖewo me dzrom la, dze agbagba nàde dzesi mɔ siwo dzi nàte ŋu ato atsɔ ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na la anɛ.

MƆ KAWO DZIE MÍATO ATSƆ ŊUTIKƆKƆE SI YEHOWA DZE NA LA ANƐ?

8. Mɔ kawo dzie míate ŋu ato ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa? (Psalmo 96:​1-3)

8 Xlẽ Psalmo 96:​1-3. Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa ne míeƒoa nu nyui tso eyama ŋu. Le kpukpui siawo me la, wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be: “Midzi ha na Yehowa,” “mikafu eƒe ŋkɔ,” “miɖe gbeƒã eƒe xɔname ŋuti nya nyui la,” eye “miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.” Míate ŋu ato mɔ siawo katã dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na mía Fofo si le dziƒo. Enye dzidzɔ na Yudatɔ wɔnuteƒewo kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be woagblɔ nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na wo la ŋu nya na amewo eye woaʋli eƒe ŋkɔa ta. (Dan. 3:​16-18; Dɔw. 4:29) Aleke míawo hã míate ŋu awɔ esiae?

9-10. Nu kae nèsrɔ̃ tso Angelena ƒe nuteƒekpɔkpɔa me? (Kpɔ fotoa hã.)

9 Bu nɔvinyɔnu Angelena a si le Amerika ŋu kpɔ. Dzi nɔ eƒo wòʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta le eƒe dɔwɔƒe. Esi woxɔ Angelena ɖe dɔa me yeyee la, wokpe eya kple dɔwɔla yeye bubuwo be woaƒo nu tso wo ɖokui ŋu na dɔwɔla bubuawo. Angelena dzra ɖo be yeatsɔ fotowo afia wo ne woanya be yenye Yehowa Ðasefo eye woakpɔe be míewɔa nu siwo nana míekpɔa dzidzɔ. Gake hafi wòaɖo Angelena dzi la, eƒe dɔwɔhati aɖe si ƒo nu do ŋgɔ nɛ la gblɔ be ye dzilawo nye Yehowa Ðasefo, eye wòɖu fewu le Ðasefowo kple woƒe dzixɔsewo ŋu. Angelena gblɔ be: “Nye dzi koe va nɔ tsotsom. Gake mebia ɖokuinye be: ‘Ðe mazi kpi be ame aɖe nagblɔ alakpanyawo tso Yehowa ŋua? Alo ɖe maʋli eƒe ŋkɔa ta?’”

10 Esi dɔwɔhati ma ƒo nu vɔ wòɖo Angelena dzi la, edo gbe kpui aɖe ɖa le susu me. Eyome eƒo nu bubutɔe gblɔ be: “Nye hã nye nɔnɔmea le abe tɔwò ene. Dzinyelawo nye Yehowa Ðasefowo, eye megakpɔtɔ nye Ðasefo va se ɖe egbe.” Ðoɖoe zi toŋtoŋtoŋ gake Angelena ɖe dzi ɖi. Etsɔ foto siwo eya kple nɔvi bubuwo ɖe le teokrasiwɔnawo me la fia eƒe dɔwɔhatiawo ale be woakpɔe be dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye wòɖe eƒe dzixɔsewo me tufafatɔe. (1 Pet. 3:15) Nu kae do tso esia me? Kaka Angelena nawu eƒe nyawo nu la, ŋutsua ƒe nɔnɔme trɔ kura. Ŋutsua gblɔ be yeɖoa ŋku ale si yekpɔ dzidzɔ esime yenye ɖevi eye yenɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo la dzi. Angelena gblɔ be: “Esɔ be míaʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta. Bubu gã aɖee wònye na mí be míaƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo.” Míawo hã míate ŋu akafu Yehowa nenye be amewo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu hã. Esia nye mɔnukpɔkpɔ aɖe si ɖeke mesɔ kplii o.

Míate ŋu ato míaƒe nuƒoƒo, nuwɔna, kple nunɔamesiwo dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa (Kpɔ memama 9-10) b


11. Aleke Yehowa subɔlawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Psalmo 96:8 dzi tso blema ke?

11 Xlẽ Psalmo 96:8. Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa ne míetsɔ míaƒe nunɔamesiwo nanɛ. Tso blema ke la, mawusubɔla vavãwo lɔ̃na faa tsɔa woƒe nunɔamesiwo kpea asi ɖe eyama subɔsubɔ ŋu. (Lod. 3:9) Le kpɔɖeŋu me, Israel-viwo dzɔ ga kple nunɔamesi bubuwo tsɔ kpe asi ɖe gbedoxɔa tutu kple beléle nɛ ŋu. (2 Fia. 12:​4, 5; 1 Kron. 29:​3-9) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã “tsɔ woƒe nunɔamesiwo” kpe asi ɖe eya kple eƒe apostoloawo ŋu. (Luka 8:​1-3) Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã dzɔ nu tsɔ kpe asi ɖe wo nɔvi siwo ɖo hiã me la ŋu. (Dɔw. 11:​27-29) Egbea, míawo hã míate ŋu ato míaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi akafu Yehowa.

12. Aleke míetoa míaƒe nudzɔdzɔwo dzi hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Bu nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖo kpe edzi be míaƒe nudzɔdzɔwo hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa ŋu kpɔ. Le ƒe 2020 me la, nyatakakawo ɖee fia be kuɖiɖi gblẽ nu le Zimbabwe ŋutɔ. Dɔ to le dukɔa me eye ame miliɔn geɖe mekpɔ nu aɖu o. Mía nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Prisca hã nɔ nɔnɔme sesẽ sia me. Togbɔ be enɔ alea hã, Prisca yia edzi nɔa gbeƒã ɖem le Kuɖagbewo kple Fiɖagbewo abe ale si wòwɔnɛ xoxoxo ene, ewɔa esia le nuƒãɣiwo gɔ̃ hã esime amewo ƒe ŋku biã le woƒe agblewo dzi. Amewo ɖua fewu le eŋu le esia ta hegblɔna nɛ be, “Dɔ awu wò nàku.” Prisca gblɔna na wo kple kakaɖedzi be, “Yehowa megblẽa esubɔlawo ɖi gbeɖe o.” Eteƒe medidi o, habɔbɔa ɖo kpekpeɖeŋununana aɖewo ɖe Prisca. Míaƒe nudzɔdzɔwoe wɔe be míaƒe habɔbɔa te ŋu kpe ɖe Prisca kple nɔvi bubu siwo hiã tu la ŋu. Esi Prisca ƒe nutoa me tɔwo kpɔ kpekpeɖeŋu si habɔbɔa nɛ la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi eye wogblɔ nɛ be, “Mawu megblẽ wò ɖi o nyateƒe, eya ta míawo hã míedi be míasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.” Nutoa me tɔ adre sɔŋ va te kpekpeawo dede.

Míate ŋu azã míaƒe nunɔamesiwo atsɔ ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa (Kpɔ memama 12) c


13. Aleke míate ŋu ato míaƒe agbenɔnɔ dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa? (Psalmo 96:9)

13 Xlẽ Psalmo 96:9. Míate ŋu ato míaƒe agbenɔnɔ dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. Yehowa bia tso nunɔla siwo subɔna le gbedoxɔa me la si be woanɔ dzadzɛ le ŋutilã me. (2 Mose 40:​30-32) Gake esi gale vevie wue nye be míana míaƒe agbenɔnɔ nanɔ dzadzɛ. (Ps. 24:​3, 4; 1 Pet. 1:​15, 16) Ele be míaku kutri vevie aɖe “amenyenye xoxo la” ɖa; esia fia be míaɖe asi le nɔnɔme kple nuwɔna siwo mesɔ o la ŋu, eye míado “amenyenye yeye la,” si fia be míana míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo naɖo kpe edzi be míele Yehowa srɔ̃m. (Kol. 3:​9, 10) Aleke kee ame aɖe ƒe nɔnɔme gblẽ kui o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe eŋu wòatrɔ eye wòado amenyenye yeye la.

14. Nu kae nèsrɔ̃ tso Jack ƒe ŋutinyaa me? (Kpɔ fotoa hã.)

14 Bu aƒetɔ aɖe si ŋkɔe nye Jack ŋu kpɔ. Eƒe ŋutasesẽ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi wɔe be wotsɔ megbeŋkɔ nɛ be Gbɔgbɔ Vɔ̃. Jack wɔ nu vlo geɖe si na wotso kufia nɛ. Gake esi wònɔ gaxɔa me nɔ ŋkeke si woawui lalam la, nɔviŋutsu aɖe si yina ɖaɖia ɖase na amewo le gakpɔa me la do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe Jack gbɔ eye wòlɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Togbɔ be Jack vɔ̃ɖi ŋutɔ hã la, nusɔsrɔ̃a na wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ eye mlɔeba wòva dze xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Jack ƒe nɔnɔme va nyo ale gbegbe be esi ŋkekea ɖo be woawui la, gaxɔdzikpɔlawo dometɔ aɖewo fa avi. Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Tsãa, Jack ye nye gamenɔla si vɔ̃ɖi wu. Gake fifia ya eva nye gamenɔla nyuitɔwo dometɔ ɖeka.” Esi wowu Jack kwasiɖa ɖeka megbe la, nɔviwo gayi ɖawɔ kpekpeawo le gakpɔa me. Wokpɔ be gamenɔla aɖe va kpekpea zi gbãtɔ. Nu kae na wòde kpekpea? Tɔtrɔ siwo Jack wɔ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòdi be yeanya nu si wòle be ye hã yeawɔ be yeasubɔ Yehowa. Nyateƒee, míaƒe agbenɔnɔ ate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa!—1 Pet. 2:12.

Míate ŋu ato míaƒe agbenɔnɔ dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa (Kpɔ memama 14) d


ALEKE YEHOWA AKƆ EƑE ŊKƆA ŊU LE ETSƆME?

15. Aleke Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu keŋkeŋ le etsɔme? (Psalmo 96:​10-13)

15 Xlẽ Psalmo 96:​10-13. Psalmo 96 ƒe kpukpui mamlɛawo ɖɔ Yehowa be enye Ʋɔnudrɔ̃la kple Fia si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Aleke Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu le etsɔme? Ato eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi awɔ esia. Eteƒe madidi o, atsrɔ̃ Babilon Gã la le esi wòƒo ɖi eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ta. (Nyaɖ. 17:​5, 16; 19:​1, 2) Anɔ eme be ame siwo akpɔ Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo ava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa. Mlɔeba le Armagedon-ʋaa me la, Yehowa atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa eye wòaɖe ame siwo katã tsia tre ɖe eŋu hekakaa alakpanyawo tso eŋu la hã ɖa. Gake akpɔ ame siwo katã lɔ̃e, ɖoa toe hekɔa eƒe ŋkɔa ŋu la ta. (Marko 8:38; 2 Tes. 1:​6-10) Kaka dodokpɔ mamlɛa nawu enu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua vɔ megbe la, Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu keŋkeŋ. (Nyaɖ. 20:​7-10) Ɣemaɣi la, “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti sidzedze axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.”—Hab. 2:14.

16. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ? (Kpɔ fotoa hã.)

16 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye ne ame sia ame si le agbe tsɔa ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na la nanɛ! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míate ŋu awɔ míaƒe akpa dzi ato míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me ade bubu mía Mawu la ŋu. Esi Dɔdzikpɔhaa di be yeate gbe ɖe ale si gbegbe wòle vevie be míatsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na anɛ dzi la, wotia Psalmo 96:8 be wòanye ƒe 2025 ƒe mawunyakpukpuia. Afi ma gblɔ be: Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ.”

Mlɔeba la, ame sia ame si le agbe atsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la anɛ! (Kpɔ memama 16)

HADZIDZI 12 Mawu Gã Yehowa

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA KPLE FOTOAWO ME : Wɔwɔfia si ɖe Angelena ƒe nuteƒekpɔkpɔa fia.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Wɔwɔfia si ɖe Prisca ƒe nuteƒekpɔkpɔa fia.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Wɔwɔfia si ɖe Jack ƒe nuteƒekpɔkpɔa fia.