Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 3

HADZIDZI 35 Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii

Na Wò Nyametsotsowo Nadze Yehowa Ŋu

Na Wò Nyametsotsowo Nadze Yehowa Ŋu

“Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye sidzedze Kɔkɔetɔ lae nye gɔmesese.”LOD. 9:10.

TAÐODZINUA

Míakpɔ ale si sidzedze kple gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie.

1. Nu ka wɔwɔe te ŋu sesẽna na mí katã ɣeaɖewoɣi?

 MÍETSOA nya me gbe sia gbe. Nyametsotso aɖewo le bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, nu si míaɖu kple ɣeyiɣi si me míamlɔ anyi. Gake esesẽna na mí be míatso nya me le nu bubu aɖewo ya ŋu. Míaƒe nyametsotsowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒometɔwo ƒe lãmesẽ, dzidzɔkpɔkpɔ alo mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. Míadi be míaƒe nyametsotsowo naɖe vi na mía kple míaƒe ƒometɔwo. Vevietɔ wu la, míadi be míaƒe nyametsotsowo nadze Yehowa ŋu.—Rom. 12:​1, 2.

2. Nu kawoe nàwɔ be nàte ŋu atso nya me nyuie?

2 Anɔ bɔbɔe be míatso nya me nyuie ne (1) míenya nya veviawo, (2) míenya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu, eye (3) míeda tiatia vovovo siwo li la kpɔ nyuie. Míadzro nu etɔ̃ siawo me le nyati sia me, eye woakpe ɖe mía ŋu míana hehe míaƒe nugɔmeseseŋutetewo.—Lod. 2:11.

DZE AGBAGBA NÀNYA NYA VEVIAWO

3. Wɔ nu si tae wòhiã be nànya nya veviawo hafi atso nya me ƒe kpɔɖeŋu.

3 Nu gbãtɔ si akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie ye nye be nànya nya veviawo. Nu ka tae esia le vevie? Tsɔe be ame aɖe dze dɔ vevie eye wòyi kɔdzi. Ðe ɖɔkta atso ko aŋlɔ atike nɛ ne medoe kpɔ alo bia nyawoe oa? Ao, ɖɔkta nyui aɖeke mawɔ ema o. Nenema kee ne wò hã ède ŋugble le nya siwo katã ku ɖe wò nɔnɔmea ŋu la, àtso nya me nyuie. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

4. Aleke Lododowo 18:13 akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be yenya nya veviawo? (Kpɔ fotoa hã.)

4 Zi geɖe la, nyawo biabia akpe ɖe ŋuwò nànya nya veviawo. Tsɔe be ame aɖe kpe wò be nàva kplɔ̃ɖoƒe aɖe. Àyia? Ne mènya ame si le kpewòm la nyuie o, alo ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe kplɔ̃ɖoɖoa ŋu o la, ke anyo be nàbia nyawo abe: “Afi kae wɔnaa ayi edzi le, eye ɣekaɣie? Ame nenie ava? Ame kae akpɔ ɖoɖoa dzi? Ame kawoe wokpe? Nu kawoe ayi edzi le afi ma? Ðe aha sesẽwo hã anɔ kplɔ̃ɖoƒea?” Ne èkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie.—Xlẽ Lododowo 18:13.

Bia nyawo be nànya nya veviawo (Kpɔ memama 4) a


5. Ne èva nya nya veviawo vɔ la, nu kae wòle be nàwɔ?

5 Azɔ esi nènya nya veviawo vɔ la, de ŋugble le nya bliboa ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne èva nyae be ame siwo wokpe la dometɔ aɖewo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o, alo aha muamewo anɔ kplɔ̃ɖoƒea eye ame sia ame ate ŋu ano esi nu wòdi faa la, nu kae nàwɔ? Ðe nèkpɔe be ate ŋu adzɔ be amewo natu aglo wòagbɔ eme eye afɔku nanɔ kplɔ̃ɖoƒe sia tɔgbi yiyi mea? (1 Pet. 4:3) Ke ne kplɔ̃ɖoƒe ƒe ŋkekea dze wò kpekpeyiyi alo ɣeyiɣi si nèɖo na gbeadziyiyi dzi ya ɖe? Ne èkpɔ ale si nu bliboa le yiyi gee la, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie. Elabe wò ŋutɔ èkpɔ nu bliboa ɖaa le susu me. Gake nu bubu aɖe si hã ŋu wòle be nàbue nye be, nu kae Yehowa hã susu tso eŋu?—Lod. 2:6.

DZE AGBAGBA NÀNYA YEHOWA ƑE SUSU LE NYAA ŊU

6. Le Yakobo 1:5 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie?

6 Do gbe ɖa na Yehowa nàbia be wòana nànya eƒe susu le nyaa ŋu. Yehowa do ŋugbe be yeana nunya si míehiã be míanya nenye be afɔɖeɖe aɖe adze ye ŋu alo madze ye ŋu o la mí. “Enaa [nunya sia] amewo katã faa, [eye] medoa ŋukpe ame o.”—Xlẽ Yakobo 1:5.

7. Aleke nàwɔ anya Yehowa ƒe susu le nya aɖe ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Ne èdo gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ wò nàtso nya me nyuie la, nɔ ŋudzɔ be nàde dzesi eƒe mɔfiamea. Le kpɔɖeŋu me, ne èle mɔ zɔm eye nèbu la, ɖewohĩ àbia nutoa me tɔ aɖe si nya mɔa nyuie be wòakpe ɖe ŋuwò. Ne èbia eƒe kpekpeɖeŋu vɔ la, ɖe nàdzo le egbɔ esi mekpɔ ɖo nya ŋu na wò oa? Ao, màwɔe nenema kura o. Àgbɔ dzi ɖi aɖo toe nyuie. Le mɔ ma ke nu la, ne èbia Yehowa be wòana nunya wò be nàte ŋu atso nya me nyuie la, anyo be nàdi Biblia me mɔfiame kple gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èle nya me tsom be yeayi kplɔ̃ɖoƒe si ŋu nya míegblɔ va yi la, anyo be nàdzro nya siwo Biblia gblɔ tso aglotutu siwo gbɔ eme, hadede vɔ̃wo kple ale si wòle be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔe ŋu.—Mat. 6:33; Rom. 13:13; 1 Kor. 15:33.

8. Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàke ɖe mɔfiame siwo dim nèle la ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

8 Ne èwɔ esiawo katã vɔ la, agate ŋu ahiã kokoko be nàna ame aɖe nakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mɔfiame siwo dim nèle la ŋu. Àte ŋu abia aɖaŋuɖoɖo tso nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖe gbɔ. Gake ne wò ŋutɔ hã èku nu me la, aɖe vi na wò geɖe. Mɔfiame nyui geɖe le míaƒe numekugbalẽ siwo nye Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo kple Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo me. Ðo ŋku edzi be wò taɖodzinue nye be wò nyametsotsoa nadze Yehowa ŋu.

Dze agbagba nànya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu (Kpɔ memama 8) b


9. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe nyametsotso adze Yehowa ŋu? (Efesotɔwo 5:17)

9 Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe nyametsotso adze Yehowa ŋu? Nu gbãtɔe nye be míadze agbagba anya Yehowa nyuie. Biblia gblɔ be: “Sidzedze Kɔkɔetɔ lae nye gɔmesese.” (Lod. 9:10) Ɛ̃, gɔmesese vavãtɔ sua mía si ne míeva nya Yehowa ƒe nɔnɔmewo, eƒe tameɖoɖo, nu siwo wòlɔ̃ kple nu siwo wòlé fui. Bia ɖokuiwò be, ‘Le ale si menya Yehowae nu la, nyametsotso kae mawɔ si adze eŋu?’—Xlẽ Efesotɔwo 5:17.

10. Nu ka tae Biblia me mɔfiamewo le vevie na mí wu míaƒe ƒometɔwo alo nutoa me tɔwo ƒe susu?

10 Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, eva hiãna ɣeaɖewoɣi be míawɔ nu siwo madze míaƒe ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, dzila siwo susu be yewole nyui dim na yewo vinyɔnu ate ŋu aƒoe ɖe wo via nu be wòaɖe ame aɖe si si ga le, alo ame si atsɔ nu gbogbo aɖewo ava bia eta, togbɔ be ame ma meli ke le xɔse me o hã. Nyateƒee, wodi be ganyawo nade yewo vinyɔnua dzi, gake ɖe ŋutsu ma akpe ɖe wo vinyɔnua ŋu be wòayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ mea? Nu kae nye Yehowa ƒe susu le nya sia ŋu? Edze le Mateo 6:33. Kpukpui ma xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woayi edzi anɔ Fiaɖuƒea dim gbã.’ Togbɔ be míedea bubu mía dzilawo kple nutoa me tɔwo ŋu hã la, nu si le vevie na mí wue nye be míana Yehowa nakpɔ dzidzɔ.

DA TIATIA VOVOVO SIWO LI LA KPƆ NYUIE

11. Nɔnɔme nyui ka ŋue woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 1:​9, 10 si akpe ɖe ŋuwò nàda tiatia vovovo siwo li la kpɔ?

11 Ne ède ŋugble le Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe wò nɔnɔmea ŋu vɔ la, ehiã be nàda tiatia vovovo siwo li la kpɔ nyuie. (Xlẽ Filipitɔwo 1:​9, 10.) Nɔnɔme nyui si nye nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo ŋu ayi ŋgɔe akpɔ nu siwo ado tso tiatiawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Ɣeaɖewoɣi la, enɔa bɔbɔe be míatso nya me. Eye ɣeaɖewoɣi hã, esesẽna be míanya tiatia si míawɔ. Gake nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me le nya sesẽwo gɔ̃ hã ŋu.

12-13. Aleke nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie le dɔwɔɖuinyawo gome?

12 Tsɔe be èle dɔ aɖe si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò ƒomea dzi la dim, eye nèva ke ɖe eve ŋu. Le dɔawo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, èbu nya siwo katã ku ɖe eŋu la ŋuti, ède dzesi dɔ si tɔgbi wònye, ɖoɖo siwo le eŋu, ale si gbegbe dɔwɔƒea gbɔ didi kple bubuawo. Le nyateƒe me la, dɔ evea siaa sɔ le Ŋɔŋlɔawo nu. Ðewohĩ wò dzi ku ɖe dɔawo dometɔ ɖeka ŋu elabe dɔ ma sɔ na wò alo fetua kɔ mo dzi. Gake nu bubu aɖewo hã li siwo ŋu wòle be nàbu hafi atso nya me.

13 Ðe dɔawo dometɔ aɖe ƒe ɣeyiɣi ava dze miaƒe kpekpe ƒe game dzia? Ðe dɔawo dometɔ aɖe axɔ ɣeyiɣi si nèzãna tsɔ kpɔa wò ƒomea ƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔa? Biabia siawo tɔgbi akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ “nu siwo le vevie wu,” abe wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo kple Yehowa subɔsubɔ ene aɖo nɔƒe gbãtɔ, ke menye ŋutilãmenuwo o. Ekema àtso nya me si adze Yehowa ŋu eye wòayra ɖe edzi.

14. Aleke nugɔmesese kple lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na amewo nu ɖiaɖia?

14 Nugɔmesese kpena ɖe mía ŋu hã be míebua ale si míaƒe nyametsotsowo akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii ŋu, si wɔnɛ be míeƒoa asa na ‘amewo nu ɖiaɖia.’ (Flp. 1:10) Esia le vevie ne míele nya me tsom le nya siwo nye ame ŋutɔ ƒe nyawo, abe awudodo kple dzadzraɖo ene ŋu. Ðewohĩ awu ƒe atsyã aɖe alo dzadzraɖo le mɔ aɖe ƒomevi nu dzɔa dzi na mí. Gake ne esia aɖia hamea me tɔwo alo nutoa me tɔ aɖewo nu ya ɖe? Nugɔmesese akpe ɖe mía ŋu míabu woƒe seselelãmewo ŋu. Lɔlɔ̃ aʋã mí míadi ‘ame bubuwo’ ƒe nyonyo, eye míada asɔ. (1 Kor. 10:​23, 24, 32; 1 Tim. 2:​9, 10) Ekema míaƒe nyametsotsowo aɖee afia be míelɔ̃ amewo eye míedea bubu wo ŋu.

15. Hafi nàtso nya me le nya vevi aɖe ŋu la, nu kae wòle be nàwɔ?

15 Ne ehiã be nàtso nya me le nu vevi aɖewo ŋu la, ele be nàbu nu siwo wòahiã be nàwɔ be nyametsotsoa nadze edzi hã ŋu. Yesu xlɔ̃ nu mí be míabu “eŋu kɔnta gbã.” (Luka 14:28) Eya ta bu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ, ga kple nu bubu siwo wòle be nàzã be nyametsotsoa nate ŋu awɔ dɔ la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàɖo dze kple wò ƒomea be nànya akpa si wo dometɔ ɖe sia aɖe awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be nyametsotsoa nadze edzi. Nu ka tae ewɔwɔ alea le vevie? Elabe esia ate ŋu ana nànya ne ahiã be nàtrɔ asi le nyametsotsoa ŋu alo nàtrɔe kura. Ne èbia wò ƒomea me tɔwo ƒe susu eye nèxɔ woƒe aɖaŋuɖoɖowo la, woalɔ̃ faa akpe asi ɖe ŋuwò be nyametsotsoa nadze edzi.—Lod. 15:22.

WƆ NU SIWO ANA WÒ NYAMETSOTSO NADZE EDZI

16. Nu kawoe nàwɔ be nàte ŋu atso nya me nyuie? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàtso Nya Me Nyuie” hã.)

16 Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo me míedzro dzi la, ke èsu te azɔ be nàtso nya me nyuie. Elabe èku nu me ke ɖe nya veviawo ŋu eye nèdzro gɔmeɖose siwo akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me wòadze Yehowa ŋu la me. Ne èwɔ esiawo katã vɔ la, ke àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be wòana wò nyametsotsoa nadze edzi.

17. Nu ka gbɔe wòatso be míatso nya me nyuie?

17 Ne ètso nya me nyuie zi geɖe va yi hã la, ɖo ŋku edzi be nu vevitɔ si ana ame nàtso nya me nyuie ye nye be wòaɖo ŋu ɖe nunya si tso Yehowa gbɔ la ŋu, ke menye be wòaɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ ŋu o. Eya ɖeka koe ate ŋu ana sidzedze kple nugɔmesese vavãtɔ wò, eye nu siawoe nana ame dzea nunya. (Lod. 2:​1-5) Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me wòadze eŋu.—Ps. 23:​2, 3.

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Ðasefo sɔhɛ aɖewo le dze ɖom tso amekpekpe si woxɔ be woava kplɔ̃ɖoƒe aɖe ŋu.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka le nu me kum hafi atso nya me be yeayi loo alo yemayi o.