Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 4

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?

Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?

“Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le.”1 YOH. 4:9.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ ale si tafea na míegasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu.

1. Nu ka tae wòle be míade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe?

 ÐIKEKE mele eme o be èbua tafea be enye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ! (2 Kor. 9:15) Esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta ta la, wò kple Yehowa Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli. Tafea wɔe hã be àte ŋu anɔ agbe tegbee. Eya ta esɔ ŋutɔ be míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe tafea ŋu eye míada akpe na Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ mí eye wòwɔ ɖoɖo sia na mí ta! (Rom. 5:8) Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi be míade ƒe sia ƒe be wòakpe ɖe mía ŋu míagaŋlɔ nunana gã si nye tafea be gbeɖe o.—Luka 22:​19, 20.

2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Le ƒe sia me la, Ŋkuɖodzia dze Memleɖa, April 12, 2025 dzi. Míeka ɖe edzi be mí katã míele ɖoɖo wɔm be míade. Le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me la, anyo ŋutɔ ne míedi ɣeyiɣi de ŋugble a le nu si Yehowa kple Via wɔ na mí ŋu. Le nyati sia me la, míadzro nu si tafea fia mí tso Yehowa kple Via ŋu la me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si tafea ate ŋu aɖe vi na mí kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze eŋu.

NU SI TAFEA FIA MÍ TSO YEHOWA ŊU

3. Aleke wòanya wɔ be ame ɖeka ƒe ku naʋu mɔ be ame miliɔn geɖe nakpɔ ɖeɖe? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

3 Tafea na míekpɔe be Yehowa lɔ̃ dzɔdzɔenyenye. (5 Mose 32:4) Le mɔ ka nu? Bu eŋu kpɔ: Le Adam ƒe tomaɖomaɖo ta la, míenyi nu vɔ̃ kple ku dome. (Rom. 5:12) Yehowa wɔ ɖoɖo be Yesu natsɔ eƒe agbe axe fe ɖe mía ta atsɔ aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Gake aleke wòanya wɔ be ame deblibo ɖeka ƒe vɔsa nalé avu ɖe ame miliɔn geɖewo ƒe nu vɔ̃wo ta? Apostolo Paulo ɖe eme ale: “Ale si ko ame ɖeka [Adam] ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la, nenema kee to ame ɖeka [Yesu] ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.” (Rom. 5:19; 1 Tim. 2:6) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ame deblibo ɖeka ƒe tomaɖomaɖoe wɔe be míeva zu kluvi na nu vɔ̃ kple ku. Eya ta ame deblibo ɖeka ƒe toɖoɖo dzie woato aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.

To ame ɖeka dzi la, míeva zu kluvi na nu vɔ̃ kple ku. Nenema kee to ame ɖeka dzi la, míate ŋu avo tso nu vɔ̃ kple ku si me (Kpɔ memama 3)


4. Nu ka tae Yehowa meɖe mɔ be Adam ƒe dzidzimevi toɖolawo nanɔ agbe tegbee ko evɔ o?

4 Ðe wòhiã kokoko be Yesu nava ku hafi woaɖe mía? Menye ɖeko Yehowa aɖe mɔ Adam ƒe dzidzimevi siwo nye toɖolawo nanɔ agbe tegbee ko evɔ oa? Ðewohĩ míasusu be esia anye mɔ nyui aɖe si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ hafi. Gake esia manye nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume o, elabe adze abe ke ɖe Yehowa ŋe aɖaba ƒu Adam ƒe nu vɔ̃a dzi eye viawo hã menyi nu vɔ̃ aɖeke kura dome o ene. Evɔ menye nenemae nyaa le o!

5. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi?

5 Ke ne Yehowa mena woxe tafea o eye wòɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenua ŋu heɖe mɔ ko be Adam ƒe dzidzimevi madeblibowo nanɔ agbe tegbee ya ɖe? Esia ana amewo nasusu be Yehowa agate ŋu aŋe aɖaba aƒu eƒe dzidzenuwo dzi le go bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, woasusu be mawɔ eƒe ŋugbedodo aɖewo dzi o. Gake mehiã be míatsi dzi be nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ o. Esi wònye be Yehowa wɔ nu dzɔdzɔe togbɔ be esia bia be wòatsɔ eya ŋutɔ Via asa vɔe gɔ̃ hã ta la, ewɔe be míeka ɖe edzi bliboe be awɔ nu si le dzɔdzɔe ɣesiaɣi.

6. Nu kae ʋã Yehowa wòna woxe tafea, eye aleke tafea ɖe eƒe lɔlɔ̃ fiae? (1 Yohanes 4:​9, 10)

6 Tafea na míekpɔe be Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, gake vevietɔ wu la, ena míekpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. (Yoh. 3:16; xlẽ 1 Yohanes 4:​9, 10.) Tafea ɖee fia be menye ɖeko Yehowa di be míanɔ agbe tegbee ko evɔ o, ke edi be míanye yeƒe ƒomea me tɔwo hã. Bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, megava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ o. Esia wɔe be womedzi mía dometɔ aɖeke ɖe Mawu ƒe ƒomea me o. Gake to tafea dzi la, Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, eye mlɔeba ana ame siwo katã xɔ eyama dzi se eye woɖoa toe la nava nye eƒe ƒomea me tɔwo. Gake fifia gɔ̃ hã, tafea wɔe be mía kple Yehowa kpakple mía nɔvi Kristotɔwo dome ate ŋu anɔ nyuie. Yehowa lɔ̃ mí ŋutɔ vavã!—Rom. 5:​10, 11.

7. Aleke fu siwo Yesu kpe na míekpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi?

7 Ne míebu nu si gbegbe me Yehowa lɔ̃ faa to be Via naxe tafea ŋu la, esia ana míakpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. Satana gblɔ be mawusubɔla aɖeke mayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne nɔnɔmeawo sesẽ nɛ o. Be woakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe nutsotso ma la, Mawu ɖe mɔ Yesu kpe fu vevie hafi ku. (Hiob 2:​1-5; 1 Pet. 2:21) Yehowa nɔ eteƒe kpɔm esi amewo nɔ fewu ɖum le Yesu ŋu, asrafowo nɔ eƒom, eye woklãe ɖe ati ŋu. Eye ekpɔ ale si Via lɔlɔ̃a se veve helĩhelĩ va se ɖe ku me. (Mat. 27:​28-31, 39) Ŋusẽ le Yehowa si be wòade asi eme be woagawɔ nu mawo ɖe Via ŋu hafi o. Le kpɔɖeŋu me, esi amewo gblɔ be: “Ne eƒe nu nyoa [Mawu] ŋu la, ekema nexɔ nɛ azɔ” la, Yehowa ate ŋu awɔe hafi. (Mat. 27:​42, 43) Gake ne ɖe Mawu xɔ nɛ la, anye ne womaxe tafea o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o. Eya ta Yehowa ɖe mɔ Via kpe fu va se ɖe esime wògbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛtɔ.

8. Ðe Yehowa se veve esi wòkpɔ Via wònɔ fu kpema? Ðe eme. (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

8 Mele be míasusui be esi Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, seselelãme mele esi o! Eƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo. Esi seselelãmewo le mía si ta la, eme kɔ ƒãa be seselelãmewo le eya hã si. Biblia na míenya be ɣeaɖewoɣi la, amewo na Yehowa ‘do dziku’ alo ‘xa nu.’ (Ps. 78:​40, 41) Bu Abraham kple Isak ƒe ŋutinyaa hã ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ na Abraham be wòatsɔ Isak si nye via ɖeka kolia la asa vɔ na ye. (1 Mose 22:​9-12; Heb. 11:​17-19) Bu ale si Abraham anɔ sesem le eɖokui me esi ɣeyiɣia de be wòaɖo hɛ ve dzi na via aɖe eƒe agbe ɖa ŋu kpɔ! Ðe Yehowa ya mase veve geɖe wu esi ame mavɔ̃mawuwo wɔ funyafunya Via tagbɔsesẽtɔe va se ɖe esime wòku oa?—Kpɔ video si nye Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Abraham, Akpa 2 le jw.org.

Yehowa se veve ŋutɔ esi wòkpɔ Via wònɔ fu kpem (Kpɔ memama 8)


9. Nu kae Romatɔwo 8:​32, 38, 39 fia mí tso ale si Yehowa lɔ̃ míi ŋu?

9 Tafea na míekpɔe be ame aɖeke melɔ̃ mí de ale si Yehowa lɔ̃ míi nu o. (Xlẽ Romatɔwo 8:​32, 38, 39.) Ðikeke mele eme o be Yehowa lɔ̃ mí wu ale si míelɔ̃ mía ɖokuiwo. Àdi be yeanɔ agbe tegbeea? Yehowa dii nenema geɖe wu. Àdi be woatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wòa? Yehowa dii nenema geɖe wu. Nu si wòbia tso mía si koe nye be míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu, míaxɔ ye dzi ase eye míaɖo to ye. Vavãe, tafea nye nunana xɔasi si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí ŋutɔ! Eye le xexe yeyea me la, míava nya nu geɖe wu tso ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi ŋu.—Nyagb. 3:11.

NU SI TAFEA FIA MÍ TSO YESU ŊU

10. (a) Hafi Yesu naku la, nu ka ŋue wòtsi dzi ɖo vevie? (b) Mɔ ka nue Yesu kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu le? (Kpɔ aɖaka si nye “ Yesu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Kɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu” hã.)

10 Ale si amewo bua Yehowae le vevie na Yesu ŋutɔ. (Yoh. 14:31) Ete ɖe Yesu dzi vevie be ale si wotso ye nu be yenye busunyagblɔla kple aglãdzela la ahe vlododo ava ye Fofo ƒe ŋkɔ dzi. Esia tae wòdo gbe ɖa be: “Fofonye, ne anya wɔ la, na kplu sia nato ŋunye ayi.” (Mat. 26:39) Esi Yesu wɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, ekɔ Fofoa ŋu elabe eɖee fia be nya siwo Satana tsɔ ɖe Fofoa ŋu la nye alakpa.

11. Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ amewo ŋutɔ? (Yohanes 13:1)

11 Tafea na míekpɔe hã be Yesu lɔ̃ amewo ŋutɔ, vevietɔ eyomedzelawo. (Lod. 8:31; xlẽ Yohanes 13:1.) Le kpɔɖeŋu me, Yesu nya do ŋgɔ be nu siwo yeava wɔ le anyigba dzi dometɔ aɖewo manɔ bɔbɔe kura o. Esia ƒe ɖee nye ale si wòakpe fu ahaku. Gake menye esi Yehowa dɔe ta koe wòwɔe ɖo o, ke esi wòlɔ̃ amewo hã tae. Eya ta etsɔ dzi blibo ɖe gbeƒã, efia nu amewo hekpe ɖe wo ŋu. Gbe si gbe woawu Yesu gɔ̃ hã la, eklɔ afɔ na eƒe apostolowo, eye wògblɔ nya geɖe tsɔ fa akɔ na wo hede dzi ƒo na wo. (Yoh. 13:​12-15) Eye esi Yesu nɔ veve sem le fuwɔametia ŋu la, egblɔ nya siwo na mɔkpɔkpɔ nu vlo wɔla aɖe si hã nɔ kukum le fuwɔameti ŋu, eye wòwɔ ɖoɖo ɖe dadaa Maria dzi kpɔkpɔ ŋu. (Luka 23:​42, 43; Yoh. 19:​26, 27) Eya ta menye Yesu ƒe vɔsakua me koe wòɖee fia le be yelɔ̃ amewo o, ke eɖee fia le nu sia nu si wòwɔ hã me.

12. Nu kawoe Yesu kpɔtɔ le wɔwɔm na mí?

12 Togbɔ be Kristo ku “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” hã la, eyi edzi gale nu geɖe wɔm na mí. (Rom. 6:10) Nu kawo wɔmee wòle? Ekpɔtɔ le dɔ wɔm vevie be viɖe siwo le tafea ŋu la nasu mía si. Le kpɔɖeŋu me, ele fia ɖum, enye míaƒe Nunɔlagã kple hamea ƒe ta. (1 Kor. 15:25; Ef. 5:23; Heb. 2:17) Ele amesiaminawo kple ameha gã la nu ƒom ƒu, eye awu dɔ vevi sia nu hafi xaxa gã la nawu enu. b (Mat. 25:32; Marko 13:27) Etoa kluvi nuteƒewɔla la dzi kpɔa egbɔ be nu sia nu si míehiã be míate ŋu asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la su mía si. (Mat. 24:45) Eye Yesu ayi edzi awɔ nu siwo aɖe vi na mí le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Yehowa tsɔ Via na ɖe mía ta vavã!

YI EDZI NÀNƆ NU SRƆ̃M

13. Aleke nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede akpe ɖe ŋuwò nàganya nu geɖe tso lɔlɔ̃ si Mawu kple Kristo ɖe fia mí ŋu?

13 Ne èyi edzi srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Kristo Yesu ŋu hedea ŋugble le wo ŋu la, esia ana nàganya nu geɖe tso lɔlɔ̃ si woɖe fia mí ŋu. Anyo be le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me la, nàdze agbagba axlẽ Nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖeka ya teti nyuie. Mègatsi dzi be yeaxlẽ ta gbogbo aɖewo zi ɖeka o. Ke boŋ gbɔ dzi ɖi nàxlẽe vivivi be nàde dzesi susu bubu siwo tae wòle be míalɔ̃ Yehowa kple Yesu. Eye nàɖo dze tso nu siwo ŋu nèke ɖo la ŋu na amewo faa.

14. Le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 119:97 kple etenuŋɔŋlɔa la, aleke numekuku ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu geɖe tso tafea kple nyati bubuwo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

14 Ne ƒe geɖee nye esia nèle nyateƒea me la, ate ŋu awɔ na wò be nu yeye kae gali yeasrɔ̃ tso Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe lɔlɔ̃, tafea kple emawo tɔgbi ŋu hã. Gake nyateƒeae nye be seɖoƒe meli na nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nu siawo kple bubuawo ŋu o. Eya ta nu kae nàte ŋu awɔ? Dze agbagba nàxlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo siwo le mía si siwo ƒo nu tso nyati mawo ŋu. Ne èxlẽ nane si gɔme mèse o la, ku nu me tso eŋu. Nɔ ŋugble dem le nufiame siwo ŋu nèke ɖo la ŋu le ŋkeke bliboa me. Eye nàbu nu siwo wofia wò tso Yehowa kple Via kpakple ale si wolɔ̃ míi hã ŋu.—Xlẽ Psalmo 119:97 kple etenuŋɔŋlɔ.

Ne ƒe geɖee nye esia nèle nyateƒea me hã la, nu geɖe li nàgate ŋu asrɔ̃ tso tafea ŋu, eye esia ana nàkpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu geɖe wu (Kpɔ memama 14)


15. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ Biblia srɔ̃m be míake ɖe nufiame yeyewo ŋu?

15 Ne mèke ɖe nu yeye aɖeke ŋu le wò nusɔsrɔ̃ alo numekukua me o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Le mɔ aɖe nu la, wò nɔnɔmea va le abe sikakula tɔ ene. Sikakulawo gbɔa dzi ɖi zãa ɣeyiɣi geɖe alo ŋkeke geɖe hafi kena ɖe sika suetɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu. Ke hã womenaa ta o, elabe wodea asixɔxɔ sikakɔ sue ɖe sia ɖe ŋu. Ðe nu siwo ŋu míekena ɖo le Ŋɔŋlɔawo me la mexɔ asi sãsãsã wu sika oa? (Ps. 119:127; Lod. 8:10) Eya ta gbɔ dzi ɖi eye nàlé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu.—Ps. 1:2.

16. Mɔ kawo nue nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Yesu le?

16 Ne èle nu srɔ̃m la, kpɔe ɖa be aleke nàte ŋu awɔ nufiameawo ŋu dɔ le wò agbe me hã. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye to ale si nàwɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie me. Srɔ̃ ale si Yesu lɔ̃ Fofoa ne wò hã nàlɔ̃ faa akpe fu ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta eye nànɔ klalo be yeakpe ɖe nɔviwò Kristotɔwo ŋu ne esia ana nàxaxa gɔ̃ hã. Àgate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua aɖe gbeƒã na amewo be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woaxɔ tafea dzi ase ne wòaɖe vi na woawo hã.

17. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Zi ale si míeva le tafea gɔme sem hele ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu la, zi nenemae míeva lɔ̃a Yehowa kple Via ɖe edzi. Eye woawo hã woagalɔ̃ mí vevie. (Yoh. 14:21; Yak. 4:8) Eya ta mina míayi edzi awɔ nu sia nu si Yehowa na mí la ŋu dɔ atsɔ anɔ nu geɖe srɔ̃m tso tafea ŋu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ nu siwo míawɔ be tafea naɖe vi na mí kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia mí la ŋu.

HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo

a NYAMEÐEÐE: Be “woade ŋugble” fia be woatsɔ susu katã aɖo nane ŋu abu eŋu ayi ŋgɔe.

b “Nu siwo le dziƒowo” nu ƒoƒo ƒu si ŋu Paulo ƒo nu tsoe le Efesotɔwo 1:10 la to vovo na “ame tiatiawo” nu ƒoƒo ƒu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 24:31 kple Marko 13:27. Paulo nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me Yehowa tia ame siwo ava ɖu fia kple Yesu le dziƒo eye wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo la ŋu. Yesu nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me woaƒo amesiaminawo nu ƒu ɖe dziƒo le xaxa gãa me la ŋu.