Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TE ESIA KPƆ

Nuwo Tata Ana Nàɖo Ŋku Nu Dzi Bɔbɔe

Nuwo Tata Ana Nàɖo Ŋku Nu Dzi Bɔbɔe

Ðewohĩ esesẽna na wò be nàɖo ŋku nu siwo nèsrɔ̃ dzi. Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Gake ɖe mède dzesii be míetea ŋu ɖoa ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dzi bɔbɔe oa? Nu si tae nye be míetea ŋu kpɔa eƒe kpɔɖeŋuawo le susu me, eye esia kpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋku wo dzi. Nenema kee ne èle nu srɔ̃m eye nèdze agbagba kpɔ nuawo le susu me la, akpe ɖe ŋuwò be nàɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Aleke nàwɔ esiae? Mɔ ɖekae nye be nàwɔ nu siwo nèsrɔ̃ la ƒe nɔnɔmetatawo.

Zi geɖe la, ame siwo wɔa nu yeye siwo wosrɔ̃ ƒe nɔnɔmetatawo la tea ŋu ɖoa ŋku wo dzi bɔbɔe. Menye ɖeko mɔnu sia kpena ɖe wo ŋu wosea nyawo gɔme o, ke enana woɖoa ŋku nufiame veviawo dzi hã. Wometanɛ abe ale si nutala bibi awɔe ene o, ke boŋ wonyea nutata bɔbɔewo ko. Numekuku ɖee fia be mɔnu sia kpena ɖe ame tsitsiwo gɔ̃ hã ŋu geɖe wu.

Eya ta ɣebubuɣi si nègasrɔ̃ nu la, ɖe manyo be nàwɔ eƒe nɔnɔmetatawo oa? Ne èwɔe alea la, nu siwo gbegbe dzi nàɖo ŋkui la awɔ nuku na wò ŋutɔ!