Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 2

HADZIDZI 132 Fifia Míezu Ŋutilã Ðeka

Srɔ̃ŋutsuwo, Mide Bubu Mia Srɔ̃wo Ŋu

Srɔ̃ŋutsuwo, Mide Bubu Mia Srɔ̃wo Ŋu

“Mi srɔ̃ŋutsuwo, . . . mide bubu wo ŋu.”1 PET. 3:7.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo ŋu woakpɔ ale si woade bubu wo srɔ̃wo ŋu le nuƒoƒo kple nuwɔna me.

1. Susu siwo ta Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi dometɔ ɖeka ɖe?

 YEHOWA ye nye “Mawu dzidzɔtɔ la,” eye edi be míawo hã míakpɔ dzidzɔ. (1 Tim. 1:11) Ena nu nyui geɖe siwo ana míakpɔ dzidzɔ le agbe me la mí. (Yak. 1:17) Nu nyui mawo dometɔ ɖekae nye srɔ̃ɖeɖe. Ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, wokaa atam be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahade bubu kple asixɔxɔ yewo nɔewo ŋu. Ne atsu kple asi yi edzi lɔ̃ wo nɔewo la, woakpɔ dzidzɔ geɖe.—Lod. 5:18.

2. Nu kawoe yia edzi le srɔ̃ɖeɖe geɖe me egbea?

2 Nublanuitɔe la, eteƒe medidina kura hafi atsu kple asi aɖewo ŋlɔa atam si woka le woƒe srɔ̃ɖegbe la be o, eye esia wɔnɛ be womekpɔa dzidzɔ o. Nyitsɔ laa la, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe nyatakaka aɖe ɖee fia be srɔ̃ŋutsu geɖe ƒoa wo srɔ̃wo, wodzua wo, eye womeɖea lɔlɔ̃ fiaa wo o. Srɔ̃ŋutsu siwo wɔa nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu alea la wɔa nu ɖe wo ŋu nyuie ne wole ame dome, gake ne wole aƒe me ya nɔnɔmea toa vovo kura. Srɔ̃ŋutsu aɖewo hã kpɔa amamaɖeɖe kple gbɔdɔnuwɔnawo, si wɔnɛ be nuwo meyia edzi nyuie le srɔ̃ɖeɖea me o.

3. Nu ka gbɔe wòate ŋu atso be srɔ̃ŋutsu aɖe nasẽ ŋuta le srɔ̃a ŋu?

3 Nu ka gbɔe wòtso be srɔ̃ŋutsu aɖewo wɔa ŋutasẽnu ɖe wo srɔ̃wo ŋu? Ðewohĩ nenemae wo fofo wɔ nu ɖe wo dada ŋui, eya ta wosusu be naneke megblẽ le eŋu o. Srɔ̃ŋutsu aɖewo hã wɔa ŋutasẽnu ɖe wo srɔ̃ ŋu elabena nenemae amewo wɔnɛ le wo gbɔ, eya ta wosusuna be ne ènye “ŋutsu” ko la, ele be nàɖu aƒetɔ ɖe srɔ̃wò dzi. Ŋutsu aɖewo hã mesrɔ̃ ale si woaɖu woƒe seselelãmewo abe dziku ene dzi o. Ŋutsu aɖewo hã kpɔa amamaɖeɖe kple gbɔdɔnuwɔnawo, si wɔe be susu nyui megava le wo si ɖe nyɔnuwo kple gbɔdɔdɔ ŋu o. Azɔ hã, nyatakakawo ɖee fia be esime korona dɔvɔ̃a do la, srɔ̃ŋutsuwo ƒe nuwɔnawo ɖe wo srɔ̃wo ŋu gava gblẽ ɖe edzi. Gake susu aɖeke meli si tae wòle be srɔ̃ŋutsu aɖe nasẽ ŋuta le srɔ̃a ŋu o.

4. Nu ka ŋue wòle be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nu ka tae?

4 Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo nakpɔ nyuie be susu totro si le xexea si ɖe nyɔnuwo ŋu la nagava su yewo si o. a Nu ka tae esia le vevie? Elabe be zi geɖe la, nu siwo ŋu míebuna la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Roma be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.” (Rom. 12:​1, 2) Anɔ eme be ame siwo nɔ Roma hamea me la nɔ Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye ema hafi Paulo ŋlɔ agbalẽa na wo. Gake Paulo ƒe nyawo ɖee fia be hamea me tɔ aɖewo ɖe mɔ be xexea ƒe kɔnyinyiwo kple nuŋububu gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi. Ema tae wòxlɔ̃ nu wo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ kple nuŋububu ɖo. Eƒe nuxlɔ̃amea yi na srɔ̃ŋutsu Kristotɔ siwo li egbea hã. Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ aɖewo ɖe mɔ xexea kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi si wɔe be wowɔa ŋutasẽnu ɖe wo srɔ̃wo ŋu. b Aleke Yehowa di be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui? Ŋuɖoɖoa le mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo me.

5. Le 1 Petro 3:7 ƒe nya nu la, aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui?

5 Xlẽ 1 Petro 3:7. Yehowa de se na srɔ̃ŋutsuwo be woade bubu wo srɔ̃wo ŋu. Ne míedea bubu ame ŋu la, míaƒe nuwɔnawo mee wòadze le. Srɔ̃ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu awɔ nu ɖe eŋu nyuie le lɔlɔ̃ me. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo srɔ̃ŋutsu awɔ atsɔ ade bubu srɔ̃a ŋu la me. Gake gbã la, míadzro nuwɔna siwo medea bubu srɔ̃nyɔnuwo ŋu o la me.

TSRI NU SIWO MADE BUBU SRƆ̃WÒ ŊU O LA WƆWƆ

6. Aleke Yehowa bua srɔ̃ŋutsu siwo sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu? (Kolosetɔwo 3:19)

6 Tsri ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe srɔ̃wò ŋu. Yehowa lé fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ. (Ps. 11:5) Yehowa na míenya be ne ŋutsu aɖe lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe srɔ̃a ŋu la, esia medzɔa dzi na ye kura o. (Mal. 2:16; xlẽ Kolosetɔwo 3:19.) Mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo, si nye 1 Petro 3:​7, ɖee fia be ne srɔ̃ŋutsu aɖe ƒoa srɔ̃a alo sẽa ŋuta le eŋu la, eya kple Yehowa dome agblẽ. Ate ŋu awɔe be Yehowa maɖo to eƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã o.

7. Abe ale si wòdze le Efesotɔwo 4:​31, 32 ene la, nya kawo tɔgbie mele be wòado le srɔ̃ŋutsu nu o? (Kpɔ “Nyameɖeɖe” hã.)

7 Tsri dzugbewo zazã ɖe srɔ̃wò ŋu. Srɔ̃ŋutsu aɖewo zãa dzugbewo kple nya veamewo ɖe wo srɔ̃wo ŋu. Gake Yehowa lé fu “dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi.” c (Xlẽ Efesotɔwo 4:​31, 32.) Esea nya sia nya si míegblɔna. Eya ta ale si srɔ̃ŋutsu ƒoa nu na srɔ̃a ne woawo ɖeɖe le aƒe me gɔ̃ hã le vevie na Yehowa. Srɔ̃ŋutsu si daa gbe ɖe srɔ̃a gbɔ la le nu gblẽm le eƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu, eye esia agblẽ ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome.—Yak. 1:26.

8. Aleke Yehowa bua amamaɖeɖe kple gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ, eye nu ka tae?

8 Tsri amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ nye nu si Yehowa lé fui. Ne srɔ̃ŋutsu aɖe kpɔa nuwɔna makɔmakɔ siawo la, ele eya kple Yehowa dome gblẽm, eye wòle bubu klom le srɔ̃a ŋu. d Yehowa kpɔa mɔ be srɔ̃ŋutsu nawɔ nuteƒe na srɔ̃a le eƒe nuwɔna kple nuŋububu siaa me. Yesu gblɔ be ne ŋutsu aɖe le nyɔnu aɖe kpɔm madzemadzee be wòadzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo “le eƒe dzi me.” eMat. 5:​28, 29.

9. Nu ka tae medzɔa dzi na Yehowa ne srɔ̃ŋutsu zia srɔ̃a dzi be wòawɔ gbɔdɔnuwɔna tovowo o?

9 Tsri gbɔdɔnuwɔna tovowo. Srɔ̃ŋutsu aɖewo zia wo srɔ̃wo dzi be woawɔ gbɔdɔnuwɔna tovo siwo ɖia gbɔ ame alo ɖea fu na wo srɔ̃ ƒe dzitsinya. Yehowa lé fu ɖokuitɔdidi kple ameŋumabumabu ƒe nuwɔna mawo tɔgbi. Yehowa kpɔa mɔ be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo, ade asixɔxɔ wo ŋu, eye woƒe seselelãmewo nanɔ vevie na wo. (Ef. 5:​28, 29) Ke ne srɔ̃ŋutsu Kristotɔ aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo, ewɔa ŋutasẽnu ɖe srɔ̃a ŋu, alo ezia edzi be wòawɔ gbɔdɔnuwɔna tovowo ya ɖe? Nu kae akpe ɖe eŋu be wòatrɔ eƒe nuŋububu kple nuwɔnawo?

NU SI AKPE ÐE SRƆ̃ŊUTSU ŊU BE WÒADZUDZƆ NUWƆNA SIWO MESƆ O

10. Nu ka tae Yesu nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsuwo?

10 Nu kae akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu be wòadzudzɔ nuwɔna siwo mesɔ o siwo medea bubu ame ŋu o? Ele be wòadze agbagba asrɔ̃ Yesu. Togbɔ be Yesu meɖe srɔ̃ kpɔ o hã la, ale si wòwɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu la nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsuwo. (Ef. 5:25) Le kpɔɖeŋu me, na míadzro nu si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostolowo ŋu kple ale si wòƒo nu na woe me.

11. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostolowo ŋui?

11 Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostolowo ŋu nyuie ɣesiaɣi, eye wòde bubu wo ŋu. Menyrana ɖe wo dzi alo zia nu ɖe wo dzi o. Togbɔ be enye woƒe Aƒetɔ hã la, mezã eƒe ŋusẽa tsɔ te wo ɖe anyi kura o. Ke boŋ ebɔbɔ eɖokui helɔ̃ faa subɔ wo gɔ̃ hã. (Yoh. 13:​12-17) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo.” (Mat. 11:​28-30) De dzesii be Yesu fa tu. Ne ame aɖe fa tu la, mefia be egbɔdzɔ o. Nu si wòfia boŋue nye be enya ale si wòalé eɖokui. Ne wodo dziku nɛ gɔ̃ hã la, enya ale si wòaɖu eɖokui dzi.

12. Aleke Yesu ƒo nu na amewoe?

12 Yesu to eƒe nyawo dzi fa akɔ na amewo hede dzi ƒo na wo. Meda gbe ɖe eyomedzelawo gbɔ alo ƒo nu na wo dzikutɔe kpɔ o. (Luka 8:​47, 48) Esi tsitretsiɖeŋulawo dzui hedze agbagba be yewoado dziku nɛ hã la, ‘medzu wo ɖe eteƒe o.’ (1 Pet. 2:​21-23) Ɣeaɖewoɣi la, Yesu tianɛ be yeazi ɖoɖoe tsɔ wu be yeaɖo nya ŋu na amewo le dziku me. (Mat. 27:​12-14) Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia na srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo be woasrɔ̃!

13. Nu kae akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu be “wòaku ɖe srɔ̃a ŋu” abe ale si wogblɔe le Mateo 19:​4-6 ene? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Yesu fia nu srɔ̃ŋutsuwo be woayi edzi awɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo. Ehe susu yi nya siwo Fofoa, Yehowa, gblɔ be srɔ̃ŋutsu ‘naku ɖe srɔ̃a ŋu’ la dzi. (Xlẽ Mateo 19:​4-6.) Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “woaku ɖe nu ŋu” fia be “woalé ɖe nu ŋu.” Eya ta ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a dome nanɔ kplikplikpli abe ɖe wolé ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ ene. Ne woma wo dome la, agblẽ nu le wo ame evea siaa ŋu godoo. Srɔ̃ŋutsu si ku ɖe srɔ̃a ŋu alea la atsri amamaɖeɖenuwɔna ƒomevi ɖe sia ɖe kpɔkpɔ. Aɖe ŋku ɖa kaba le “nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” (Ps. 119:37) Ne míagblɔe la, eɖoe eɖokui dzi be yemanɔ ŋku lém ɖe nyɔnu bubuwo ŋu madzemadzee o.—Hiob 31:1.

Srɔ̃ŋutsu si wɔa nuteƒe na srɔ̃a tsria amamaɖeɖe ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ (Kpɔ memama 13) g


14. Nu kawoe wòhiã be srɔ̃ŋutsu si mewɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu nyuie o la nawɔ atsɔ adzra eya kple Yehowa kpakple eya kple srɔ̃a dome ɖo?

14 Ele be srɔ̃ŋutsu si sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu alo dzunɛ la naɖe afɔ bubu aɖewo hã atsɔ adzra eya kple Yehowa kpakple srɔ̃a dome ɖo. Afɔ kawoe wòle vevie be wòaɖe? Gbã, ele be wòade dzesii be kuxi gã aɖe le ye ŋu. Naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. (Ps. 44:21; Nyagb. 12:14; Heb. 4:13) Evelia, ele be wòadzudzɔ srɔ̃a ƒoƒo kple edzudzu, eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ kura. (Lod. 28:13) Etɔ̃lia, ele be wòaɖe kuku na srɔ̃a eye wòaɖe kuku na Yehowa hã abia woƒe tsɔtsɔke. (Dɔw. 3:19) Azɔ hã, ele be wòaƒo koko na Yehowa be wòana didia ye be yeatrɔ yeƒe nuŋububu, nuƒoƒo, kple nuwɔna. (Ps. 51:​10-12; 2 Kor. 10:5; Flp. 2:13) Enelia, ele be wòawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖaa eye wòatsri ŋutasẽnuwɔna ɖe sia ɖe kple nya veamewo gbɔgblɔ. (Ps. 97:10) Atɔ̃lia, ele be wòawɔ kaba abia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. (Yak. 5:​14-16) Adelia, ehiã be wòawɔ ɖoɖo aɖewo koŋ siwo dzi wòazɔ ɖo be wòagawɔ nu mawo siwo wòwɔna tsã o. Ele be srɔ̃ŋutsu si kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo hã nazɔ ɖe afɔɖoƒe ade siawo dzi. Ne ewɔe alea la, Yehowa akpe ɖe eŋu wòatrɔ keŋkeŋ. (Ps. 37:5) Enyo eye wòsɔ be srɔ̃ŋutsu natsri nuwɔna gbegblẽ mawo, gake ema ɖeɖe mesu o. Ele be wòasrɔ̃ ale si wòade bubu srɔ̃a ŋu. Aleke wòawɔ esiae?

ALE SI SRƆ̃ŊUTSU ADE BUBU SRƆ̃A ŊU

15. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃ae?

15 Na wòakpɔe be èlɔ̃ ye. Srɔ̃ŋutsu siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me dometɔ aɖewo ɖoe be yewoawɔ nane gbe sia gbe atsɔ aɖee afia yewo srɔ̃ be yewolɔ̃e vevie. (1 Yoh. 3:18) Srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a le mɔ bɔbɔewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu alé srɔ̃a ƒe asi alo akpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe. Ate ŋu aɖo text message ɖee agblɔ nɛ be “Mele wò susum” alo abiae be “Aleke ŋkekea le yiyimee?” Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu aŋlɔ lɔlɔ̃nya vivi aɖewo ɖe agbalẽ dzi atsɔ anae. Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu siawo la, aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu eye ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea.

16. Nu ka tae wòle be srɔ̃ŋutsu nanɔ srɔ̃a kafum?

16 Na wòanya be èdea asixɔxɔ ye ŋu. Srɔ̃ŋutsu si dea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu la agblɔ nya siwo atui ɖo ahade dzi ƒo nɛ la nɛ. Ate ŋu awɔ esia ne edaa akpe nɛ ɖe nu siwo katã wòwɔna tsɔ kpea asi ɖe eŋu la ta. (Kol. 3:15) Ne srɔ̃ŋutsu kafua srɔ̃a tso dzi me alea la, ewɔnɛ be srɔ̃a kpɔa dzidzɔ eye eƒe dzi dzea eme. Awɔe hã be wòase le eɖokui me be yele dedie, ye srɔ̃ lɔ̃ ye, eye wòdea asixɔxɔ ye ŋu.—Lod. 31:28.

17. Aleke srɔ̃ŋutsu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?

17 Wɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋu nyuie ameŋububutɔe. Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a la dea asixɔxɔ eŋu. Ebua srɔ̃a be enye nunana xɔasi tso Yehowa gbɔ na ye. (Lod. 18:22; 31:10) Le esia ta ewɔa nu ɖe eŋu nyuie ameŋububutɔe le lɔlɔ̃ɖeɖefianuwɔna siwo yia edzi le srɔ̃tɔwo dome la me gɔ̃ hã. Mazi edzi be wòawɔ gbɔdɔnuwɔna tovo siwo ɖia gbɔ ame alo esiwo aɖe fu na srɔ̃a ƒe dzitsinya o. f Eye srɔ̃ŋutsua hã adi vevie be yeawɔ nu si ana dzitsinya nyui nanɔ ye si le Yehowa ŋkume.—Dɔw. 24:16.

18. Nu kae wòle be srɔ̃ŋutsuwo naɖo kplikpaa be yewoawɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Ene Siwo Nàwɔ Be Nànye Srɔ̃ŋutsu Nyui” hã.)

18 Srɔ̃ŋutsuwo, Yehowa dea dzesi agbagba siwo katã miedzena be miade bubu mia srɔ̃wo ŋu, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ðoe kplikpaa be yeatsri nuwɔna siwo medea bubu ame ŋu o, wɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋu nyuie le ameŋububu kple lɔlɔ̃ me. Esia afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye èdea asixɔxɔ eŋu. Yi edzi nàde bubu srɔ̃wò ŋu eye esia ana wò kple Yehowa dome nanɔ nyuie.—Ps. 25:14.

HADZIDZI 131 “Nu Si Mawu Bla Ðekae”

a Anyo be srɔ̃ŋutsuwo nadze agbagba axlẽ nyati si nye “Ðe Nèwɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu Abe Ale Si Yehowa Wɔnɛ Enea?” si dze le January 2024 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

b Nyati si nye “Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Ŋu Wosẽa Ŋuta Le Le Ƒomea Me Ŋu” (si le yevugbe me) ate ŋu aɖe vi na ame siwo wo srɔ̃ sẽa ŋuta le wo ŋu. Le jw.org kple JW Library® me la, àkpɔe le nyati vovovowo ƒe akpa si nye “Nyati Bubuwo.”

c NYAMEÐEÐE: “Nya veame.” Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye gbɔɖiameŋkɔ yɔyɔ na ame, gbedada ɖe ame gbɔ, kple nyahehe ɖe ame ŋu atraɖii. Nya sia nya si ame agblɔ si mesɔ o si ada ame ɖe anyi alo ave ame hã le eme.

d Xlẽ nyati si nye “Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Ate Ŋu Agblẽ Wò Srɔ̃ɖeɖe Me” le jw.org alo JW Library® me.

e Anyo be srɔ̃nyɔnu si srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖe ƒe nuwɔnawo la naxlẽ nyati si ƒe tanyae nye “Ne Srɔ̃wò Kpɔa Amamaɖeɖe Ƒe Nuwɔnawo,” si dze le August 2023 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

f Biblia megblɔ nu si atsu kple asi awɔ le gbɔdɔdɔ me si woagblɔ be esɔ alo mesɔ o. Ele be atsu kple asi Kristotɔ natso nya me le nu siwo woawɔ wòade bubu Yehowa ŋu, wòadze wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ wo si le Yehowa ŋkume ŋu. Le go geɖe me la, mahiã be atsu kple asi nanɔ nu ƒom tso woƒe gbɔdɔnyawo ŋu na ame bubuwo o.

g NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe ƒe dɔwɔhati siwo menye Ðasefowo o la le eƒom ɖe enu be wòakpɔ agbalẽ aɖe si me amamaɖeɖe ƒe nuwɔnawo dze le.