Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Míakafu Yehowa?

Nu Ka Tae Wòle Be Míakafu Yehowa?

“Mikafu Yah! . . . Aleke wòvivina, eye wònyoe nye esi be woakafui!”—PS. 147:1.

HADZIDZI: 59, 3

1-3. (a) Ɣekaɣie woanya ŋlɔ Psalmo 147 lia? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 147 lia me dzodzro me?

NE AME aɖe wɔ nane nyuie alo tu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui aɖe ɖo la, míekafunɛ. Ne esia nye nyateƒe le amegbetɔwo gome la, ɖe Yehowa Mawu ya medze na kafukafu geɖe wu oa? Míate ŋu akafui ɖe eƒe ŋusẽ gã si dzena le eƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo me ta, eye míate ŋu akafui ɖe ale si wòwɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu lɔlɔ̃tɔe, si ɖe dzesi le tafe ƒe ɖoɖo si wòwɔ esi wòtsɔ Via sa vɔ ɖe mía ta me la hã ta.

2 Psalmo 147 lia ŋlɔla ƒe dzi ʋãe wòkafu Yehowa Mawu. Ede dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ ɖeka kpli ye ne yewoakafui.—Xlẽ Psalmo 147:1, 7, 12.

3 Mímenya ame si ŋlɔ psalmo sia o, ke hã, edze ƒãa be psalmo sia ŋlɔla nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yehowa kplɔ Israel-viwo gbɔe tso aboyo me le Babilon va Yerusalem la me lɔƒo. (Ps. 147:2) Psalmo sia ŋlɔla kafu Yehowa, elabena egana mɔnukpɔkpɔ eƒe dukɔa be woasubɔe le woawo ŋutɔwo ƒe anyigba dzi. Ke hã, egagblɔ susu bubu siwo tae wòle be woakafu Yehowa ɖo. Woawoe nye kawo? Susu kawo tae wò ŋutɔ àdi be yeakɔ gbe dzi agblɔ “Haleluyah!,” alo “Mikafu Yah!”?—Ps. 147:1, etenuŋɔŋlɔ.

YEHOWA DAA GBE LE AME SIWO ƑE DZI GBÃ GUDUGUDU LA ŊU

4. Esi Fia Kores na ablɔɖe Israel-vi aboyomeawo la, aleke woanya se le wo ɖokui me, eye nu ka tae?

4 Wò ya bu ale si Israel-vi aboyomeawo anya ase le wo ɖokui me esime wonɔ Babilon la ŋu kpɔ. Babilontɔwo ɖea alɔme le wo ŋu hegblɔna na wo be: “Midzi Zion ha na mí.” Ɣemaɣi la, Yerusalem, si nye nu vevitɔ si tae wokpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu la zu aƒedo. (Ps. 137:1-3, 6) Gake hadzidzi medzro Israel-viwo o. Woƒe dzi gbã gudugudu eye wohiã akɔfafa. Ke hã, abe ale si Mawu gblɔe ɖi ene la, Persia-fia Kores va na ablɔɖe wo. Eɖu Babilon dzi eye wòɖe gbeƒã be: ‘Yehowa de dɔ asi nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem. Eƒe dukɔ la me tɔ ɖe sia ɖe si le mia dome la, mina wòayi, Yehowa, eƒe Mawu nenɔ kplii.’ (2 Kron. 36:23) Aleke gbegbe nudzɔdzɔ sia afa akɔ na Israel-vi siwo nɔ Babilon lae nye esi!

5. Nu kae hakpalaa de dzesi le ŋutete si le Yehowa si be wòada gbe le míaƒe dziwo ŋu la ŋu?

5 Menye Israel dukɔ bliboa koe Yehowa fa akɔ na o, ke efa akɔ na wo dome ame ɖekaɖekawo hã. Nenema kee wòwɔnɛ egbea hã. Hakpalaa gblɔ tso Mawu ŋu be: “Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; eye wòblaa abi na wo.” (Ps. 147:3) Ɛ̃, Yehowa léa be na ame siwo le ŋutilãme alo seselelãme kuxiwo me tom. Egbea, Yehowa dina vevie be yeafa akɔ na mí eye yeada gbe le míaƒe dziwo ŋu. (Ps. 34:18; Yes. 57:15) Enaa nunya kple ŋusẽ si míehiã la mí be míado dzi le xaxa ɖe sia ɖe si ava mía dzi me.—Yak. 1:5.

6. Aleke nya si hakpalaa gblɔ le Psalmo 147:4 ate ŋu aɖe vi na mí? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Azɔ hakpalaa he míaƒe susu yi dziƒoɣletiviwo dzi hegblɔ be Yehowa ‘nya xexlẽme na ɣletiviwo; eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.’ (Ps. 147:4) Nu ka tae hakpalaa trɔ susu ɖe dziƒoɣletiviwo ŋu? Bu nya sia ŋu kpɔ: Hakpalaa ate ŋu akpɔ ɣletiviwo kple ŋku, gake menya ale si gbegbe wosɔ gbɔe o. Ɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ si míenya fifia sɔ gbɔ wu esi míenya ƒe aɖewoe nye esi va yi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be ɣletivi miliɔn akpe geɖe ye le Masa ɣletivihatsotsoa ɖeɖe dzaa me. Eye woxɔe se hã be ɣletivihatsotso miliɔn teƒe miliɔn geɖewoe le xexe gbahooa me! Le mí amegbetɔwo gome la, xexlẽme meli na ɣletiviwo o vavã! Ke hã, Wɔla la na ŋkɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Esia fia be ɣletivi ɖe sia ɖe le etɔxɛ na Yehowa. (1 Kor. 15:41) Ke eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo ya ɖe? Mawu si nya afi si ɣletivi ɖe sia ɖe le le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me la nya wò hã nyuie—enya afi si nèle, ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me kple nu si tututu nèhiã le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me!

7, 8. (a) Ne Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le tetekpɔwo me la, nu kae nɔa susu me nɛ? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si Yehowa sea veve ɖe amegbetɔ madeblibowo nui la fia.

7 Menye ɖeko Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò ko evɔ o, ke esea veve ɖe nuwò hã le agbemekuxi siwo me tom nèle ta, eye ŋusẽ le esi be wòakpe ɖe ŋuwò. (Xlẽ Psalmo 147:5.) Ðewohĩ, àse le ɖokuiwò me be wò kuxia sesẽ ŋutɔ eye wòwu tsɔtsɔ na wò. Mawu nya afi si wò ŋutete se ɖo, elabena “eɖoa ŋui be kewɔe míenye.” (Ps. 103:14) Esi míede blibo o ta la, míewɔa vodada ɖeka ma ke zi gbɔ zi geɖe. Aleke gbegbe wòtena ɖe mía dzii ye nye esi ne míeda nu gblɔ nya aɖe si míedi be míagblɔ hafi o, ne dzodzro vɔ̃wo nyɔ ɖe mía me, alo míeʋã ŋu ame bubuwo le nu siwo le wo si ta! Gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo mele Yehowa ŋu o; ke hã, esea míaƒe nɔnɔmeawo gɔme wu ale si míesusui gɔ̃ hã eye eƒe nugɔmesese me dzodzro meli o!—Yes. 40:28.

8 Ðewohĩ wò ŋutɔ ànya kpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe asi sesẽ la kpe ɖe ŋuwò nèdo le tetekpɔ alo xaxa sesẽ aɖe me la teƒe. (Yes. 41:10, 13) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa kpe ɖe nɔvinyɔnu Kyoko, si nye mɔɖela, ŋu esime dzi va ɖe le eƒo le eƒe dɔdeasi yeyea me ŋu kpɔ. Aleke wòdze ƒãa be Yehowa nya eƒe kuxiwo nyuie? Le hame yeye si me Kyoko va nɔ me la, ekpɔ nɔvi geɖe siwo se eƒe nɔnɔmea gɔme nɛ. Esia wɔe be Kyoko se le eɖokui me be Yehowa nɔ gbɔgblɔm na ye be: “Melɔ̃ wò, menye le esi nènye mɔɖela ta ko o, ke le esi nènye vinyenyɔnu si ɖe adzɔgbe nam hã ta. Medi be dzi nanɔ dzɔwòm le esi nènye nye Ðasefo ta!” Ke wò ɖe, aleke Ŋusẽkatãtɔ la ɖee fia le gowòme be “seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o”?

YEHOWA NAA NU SIWO MÍEHIÃ LA MÍ

9, 10. Ne Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu la, nu kae nye nu vevitɔ si wòwɔna na mí? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Ɣeaɖewoɣi la, ŋutilãmenuwoe ahiã wò. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àtsi dzimaɖi be yemakpɔ nu aɖu o. Gake Yehowae nana tsi dzana eye eya kee nana nuɖuɖu miena, eye enaa nuɖuɖu akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ la gɔ̃ hã! (Xlẽ Psalmo 147:8, 9.) Esi Yehowa nyia akpaviãwo ɖaa ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be ana ŋutilãmenu siwo nèhiã la wò hã.—Ps. 37:25.

10 Nu vevitɔe nye be Yehowa naa nu siwo míehiã be wòado ŋusẽ míaƒe xɔse la mí, eye enaa “ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” hã mí. (Flp. 4:6, 7) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa ƒe asi sesẽ la lé Mutsuo kple srɔ̃a ɖe te esime ƒugɔmenyigbaʋuʋu dzɔ le Japan le ƒe 2011 me hena tsi ɖe amewo la ŋu kpɔ. Ne ɖe womelia woƒe xɔa ta o la, anye ne woku. Gbe ma gbe la, nu sia nu si nɔ wo si la katã kloe dome gblẽ. Woƒe aƒea, si ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le vevie la, ƒe dzisasrã evelia si me do viviti la mee wotsi dɔ le zã ma si me vuvɔ nɔ wɔwɔm la me. Esi ŋu ke la, wodi nu si woatsɔ ado ŋusẽ woƒe xɔse. Agbalẽ si wokpɔ koe nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2006 ƒe Ƒegbalẽa. Enumake Mutsuo ƒe ŋku kli tanya si nye “Ƒugɔmenyigbaʋuʋu Si Wu Ame Wu Le Ŋutinya Me.” Eƒo nu tso ƒugɔmenyigbaʋuʋu aɖe si dzɔ le Sumatra le ƒe 2004 me, si gblẽ nu wu ɖe sia ɖe le ŋutinya me, la ŋu. Mutsuo kple srɔ̃anyɔnua wofa avi esi wonɔ nu siwo me nɔviwo to la xlẽm. Wose le wo ɖokuiwo me be Mawu lé be na yewo lɔlɔ̃tɔe, elabe ena akɔfanya si tututu yewohiã le ɣeyiɣi ma me be wòado ŋusẽ yewoƒe xɔse la yewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa na ŋutilãmenu siwo wohiã la wo lɔlɔ̃tɔe. Wo nɔvi Kristotɔwo tsɔ kpekpeɖeŋununanawo vɛ na wo. Gake nu si do ŋusẽ wo wue nye Mawu ƒe habɔbɔa teƒenɔla siwo va srã hamea kpɔ. Mutsuo gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu tututu henɔ be lém na mí. Akɔfafa ka gbegbee nye esi!” Mawu naa nu siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse la mí gbã, eyome, ekpɔa míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ.

NA MAWU ƑE AMEÐEŊUSẼ NAÐE VI NA WÒ

11. Nu kae wòle be míawɔ be Mawu nakpe ɖe mía ŋu?

11 Yehowa le klalo ɣesiaɣi be ‘yeakɔ ame fafawo ɖe dzi.’ (Ps. 147:6a) Gake nu kae wòle be míawɔ be wòakpe ɖe mía ŋu? Ele be míana ƒomedodo nyui nanɔ mía kplii dome. Hafi mía kple Mawu dome nanɔ nyuie la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui. (Zef. 2:3) Ðokuibɔbɔlawo kpɔa Mawu sinu be wòaɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe si wowɔ ɖe yewo ŋu la ɖo eye wòana gbɔdzɔe yewo. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siawo tɔgbi ŋu.

12, 13. (a) Hafi Mawu nakpe ɖe mía ŋu la, nu kae wòle be míaƒo asa na? (b) Ame kawo ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo?

12 Biblia gblɔ be Mawu ‘xlãa ame vɔ̃ɖiwo ya ɖe anyi.’ (Ps. 147:6b) Nya sia nye ŋkubiãnya! Hafi Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o naɖe vi na mí la, ele be míalé fu nu si wòlé fui. (Ps. 97:10) Le kpɔɖeŋu me, ele be míalé fu gbɔdɔdɔ manɔsenu. Esia fia be ele be míaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ kple nu sia nu si ate ŋu akplɔ mí ade nu gbegblẽ ma wɔwɔ me. (Ps. 119:37; Mat. 5:28) Ðewohĩ, esia abia ʋiʋli vevie, ke hã, míaƒe kutrikukua aɖe vi, elabena Yehowa ayra mí geɖe.

13 Mímate ŋu aɖu aʋa sia dzi le mía ɖokui si o, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðe wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míedze agbagba be míaxɔ na mía ɖokui to ŋuɖoɖo ɖe “sɔ ƒe ŋusẽ,” si fia afi si amegbetɔwo trɔna ɖo hena kpekpeɖeŋu la ŋua? Ao! Nenema kee mele be míaɖo ŋu ɖe “amegbetɔ ƒe afɔ tsɔtsɔe” ŋu abe ɖe míawo ŋutɔwo alo ame bubu aɖe ate ŋu axɔ na mí ene o. (Ps. 147:10) Ke boŋ, ele be míate ɖe Yehowa ŋu aɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe mía ŋu. Yehowa mele abe amegbetɔwo ƒe aɖaŋuɖolawo ene o, elabe míaƒe gbedodoɖawo metia to me nɛ gbeɖe o, ne míele eƒe kpekpeɖeŋu biam zi gbɔ zi geɖe gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ɖe ame siwo kpɔa mɔ na eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu.” (Ps. 147:11) Míate ŋu aka ɖe edzi be anɔ mía ŋu kplikplikpli le eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la ta, eye wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi.

14. Nu ka dzie hakpalaa ka ɖo?

14 Yehowa na susu siwo tae wòle be míaka ɖe edzi be yeakpe ɖe mía ŋu le hiãɣi la mí. Esi hakpalaa nɔ ale si Yehowa gbugbɔ kplɔ eƒe amewo yi Yerusalem ŋu bum la, edzi ha be: “[Yehowa naa] wò dugbowo ƒe gametiwo sesẽna; eyraa viwòwo le mewò. Eyae nana ŋutifafa xɔa wò anyigba dzi.” (Ps. 147:13, 14) Nyateƒe si wònye be Yehowa ana dua ƒe agbowo ƒe gametiwo nasẽ la na hakpalaa se le eɖokui me be yele dedie. Ena wòka ɖe edzi be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta!

Aleke Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne kuxiwo ɖe kpe na mí le agbe me? (Kpɔ memama 15-17)

15-17. (a) Aleke míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi le míaƒe kuxiwo ta, gake aleke Yehowa toa eƒe Nya la dzi kpena ɖe mía ŋu? (b) Gblɔ ale si ‘Mawu ƒe nya la tsɔna’ ƒe kpɔɖeŋu.

15 Kuxi siwo me tom nèle ate ŋu awɔe be nàtsi dzimaɖi. Gake Yehowa ate ŋu ana nunya si hiã be nàtsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ la wò. Hakpalaa gblɔ tso Mawu ŋu be “eƒe gbeɖeɖe ɖoa anyigba dzi; eƒe nya la tsɔna.” Eyome, egblɔ tso Yehowa ŋu be ‘enaa sno abe alẽfu ene; ekakaa tsi babla ɖi abe dzofi ene, eye edaa eƒe tsikpewo.’ Azɔ hakpalaa bia be: “Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe eƒe vuvɔ nu?” Egblɔ kpee be Yehowa ‘ɖea gbe, eye tsikpewo lólona.’ (Ps. 147:15-18) Mía Mawu si nye nunyawo katã tsoƒe kple ŋusẽkatãtɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe tsikpewo kple sno dzi la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu kuxi ɖe sia ɖe si ava dziwò la dzi.

16 Egbea, Yehowa toa eƒe Nya, Biblia, dzi fiaa mɔ mí. Eye “eƒe nya la tsɔna” le gɔmesesea nu be Yehowa fiaa mɔ nyuitɔ mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Wò ya bu ale si gbegbe Biblia-xexlẽ, agbalẽ siwo ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ tana, JW Nyakakadɔwɔƒea, jw.org nyatakakadzraɖoƒea, hamemetsitsiwo kpakple hadede kple hati Kristotɔwo ɖea vi na wòe ŋu kpɔ. (Mat. 24:45) Ðe mèkpɔe be Yehowa wɔna kaba naa mɔfiame siwo nèhiã la wò oa?

17 Simone de dzesi ŋusẽ si gbegbe le Mawu ƒe Nyaa ŋu. Esena le eɖokui me be yemele ɖeke me o, eye esusu be yeƒe nu mate ŋu adze Mawu ŋu o. Gake ne dzi ɖe le eƒo vevie la, enɔa gbedodoɖa dzi na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Eyia edzi léa fɔ ɖe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ hã ŋu. Egblɔ be, “Nyemeɖo nɔnɔme aɖeke me kpɔ si me mese le ɖokuinye me be Yehowa medo ŋusẽm alo fia mɔm o.” Esia kpe ɖe eŋu wòdzea agbagba be susu nyui nanɔ esi ku ɖe eɖokui ŋu ɣeawokatãɣi ale si wòate ŋui.

18. Nu ka tae nèkpɔe be Mawu ve nuwò, eye susu kawo tae nàte ŋu akɔ gbe dzi agblɔ be “Mikafu Yah!”?

18 Hakpalaa nya ale si gbegbe Mawu ve Eƒe dukɔ si nɔ anyi le blema la nu. Woawo koe nye dukɔ si Mawu tsɔ eƒe “nya” kple “ɖoɖowo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na.” (Xlẽ Psalmo 147:19, 20.) Egbea, Mawu yra mí le mɔ sia nu be míawo koe nye ame siwo ŋu eƒe ŋkɔ le le anyigba dzi. Esi míeva nya Yehowa eye eƒe Nya la le mɔ fiam mí ta la, ƒomedodo kplikplikpli va le mía kplii dome. Eya ta, abe Psalmo 147 lia ŋlɔla ene la, ɖe susu nyui geɖe mele asiwò si tae nàkɔ gbe dzi agblɔ be, “Mikafu Yah!,” eye nàde dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔe nenema ke oa?