GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 2 va se ɖe 29, 2019 la le tata sia me.

Dzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu

Nu kae míate ŋu awɔ fifia be dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu ale be míate ŋu ado dzi le yometiti me?

Yi Edzi Nànɔ Yehowa Subɔm Ne Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi

Ne dziɖuɖua ɖo asi mía dzi be míagasubɔ Yehowa o la, nu kae wòle be míawɔ?

“Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo”

Nu ka tae nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le vevie ŋutɔ, eye aɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ si wode asi na mí la ade goe?

Ale Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me O Ƒe Dzi Gbɔ

Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o alo ame siwo mexɔ Mawu dzi se o la ŋu be woava lɔ̃ Mawu ahazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Yram Wu Ale Si Mesusui

Nu siwo me Manfred Tonak to le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me le Afrika la kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ dzigbɔɖi, kple ale si wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le esi ŋu, kpakple nɔnɔme nyui bubuwo.

Ðe Yesu Ku Ðe Nye Hã Tanyea?

Ðe nèsena le ɖokuiwò me enuenu be asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu oa? Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ avu kple seselelãme sia dzidzedzetɔe?