Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yesu Ku Ðe Nye Hã Tanyea?

Ðe Yesu Ku Ðe Nye Hã Tanyea?

NYAGBƆGBLƆ siwo ɖe ‘seselelãme siwo sɔ kple mía tɔwo’ fia la sɔ gbɔ ɖe Biblia me. (Yak. 5:17) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ase nya siwo Paulo gblɔ anukwaretɔe, si dze le Romatɔwo 7:21-24 be, “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye. . . . Oo, nye nu wɔ nublanui lo!” la gɔme nyuie. Seselelãme siawo tɔgbi siwo Biblia ŋlɔlawo ɖe gblɔ anukwaretɔe la naa kakaɖedzi sua mía si ne míele ʋiʋlim kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.

Paulo gaƒo nu tso eƒe seselelãme bubuwo hã ŋu. Le Galatiatɔwo 2:20 la, egblɔ be: “Mawu ƒe Vi [la] lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.” Paulo ka ɖe nya sia dzi bliboe. Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me abe Paulo enea? Ðewohĩ, manye ɣesiaɣi o.

Ne míesena le mía ɖokui me enuenu be asixɔxɔ aɖeke mele mía ŋu o le nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta la, ɖewohĩ, asesẽ na mí be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye etsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, eye asesẽ na mí hã be míaxɔe ase be Yesu ƒe tafevɔsaa nye nu si Yehowa na ɖe míawo hã ta. Ðe Yesu di ŋutɔŋutɔ be míabu tafevɔsaa be enye nu si Mawu na ɖe míawo hã ta? Ne nenemae la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabui nenema? Na míadzro biabia eve siawo me.

ALE SI YESU BUA EƑE VƆSA LAE

Ɛ̃, Yesu di be míabu yeƒe vɔsaa be enye nu si Mawu na ɖe míawo ŋutɔwo ta. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe nya sia dzi? Kpɔ nudzɔdzɔ si ŋu woƒo tsoe le Luka 23:39-43 la le susu me ɖa. Woklã ŋutsu aɖe ɖe fuwɔameti ŋu le Yesu xa. Elɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu gbegblẽwo va yi. Nu gbegblẽ siwo wòwɔ la anya nye ŋkubiãnya godoo, elabena nu vlo wɔla siwo wɔ nu vloe wògbɔ eme lae wohea to na nenema. Esi eƒe nɔnɔmea te ɖe edzi vevie ta la, eɖe kuku na Yesu be: “Ðo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.”

Aleke Yesu ɖo eŋu nɛ? Bu ale si gbegbe Yesu anya se vevee esime wòtrɔ kɔ be yeakpɔ nu vlo wɔlaa la ŋu kpɔ. Togbɔ be enɔ veve sem helĩhelĩ hã la, edze agbagba ko alɔgbɔnu eye wòde dzi ƒo na ŋutsua esi wògblɔ nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.” Yesu ate ŋu aɖo ŋku edzi na ŋutsua ko be, ɖe “Amegbetɔvi la [va] be . . . yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.” (Mat. 20:28) Gake le esia teƒe la, ède dze sii be Yesu te gbe ɖe edzi na ŋutsua dɔmenyotɔe be yeƒe vɔsaa nye nunana ɖe eya hã ta? Eƒo nu nɛ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe esi wògblɔ na ŋutsua be “ànɔ Paradiso me kplim” tsɔ he susu yi ŋutsua kple eya ŋutɔ dzi. Eye ena ŋutsua kpɔe be eyama ŋue yele nu ƒom tsoe be, anɔ paradiso me kpli ye le etsɔme.

Ðikeke mele eme o be, Yesu di be ŋutsu sia nase egɔme be vɔsaku si ku ge yeala la nye nunana na eya hã. Ne Yesu se le eɖokui me tso ame si nye nu vlo wɔla si si mɔnukpɔkpɔ mesu be wòasubɔ Mawu o ŋu alea la, ekema, ase le eɖokui me nenema geɖe wu kura tso Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ si le Mawu subɔm la ŋu. Ekema, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaxɔe ase bliboe be Kristo ƒe vɔsaa aɖe vi na míawo ŋutɔwo, togbɔ be míewɔ nu vɔ̃wo va yi gɔ̃ hã?

NU SI KPE ÐE PAULO ŊU

Esi Yesu de subɔsubɔdɔ aɖe asi na Paulo ta la, Paulo se egɔme be Yesu ku ɖe ye hã ye ta. Le mɔ ka nu? Eɖe eme be: “Medaa akpe na mía Aƒetɔ Kristo Yesu, ame si do ŋusẽm la, elabena ebum nuteƒewɔlae be wòtsɔ subɔsubɔdɔ de asi nam, togbɔ be tsã la, menye busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame hã.” (1 Tim. 1:12-14) Dɔ si Yesu de asi na Paulo la na wòka ɖe edzi be Yesu kpɔ nublanui na ye, elɔ̃ ye, eye eka ɖe ye dzi. Nenema kee Yesu de dɔ asi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaɖe gbeƒã nya nyuia. (Mat. 28:19, 20) Ðe dɔdeasi sia ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míase egɔme be Yesu ku ɖe míawo ŋutɔwo hã ta?

Albert, si trɔ va Yehowa gbɔ nyitsɔ laa tso esime woɖee le haa me ƒe 34 kloe ye nye ema la gblɔ be: “Megaɖoa ŋku nu vɔ̃ siwo mewɔ va yi la dzi. Gake, ne mele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, mesena le ɖokuinye me abe apostolo Paulo ene be, Yesu de subɔsubɔdɔ aɖe asi na nye hã. Esia nana mekpɔa dzidzɔ eye mekpɔnɛ be asixɔxɔ le ŋunye, viɖe le nye agbea ŋu, eye etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe le asinye.”—Ps. 51:3.

Ne èle nu srɔ̃m kple ame ƒomeviwo katã la, ka ɖe edzi na wo be Yesu kpɔ nublanui na wo eye wòlɔ̃ wo

Allan, si nye nu vlo wɔla kple ŋutasẽnuwɔla hafi va xɔ nyateƒea la lɔ̃ ɖe edzi be: “Megabua nu gbegblẽ siwo mewɔ ɖe amewo ŋu la ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, esia tena ɖe dzinye. Gake, medaa akpe na Yehowa be eɖe mɔ na nye ame si nye nu vɔ̃ wɔla la be matsɔ nya nyui la ayi na amewo. Ne mekpɔ eteƒe amewo xɔ nya nyuia la, eɖoa ŋku ale si gbegbe Yehowa nyo eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi la dzi nam. Mesena le ɖokuinye me be ele zãyem tsɔ le kpekpem ɖe ame siwo le ʋiʋlim le wo ɖokuiwo me abe nye ke ene le nu vlo siwo wowɔ va yi ta la ŋu.”

Ne míele gbeadzi la, míekpɔnɛ dzea sii be míele dɔ nyuiwo wɔm eye míetsɔa míaƒe susu ɖoa nu nyuiwo ŋu. Subɔsubɔdɔa nana míekana ɖe edzi be Yesu kpɔ nublanui na mí, elɔ̃ mí, eye eka ɖe mía dzi.

YEHOWA NYE GÃ WU MÍAƑE DZIWO

Va se ɖe esime woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia la, míaƒe dziwo ate ŋu ayi edzi anɔ fɔ bum mí le vodada siwo míewɔ va yi la ta. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ avu kple seselelãme sia dzidzedzetɔe?

Jean, si bua fɔ eɖokui enuenu ɖe agbe eve si wònɔ esime wònye sɔhɛ ta la, gblɔ be: “Edoa dzidzɔ nam be ‘Mawu nye gã wu míaƒe dziwo.’” (1 Yoh. 3:19, 20) Nyanya be Yehowa kple Yesu siaa sea míaƒe nu vɔ̃ me nyenye gɔme nyuie wu míawo ŋutɔwo la ate ŋu ana míakpɔ akɔfafa. Ðo ŋku edzi be, menye ame deblibowo tae wona tafea ɖo o, ke boŋ, nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo tae wona tafea ɖo lɔlɔ̃tɔe.—1 Tim. 1:15.

Ne míeyia edzi dea ŋugble vevie le ale si Yesu wɔ nu ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu eye míewɔa míaƒe ŋutete katã be míawu subɔsubɔdɔ si wòde asi na mí nu bliboe la, míetsɔa nyateƒenya xɔasi ma naa kakaɖedzi míaƒe dziwo. Ne èwɔnɛ alea la, wò hã àte ŋu agblɔ be: Yesu “lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye,” abe ale si Paulo gblɔe ene.