Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 29

“Ne Megbɔdzɔ La, Ekema Mesẽa Ŋu”

“Ne Megbɔdzɔ La, Ekema Mesẽa Ŋu”

“Mekpɔa dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le dzudzuwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo kple xaxawo me, le Kristo ta.”—2 KOR. 12:10.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

NYA VEVIAWO *

1. Nya kae apostolo Paulo gblɔ tso eɖokui ŋu?

APOSTOLO Paulo gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, yesena le ye ɖokui me be yegbɔdzɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be le gota gome la, yeƒe ŋutilã le “gbegblẽm,” avu kple kɔe wònyena na ye be yeawɔ nu si sɔ, eye be menye ɣesiaɣie Yehowa ɖoa yeƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si yele mɔ kpɔm ene o. (2 Kor. 4:16; 12:7-9; Rom. 7:21-23) Paulo gblɔ hã be yeƒe tsitretsiɖeŋulawo bua ye ame beli alo ame si gbɔdzɔ. * Gake meɖe mɔ nya manyomanyo siwo amewo gblɔ tso eŋu alo eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔe be wòse le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o.—2 Kor. 10:10-12, 17, 18.

2. Le 2 Korintotɔwo 12:9, 10 ƒe nya nu la, nu vevi kae Paulo srɔ̃?

2 Paulo srɔ̃ nu vevi aɖe—eva kpɔe be ŋusẽ ate ŋu anɔ ame ŋu ne ese le eɖokui me be yegbɔdzɔ gɔ̃ hã. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:9, 10.) Yehowa gblɔ na Paulo be yeƒe ŋusẽ ‘zua blibo le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me.’ Esia fia be le go siwo me Paulo ƒe ŋusẽ mede edeƒe le o me la, Yehowa ana ŋusẽ si wòhiã lae. Gbã la, na míakpɔ nu si tae mele be wòate ɖe mía dzi ne míaƒe futɔwo dzu mí o.

‘KPƆ DZIDZƆ LE DZUDZUWO ME’

3. Nu ka tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wodzu mí?

3 Mía dometɔ aɖeke medina be woadzu ye o. Gake ne míaƒe futɔwo dzu mí eye míeɖe mɔ woƒe nyawo te ɖe mía dzi fũu akpa la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. (Lod. 24:10) Ekema, aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne míaƒe tsitretsiɖeŋulawo dzu mí? Abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, míawo hã míate ŋu ‘akpɔ dzidzɔ le dzudzuwo me.’ (2 Kor. 12:10) Nu ka tae? Nu si tae nye be woƒe dzudzu kple tsitretsiɖeŋua ɖenɛ fiana be míenye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo. (1 Pet. 4:14) Yesu gblɔ be woati ye yomedzelawo yome. (Yoh. 15:18-20) Eye edzɔ nenema le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli. Ɣemaɣi la, ame siwo dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo la bua Kristotɔwo be wonye ame manyanuwo kple ame siwo mele ɖeke me o. Eye Yudatɔwo bua Kristotɔwo be “womenya agbalẽ o, eye wonye ame tsɛwo,” abe ale si ko wobu apostolo Petro kple Yohanes hã ene. (Dɔw. 4:13) Wobu Kristotɔwo be wonye ame gbɔdzɔwo, elabena ŋusẽ alo ɖoƒe aɖeke menɔ wo si le dunyahehe alo asrafoha me o le esi womeƒoa wo ɖokui ɖe nu mawo me o ta, eye amewo doa vlo wo hã.

4. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nui esi woƒe tsitretsiɖeŋulawo do vlo wo?

4 Ðe ale si amewo do vlo Kristotɔ gbãtɔwo la wɔe be wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔa? Ao. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro kple Yohanes kpɔe be bubue wònye na yewo be woati yewo yome, le esi yewodze Yesu yome eye yewofiaa nu amewo tso eŋu ta. (Dɔw. 4:18-21; 5:27-29, 40-42) Susu aɖeke meli si ta wòahiã be ŋu nakpe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo o. Togbɔ be amewo medea bubu Kristotɔ gbãtɔ mawo ŋu o hã la, woawo boŋ ye wɔ nyui geɖe na amewo wu woƒe tsitretsiɖeŋulawo. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Kristotɔ mawo dometɔ aɖewo woŋlɔ la gaɖea vi na ame miliɔn geɖewo egbea henaa mɔkpɔkpɔ wo. Eye menye ɖeko Fiaɖuƒe si ŋu woɖe gbeƒã tsoe la le dzi ɖum fifia ko evɔ o, ke ava ɖu amegbetɔwo katã dzi kpuie hã. (Mat. 24:14) Azɔ hã, blema Roma dziɖuɖu sẽŋu si ti Kristotɔwo yome la nu yi gbe aɖe gbe ʋĩi ke, gake nusrɔ̃la wɔnuteƒe mawo ya nye fiawo le dziƒo fifia. Ke hã woƒe futɔwo ya ku, eye ne woava fɔ wo ɖe tsitre gɔ̃ hã la, woava zu Fiaɖuƒe si Kristotɔ siwo wolé fui la ɖe gbeƒãe la teviwo.—Nyaɖ. 5:10.

5. Le Yohanes 15:19 ƒe nya nu la, nu ka tae ame aɖewo medea bubu Yehowa ƒe amewo ŋu o?

5 Egbea, ame aɖewo medea bubu mí Yehowa Ðasefowo ŋu o, eye woɖea alɔme le mía ŋu, elabe wosusu be míenye ame manyanuwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo. Nu ka tae? Nu si tae nye be míeƒoa asa na nɔnɔme siwo ame siwo dome míele la ɖena fiana. Míedzea agbagba be míabɔbɔ mía ɖokuiwo, afa tu ahanye toɖolawo. Gake le xexea me la, amewo kpɔa dzidzɔ ɖe dadalawo, ame siwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo kple aglãdzelawo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeƒoa mía ɖokui ɖe dunyahehe alo dukɔ aɖeke ƒe asrafoha me o, míaƒe nɔnɔme to vovo na ame siwo le xexea me la tɔ. Eya ta wobua mí be míele ɖeke me o.—Xlẽ Yohanes 15:19; Rom. 12:2.

6. Dɔ gã kawoe Yehowa to eƒe amewo dzi le wɔwɔm?

6 Togbɔ be xexea mebua mí ɖe ɖeke me o hã la, Yehowa to mía dzi le nu gãwo wɔm. Ena míele gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si womewɔ kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o la wɔm. Esubɔla siwo li egbea la taa magazine siwo gɔme woɖena hemana wu bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi, eye wotaa Biblia tsɔ kpena ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Nu siawo katã ŋuti kafukafu yi na Yehowa, ame si toa ame siwo xexea buna be womele ɖeke me o la dzi wɔa dɔ gã siawo. Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Ðe Yehowa ate ŋu ana míasẽ ŋua? Ne nenemae la, ke nu kae míate ŋu awɔ be wòakpe ɖe mía ŋu? Azɔ na míakpɔ nu etɔ̃ siwo míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si apostolo Paulo ɖo ɖi la me.

MÈGAÐO ŊU ÐE WÒ ŊUTƆ WÒ ŊUSẼ ŊU O

7. Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me la dometɔ ɖekae nye ka?

7 Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me la dometɔ ɖekae nye esi: Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutetewo ŋu le Yehowa subɔsubɔ me o. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, susu geɖewo li siwo ta Paulo nado eɖokui ɖe dzi alo aɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu. Etsi le Tarso, si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto aɖe ƒe du vevitɔ la me. Tarso nye dugã aɖe si me nu dze edzi na amewo le, eye yunivɛsiti xɔŋkɔ aɖe nɔ afi ma. Agbalẽnyala gãe Paulo nye, eye Gamaliel, si nye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe si ŋu ame geɖe dea bubui ɣemaɣi lae fia nui. (Dɔw. 5:34; 22:3) Ɣeaɖeɣi la, Paulo nye ame ŋkuta le etɔ Yudatɔwo dome. Egblɔ be: “Meyi ŋgɔ geɖe le Yudasubɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo le nye dukɔ la me.” (Gal. 1:13, 14; Dɔw. 26:4) Ke hã, Paulo meɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu o.

Paulo bu nu siwo dze abe wonye nu nyuiwo ene le xexea me la “aɖukpodzinuwo sɔŋ” esi wòtsɔ wo sɔ kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòadze Kristo yome (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Le Filipitɔwo 3:8 ƒe nya nu la, aleke Paulo bu nu siwo ŋu wòɖe asi le lae, eye nu ka tae ‘wòkpɔ dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me’ ɖo?

8 Paulo lɔ̃ faa ɖe asi le nu siwo ana wòadze ame vevii le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la ŋu. Le nyateƒe me la, ebu nu mawo katã be wonye “aɖukpodzinuwo sɔŋ.” (Xlẽ Filipitɔwo 3:8.) Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖe me le esi wòva zu Kristo yomedzela ta. Eya ŋutɔ detɔwo lé fui. (Dɔw. 23:12-14) Eye eƒe dukɔmeviwo, siwo nye Romatɔwo, ƒoe helée de gaxɔ me. (Dɔw. 16:19-24, 37) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo de dzesii be avu kple kɔe wònyena na ye be yeawɔ nu si sɔ. (Rom. 7:21-25) Gake meɖe mɔ eƒe tsitretsiɖeŋulawo alo eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖe dzi le eƒo o, ke boŋ egblɔ be, “mekpɔa dzidzɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me.” Nu ka tae? Elabena ɣeyiɣi siwo me wògbɔdzɔ lae wòkpɔa ale si gbegbe Mawu ƒe ŋusẽ le kpekpem ɖe eŋui.—2 Kor. 4:7; 12:10.

9. Aleke wòle be míabu nu siwo adze abe wonye nɔnɔme madeamedziwo ene lae?

9 Ne míedi be Yehowa nado ŋusẽ mí la, mele be míasusui be lãmesẽ me nɔnɔ, suku si míede, afi si míetso, alo ga si le mía si ye ɖenɛ fiana be asixɔxɔ le mía ŋu o. Menye nu siawoe nana asixɔxɔ nɔa mía ŋu le Yehowa ŋkume o. Biblia gblɔ tso mí Mawu subɔla akpa gãtɔ ŋu be, “menye nunyalawo le ŋutilã nu ye mia dometɔ geɖe nye o, menye ŋusẽtɔwoe mia dometɔ geɖe nye o, eye menye ƒome siwo ŋu bubu le hã mee mia dometɔ geɖe dzɔ tso o.” Ke boŋ “nu siwo xexea buna gbɔdzɔgbɔdzɔnuwoe” ye Yehowa tia be yeazã. (1 Kor. 1:26, 27) Eya ta mègabu nu siwo adze abe wonye nɔnɔme madeamedziwo la be wonye mɔxenuwo na wò le Yehowa subɔsubɔ me o. Ke boŋ, bu wo be wonye mɔnukpɔkpɔ siwo ana nàkpɔ ale si Yehowa ƒe ŋusẽ le kpekpem ɖe ŋuwòe. Le kpɔɖeŋu me, ne vɔvɔ̃ ɖo wò le esi ame aɖewo le nu ƒom tsi tre ɖe wò dzixɔsewo ŋu ta la, do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò nàƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu. (Ef. 6:19, 20) Ne dɔléle sesẽ aɖe le fu ɖem na wò la, bia Yehowa be wòado ŋusẽ wò be nàyi edzi awɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ɣesiaɣi si nèkpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwòe la, wò xɔse agatsi ɖe edzi eye àgasẽ ŋu ɖe edzi.

SRƆ̃ NU TSO AME SIWO ŊU BIBLIA ƑO NU TSOE ƑE KPƆÐEŊUWO ME

10. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nuteƒewɔla siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe esiwo dze le Hebritɔwo 11:32-34 ene la, ƒe kpɔɖeŋuwo?

10 Paulo doa vevie Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃. Tsɔ kpe ɖe nyateƒenya geɖe siwo wòsrɔ̃ ŋu la, esrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mawu ƒe Nyaa me la ƒe ŋutinyawo hã me. Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo me la, ede dzi ƒo na wo be woade ŋugble le kpɔɖeŋu siwo Yehowa subɔla wɔnuteƒe gbogbo aɖewo ɖo ɖi la ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 11:32-34.) Bu Yehowa subɔla mawo dometɔ ɖeka ko, si nye Fia David, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Menye eƒe futɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu nu koe wòle be wòanɔ te ɖo o, ke ele be wòanɔ te ɖe ame siwo nye exɔlɔ̃wo kpɔ hã ƒe tsitretsiɖeŋu nu. Ne míele David ƒe kpɔɖeŋua me dzrom la, míakpɔ ale si ŋugbledede le David ƒe kpɔɖeŋua ŋu anya kpe ɖe Paulo ŋui kple ale si míate ŋu asrɔ̃ Pauloe.

Togbɔ be David nye ɖekakpui dzaa ko eye wòdze abe ŋusẽ menɔ eŋu o ene hã la, mevɔ̃ be yeawɔ aʋa kple Goliat o. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, elabe enya be Yehowa ado ŋusẽ ye yeaɖu Goliat dzi, eye Yehowa kpe ɖe eŋu hã (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu ka tae wòdze abe ŋusẽ menɔ David ŋu o ene? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

11 Aʋakalẽtɔ sesẽ Goliat bu David be enye ame si ŋu ŋusẽ mele kura o. Esi Goliat kpɔ David la, “edo vloe.” Goliat dzɔ atsu wu David, ebla aʋakpa wui, eye wòxɔ hehe le aʋawɔwɔ me wui hã. Gake ɖeko wòdze abe David ya nye ɖekakpui makpɔnuteƒe si medzra ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu gɔ̃ hã o ene. Gake togbɔ be edze abe David ye nye ame si ŋu ŋusẽ mele o ene hã la, eya boŋue va kpe Goliat dzi. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ ye, eye esia wɔe be wòte ŋu ɖu eƒe futɔa dzi.—1 Sam. 17:41-45, 50.

12. Nɔnɔme sesẽ bubu kae va David dzi?

12 Nɔnɔme sesẽ aɖe gatu David si ate ŋu ana wòase le eɖokui me be ŋusẽ mele ye ŋu o eye yenye wɔnamanɔŋutɔ. David nye Saul, si Yehowa ɖo Israel fiae la, ƒe subɔvi. Le gɔmedzedzea me la, Fia Saul dea bubu David ŋu. Gake emegbe la, dada wɔe be Saul va nɔ ŋu ʋãm David. Saul mewɔ nu ɖe David ŋu nyuie kura o, edze agbagba be yeawui gɔ̃ hã.—1 Sam. 18:6-9, 29; 19:9-11.

13. Nu kae David wɔ esi Fia Saul menɔ nu wɔm ɖe eŋu nyuie o?

13 Togbɔ be Fia Saul mewɔ nu ɖe David ŋu nyuie kura o hã la, David yi edzi de bubu ame si Yehowa tsɔ ɖo fiae la ŋu. (1 Sam. 24:6) David mebu fɔ Yehowa ɖe nu gbegblẽ siwo Saul wɔ la ta o. Ke boŋ, David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòana ŋusẽ si yehiã la ye be yeate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ ma me.—Ps. 18:1, etamenuŋɔŋlɔ.

14. Nɔnɔme kawo mee apostolo Paulo to siwo ɖi esiwo me David to?

14 Apostolo Paulo to nɔnɔme siwo me David to la tɔgbi me. Ŋusẽ nɔ Paulo ƒe futɔwo ŋu wu eya amea sãsãsã. Ame ŋkuta siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me la dometɔ geɖe lé fui. Enuenu la, wona wolée, ƒoe hedee gaxɔ me. Abe ale si wònɔ le David gome ene la, ame siwo wòle be woanye Paulo xɔlɔ̃wo hafi la mewɔ nu ɖe eŋu nyuie kura o. Kristo hamea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã tsi tre ɖe eŋu. (2 Kor. 12:11; Flp. 3:18) Gake Paulo ɖu ame siwo katã tsi tre ɖe eŋu la dzi. Le mɔ ka nu? Eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã. Ewɔ nu ɖe nɔvia haxɔsetɔwo ŋu nyuie ne woawo ya mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. Eye ƒo wo katã ta la, ewɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe ku me. (2 Tim. 4:8) Menye esi ŋusẽ le eya ŋutɔ ŋu tae wòte ŋu wɔ nu siawo katã ɖo o, ke boŋ esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tae.

Ne èle agbagba dzem be yeaɖe nu me na ame siwo ƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple wò dzixɔsewo o la, de bubu wo ŋu, eye nàɖe ameŋububu fia (Kpɔ memama 15 lia) *

15. Nu kae nye míaƒe taɖodzinu, eye aleke míawɔ aɖo egbɔ?

15 Ðe wò sukuxɔmehatiwo, wò dɔwɔhatiwo, alo wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la dzua wò alo tsia tre ɖe ŋuwòa? Ðe hamea me tɔ aɖe wɔ nu manyomanyo aɖe ɖe ŋuwò kpɔa? Ne nenemae la, ekema ɖo ŋku kpɔɖeŋu siwo David kple Paulo ɖo la dzi. Àte ŋu ayi edzi ‘atsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.’ (Rom. 12:21) Gake le gowòme la, manye wò taɖodzinu be nàda kpe wòalɔ ame aɖe ƒe ŋgonu wòayi eme, abe ale si David wɔe ene o, ke boŋ be nàna Mawu ƒe Nya la naƒo ke ɖe to ɖe amewo ƒe susuwo kple dziwo me. Àte ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ ne èzãa Biblia tsɔ ɖoa amewo ƒe nyabiasewo ŋu, ne èdea bubu ame siwo wɔa nu manyomanyowo ɖe ŋuwò la ŋu henyoa dɔme na wo, eye nèwɔa nyui na amewo katã, wò futɔwo kura gɔ̃ hã.—Mat. 5:44; 1 Pet. 3:15-17.

LƆ̃ FAA NÀXƆ KPEKPEÐEŊU TSO AME BUBUWO GBƆ

16-17. Nu kae Paulo meŋlɔ be gbeɖe o?

16 Hafi apostolo Paulo nazu Kristo ƒe nusrɔ̃la la, enye ɖekakpui mabuame si ti Yesu yomedzelawo yome vevie. (Dɔw. 7:58; 1 Tim. 1:13) Yesu ŋutɔe xe mɔ na Paulo, si woyɔna be Saul ɣemaɣi la, be wòagadze Kristo hamea dzi o. Yesu ƒo nu na Paulo tso dziƒo, eye wòna eƒe ŋkuwo gbã. Hafi Paulo nagakpɔ nu la, enɔ nɛ be wòadi kpekpeɖeŋu tso ame siwo yome tim wònɔ la gbɔ. Paulo bɔbɔ eɖokui esi wòlɔ̃ faa xɔ kpekpeɖeŋu tso Anania, ame si na wògakpɔ nu ake la gbɔ.—Dɔw. 9:3-9, 17, 18.

17 Emegbe Paulo va zu ame si wonya nyuie le Kristo hamea me, gake meŋlɔ nu si wòsrɔ̃ tso Yesu gbɔ esime wònɔ mɔ dzi yina Damasko la be gbeɖe o. Paulo yi edzi bɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ faa xɔ kpekpeɖeŋu tso nɔviawo gbɔ. Egblɔ gɔ̃ hã be wonye “ŋusẽdodo” gã aɖe na ye.—Kol. 4:10, 11, etenuŋɔŋlɔ.

18. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míaxɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ?

18 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo gbɔ? Anɔ eme be esi míete hadede kple Yehowa Ðasefowo la, míelɔ̃na faa xɔa kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ, elabena míenya be míenye vidzĩwo le gbɔgbɔmenugɔmesese nu eye nu geɖe li wòle be míasrɔ̃. (1 Kor. 3:1, 2) Ke fifia ya ɖe? Ne míele Yehowa subɔm ƒe geɖewoe nye esia eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su mía si la, ate ŋu asesẽ na mí be míaxɔ kpekpeɖeŋu, vevietɔ ne ame si gbɔ míaxɔ kpekpeɖeŋua tsoe la mele nyateƒea me eteƒe didi abe míawo ene o. Ke hã, mía nɔviwo dzie Yehowa tona doa ŋusẽ mí zi geɖe. (Rom. 1:11, 12) Eya ta ne míedi be Yehowa nado ŋusẽ mí la, ele be míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso mía nɔviwo gbɔ.

19. Nu ka tae Paulo te ŋu wɔ dɔ ɖedzesi geɖewo?

19 Esi Paulo zu Kristotɔ la, ewɔ dɔ ɖedzesi geɖewo. Nu ka gbɔe wòtso? Ede dzesii be menye ŋusẽ si le ame aɖe ŋu, eƒe sukudede, ga si gbegbe le esi, alo afi si wòtso ye ana wòakpɔ dzidzedze o, ke boŋ eƒe ɖokuibɔbɔ kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ye. Neva eme be mí katã míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu le go siawo me: (1) Míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, (2) míasrɔ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe kpɔɖeŋuwo me, eye (3) míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso haxɔsetɔwo gbɔ. Ekema, aleke kee nèɖase le ɖokuiwò me be yegbɔdzɔ o, Yehowa ana nàsẽ ŋu!

HADZIDZI 71 Yehowa Ƒe Aʋakɔ Míenye!

^ mm. 5 Le nyati sia me la, míadzro kpɔɖeŋu si apostolo Paulo ɖo ɖi la me. Míava kpɔe be ne míebɔbɔ mía ɖokui la, Yehowa ana ŋusẽ si míehiã la mí, ale be míanɔ te ɖe amewo ƒe alɔmeɖeɖewo kple míawo ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu.

^ mm. 1 NYAMEÐEÐE: Nu vovovowo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be míegbɔdzɔ—eƒe ɖewoe nye míaƒe blibomademade, ahedada, dɔléame, alo ne míede suku yi ŋgɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe futɔwo gblɔa nya manyomanyowo ɖe mía ŋu alo wɔa nu vevi mí ale be míase le mía ɖokui me be míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Esi Paulo te gbeƒãɖeɖe tso Kristo ŋu la, eɖe asi le nu siwo ŋu dɔ wòwɔna esime wònye Farisitɔ la ŋu. Esia ƒe ɖewo ate ŋu anye xexemenunya ŋuti gbalẽxatsaxatsawo kple nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le siwo woblana ɖe abɔ kple ŋgonu.

^ mm. 61 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe ƒe dɔwɔhatiwo le eƒom ɖe enu be wòakpɔ gome le dzigbezãɖuɖu me.