Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Nu Si Wòle Be Mawɔ Lae Mewɔ

Nu Si Wòle Be Mawɔ Lae Mewɔ

DONALD RIDLEY nye senyala aɖe si ʋli Yehowa Ðasefowo ta le ʋɔnudrɔ̃nya geɖewo me ƒe 30 kple edzivɔ. Ewɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wokpɔe be gome le dɔnɔwo si be woagbe be woagado ʋu na yewo o. Ekpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu woɖu dzi le senya geɖewo me le United States. Exɔlɔ̃ geɖe yɔnɛ be Don, eye enye ame si doa vevie nu, ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme fiana.

Le ƒe 2019 me la, wokpɔ ahɔhɔ̃ me dɔléle aɖe si mebɔ o, si wometea ŋu dana o la le Don ŋu. Dɔlélea nɔ sesẽm ɖe edzi kabakaba, eye wòku le August 16, 2019 dzi. Eƒe ŋutinyae nye esi gbɔna.

Wodzim le St. Paul, le nuto si woyɔna be Minnesota me le United States le ƒe 1954 me. Ganyawo de míaƒe ƒomea dzi vie, eye míenye Roma Katolikotɔwo. Mí ame atɔ̃e wodzi, eye nyee nye evelia. Katoliko suku ye mede, eye menye misasubɔvi. Gake nyemenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Togbɔ be mexɔe se be Mawu aɖe li si wɔ nuwo katã hã la, nyemekpɔe be Katolikohaa ate ŋu akpe ɖe ŋunye masubɔ Mawu o.

MEKE ÐE NYATEƑEA ŊU

Esime menɔ xɔ gbãtɔ me le senyawo ƒe suku aɖe la, Yehowa Ðasefowo va gbɔnye le aƒe me gbe ɖeka. Atsu kple asie wonye. Eye esi menɔ nu nyam hafi wova ta la, wolɔ̃ faa be yewoatrɔ ava emegbe. Esi wotrɔ va la, mebia nya eve wo, mebia wo be: “Nu ka tae nu medzea edzi na ame nyuiwo le xexea me o?” eye “Nu kae nana ame kpɔa dzidzɔ?” Wotsɔ agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si ƒe akpa nye gbemumu eye wònya kpɔ la nam. Melɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Biblia sɔsrɔ̃ na meva se nu geɖe gɔme. Dzi dzɔm ŋutɔ esi meva srɔ̃e be Mawu Fiaɖuƒea ye nye dziɖuɖu si ava ɖu anyigba bliboa dzi. Mede dzesii be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu ale gbegbe, eye wowɔe be vevesese, fukpekpe, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple afɔku xɔ xexea me.

Metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa le ƒe 1982 me, eye mexɔ nyɔnyrɔ emegbe le ƒe ma me le “Fiaɖuƒe Ŋuti Nyateƒe” Takpekpe Gã me le takpeƒe aɖe si le St. Paul. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, metrɔ yi takpeƒe ma ke vae ŋlɔ dodokpɔ si ana madze anye senyala. Le October me la, wona menya be mewɔ dɔ nyuie le dodokpɔa me, eya ta medze anye senyala.

Le “Fiaɖuƒe Ŋuti Nyateƒe” Takpekpe Gãa me la, medo go Mike Richardson, si nye Betel dɔwɔla le Brooklyn; egblɔ nam be woɖo senyawo ƒe dɔwɔƒe aɖe ɖe míaƒe dɔwɔƒegã. Esia na meɖo ŋku Etiopiatɔwo ƒe amegã ƒe nya si dze le Dɔwɔwɔwo 8:36 la dzi eye mebia ɖokuinye be, ‘Nu kae xe mɔ nam be magabia be mawɔ dɔ le Senyawo Ƒe Dɔwɔƒea o?’ Eya ta mekpe dɔbiagbalẽvi ɖo be mawɔ dɔ le Betel.

Medzɔ dzi na dzinyelawo be meva zu Yehowa Ðasefo o. Tɔnye biam be vi kae dɔwɔwɔ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa aɖe nam abe senyala ene hã. Meɖe eme nɛ be, nye ŋutɔe lɔ̃ faa be mawɔ dɔ na Habɔbɔa atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Megblɔ nɛ hã be woana gakpekpeɖeŋu vi aɖem ɣleti sia ɣleti hena nye nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, abe ale si wowɔnɛ na Betel dɔwɔla bubuwo katã ene.

Esi wònye be melɔ̃ ɖe edzi be mawɔ dɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe xoxo ta la, nyemete ŋu yi Betel enumake o, eya ta medze dɔwɔwɔ gɔme le Betel le Brooklyn, New York, le ƒe 1984 me. Wona mewɔ dɔ le Senyawo Ƒe Dɔwɔƒea. Ɣeyiɣi si meva dze dɔwɔwɔ gɔme le afi ma la sɔ ŋutɔ.

ESI WÒVA HIÃ BE WOAGBUGBƆ ASI ATRƆ LE STANLEY FEFEWƆƑEA ŊU

Ale si Stanley Fefewɔƒea nɔ esime habɔbɔa ƒlee

Habɔbɔa ƒle Stanley Fefewɔƒe si le Jersey City, le New Jersey la le November 1983 me. Nɔviawo bia mɔ le dumegãwo gbɔ be woaɖe mɔ na yewo yewoaɖɔli xɔa ƒe elektrik-kawo kple pɔmpiwo. Esi nɔviawo kpe kple dumegãwo la, woɖe eme na wo be yewodi be yewoazã Stanley Fefewɔƒea wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewɔƒe. Gake esia medze wo ŋu o. Nutoa me ƒe sewo meɖe mɔ be xɔ siwo wozãna na tadeaguwɔnawo la nanɔ nuto siwo me adzɔhawo kple dɔwɔƒewo le o. Gake Stanley Fefewɔƒea nɔ nuto si me dɔwɔƒewo le, eya ta dumegãwo gbe be yewomaɖe mɔ na mí o. Nɔviawo ɖe kuku be woagbugbɔ alé ŋku ɖe nyametsotso ma ŋu na yewo, gake gbeɖegbeɖea koe.

Kwasiɖa gbãtɔ si me meva Betel ye habɔbɔa tsɔ nya sia yi ʋɔnui. Esi wònye be mewɔ dɔ ƒe eve le ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si le St. Paul, le Minnesota vɔ teti koe nye ema ta la, menya nu tso nya mawo tɔgbi ŋu nyuie. Míaƒe senyalawo dometɔ ɖeka ʋli habɔbɔa ta gblɔ bena, wozã Stanley Fefewɔƒea na hadomewɔna vovovowo va yi, abe filmwo ɖeɖe kple kɔnsɛtwo wɔwɔ ene. Ekema nu ka tae se maɖe mɔ be woawɔ subɔsubɔ ƒe wɔnawo le afi ma o? Ʋɔnudrɔ̃ƒea dzro nyaa me eye wòtso afia be Jersey City ƒe dumegãwo tu afɔkpo míaƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso dumegãwo si be woaɖe mɔ ɖe teƒea zazã ŋu na mí. Eye esia na meva kpɔ ale si Yehowa nɔ yayram ɖe agbagba siwo dzem eƒe habɔbɔa le be wòato senyawo dzi ado eƒe dɔa ɖe ŋgɔ la dzi. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nye hã mewɔ akpa aɖe le eme.

Nɔviawo wɔ ɖɔɖɔɖodɔ gã aɖe le Jersey City Takpexɔa ŋu, eye mede ƒe ɖeka o, wowɔ Gilead ƒe klass 79 lia ƒe sukunuwuwu ƒe wɔnawo le afi ma le September 8, 1985 dzi. Mese le ɖokuinye me be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye su asinye be makpe asi ɖe Senyawo Ƒe Dɔwɔƒea ŋu míado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ, eye dzidzɔ si mekpɔ la ƒo dzidzɔ ɖe sia ɖe si mekpɔ esi menye senyala hafi va Betel la ta sãsãsã. Ɣemaɣi la, nyemenya be Yehowa ana magawɔ akpa aɖe le senya bubu geɖewo me o.

GOME SI LE AME SI BE WOADA DƆ NƐ ƲUMADOMADOE TA ƲIƲLI

Le ƒe 1980-awo me la, edzɔna zi geɖe be ɖɔktawo kple kɔdzidɔwɔlawo nado ʋu na Yehowa Ðasefowo ne woawo ŋutɔwo melɔ̃ be woadoe na yewo o gɔ̃ hã. Funɔwo koŋue esia nyea kuxi sesẽ na, elabena ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe susue nye be gome mele wo si le se nu be woagbe be womegado ʋu na yewo o. Ʋɔnudrɔ̃lawo gblɔna be ne womedo ʋu na wo o la, woate ŋu aku agblẽ wo via ɖi.

Le December 29, 1988 dzi la, ʋu gbogbo aɖe do le Nɔvinyɔnu Denise Nicoleau ŋu le vidziɣi. Eƒe ʋu ɖiɖi va ɖo dzidze 5.0 pɛ ko, eye ɖɔktaa bia tso esi be wòalɔ̃ woado ʋu nɛ. Gake Nɔvinyɔnu Nicoleau gbe. Le ŋufɔke la, kɔdzidɔwɔlawo bia tso ʋɔnudrɔ̃la aɖe si be wòana ŋusẽ yewo yewoado ʋu nɛ, elabe yewokpɔe be ehiã. Ʋɔnudrɔ̃laa mena mɔnukpɔkpɔ Nɔvinyɔnu Nicoleau alo srɔ̃a be woaʋli wo ɖokui ta o, eye mena wonya gɔ̃ hã be yena mɔ kɔdzidɔwɔlawo be woado ʋu nɛ o.

Le Fiɖa, December 30 lia dzi la, kɔdzidɔwɔlawo do ʋu na Nɔvinyɔnu Nicoleau, togbɔ be eya kple srɔ̃a kpakple woƒe ƒometɔ bubu siwo nɔ egbɔ le kɔa dzi la melɔ̃ ɖe edzi hafi o hã. Le fiẽ ma me la, setɔwo va lé ƒomea me tɔ aɖewo kple hamemetsitsi ɖeka eve aɖewo, elabe wotso wo nu be wova ƒo xlã Nɔvinyɔnu Nicoleau ƒe abatia ale be ɖɔktawo nagado ʋua nɛ o. Le Memleɖagbe ŋdi, si nye December 31 lia dzi la, nyadzɔdzɔgbalẽwo kpakple television kple radio dɔwɔƒe siwo le New York City kple eƒe golɔgoewo la ka nya ta tso wo léle ŋu.

Nye kple Philip Brumley, esime míenɔ ɖekakpui me

Le Dzoɖagbe ŋdi la, meƒo nu kple Milton Mollen, si nye ʋɔnudrɔ̃la le ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ aɖe. Megblɔ nu siwo dzɔ la na ʋɔnudrɔ̃laa eye mena eme kɔ nɛ be ʋɔnudrɔ̃la kemɛa da asi ɖe edzi be woado ʋu na nɔvinyɔnua evɔ womese eƒe numegbe hafi o. Ʋɔnudrɔ̃la Mollen gblɔ nam be mava yeƒe ɔfis le ɣetrɔ me, ale be míalé nyaa kpɔ ahadzro se siwo ku ɖe eŋu la me. Nye kple Philip Brumley, si nye Senyawo Ƒe Dɔwɔƒea dzi kpɔla, ye yi ʋɔnudrɔ̃la Mollen ƒe ɔfis le ɣetrɔ ma me. Ʋɔnudrɔ̃laa kpe ame si nye senyala na kɔdzia hã be wòava. Nyaa he tikãa gbe ma gbe. Esime míenɔ nyaa hehe dzi la, Nɔviŋutsu Brumley ŋlɔ ɖe nuŋlɔɖigbalẽ si wòlé ɖe asi la dzi be “gbɔ dzi ɖi,” eye wòtsɔe fiam. Aɖaŋu nyui aɖee nye ema wòɖo nam vavã, elabena dzi va nɔ kuyem esime míenɔ agbagba dzem be míaɖee afia be kɔdzitɔwo ƒe senyalaa tɔ medzɔ o.

Tso miame yi ɖusime: Richard Moake, Gregory Olds, Paul Polidoro, Philip Brumley, nye, kple Mario Moreno—míaƒe senyala siwo ʋli habɔbɔa ta le ʋɔnunya si nye Watchtower v. Village of Stratton, si wodrɔ̃ le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la me​—Kpɔ Nyɔ! January 8, 2003

Anɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene megbe la, Ʋɔnudrɔ̃la Mollen gblɔ be nya mae anye nya gbãtɔ si gbɔ woakpɔ le ŋufɔke. Esime míenɔ dzodzom le Ʋɔnudrɔ̃la Mollen ƒe ɔfis la, egblɔ be “dɔ sesẽ aɖe” dze ŋgɔ kɔdzitɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃laa etsɔ. Esia fia be manɔ bɔbɔe nɛ kura be wòaʋli eɖokui ta o. Esia na mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ kakam ɖe edzi na mí be woatso afia na mí be mía tɔ dzɔ. Ewɔ nuku nam be Yehowa na míenɔ akpa aɖe wɔm be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme.

Míenɔ zã dzi nɔ dzadzram ɖo ɖe ale si míaʋli nyaa le ŋufɔke ŋu. Ʋɔnudrɔ̃ƒea medidi tso Brooklyn Betel la o, eya ta nɔvi ʋɛ siwo nɔ dɔ wɔm le Senyawo Ƒe Dɔwɔƒea dometɔ akpa gãtɔ zɔ yi ʋɔnudrɔ̃ƒea. Esi ʋɔnudrɔ̃la eneawo se akpa eveawo ƒe nyawo vɔ la, wotso nya me be mele be ʋɔnudrɔ̃laa naɖe mɔ na kɔdzitɔwo be woado ʋu na nɔvinyɔnua hafi o. Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ sia tso afia na Nɔvinyɔnu Nicoleau, eye wòɖo kpe edzi be enye dada le ame ƒe gomenɔamesi dzi be woade se be woado ʋu na amea evɔ womase amea ŋutɔ ƒe numegbe hafi o.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si le New York hã gava ɖo kpe edzi be gome le Nɔvinyɔnu Nicoleau si be wòagbe be womegado ʋu na ye o. Esiae nye ʋɔnunya siwo ku ɖe ʋudodo ŋu siwo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo drɔ̃ la ƒe gbãtɔ si ŋu mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe asi ɖo. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “ Nya Bubu Siwo Me Míeɖu Dzi Le Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.”) Azɔ hã, mewɔ dɔ aduadu kple senyala bubu siwo le Betel le ʋɔnunya siwo ku ɖe srɔ̃gbegbe, dzila si gbɔ ɖevi anɔ kple se siwo ku ɖe anyigbawo kple xɔwo zazã ŋu la ŋuti.

NYE SRƆ̃ÐEÐE KPLE NYE ƑOMEGBENƆNƆ

Nye kple srɔ̃nye Dawn

Esi medo go Dawn, si va zu srɔ̃nye la zi gbãtɔ la, eya kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo, eye vi etɔ̃ nɔ esi. Enɔ dɔ wɔm tsɔ nɔ eya kple viawo dzi kpɔm eye wòganɔ mɔɖeɖedɔa hã wɔm. Eto nɔnɔme sesẽ geɖe me, eye ale si wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Le ƒe 1992 me la, míede “Kekeliviwo” ƒe Takpekpe Gã le New York City, eye megblɔ nɛ be madi be míadze si mía nɔewo nyuie. Míeɖe mía nɔewo le ƒe ɖeka megbe. Nunanae wònye tso Yehowa gbɔ nam be mekpɔ srɔ̃nyɔnu dzidzɔme si lɔ̃ Yehowa vevie. Tso esime míeɖe srɔ̃ ko la, Dawn wɔ nyui nam le míaƒe agbemeŋkekewo katã me vavã.—Lod. 31:12.

Esi míeɖe srɔ̃ la, ɖeviawo xɔ ƒe 11, 13 kple 16. Esi medi be manye vifofo nyui na wo ta la, mexlẽ nyati siwo katã mekpɔ le míaƒe agbalẽwo me ku ɖe atikɔmeƒomewo ŋu la nyuie eye mewɔ wo dzi. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, kuxi aɖewo do mo ɖa ya, gake dzi dzɔam ŋutɔ be ɖeviawo va xɔm abe yewo fofo kple yewo xɔlɔ̃ si dzi yewoate ŋu aka ɖo ene. Míeɖea mɔ na mía viawo be woakplɔ wo xɔlɔ̃wo ava aƒea me faa, eye ne sɔhɛ kpɔdzidzɔ mawo siwo me dzo le la va aƒea me nenema la, enyea dzidzɔɣi ŋutɔ.

Le ƒe 2013 me la, nye kple Dawn míeʋu yi Wisconsin be míakpɔ mía dzila tsitsiwo dzi. Ewɔ nuku nam be nye subɔsubɔdɔ si wɔm menɔ le Betel la mese ɖe afi ma o. Wobia tso asinye be manye ɣeyiɣi aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla si anɔ asi kpem ɖe habɔbɔa ŋu le senyawo me.

TƆTRƆ KPATA AÐE

Le September 2018 me la, mede dzesii be mekpea kpe zi geɖe ale be nye vetome nakɔ hafi maƒo nu. Ðɔkta si kpɔa gbɔnye la mete ŋu de dzesi nu si tututu gbɔ kuxia tso o. Emegbe ɖɔkta bubu gblɔ nam be mava kpɔ ɖɔkta si nya nu tso ahɔhɔ̃ ŋu. Le January 2019 me la, ɖɔktaa gblɔ be anye be dɔléle aɖe si mebɔ kura o si ava gblẽ nu le nye ameti bliboa ŋu emegbe lae nɔ fu ɖem nam.

Le ŋkeke etɔ̃ megbe, esime menɔ gome kpɔm le sno dzi kamedefefe aɖe me la, medze anyi eye nye ɖusilɔ ŋe. Ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔe nye ema mefea fefe sia, si wɔe be meva bi ɖe eme. Eya ta mekpɔe be ŋusẽ nɔ vɔvɔ̃m le nye lãmekawo ŋu. Ale si dɔ sia nɔ nu gblẽm le ŋunye kabakaba la wɔ nuku nam ŋutɔ. Esesẽna nam be mami nu, eye nuƒoƒo kple azɔlizɔzɔ hã zu dɔ nam.

Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye nam be mezã nu siwo mesrɔ̃ tso senyawo ŋu tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Edzɔ dzi nam be mete ŋu ŋlɔ nyati geɖewo, siwo wota ɖe magazine siwo ɖɔktawo, senyalawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo xlẽna la me. Eye meƒo nuƒowo le dutoƒo le dukɔ vovovowo me le xexea me godoo tsɔ ʋli gome si le Yehowa ƒe amewo si be woatiae be woawɔ atike na yewo ʋumadomadoe la ta. Gake ale si mesena le ɖokuinye me la wɔ ɖeka kple nya si dze le Luka 17:10 be: ‘Kluvi gbɔlo koe menye. Nu si wòle be mawɔ lae mewɔ.’