Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣekaɣie Yesu va zu nunɔlagã, eye ɖe vovototo aɖe le ɣeyiɣi si me woɖo kpe nubabla yeyea dzi kple ɣeyiɣi si me woɖoe anyi la domea?

Kpeɖodziwo ɖee fia be Yesu va zu nunɔlagã esi wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 29 K.Ŋ. Aleke míewɔ nya esia? Esi wonyrɔ Yesu la, eɖee fia be yelɔ̃ faa be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔ ɖe kpɔɖeŋuvɔsamlekpui si le tsitre ɖi na Mawu ƒe “lɔlɔ̃nu” wɔwɔ la dzi. (Gal. 1:4; Heb. 10:5-10) Esi wònye be vɔsamlekpui nye nu vevi aɖe le gbedoxɔa me ta la, anɔ eme be gbɔgbɔmegbedoxɔa va li tso esime wonyrɔ Yesu. Gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la le tsitre ɖi na ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu si nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi.—Mat. 3:16, 17; Heb. 5:4-6.

Esi gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la va li ta la, ehiã be nunɔlagã hã nanɔ anyi. Eya ta Yehowa tsɔ “gbɔgbɔ kɔkɔe kple ŋusẽ si ami” na Yesu be wòanye nunɔlagã. (Dɔw. 10:37, 38; Marko 1:9-11) Ke hã, aleke míawɔ aka ɖe edzi be woɖo Yesu Nunɔlagã do ŋgɔ na eƒe ku kple tsitretsitsi? Nunɔlagã Aron kple nunɔlagã siwo va ɖe eyome la ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase sia ŋu.

Le Mose ƒe Sea me la, nunɔlagã koe kpɔ mɔ ayi avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, eye nenema kee wòva nɔ le gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea hã gome. Xɔmetsovɔ aɖe tso Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dome. Avuléŋkekea dzi koe nunɔlagã toa xɔmetsovɔa me yia Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. (Heb. 9:1-3, 6, 7) Wosi ami na Aron kple ame siwo va ɖe eyome la wozu nunɔlagãwo hafi ‘woto xɔmetsovɔa me yi’ avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Eya ta anɔ eme be wosi ami na Yesu hã wòzu Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã ƒe Nunɔlagã hafi wòku eye “wòto xɔmetsovɔ, si nye eƒe ŋutilã, la me yi” dziƒo. (Heb. 10:20) Esia ta apostolo Paulo gblɔ tso Yesu ŋu be eva abe “nunɔlagã” ene, eye wòge ɖe “agbadɔ si lolo wu hede blibo wu, esi wometsɔ asi tu o, la me” yi “dziƒo ŋutɔŋutɔ.”—Heb. 9:11, 24.

Vovototo aɖeke mele ɣeyiɣi si me woɖo kpe nubabla yeyea dzi kple ɣeyiɣi si me woɖoe anyi la dome o. Nu ka tae míegblɔe alea? Esi Yesu yi dziƒo eye wòtsɔ asixɔxɔ si le eƒe agbe debliboa ŋu do ɖe Mawu ŋkume ɖe mía ta la, eto esia dzi ɖe afɔ siwo wɔe be wova ɖo kpe nubabla yeyea dzi, alo na wòva le se nu. Afɔɖeɖe mawo kee wɔe be woɖo nubabla yeyea anyi alo na wòte dɔwɔwɔ. Nu kae afɔɖeɖe siawo lɔ ɖe eme?

Gbã, Yesu do ɖe Yehowa ŋkume; eyome etsɔ asixɔxɔ si le eƒe vɔsaa ŋu na Yehowa; eye mlɔeba, Yehowa xɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ŋu. Esi woɖe afɔ siawo ko hafi nubabla yeyea te dɔwɔwɔ.

Biblia megblɔ ɣeyiɣi si tututu Yehowa xɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe vɔsaa ŋu la na mí o. Le esia ta la, míate ŋu atɔ asi ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi be ɣemaɣie woɖo kpe nubabla yeyea dzi alo be wòte dɔwɔwɔ o. Ke hã, míenyae be Yesu yi dziƒo ŋkeke ewo megbe hafi Pentekosteŋkekea ɖo edzi. (Dɔw. 1:3) Ɣeaɖeɣi le ŋkeke ewo mawo me la, Yesu tsɔ asixɔxɔ si le eƒe vɔsaa ŋu na Yehowa eye Yehowa xɔe. (Heb. 9:12) Nu si dzɔ le Pentekosteŋkekea dzi na wòdze kɔtɛ be nubabla yeyea te dɔwɔwɔ. (Dɔw. 2:1-4, 32, 33) Eya ta edze ƒãa be nubabla yeyea nɔ dɔ wɔm xoxo ɣemaɣi.

Kpuie ko la, woɖo kpe nubabla yeyea dzi heɖoe anyi esime Yehowa xɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ŋu, eye wòna amesiaminawo hã va le nubabla ma me. Ɣemaɣie nubabla yeyea te dɔwɔwɔ, eye Yesu, si nye nunɔlagã la, nye Domenɔla na nubabla yeyea.—Heb. 7:25; 8:1-3, 6; 9:13-15.