Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 30

Yi Edzi Nàzɔ Le Nyateƒea Me

Yi Edzi Nàzɔ Le Nyateƒea Me

“Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia o: be mase be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”—3 YOH. 4.

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

NYA VEVIAWO *

1. Abe ale si 3 Yohanes 3, 4 ɖee fia ene la, nu kae nana míekpɔa dzidzɔ?

ÀTE ŊU akpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ apostolo Yohanes esime wòse be ame siwo ŋu yekpe ɖo wova xɔ nyateƒea la yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la le susu mea? Kristotɔ wɔnuteƒe mawo siwo Yohanes tsɔ abe viawo ene la do go kuxi geɖewo, eye Yohanes dze agbagba wɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ do ŋusẽ woƒe xɔse. Nenema kee, ne mía viwo loo alo míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo yi ŋgɔ tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa hele esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe la, enana dzi dzɔa mí ŋutɔ.—Xlẽ 3 Yohanes 3, 4.

2. Nu ka tae Yohanes ŋlɔ eƒe lɛta etɔ̃awo?

2 Le ƒe 98 Kristotɔwo Ŋɔli me la, Yohanes anya nɔ Efeso loo alo teƒe aɖe si gogo Efeso. Anɔ eme be, esime woɖe asi le eŋu le gaxɔ me le Patmo ƒukpoa dzi ye wòʋu yi afi ma. Ɣemaɣi lɔƒo la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ lɛta etɔ̃ aɖewo. Yehowa na wòŋlɔ lɛta mawo be yeatsɔ ade dzi ƒo na Kristotɔ wɔnuteƒewo be woayi edzi axɔ Yesu dzi se eye woayi edzi azɔ le nyateƒea me.

3. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

3 Yohanes ye nye apostolo mamlɛtɔ si nɔ anyi ɣemaɣi, eye etsi dzimaɖi ɖe ŋusẽ gbegblẽ si alakpanufialawo nɔ kpɔkpɔm ɖe hameawo dzi ɣemaɣi la ŋu vevie. * (1 Yoh. 2:18, 19, 26) Xɔsegbela mawo gblɔna be yewonya Mawu, gake womewɔa eƒe sewo dzi o. Na míadzro nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yohanes wòŋlɔ ɖe eƒe lɛtawo me la me. Ne míele wo me dzrom la, míaɖo biabia etɔ̃ siawo ŋu: Nu kae wòfia be míazɔ le nyateƒea me? Kuxi kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míazɔ le nyateƒea me? Eye nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔewo ŋu be míayi edzi azɔ le nyateƒea me?

NU KAE WÒFIA BE MÍAZƆ LE NYATEƑEA ME?

4. Le 1 Yohanes 2:3-6 kple 2 Yohanes 4, 6 ƒe nya nu la, nu kae wòfia be míazɔ le nyateƒea me?

4 Hafi míate ŋu azɔ le nyateƒea me la, ehiã be míanya nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la nyuie. Azɔ hã, ele be ‘míalé Yehowa ƒe seawo me ɖe asi,’ si fia be míawɔ eƒe seawo dzi. (Xlẽ 1 Yohanes 2:3-6; 2 Yohanes 4, 6.) Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le ale si míaɖo to Yehowa me. Eya ta, mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖo to Yehowa ye nye be míadze agbagba adze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.—Yoh. 8:29; 1 Pet. 2:21.

5. Nu kawo dzie wòle vevie be míaka ɖo?

5 Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowae nye nyateƒe Mawu la, eye nya sia nya si wògblɔ na mí le eƒe Nya, Biblia, me la nye nyateƒe. Azɔ hã, ele be míaka ɖe edzi be Yesue nye Mesia si ŋugbe Mawu do. Ame geɖe mexɔe se be Mawu si ami na Yesu wòzu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia o. Yohanes xlɔ̃ nu Kristotɔwo be, “ameblela geɖewo” le xexea me, eye wodzea agbagba be yewoakplɔ ame siwo mexɔ nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple Yesu ŋu dzi se bliboe o la atrae. (2 Yoh. 7-11) Yohanes ŋlɔ bena: “Ame si gbe be menye Yesue nye Kristo la o la, menye eyae nye aʋatsokala oa?” (1 Yoh. 2:22) Nu vevitɔ si wòle be míawɔ be ame aɖeke nagakplɔ mí atrae o ye nye be míanɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m. Ne míewɔa esia ko hafi míava nya Yehowa kple Yesu nyuie. (Yoh. 17:3) Eye esia ana míaka ɖe edzi bliboe be míele nyateƒea me.

KUXI KAWOE ATE ŊU ANA WÒASESẼ NA MÍ BE MÍAZƆ LE NYATEƑEA ME?

6. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na Kristotɔ sɔhɛ aɖe be wòayi edzi azɔ le nyateƒea me?

6 Ele be Kristotɔwo katã nanɔ ŋudzɔ be ame aɖeke nagatsɔ xexemenunya aflu wo o. (1 Yoh. 2:26) Sɔhɛwo koŋue wòhiã be woaganɔ ŋudzɔ wu. Nɔvinyɔnu Alexia, * si le France, eye wòxɔ ƒe 25 la gblɔ be: “Esime menɔ sukua, nu siwo míesrɔ̃ tso amedzɔtsolãme ƒe nufiafia ŋu kpakple xexemenunya na metɔtɔ ŋutɔ eye meva nɔ ɖi kem nyateƒea. Ɣeaɖewoɣia, ewɔna nam abe nufiafia mawo le eme ene. Gake meva kpɔe be, mesɔ be maŋe aɖaba aƒu nu si Biblia fia dzi eye maxɔ nu siwo wonɔ mía fiam le suku la dzi se ko nenema o.” Alexia srɔ̃ agbalẽ si nye, Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? (alo La vie : comment est-elle apparue ? Évolution ou création ?) Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, eƒe ɖikekea nu yi. Alexia gblɔ be: “Nye ŋutɔ meku nu me eye mekpɔ kakaɖedzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe. Mekpɔe be ne menɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu la, makpɔ dzidzɔ eye nye dzi adze eme.”

7. Nuwɔna kae wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?

7 Xexemenunya doa agbe eve nɔnɔ ɖe ŋgɔ, ke hã, ele na Kristotɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be woaƒo asa na nuwɔna sia keŋkeŋ. Yohanes ɖee fia be míate ŋu anɔ zɔzɔm le nyateƒea me evɔ míaganɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o la wɔm o. (1 Yoh. 1:6) Ne míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu fifia kple etsɔme siaa la, ehiã be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. Eya ta, ne ame aɖeke mele nu siwo míewɔna le ɣaɣlaƒe la kpɔm o hã la, Yehowa ya le ekpɔm.—Heb. 4:13.

8. Nu ka hãe wòle be míaƒo asa na?

8 Ele be míaƒo asa na ale si xexea bua nu vɔ̃e. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ne míegblɔna be, ‘Nu vɔ̃ mele mía ŋu o’ la, ekema míele mía ɖokuiwo flum.” (1 Yoh. 1:8) Xɔsegbela siwo nɔ anyi le Yohanes ƒe ŋkekea me la gblɔ be ame ate ŋu aɖoe koŋ awɔ nu vɔ̃ gake wòagakpɔtɔ anye Mawu xɔlɔ̃. Susu sia kee le ame aɖewo si egbea. Ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se, gake womelɔ̃na ɖe nu si Mawu buna be enye nu vɔ̃ la dzi o, vevietɔ ne eku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu. Yehowa bua nuwɔna aɖewo be womesɔ o. Gake ame geɖe gblɔna be naneke megblẽ le wo ŋu o, eye be ne maɖe fu na ame aɖe o ko la, ate ŋu awɔ wo faa.

Sɔhɛwo, miku nu me tsitotsito ale be kakaɖedzi geɖe wu nasu mia si le nu si Biblia gblɔ be enye nu nyui kple nu si Biblia gblɔ be enye nu gbegblẽ la ŋu. Esia awɔe be miate ŋu asu te nyuie aʋli miaƒe xɔse ta (Kpɔ memama 9 lia) *

9. Ne sɔhɛwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu la, aleke esia aɖe vi na woe?

9 Ate ŋu asesẽ na Kristotɔ sɔhɛwo be woayi edzi alé Mawu ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu me ɖe asi, vevietɔ ne woƒe dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo ƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ woƒe susu. Nu sia tututue dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Aleksandar la dzi. Egblɔ be: “Nyɔnuvi aɖewo siwo nɔ míaƒe suku la nɔ eƒom ɖe nunye be manɔ agbe gbegblẽ kpli yewo. Wogblɔ nam be, esi ahiãvi menɔ asinye o ta, anye be ŋutsu si dɔna kple ŋutsu ye menye.” Ne tetekpɔ sia tɔgbi va dziwò la, ɖo ŋku edzi be ne èwɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, bubu akpɔtɔ anɔ ŋuwò, àyi edzi anɔ lãmesẽ me, wò dzitsinya mava bu fɔ wò emegbe o, eye àkpɔtɔ anye Yehowa xɔlɔ̃. Eye ɣesiaɣi si nèɖu tetekpɔ aɖe dzi la, ana wòaganɔ bɔbɔe na wò wu be nàwɔ nuteƒe ne tetekpɔ bubu va dziwò. Ðo ŋku edzi hã be, Satana gbɔe susu totro si le xexea si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la tso. Eya ta, ne èwɔ nuteƒe na Yehowa la, ke efia be ‘èɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.’—1 Yoh. 2:14.

10. Le 1 Yohanes 1:9 ƒe nya nu la, nu kawoe míate ŋu awɔ be míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzitsinya dzadzɛ?

10 Míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae dze agblɔ nu si nye nu nyui kple nu si nye nu vɔ̃ la na mí. Eye míedzea agbagba be míagawɔ nu vɔ̃ o. Ke hã, ne eva dzɔ be míewɔ nu vɔ̃ la, ele be míado gbe ɖa aʋu míaƒe nu vɔ̃a me na Yehowa. (Xlẽ 1 Yohanes 1:9.) Eye ne míewɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, ele be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu, elabe Yehowa ɖo wo be woalé be na mí. (Yak. 5:14-16) Ke hã, mele be míayi edzi anɔ fɔ bum mía ɖokui ɖe vo siwo míeda va yi la ta o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, mía Fofo lɔ̃ame Yehowa tsɔ Via na wònye tafe, ale be yeate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeatsɔ ame si wɔ nu vɔ̃ evɔ wòtrɔ dzi me la ƒe vodadawo akee la dzi bliboe, elabe menye nya dzro ko wònye Yehowa gblɔ o, ewɔnɛ hã. Eya ta, naneke mate ŋu axe mɔ na mí be míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzitsinya dzadzɛ o.—1 Yoh. 2:1, 2, 12; 3:19, 20.

11. Aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta be xɔsegbelawo nagagblẽ nu le mía ŋu o?

11 Ele be míaƒo asa na xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo keŋkeŋ. Tso esime woɖo Kristo hamea la, Abosam le agbagba dzem le ameflula geɖewo zãm be woana Mawu subɔla wɔnuteƒewo ƒe xɔse nagbɔdzɔ. Esia ta, ehiã be míanya ale si míade vovototo nu si nye nyateƒe kple nu si nye aʋatso la dome. * Míaƒe futɔwo ate ŋu akaka alakpanyawo tso mía ŋu le Internet loo alo Internet dzi hahoo kadodowo dzi, kple susu be yewoana míagaka ɖe Yehowa dzi o eye míagalɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo hã o. Mègaxɔ alakpanya mawo dzi se gbeɖe o, Satana gbɔe wotso!—1 Yoh. 4:1, 6; Nyaɖ. 12:9.

12. Nu ka tae wòle be míagade asixɔxɔ nyateƒenya vevi siwo míesrɔ̃ le Biblia me la ŋu geɖe wu?

12 Hafi míate ŋu anɔ te sesĩe eye Satana nagana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ o la, ehiã be míagaxɔ Yesu dzi se geɖe eye míagaka ɖe akpa si wɔm wòle be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme la dzi geɖe wu. Ehiã be míaka ɖe kluvi si zãm Yehowa le tsɔ le mía nyim le gbɔgbɔ me la hã dzi. (Mat. 24:45-47) Ne míeyi edzi srɔ̃a Mawu ƒe Nyaa edziedzi la, ana míagava ka ɖe Yesu kple kluvia dzi geɖe wu. Ekema míaƒe xɔse anɔ abe ati si ƒo ke ɖe to sesĩe ene. Apostolo Paulo ŋlɔ na Kolose hamea be: “Ale si ko miexɔ Aƒetɔ Kristo Yesu la, miyi edzi miazɔ kplii le ɖekawɔwɔ me, eye mianye ame siwo ƒo ke ɖe to, siwo wotu ɖe eya amea dzi, eye woli ke wo ɖe xɔse la me.” (Kol. 2:6, 7) Ne míeku kutri vevie tu xɔse sẽŋu ɖo la, Satana alo ame siwo wòzãna la mate ŋu axe mɔ na mí be míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me o.—2 Yoh. 8, 9.

13. Nu kae wòle be míakpɔ mɔ na, eye nu ka tae?

13 Ele be míakpɔ mɔ be xexea alé fu mí. (1 Yoh. 3:13) Yohanes ɖo ŋku edzi na mí be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum ta la, dzi gale Satana kum vevie ŋutɔ. (Nyaɖ. 12:12) Satana zãa mɔnu siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o tsɔ dzea mía dzi; le kpɔɖeŋu me, ewɔa agbe gbegblẽ nɔnɔ alo xɔsegbelawo ƒe alakpanyawo ŋu dɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, Satana zãa mɔnu siwo dzena gaglãa; le kpɔɖeŋu me, etia mía yome kutɔkutɔe. Satana nya be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye be yeatsɔ atɔ te gbeƒãɖeɖedɔa alo ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. Eya ta, mewɔ nuku be woɖo asi míaƒe dɔa dzi alo xe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdɔ aɖewo nu le dukɔ aɖewo me o. Ke hã, mía nɔvi siwo le dukɔ mawo me la yi edzi le dzi dom. Esia ɖo kpe edzi be, nu ka kee Satana tu kpli mí o, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa!

MINA MÍAKPE ÐE MÍA NƆEWO ŊU BE MÍAYI EDZI AZƆ LE NYATEƑEA ME

14. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu be woayi edzi anɔ nyateƒea me?

14 Míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu woayi edzi anɔ nyateƒea me ne míaƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. (1 Yoh. 3:10, 11, 16-18) Ele be míalɔ̃ mía nɔewo ɣesiaɣi, ne kuxiwo do mo ɖa gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nènya nɔvi aɖe si ƒe ame vevi aɖe ku, eye wòhiã akɔfafa alo kpekpeɖeŋu le mɔ aɖewo nua? Alo ɖe nèsee be dzɔdzɔmefɔku gblẽ nu le nɔvi aɖewo ŋu vevie si wɔe be ehiã be woagbugbɔ atu Fiaɖuƒe Akpata alo aƒe na woa? Menye míaƒe nyagbɔgblɔ ko dzie míato aɖee afia mía nɔviwo be míelɔ̃ wo eye míaƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu o, ke vevietɔ wu la, ele be míaɖee afia le nuwɔna me.

15. Abe ale si wòdze le 1 Yohanes 4:7, 8 ene la, nu kae wòhiã be míawɔ?

15 Ne míelɔ̃a mía nɔewo la, míeɖenɛ fiana be míele mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la srɔ̃m. (Xlẽ 1 Yohanes 4:7, 8.) Mɔ vevi aɖe si dzi míetona ɖea lɔlɔ̃ fiana ye nye be míatsɔ mía nɔviwo ƒe vodadawo anɔ wo kem. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe wɔ nane wòve wò eye emegbea, eva ɖe kuku na wò. Be nàɖee afia be yelɔ̃e la, ele be nàtsɔe akee eye nàɖe asi le nyaa ŋu. (Kol. 3:13) Esia dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Aldo la dzi. Aldo see esime nɔviŋutsu aɖe si ŋu wòdea bubui la gblɔ nya manyomanyowo tso to si me wòtso la me tɔwo ŋu. Aldo gblɔ be, “Medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe be wòakpe ɖe ŋunye be nyemagabu susu vɔ̃ ɖe nɔviŋutsua ŋu o.” Gake Aldo gawɔ nu bubu aɖe hã. Eɖoe be yeakpe nɔviŋutsua ne ye kplii yewoayi gbeadzi. Esi wonɔ gbeadzi la, Aldo gblɔ ale si gbegbe nya si nɔviŋutsua gblɔ la te ɖe edzii la nɛ. Aldo gblɔ be: “Esi megblɔ ale si menɔ sesem le ɖokuinye me na nɔviŋutsua la, eɖe kuku nam. Ale si wòƒo nui la na mekpɔe be evee ŋutɔ be yegblɔ nya mawo. Esia megbea, meɖe asi le nyaa ŋu eye míeyi edzi nye xɔlɔ̃wo.”

16-17. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

16 Ale si gbegbe apostolo Yohanes lɔ̃ nɔvia Kristotɔwo kple didi vevi si nɔ eme be yeakpe ɖe wo ŋu woayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa la dze kɔtɛ le aɖaŋu siwo wòɖo na wo le eƒe lɛta etɔ̃awo me la me. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na mí ye nye esi be míanyae be ŋutsu kple nyɔnu siwo ava ɖu fia kple Kristo le dziƒo la hã lɔ̃a ame hetsɔa ɖe le eme na ame abe Yohanes ene!—1 Yoh. 2:27.

17 Mina míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo me míedzro la dzi tso dzi blibo me. Ðoe kplikpaa nàyi edzi azɔ le nyateƒea me, si fia be nàɖo to Yehowa le nu sia nu me. Yi edzi nànɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m, eye nàka ɖe emenyawo dzi bliboe. Xɔ Yesu hã dzi se geɖe wu. Ƒo asa na xexemenunya kple xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo keŋkeŋ. Mègana ame aɖeke naƒoe ɖe nuwò be nànɔ agbe eve alo aƒo ɖokuiwo ɖe nuwɔna gbegblẽ aɖeke me o. Yi edzi nànɔ agbe ɖe Yehowa ƒe sewo nu. Eye mina míayi edzi atsɔ mía nɔviwo ƒe vodadawo anɔ wo kem eye míanɔ kpekpem ɖe nɔvi siwo ɖo hiã me la ŋu, ale be mí katã míayi edzi ali ke le xɔse me. Ne míewɔ nu siawo la, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, míayi edzi azɔ le nyateƒea me.

HADZIDZI 49 Míado Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

^ mm. 5 Esi wònye Satana, si nye aʋatsokafofo lae le xexea dzi ɖum ta la, esia nana wòsesẽna na mí be míazɔ le nyateƒea me. Esesẽ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã be woazɔ le nyateƒea me. Esi Yehowa di be yeakpe ɖe Kristotɔ mawo kple míawo hã ŋu ta la, etsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ lɛta etɔ̃ aɖewo. Lɛta mawo me nyawo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxi siwo ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mí be míayi edzi azɔ le nyateƒea me, kpakple nu siwo míate ŋu awɔ be míaɖu kuxi mawo dzi.

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 11 Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati si nye, “Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?” si dze le August 2018 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 59 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME:Nu siwo yia edzi le nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe ƒe suku la ɖee fia be womekpɔe be naneke gblẽ le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu o. (Le dukɔ aɖewo me la, amewo zãa anyieʋɔ ƒe amadedewo wònyea dzesi be woda asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ dzi.) Esi nɔvinyɔnua yi aƒe me la, eku nu me tsitotsito ale be yeaka ɖe edzi be nu si Biblia gblɔ ye nye nyateƒea. Esia kpe ɖe eŋu wòtso nya me nyuie esime wòtrɔ yi suku.