Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòle be Yehowa Ðasefowo nato internet dzi be yewoadi srɔ̃ aɖea?

Yehowa di be ame eve siwo ɖe wo nɔewo la nakpɔ dzidzɔ eye woaku ɖe wo nɔewo ŋu ɖaa. (Mat. 19:4-6) Ne èdi be yeaɖe srɔ̃a, aleke nàwɔ akpɔ ame si asɔ na wò? Esi Yehowa ye nye mía Wɔla ta la, enya nu siwo míawɔ be míakpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Eya ta ne èwɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la, àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Na míakpɔ mɔfiame mawo dometɔ aɖewo ɖa.

Gbãa, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be, míaƒe “dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o.” (Yer. 17:9) Ne ame eve siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo ɖe mɔ lɔlɔ̃ gbã ŋku na wo la, awɔe be womabu nuwo ŋu nyuie o. Ne amewo nɔ te ɖe woƒe seselelãmewo ko dzi be yewoaɖe srɔ̃ la, eva gblẽa nu le wo ŋu zi geɖe. (Lod. 28:26) Susu ma tae mele be ame eve siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo naɖe mɔ woƒe seselelãmewo nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi woado ŋugbe na wo nɔewo hafi ava yi wo nɔewo nya ge o.

Lododowo 22:3 gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.” Afɔku kae le srɔ̃didi le internet dzi be woaɖe me? Nublanuitɔe la, ame aɖewo siwo to mɔ sia dzi ke ɖe ame aɖe ŋu la va kpɔe emegbe be wotrɔ yewo to eme. Azɔ hã, ame gblẽkuwo toa ayemɔwo dzi ɖua ga le ɖekemanyalawo ŋu. Ɣeaɖewoɣia, ame siwo wɔa nu siawo gblɔna be Ðasefowoe yewonye.

Bu afɔku bubu aɖe ŋu kpɔ. Ɣeaɖewoɣia, kɔmpiuta dzi ɖoɖowo dzie wotona be yewoakpɔe ɖa be ame ka kple ame kae sɔ na wo nɔewo wu hã. Gake kpeɖodzi aɖeke meɖee fia be mɔnu mawo wɔa dɔ o. Ðe wòasɔ be ame nagblẽ nyametsotso vevi ma si wòawɔ ku ɖe ame si wòaɖe ŋu la ɖe kɔmpiuta si me be wòawɔ nɛa? Ðe kɔmpiuta dzi ɖoɖo mawo ate ŋu aɖe vi wu Biblia ƒe mɔfiamewoa?—Lod. 1:7; 3:5-7.

Mɔfiame si dze le Lododowo 14:15 gblɔ be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.” Hafi nàtso nya me be ame aɖe sɔ na ye yeaɖe la, ele be nànya amea nyuie. Gake esia wɔwɔ asesẽ to internet dzi. Ne mieɖoa dze ɣeyiɣi didi, ɖoa nyatakakawo kple fotowo ɖe mia nɔewo to internet dzi gɔ̃ hãa, ɖe nàte ŋu agblɔ be yenya amea nyuiea? Ame aɖewo siwo susu be yewoke ɖe yewoƒe agbaƒuti ŋu la ƒe mo da tu esi wova do go amea ŋkume kple ŋkume.

Psalmo ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Nyemenɔa ameblelawo ƒe ha me o, eye nyemedea ha kple ame siwo ɣlaa ame si ƒomevi wonye la o.” (Ps. 26:4) Nyatakaka kple foto siwo amewo dana ɖe internet dzi ahiãdzeƒe mawo be amewo nakpɔ la, wometoa nyateƒe le wo me o, be yewoadze ame nyui. Woɣlaa ame si ƒomevi wonye ne wole dze ɖom kple amewo. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo gblɔna be Yehowa Ðasefowoe yewonye hãa, ɖe wonye nɔvi xɔnyɔnyrɔwoa? Ðe amea tsi le xɔse mea? Aleke gbegbee wòlɔ̃ Yehowae? Ðe wodea bubu eŋu le woƒe hamea mea? Ðe wòɖoa kpɔɖeŋu gbegblẽ alo nye ‘hadede vɔ̃a’? (1 Kor. 15:33; 2 Tim. 2:20, 21) Ðe wòdze le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe srɔ̃a? Ele be nànya nu siawo, gake ate ŋu asesẽ be nànya wo ne mebia nɔvi siwo nya amea nyuie o. (Lod. 15:22) Nyateƒeae nye be, nɔvi si lɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔa, madi be yeava nɔ “kɔkuti ɖeka te” kple dzimaxɔsetɔ o.—2 Kor. 6:14; 1 Kor. 7:39.

Afɔkuwo le srɔ̃didi le internet dzi be woaɖe la me. Gake mɔ nyuiwo li siwo dzi nàte ŋu ato ake ɖe ame si nèdi be yeaɖe la ŋu eye bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖea ŋu. Afi kae nàte ŋu ake ɖe ame mawo ŋu le? Ne womexe mɔ ɖe míaƒe ƒuƒoƒowo nu o la, ke míate ŋu akpɔ wo le míaƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo, kpakple kpekpe tɔxɛwo me.

Ne mieva le mia nɔewo nyam la, àte ŋu akpɔe ɖa be yewoƒe taɖodzinu kple nɔnɔmeawo sɔ hã

Ne manya wɔ be míaƒo ƒu awɔ kpekpe siawo o, le dɔvɔ̃wo abe Corona ene ta o hã la, míetoa elektrɔnikmɔ̃wo dzi wɔa míaƒe kpekpewo, eye míate ŋu ado go Ðasefo bubu siwo nye trewo. Le kpekpe mawo mea, míate ŋu akpɔ ale si woƒoa nuƒo alo ɖoa nya ŋu. (1 Tim. 6:11, 12) Eye le kpakpa vɔ megbea, míate ŋu aɖo dze kpli wo. Ne míele dze ɖom kple Ðasefo bubuwo le mɔ̃ dzi la, míate ŋu akpɔ ale si wòle dze ɖom kple amewo, eye esia ana míakpɔ ame si ŋutɔŋutɔ wònye. (1 Pet. 3:4) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye mieva le mia nɔewo nyam la, àte ŋu akpɔe ɖa be yewoƒe taɖodzinu kple nɔnɔmeawo sɔ eye yewoate ŋu aɖe yewo nɔewo hã.

Ne ame siwo le srɔ̃ dim be yewoaɖe to mɔ nyuitɔ dzi, eye wowɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, nya si lododo aɖe gblɔ la ava eme na wo. Egblɔ be: “Ame si kpɔ srɔ̃nyɔnu [alo srɔ̃ŋutsu] nyui la, eƒe asi su nu nyui dzi, eye amenuveve wònye tso Yehowa gbɔ nɛ.”—Lod. 18:22.