Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 31

De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu

De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu

“Nye gbedodoɖa nenɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene le ŋkuwòme.”—PS. 141:2.

HADZIDZI 47 Do Gbe Ða Na Yehowa Gbe Sia Gbe

NYA VEVIAWO a

1. Aleke wòle be míabu mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa na Yehowa lae?

 DZIƑO kple anyigba Wɔla la na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí be míado gbe ɖa na ye. Wò ya bu eŋu kpɔ: Míate ŋu ado gbe ɖa agblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa ɣesiaɣi si míedi, le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye mehiã be míabia mɔe do ŋgɔ o. Míeɖale kɔdzi, gaxɔ me, alo teƒe bubu aɖe o, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo lɔ̃amea ase míaƒe gbedodoɖa. Míedaa akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ nyui sia ta.

2. Aleke Fia David ɖee fia be yede asixɔxɔ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu?

2 Fia David de asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòado gbe ɖa ŋu. Edzi ha na Yehowa be: “Nye gbedodoɖa nenɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene le ŋkuwòme.” (Ps. 141:1, 2) Le David ƒe ɣeyiɣia mea, wotrɔa asi le dzudzɔdonu ʋeʋĩ si nunɔlawo zãna le tadedeagu dzadzɛa me ŋu etɔxɛe. (2 Mose 30:34, 35) Eya ta nya si David gblɔ be yeƒe gbedodoɖa nanɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ enea fia be edi be ɣesiaɣi si yeado gbe ɖaa, yeade ŋugble le nya siwo yeagblɔ ŋu nyuie. Nenemae wòle be míawo hã míawɔe, elabe míedi be míaƒe gbedodoɖawo nadze Yehowa ŋu.

3. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ne míele gbe dom ɖa na Yehowa, eye nu ka tae?

3 Togbɔ be Yehowa kpe mí be míaƒo nu na ye faa hãa, ele be míade bubu eŋu ne míele gbe dom ɖa nɛ. Míede dzesi esia le ŋutega si Yesaya, Ezekiel, Daniel, kple Yohanes kpɔ me. Togbɔ be ŋutegaawo to vovo hãa, nu vevi aɖe dze le wo katã me. Wo katã woɖee fia be Yehowa nye Fia si le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Yesaya kpɔ “Yehowa wòbɔbɔ nɔ fiazikpui gã aɖe si le dzi boo la dzi.” (Yes. 6:1-3) Ezekiel kpɔ Yehowa wònɔ anyi ɖe eƒe dziƒotasiaɖam me, eye ‘keklẽ ƒo xlãe godoo va kpe abe anyieʋɔ ene.’ (Eze. 1:26-28) Daniel kpɔ Yehowa, “Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke,” wòdo awu ɣi, eye dzo nɔ bibim le eƒe fiazikpui me. (Dan. 7:9, 10) Yohanes hã kpɔ Yehowa wònɔ fiazikpui dzi, eye anyieʋɔ si le abe emerald-kpe ene ƒo xlãe. (Nyaɖ. 4:2-4) Ne míede ŋugble le Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe si ɖeke mesɔ kplii o ŋua, esia ana míaɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be míado gbe ɖa nɛ, eye míade bubu gã eŋu ne míele gbe dom ɖa nɛ. Gake nu kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

“MIDO GBE ÐA ALE”

4. Nu kae míesrɔ̃ tso nya gbãtɔ siwo Yesu gblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa mea me? (Mateo 6:9, 10)

4 Xlẽ Mateo 6:9, 10. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa mea, efia eƒe nusrɔ̃lawo ale si woado gbe ɖa wòadze Mawu ŋu. Yesu dze gbedodoɖaa gɔme kple nu siwo le vevie wu. Gbãa, edo gbe ɖa be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. Eyome edo gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava, ale be wòatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã. Ema megbea, ebia be Mawu nana tame nyui si wòɖo ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu nava eme. Ne míawo hã míedoa gbe ɖa tso nu siawo tɔgbi ŋua, aɖee afia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le vevie na mí.

5. Ðe wòsɔ be míado gbe ɖa tso mía ŋutɔwo míaƒe hiahiãwo ŋua?

5 Le gbedodoɖaa ƒe akpa susɔea, Yesu ɖee fia be míate ŋu ado gbe ɖa tso mía ŋutɔwo míaƒe hiahiãwo hã ŋu. Míate ŋu abia Yehowa be wòana nu si míaɖu egbea mí, wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, wòakpɔ mía ta le tetekpɔ me, eye wòaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me. (Mat. 6:11-13) Ne míedoa gbe ɖa tso nu siawo ŋua, míeɖenɛ fiana be míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye míedi be míaƒe nu nadze eŋu.

Nu kawo ŋue srɔ̃ŋutsu ate ŋu aƒo nu tsoe ne ele gbe dom ɖa kple srɔ̃a? (Kpɔ memama 6 lia) b

6. To vovo na nu siwo dze le kpɔɖeŋugbedodoɖaa mea, nu kawo hã ŋue míate ŋu ado gbe ɖa tsoe?

6 Menye ɖe Yesu di be míanɔ kpɔɖeŋugbedodoɖaa me nyawo gblɔm ɣesiaɣi si míele gbe dom ɖa o. Le Yesu ƒe gbedodoɖa bubuwo mea, eƒo nu tso nu bubu siwo hiãe ɣemaɣia ŋu. (Mat. 26:39, 42; Yoh. 17:1-26) Eya ta míawo hã míate ŋu aƒo nu tso nu siwo hiã mí ŋu. Hafi míatso nya me le nane ŋua, míate ŋu ado gbe ɖa abia nunya kple gɔmesese. (Ps. 119:33, 34) Eye ne wode dɔ sesẽ aɖe asi na mía, míate ŋu ado gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míawɔe. (Lod. 2:6) Dzilawo ate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo viwo ta; ɖeviwo hã ate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo dzilawo ta; eye ele be mí katã míanɔ gbe dom ɖa ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo kple ame siwo míeɖea gbeƒã na ta. Gake mele be míaƒe gbedodoɖa nanye kpekpeɖeŋubiabia ɖeɖe ko o.

Nu kawoe Yehowa wɔ na mí siwo ta míate ŋu akafui alo ada akpe nɛ ɖo? (Kpɔ memama 7-9 lia) c

7. Nu ka tae wòle be míakafu Yehowa ne míele gbe dom ɖa?

7 Ne míele gbe dom ɖaa, ele be míaɖo ŋku edzi akafu Yehowa. Ame aɖeke medze kafukafu wu Yehowa o. Eƒe ‘dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ Enye ‘nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula; medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.’ (Ps. 86:5, 15) Nyateƒee, ele be míakafu Yehowa le ame si ƒomevi wònye kple ale si wòwɔa nu ɖe mía ŋu ta.

8. Nu kawoe Yehowa na mí siwo ta míate ŋu ada akpe nɛ ɖo? (Psalmo 104:12-15, 24)

8 Azɔ hã, ne míele gbe dom ɖaa, ele be míada akpe na Yehowa ɖe nu siwo wònaa mí ta. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ada akpe nɛ ɖe seƒoƒo dzeani siwo le amadede vovovowo me, nuɖuɖu vivi vovovowo, kple xɔlɔ̃ siwo doa dzidzɔ na mí ta. Mía Fofo lɔ̃amea na nu siawo kple bubu geɖewo mí be woana agbea navivi na mí. (Xlẽ Psalmo 104:12-15, 24.) Vevietɔ wua, ele be míada akpe na Yehowa ɖe mɔfiame gbogbo siwo nam wòle mí be míayi edzi asubɔe, kple mɔkpɔkpɔ si wòna mí ɖe etsɔme ŋu ta.

9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku edzi ada akpe na Yehowa? (1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18)

9 Ele bɔbɔe be míaŋlɔ be be míada akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔ na mí ta. Nu kae nàte ŋu awɔ be màgaŋlɔ be o? Àte ŋu aŋlɔ nu siwo nèdo gbe ɖa bia Yehowa la ɖi, emegbe nàto wo me akpɔe ɖa be kawo ŋue wòɖo hã, eye nàdo gbe ɖa ada akpe nɛ ɖe wo ta. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18.) Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe da akpe na mí ɖe nane si míewɔ nɛ taa, edzɔa dzi na mí. Nenema kee wòdzɔa dzi na Yehowa ne míeɖo ŋku edzi da akpe nɛ ɖe ale si wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu ta. (Kol. 3:15) Gake nu bubu aɖe hã li si ta wòle vevie be míada akpe ɖo. Eyae nye nu ka?

DA AKPE NA YEHOWA ÐE VIA MALƆ̃NUGBƆA TA

10. Le 1 Petro 2:21 ƒe nya nua, nu ka tae wòle be míada akpe na Yehowa be wòdɔ Via ɖe anyigba dzi?

10 Xlẽ 1 Petro 2:21. Ele be míada akpe na Yehowa be wòdɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖa wòva fia nu mí. Ne míesrɔ̃ nu tso Yesu ŋua, enana míeva nyaa Yehowa nyuie eye míekpɔa ale si míawɔ nu wòadze eŋu. Ne míexɔ Kristo ƒe vɔsaa dzi sea, enana míeva nɔa ŋutifafa me kple Yehowa Mawu eye míeva zua exɔlɔ̃ kplikplikpli.—Rom. 5:1.

11. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa to Yesu dzi?

11 Míedaa akpe na Yehowa be ewɔ ɖoɖo be míado gbe ɖa to ye Via dzi. Ne míedo gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ mea, Yehowa senɛ, eye wòɖoa eŋu to Yesu dzi. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe, ale be woado Fofo la ɖe dzi to Vi la dzi.”—Yoh. 14:13, 14.

12. Susu bubu ka tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖe Via ta?

12 Yehowa nɔa te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Biblia gblɔ be Yesu nye míaƒe “Nunɔlagã . . . eye wòbɔbɔ nɔ Bubutɔ Gã la ƒe fiazikpui ƒe ɖusime le dziƒowo.” (Heb. 8:1) Yesu nye “kpeɖeŋutɔ [si] le mía si le Fofo la gbɔ.” (1 Yoh. 2:1) Míedaa akpe na Yehowa be ena Nunɔla Gã sia mí, si sea nu gɔme na mí eye ‘wòxɔa míaƒe nya ɖe akɔ’! (Rom. 8:34; Heb. 4:15) Míede blibo o, eya ta Yesu ƒe vɔsa manɔmeea, míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu o. Ðikeke mele eme o be ne míede ŋugble le nu xɔasi si Yehowa na mí, si nye Via malɔ̃nugbɔa ŋua, aʋã mí be míanɔ akpe dam nɛ ɖaa!

DO GBE ÐA ÐE NƆVIWÒ KRISTOTƆWO TA

13. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, aleke wòɖee fia be yelɔ̃ yeƒe nusrɔ̃lawo?

13 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, edo gbe ɖa ɣeyiɣi didi aɖe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta, be Yehowa ‘nakpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.’ (Yoh. 17:15) Yesu lɔ̃ wo ŋutɔ! Togbɔ be eteƒe madidi o eya ŋutɔ ava to dodokpɔ sesẽ aɖewo me hãa, etsi dzi ɖe eƒe apostoloawo ŋu.

Nu kawo ŋue míate ŋu aƒo nu tsoe ne míele gbe dom ɖa ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ta? (Kpɔ memama 14-16 lia) d

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo?

14 Abe Yesu enea, menye mía ŋutɔwo míaƒe hiahiãwo ŋu koe míetsia dzi ɖo o, ke boŋ míetsia dzi ɖe mía nɔviwo tɔ hã ŋu, eye míedoa gbe ɖa ɖe wo ta. Esia ɖenɛ fiana be míele wɔwɔm ɖe se si Yesu de be míalɔ̃ mía nɔewo dzi, eye Yehowa dea dzesii. (Yoh. 13:34) Eya ta gbedodoɖa ɖe mía nɔviwo ta menye ɣeyiɣi gbegblẽ kura o. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be “ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.”—Yak. 5:16.

15. Nu ka tae wòhiã be míado gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta?

15 Ehiã be míanɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviwo ta, elabe wotoa nɔnɔme sesẽ geɖe me. Mía nɔvi aɖewo le fu kpem le dɔléle, dzɔdzɔmefɔku, aʋawɔwɔ, yometiti, alo susu bubu aɖewo ta. Míate ŋu ado gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe wo ŋu woado dzi. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe nɔvi siwo kpena ɖe mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu hã ta. Ðewohĩ ènya nɔvi aɖewo siwo le nɔnɔme siawo tɔgbi me tom. Ðe manyo be nàyɔ woƒe ŋkɔ ahado gbe ɖa ɖe wo ta oa? Esia aɖee afia be èlɔ̃ nɔviwò Kristotɔwo tso dzi me.

16. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ɖe nɔvi siwo xɔa ŋgɔ le mía dome ta?

16 Azɔ hã, ele be míado gbe ɖa ɖe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la ta. Esia dzɔa dzi na wo ŋutɔ eye wòɖea vi na wo hã. Aleae wònɔ le Paulo gome. Egblɔ be: “Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye, be ne meke nu la, mate ŋu aƒo nu faa dzideƒotɔe, ale be mana woanya nya nyui la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la.” (Ef. 6:19) Egbea hã, nɔvi geɖewo li siwo xɔa ŋgɔ le mía dome eye wokua kutri le Yehowa subɔsubɔ me. Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ wo ne míedoa gbe ɖa be Yehowa nayra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi.

NE WOKPE MÍ BE MÍAXƆ ŊGƆ ADO GBE ÐA

17-18. Ɣekaɣiwoe woate ŋu abia tso mía si be míaxɔ ŋgɔ ado gbe ɖa, eye nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

17 Ɣeaɖewoɣia, woate ŋu abia tso mía si be míaxɔ ŋgɔ ado gbe ɖa. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si le Biblia srɔ̃ ge kple ame aɖe ate ŋu abia tso nɔvinyɔnu si kplɔe ɖo la si be wòado gbe ɖa. Ne nɔvinyɔnu si kplɔe ɖoa menya nusrɔ̃via nyuie oa, ɖewohĩ atiae be yeado gbea ɖa le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu boŋ. Esia awɔe be wòade dzesi nu ɖeka eve aɖewo le nusrɔ̃via ŋu le nua srɔ̃ɣi ale be wòanya nu siwo ŋu wòado gbe ɖa tsoe be wòaɖe vi nɛ.

18 Mɔnukpɔkpɔ sua nɔviŋutsu aɖewo si be woado gbe ɖa le kpekpe hena gbeadzi alo hame ƒe kpekpe me. Ele be nɔvi mawo naɖo ŋku kpekpea ƒe taɖodzinu dzi. Mele be woazã gbedodoɖa atsɔ aɖe gbeƒã aɖewo alo agbe nya na nɔviwo o. Le hame ƒe kpekpe akpa gãtɔ ƒe ɖoɖowɔɖi nua, ele be hadzidzi kple gbedodoɖa naxɔ miniti atɔ̃. Eya ta mele be nɔvi si ado gbe ɖa naƒo nu fũu o, vevietɔ le kpekpea ƒe gɔmedzedze.—Mat. 6:7.

NA GBEDODOÐA NANƆ VEVIE NA WÒ

19. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ŋu?

19 Ele be míana gbedodoɖa nanye nu vevi na mí le agbe me, vevietɔ esi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea le aƒe tum. Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, be miate ŋu asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la nu.” (Luka 21:36) Ɛ̃, gbedodoɖa enuenu akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me, ale be Yehowa ƒe ŋkekea mava lili mí o.

20. Nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe gbedodoɖawo nanɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene?

20 Nu kawo mee míedzro? Míeva de dzesii be ele be míade asixɔxɔ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu, eye nu vevitɔ siwo ŋu míado gbe ɖa tsoe naku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu. Ele be míada akpe na Yehowa ɖe Via kple eƒe Fiaɖuƒea ta, eye míado gbe ɖa ɖe mía nɔvi Kristotɔwo hã ta. Azɔ hã, míate ŋu ado gbe ɖa abia nu siwo hiã mí kple nu siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ne míede ŋugble le nya siwo míadi be míagblɔ le gbedodoɖa me ŋu nyuiea, aɖee afia be míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu. Esia ana míaƒe gbedodoɖa nanɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene na Yehowa, eye ‘wòadze eŋu.’—Lod. 15:8.

HADZIDZI 45 Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

a Míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa na Yehowa ŋu vevie. Míedi be míaƒe gbedodoɖa nanɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene, be wòadze Yehowa ŋu. Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa tsoe, eye míakpɔ nu vevi siwo dzi wòle be míaɖo ŋkui ne wokpe mí be míaxɔ ŋgɔ ado gbe ɖa.

b NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa kple srɔ̃a be Yehowa nakpɔ yewo vi ta le suku, wòado ŋusẽ ye dzila tsitsi si dze dɔ, eye wòakpe ɖe ye srɔ̃ ƒe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòayi ŋgɔ.

c NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe le gbe dom ɖa na Yehowa le akpe dam nɛ ɖe Yesu ƒe tafea, míaƒe anyigba nyui sia, kple nuɖuɖu vivi siwo wònaa mí ta.

d NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa na Yehowa be wòatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ Dɔdzikpɔhaa, eye wòakpe ɖe nɔvi siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo, kple esiwo yome tim wole ŋu.