Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 28

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!

“Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe Fiaɖuƒe.”—NYAÐ. 11:15.

HADZIDZI 22 Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!

NYA VEVIAWO a

1. Nu ka dzie míeka ɖo, eye nu ka tae?

 NE ÈBU ale si nuwo le gbegblẽm le xexea me ŋua, ɖe wòsesẽna na wò be nàka ɖe edzi be nuwo ava ka ɖe eme le etsɔmea? Lɔlɔ̃ megale ƒomewo me abe tsã ene o. Ŋutasesẽ kple ɖokuitɔdidi xɔ aƒe ɖi. Ame geɖe megakana ɖe dziɖuɖuwo dzi o. Gake ènyaa? Nɔnɔme manyomanyo siawo ke ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò. Nu ka tae? Elabe alea tututue nyagblɔɖi ɖedzesi aɖe si ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu gblɔ be amewo awɔ nui. (2 Tim. 3:1-5) Ame sia ame si léa ŋku ɖe nu ŋu nyuie la alɔ̃ ɖe edzi be nyagblɔɖi ma le eme vam. Esia ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia Kristo Yesu dze dziɖuɖu gɔme. Gake nyagblɔɖi gbogbo siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu dometɔ ɖeka pɛ koe nye esia. Ne míelé ŋku ɖe nyagblɔɖi bubu siwo va eme le ƒe ʋɛ siwo va yi me ŋua, ado ŋusẽ míaƒe xɔse ale gbegbe.

Nyagblɔɖi siwo le Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo mea de nu wo nɔewo me abe nɔnɔmetata vovovo siwo wofɔ kpe wòzu nu ɖeka ene, eye wokpena ɖe mía ŋu míenyaa afi si míeɖo na Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo (Kpɔ memama 2 lia)

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae? (Ƒo nu tso nɔnɔmetata si le akpaa dzi ŋu.)

2 Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siawo me: (1) nyagblɔɖi aɖe si kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si woɖo Fiaɖuƒea anyi, (2) nyagblɔɖi siwo kpe ɖe mía ŋu míenyae be Yesu zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo, kple (3) nyagblɔɖi siwo na míenya ale si woatsrɔ̃ Mawu Fiaɖuƒea ƒe futɔwo. Nyagblɔɖi siawo le abe nɔnɔmetata vovovo siwo wofɔ kpe wòzu nu ɖeka ene. Wo me dzodzro ana míakpɔe be wode nu wo nɔewo me, eye woakpe ɖe mía ŋu míanya afi si míeɖo na Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo.

ALE SI MÍEWƆ NYA ƔEYIƔI SI WOÐO FIAÐUƑEA ANYI

3. Nu ka dzie nyagblɔɖi si le Daniel 7:13, 14 ka ɖo na mí ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ŋu?

3 Nyagblɔɖi si le Daniel 7:13, 14 ka ɖe edzi na mí be Kristo Yesu ye dze anye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Dukɔwo katã ‘asubɔe’ kple dzidzɔ, eye dziɖula aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe o. Daniel ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi bubu aɖe gblɔ be Yesu adze dziɖuɖu gɔme le ɣeyiɣi adre aɖe ƒe nuwuwu. Ðe wòanya wɔ be míanya ɣeyiɣi si esia dzɔa?

4. Aleke Daniel 4:10-17 kpe ɖe mía ŋu míenya ƒe si me Kristo zu Fia? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

4 Xlẽ Daniel 4:10-17. “Ɣeyiɣi adre” la ƒe didimee nye ƒe 2,520. Edze egɔme le ƒe 607 D.Y. me esime Babilontɔwo ɖe fia mamlɛtɔ si nɔ Yehowa ƒe fiazikpui dzi le Yerusalem ɖa le zi dzi. Eye ewu enu le ƒe 1914 K.Ŋ. me esime Yehowa ɖo Yesu, ‘ame si dze le se nu,’ wòzu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. bEze. 21:25-27.

5. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe “ɣeyiɣi adre” la ŋu ate ŋu aɖe vi na mí?

5 Aleke nyagblɔɖi sia ate ŋu aɖe vi na mí? Ne míese nyagblɔɖi si ku ɖe “ɣeyiɣi adre” la ŋu gɔmea, ana míaka ɖe edzi be Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɖe game dzi pɛpɛpɛ. Egblɔ ɣeyiɣi si tututu woaɖo Fiaɖuƒea anyi, eye ena wòva eme pɛpɛpɛ hã. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be ana nyagblɔɖi bubuawo katã nava eme ɖe ɣeyiɣi si wòɖo dzi. Ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkekea “mahe ɖe megbe o!”—Hab. 2:3.

ALE SI MÍEWƆ NYA BE KRISTO ZU MAWU FIAÐUƑEA ƑE FIA

6. (a) Nu kawoe le dzɔdzɔm le anyigba dzi si ɖo kpe edzi be Kristo dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo? (b) Aleke Nyaɖeɖefia 6:2-8 hã gblɔe ɖi be nu mawo adzɔ?

6 Esi wòsusɔ vie Yesu nawu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nua, egblɔ xexemenudzɔdzɔ siwo akpe ɖe eyomedzelawo ŋu woanyae be yedze dziɖuɖu gɔme le dziƒo. Wo dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔwo, dɔwuame kple anyigbaʋuʋuwo. Egblɔe ɖi hã be dɔlélewo alo dɔvɔ̃wo ava “teƒeteƒewo”; esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye corona dɔvɔ̃a. Biblia yɔ nudzɔdzɔ siawo be wonye Kristo ƒe anyinɔɣi ƒe “dzesi.” (Mat. 24:3, 7; Luka 21:7, 10, 11) Ƒe 60 kple edzivɔ le Yesu ƒe ku kple dziƒoyiyi megbea, egaɖo kpe edzi na apostolo Yohanes be nu mawo adzɔ. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 6:2-8.) Nu siawo katã le dzɔdzɔm tso esime Yesu zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 1914 me.

7. Nu ka tae nuwo gblẽ ɖe edzi le anyigba dzi tso esime Yesu zu Fia?

7 Nu ka tae nɔnɔmeawo gblẽ ɖe edzi le anyigba dzi tso esime Yesu zu Fia? Nyaɖeɖefia 6:2 ɖe eme be afɔ gbãtɔ si Yesu ɖe esi woɖoe Fia ye nye be eho aʋa. Ðe ame ka ŋu? Ðe Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Nyaɖeɖefia ta 12 gblɔ be woɖu Satana dzi le aʋa ma me, eye wotsɔ eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Esia na dzi kui ŋutɔ, eye wòle eƒe dzikua ɖem ɖe amegbetɔwo ŋu. Susu ma tae wodo “baba na anyigba.”—Nyaɖ. 12:7-12.

Mímekpɔa dzidzɔ ne nuwo le gbegblẽm le xexea me o, gake ne míekpɔe be Biblia me nyagblɔɖiwoe le eme vamaa, enana míekana ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea gogo (Kpɔ memama 8 lia)

8. Ne míekpɔe be nyagblɔɖi siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu le eme vamaa, aleke wòɖea vi na mí?

8 Aleke nyagblɔɖi siawo ate ŋu aɖe vi na mí? Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me kple ale si amewo ƒe nɔnɔme vloe ɖe edzi la na míekpɔe be Yesu zu Fia. Eya ta mele be míana amewo ƒe ɖokuitɔdidi kple ŋutasẽnuwɔnawo naɖe fu na mí o, ke boŋ míaɖo ŋku edzi be Biblia ƒe nyagblɔɖiwoe le eme vam. Ɛ̃, Fiaɖuƒea le dzi ɖum! (Ps. 37:1) Eye míate ŋu akpɔ mɔ be nɔnɔmeawo agagblẽ ɖe edzi esime Armagedon-ʋaa le aƒe tum. (Marko 13:8; 2 Tim. 3:13) Míedaa akpe na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo be ekpe ɖe mía ŋu míese nu si tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me alea gbegbe la gɔme.

ALE SI WOATSRƆ̃ MAWU FIAÐUƑEA ƑE FUTƆWO

9. Aleke Daniel 2:28, 31-35 ɖɔ xexemefiaɖuƒe mamlɛtɔa, eye ɣekaɣie wòdze dziɖuɖu gɔme?

9 Xlẽ Daniel 2:28, 31-35. Nyagblɔɖi sia hã le eme vam egbea. Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea na míenya nu siwo adzɔ “le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi” ne Kristo dze dziɖuɖu gɔme. Legbaa ƒe afɔbayawo, siwo nye “gayibɔ kple tsu tsaka” la, le tsitre ɖi na xexemefiaɖuƒe mamlɛtɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe, eye atsi tre ɖe Yesu ŋu. Xexemefiaɖuƒe sia dze dziɖuɖu gɔme tso Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi esime Britain kple Amerika wɔ ɖeka va zu Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gana míekpɔ nu eve siwo na xexemefiaɖuƒe sia to vovo na esiwo do ŋgɔ nɛ.

10. (a) Aleke nya si Daniel ƒe agbalẽa gblɔ tso Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ŋu le eme vamee? (b) Mɔ̃ ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nɔ Ŋudzɔ Ðe Tsu La Ŋu!”)

10 Gbãa, gayibɔ kple tsu tsaka si wotsɔ ɖɔ Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa mesesẽ abe sika alo klosalo si wotsɔ ɖɔ xexemefiaɖuƒe siwo do ŋgɔ nɛ la ene o. Tsu la le tsitre ɖi na “amegbetɔwo,” alo ame tsɛwo. (Dan. 2:43, etenuŋɔŋlɔ.) Egbea, ale si amewo daa akɔ, lɔa gbɔ, eye woʋlia dukɔmeviwo kple dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ta la nana wòsesẽna na xexemefiaɖuƒe sia be wòawɔ nu si wòdi.

11. Aleke Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ƒe dodo na míeka ɖe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me?

11 Evelia, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa, si legbaa ƒe afɔbayawo le tsitre ɖi naa, ye nye xexemefiaɖuƒe mamlɛtɔ si ŋu nya Biblia gblɔ ɖi. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke magava ɖe eyome o. Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ eya kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖu bubuawo katã ɖa keŋkeŋ le Armagedon-ʋaa me. cNyaɖ. 16:13, 14, 16; 19:19, 20.

12. Aleke Daniel ƒe nyagblɔɖia faa akɔ na mí eye wònaa mɔkpɔkpɔ mí?

12 Aleke nyagblɔɖi sia ate ŋu aɖe vi na mí? Daniel ƒe nyagblɔɖia na míekpɔ kpeɖodzi bubu be míele ŋkeke mamlɛawo me. Daniel gblɔe ɖi ƒe 2,500 kple edzivɔ va yi be le Babilon megbea, xexemefiaɖuƒe ene ado eye woakpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi. Eɖee fia hã be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ye anye fiaɖuƒe ene mawo ƒe mamlɛtɔ. Esia faa akɔ na mí eye wònaa mɔkpɔkpɔ mí be eteƒe madidi o, Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa eye eya ŋutɔ aɖu anyigba bliboa dzi.—Dan. 2:44.

13. Nu kae “fia enyilia” kple “fia ewo” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia 17:9-12 le tsitre ɖi na, eye aleke nyagblɔɖi sia va emee?

13 Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:9-12. Ale si Xexemeʋa Gbãtɔ gblẽ nui la na be nyagblɔɖi bubu aɖe si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu va eme. Esi xexemedziɖulawo di vevie be yewoana ŋutifafa nanɔ xexea me taa, le January 1920 mea, woɖo Dukɔwo Ƒe Nubabla anyi. Emegbe le October 1945 mea, woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ɖe eteƒe. Biblia yɔ habɔbɔ sia be “fia enyilia.” Gake menye xexemefiaɖuƒee wònye le eɖokui si o. Dziɖuɖu siwo de megbe nɛ ye naa ŋusẽe. Biblia yɔ dziɖuɖu mawo be “fia ewo.”

14-15. (a) Nya kae Nyaɖeɖefia 17:3-5 gblɔ tso “Babilon Gã la” ŋu? (b) Aleke ame geɖe le nu wɔm ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu egbea?

14 Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:3-5. Le ŋutega aɖe si Mawu ɖe fia Yohanes mea, ekpɔ gbolo aɖe si woyɔ be “Babilon Gã,” si le tsitre ɖi na alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo. Aleke ŋutega ma va emee? Alakpasubɔsubɔhawo wɔa nu aduadu kple xexea me dunyahedziɖuɖuwo eye wokpea asi ɖe wo ŋu tso gbe aɖe gbe ke. Gake eteƒe madidi o, Yehowa adee dunyahedziɖuɖu mawo ƒe dzi me “be woawɔ nu si yeɖo ɖe tame la dzi.” Nu kae ado tso eme? Dunyahedziɖuɖu mawo, siwo Biblia yɔ be “fia ewo” la, adze alakpasubɔsubɔhawo dzi atsrɔ̃ wo.—Nyaɖ. 17:1, 2, 16, 17.

15 Aleke míewɔ nya be woatsrɔ̃ Babilon Gãa kpuie? Hafi míate ŋu aɖo nya ma ŋua, ele be míaɖo ŋku nya vevi aɖe dzi: Nu siwo ŋu Babilon dugãa me nɔlawo ɖo ŋu ɖo be woakpɔ yewo ta dometɔ ɖekae nye Frat-tɔsisi gãa. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa tsɔ ame miliɔn geɖe siwo de megbe na Babilon Gãa sɔ kple “tsi.” (Nyaɖ. 17:15) Gake egblɔ hã be tsiawo ‘amie,’ si fia be ame siwo de megbe na alakpasubɔsubɔhawo la dometɔ geɖe atrɔ le wo yome. (Nyaɖ. 16:12) Nyagblɔɖi sia le eme vam egbea; ame geɖe megaka ɖe subɔsubɔhawo dzi o, eye wodia kpekpeɖeŋu tso teƒe bubuwo.

16. Aleke nyagblɔɖi siwo ku ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ɖoɖo kple Babilon Gãa tsɔtsrɔ̃ ŋu la gɔme sese ate ŋu aɖe vi na mí?

16 Aleke nyagblɔɖi siawo ate ŋu aɖe vi na mí? Ale si woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi, kple ale si ame geɖe megaka ɖe alakpasubɔsubɔhawo dzi o hã ɖo kpe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me. Togbɔ be ame geɖe trɔ le Babilon Gãa yome hãa, menye emae ana wòatsrɔ̃ o. Ke boŋ, abe ale si míegblɔe va yi enea, Yehowae adee dzi me na “fia ewo,” si nye dunyahedziɖuɖu siwo de megbe na Dukɔ Ƒoƒuawo, “be woawɔ nu si yeɖo ɖe tame la dzi.” Ale si dukɔawo atso ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu ahatsrɔ̃e la awɔ nuku na ame geɖe. d (Nyaɖ. 18:8-10) Babilon Gãa tsɔtsrɔ̃ ana xexea me natɔ zi, gake Mawu ƒe amewo ate ŋu akpɔ dzidzɔ le susu eve ya teti ta. Gbãa, Yehowa Mawu ƒe futɔ vɔ̃ɖi ma nu ayi mlɔeba; evelia, míakpɔe be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso xexe vɔ̃ɖi sia me gogo!—Luka 21:28.

KA ÐE EDZI BE YEHOWA AKPƆ EƑE AMEWO TA

17-18. (a) Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagaxɔ Yehowa dzi se geɖe wu? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Daniel gblɔe ɖi be “sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.” Eye edzi ɖe edzi hã vavã! Fifia, míese nyagblɔɖi siwo ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu gɔme. (Dan. 12:4, 9, 10) Ale si nyagblɔɖi siawo le eme vam pɛpɛpɛa nana míegadea bubu Yehowa kple eƒe Nyaa ŋu ŋutɔ. (Yes. 46:10; 55:11) Eya ta yi edzi nàsrɔ̃ Biblia be nàgaxɔ Yehowa dzi se geɖe wu, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava nye exɔlɔ̃wo. Yehowa akpɔ ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe la ta, eye ‘ana ŋutifafa si nɔa anyi ɖaa la wo.’—Yes. 26:3.

18 Le nyati si kplɔe ɖo mea, míakpɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe Kristo hamea ŋu le nuwuɣia. Míava srɔ̃e be nyagblɔɖi mawo hã de nu nyagblɔɖi bubu siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu me pɛpɛpɛ. Azɔ hã, míava kpɔ kpeɖodzi bubu siwo ɖee fia be Yesu, míaƒe Fia si le dzi ɖum la, le eyomedzela wɔnuteƒewo kplɔm vavã.

HADZIDZI 61 Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!

a Míele agbe le ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe me! Woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi abe ale si Biblia me nyagblɔɖi geɖe ɖee fia be adzɔ ene. Le nyati sia mea, míadzro nyagblɔɖi siawo dometɔ aɖewo me be wòado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye míakpɔ ale si woakpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi aka ɖe Yehowa dzi fifia kple etsɔme siaa.

b Kpɔ agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 32, numedzodzro 4; kple video si nye Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme Le Ƒe 1914 Me le jw.org.

c Ne èdi numeɖeɖe bubuwo tso Daniel ƒe nyagblɔɖia ŋua, kpɔ June 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14-19.

d Ne èdi numeɖeɖe bubuwo tso nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋua, kpɔ Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum! gbalẽa ƒe ta 21.