Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nu ka tae Yehowa da asi ɖe aʋa siwo blema Israel dukɔa wɔ dzi?

Yehowa lɔ̃a ame. Gake ɣeaɖewoɣi ne amewo ɖo nugbe vɔ̃ɖi ɖe eƒe amewo ŋu hele wo tem ɖe anyi la, enana wowɔa aʋa be woakpɔ dukɔa ta. Mawu koe kpɔ mɔ agblɔ ɣeyiɣi si woawɔ aʋa kple ame siwo ayi.—w15 11/1, axa 4-5.

Nu vevi kawoe dzilawo ate ŋu awɔ be woamla wo vi ƒewuiviwo be woasubɔ Yehowa?

Ele vevie be dzilawo nalɔ̃ wo viwo eye woaɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo. Ehiã hã be dzilawo nadze agbagba ase nu gɔme na wo vi ƒewuiviwo.—w15 11/15, axa 10-12.

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye Petro teƒenɔlae papa la nye o?

Mateo 16:17, 18 megblɔ be apostolo Petro ye anye Kristo hamea ƒe ta o. Biblia ɖee fia be womeɖo Petro hamea ƒe tatɔe o, ke boŋ Yesue va nye hamea ƒe dzogoedzikpe. (1 Pet. 2:4-8)—w15 12/1, axa 12-14.

Nu kawo ŋue wòle be míabu hafi aƒo nu?

Be míazã míaƒe aɖe nyuie la, ele be míanya (1) ɣeyiɣi nyuitɔ si míaƒo nu (Nyagb. 3:7), (2) nya si míagblɔ (Lod. 12:18), kple (3) ale si míagblɔe (Lod. 25:15).—w15 12/15, axa 18-21.

Anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna siwo wòle be Kristotɔwo natsri la dometɔ aɖewo ɖe?

Kristotɔ vavãwo tsria alakpadada kple ameŋugbegblẽ. Womegblɔa alakpanya siwo ƒoa ɖi amewo ƒe ŋkɔ o, womeflua amewo be woaxɔ woƒe nunɔamesi le wo si o, eye womefia fi o.—wp16.1, axa 5.

Ame kawoe nye “nunɔlawo ƒe tatɔwo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me?

Edze ƒãa be ame ŋkuta siwo le nunɔlawo domee woyɔna be “nunɔlawo ƒe tatɔwo,” eye nunɔlagã siwo si woxɔ dɔ le la hã le wo dome.—wp16.1, axa 10.

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nɔvi siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe ŋu?

Kristotɔwo medea bubu ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo ŋu fũu akpa o. Ame si nye amesiamina vavã madi be woado ye ɖe dzi o; eye madi be yeanɔ egblɔm na amewo be Mawu si ami na ye o. (Mat. 23:8-12)—w16.01, axa 21-22.

Aleke míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Abraham wɔ zu Mawu xɔlɔ̃ me?

Abraham srɔ̃ nu tso Mawu ŋu, ɖewohĩ tso Sem gbɔ. Eye ale si Mawu kpɔ Abraham ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta na be nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi. Míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke.—w16.02, axa 4-6.

Aleke wòdzɔe be wova ma Biblia ɖe tawo kple kpukpuiwo me?

Stephen Langton, si nye nunɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 13 lia me, ye ma Biblia ɖe tawo me. Yudatɔ nugbugbɔŋlɔlawoe ma Hebrigbe me Biblia ɖe kpukpuiwo me gbã, eye le ƒe alafa 16 lia me la, agbalẽnyala Robert Estienne hã ma Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe kpukpuiwo me.—wp16.2, axa 14-15.

Esime Satana te Yesu kpɔ la, ɖe wòkplɔe yi gbedoxɔa tame ŋutɔŋutɔa?

Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Mateo 4:5 kple Luka 4:9 me nyawo ate ŋu afia be ekplɔ Yesu yi afi ma le ŋutega me, alo be ekplɔe yi gbedoxɔa ƒe teƒe kɔkɔ aɖe ŋutɔŋutɔ.—w16.03, axa 31-32.

Mɔ kawo nue Kristotɔwo ƒe nufiafiadɔa ate ŋu anɔ abe zãmu ene le?

Zãmu dzana vivivi, enaa dzidzeme ame eye wòléa agbe ɖe te. Zãmu nye yayra tso Mawu gbɔ. (5 Mose 33:13) Nenema tututue Mawu ƒe amewo katã ƒe nufiafiadɔa hã le.—w16.04, axa 32.