Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le nyagblɔɖia ƒe emevava egbea me la, ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na la le tsitre ɖi na Yesu Kristo. Eyae anɔ dziƒo ade dzesi amewo hena agbetsitsi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Ezekiel ƒe ŋutegaa me la, ame kawoe ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na kpakple ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la le tsitre ɖi na?

Wole tsitre ɖi na dziƒoʋakɔ siwo nɔ ŋgɔ wotsrɔ̃ Yerusalem, siwo agakpɔ gome le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia tsɔtsrɔ̃ me le Armagedon-ʋa me. Nu ka tae gɔmesese yeye sia sɔ?

Esi Yehowa ɖe nu vlo geɖe siwo wɔm amewo nɔ le Yerusalem fia Ezekiel le ŋutega me vɔ la, egaɖe nu siwo adzɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃ dua le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la hã fiae. Ekpɔ ŋutsu ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe lé ametsrɔ̃nu ɖe asi. Eye wògakpɔ ŋutsu bubu aɖe hã si “do aklalawu, eye agbalẽŋlɔnu le ali dzi nɛ.” (Eze. 8:6-12; 9:2, 3) Wogblɔ na ŋutsu sia be: “Yi ɖatsa le . . . dua me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo le hũ ɖem hele nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo katã wɔm wole le dua me la ta.” Emegbe wogblɔ na ŋutsu siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la be woanɔ eyome ne woawu ame siwo katã ŋu dzesi mele o la. (Eze. 9:4-7) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega sia me, eye ame kae nye ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na la?

Woɖe ŋutega sia fia Ezekiel le ƒe 612 D.Y. me. Eva eme zi gbãtɔ le ƒe atɔ̃ ko megbe esime Babilon-ʋakɔa va tsrɔ̃ Yerusalem. Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ Babilontɔ trɔ̃subɔlawo tsrɔ̃ dua hã la, ɖeko wòzã wo abe eƒe ametsrɔ̃lawo ene. (Yer. 25:9, 15-18) Elabena edi be woahe to na yeƒe dukɔ si gbe xɔse la. Gake Yehowa mena wotsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o. Lɔlɔ̃tɔe la, ena woxɔ Yudatɔ siwo mekpɔ gome le ŋunyɔnu siwo wɔm dua me tɔwo le me o la ɖe agbe.

Ezekiel mede dzesi ŋgonu na amewo loo alo kpɔ gome le amewo tsɔtsrɔ̃ me o. Ke boŋ mawudɔlawoe fia mɔ wohe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va dua dzi. Eya ta nyagblɔɖi sia na míekpɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la le susu me. Yehowa de dɔ asi na eƒe dɔlawo be woaɖe ame dzɔdzɔewo ɖe vovo ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo. *

Tsã la, míeɖe eme le míaƒe agbalẽwo me be ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na la le tsitre ɖi na amesiamina siwo li egbea. Míesusui be fifia la, wole dzesi dem ame siwo xɔa nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem míele la hena agbetsitsi. Gake nyitsɔ laa la, míeva kpɔe be ele be míatrɔ asi le ale si míeɖea nya sia mee ŋu. Mateo 25:31-33 ɖee fia be Yesue adrɔ̃ ʋɔnu amewo. Eye xaxa gã si gbɔna mee wòadrɔ̃ ʋɔnua le, axɔ ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo ɖe agbe ahatsrɔ̃ ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi gbɔ̃wo.

Ekema le gɔmesese sia nu la, nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega si Ezekiel kpɔ me? Nu atɔ̃ ya teti:

  1. Hafi woatsrɔ̃ Yerusalem la, Ezekiel kple Yeremiya wɔ dɔ abe gbetakpɔlawo ene abe ale si ko Yesaya hã wɔe do ŋgɔ ene. Egbea Yehowa le amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe zãm wole eƒe amewo nyim hele nu xlɔ̃m dukɔwo hafi xaxa gã la nadze egɔme. Le nyateƒe me la, Kristo ƒe aƒemesubɔviwo katã le gome kpɔm le nuxɔxlɔ̃ amewo me.—Mat. 24:45-47.

  2. Menye Ezekiel ye de dzesi ŋgonu na ame siwo atsi agbe o; eye Mawu subɔla siwo li egbea hã mele esia wɔm o. Ðeko wotsɔ Yehowa ƒe gbedeasia le yiyim na amewo eye mawudɔlawoe le mɔ fiam wo le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Nyaɖ. 14:6.

  3. Le Ezekiel ƒe ŋkekea me la, womede dzesi ŋutɔŋutɔ si wokpɔna kple ŋku la ŋgonu na ame aɖeke o. Nenema kee wòle egbea hã. Kpɔɖeŋumɔ nue woade dzesi amewo le. Ke nu kae wòle be amewo nawɔ hafi atsi agbe? Ele be woaxɔ nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem míele fifia, woatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo, woaɖe adzɔgbe na Yehowa eye woakpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. (Mat. 25:35-40) Le xaxa gã si gbɔna me la, woade dzesi ame siwo wɔa nu siawo hena agbetsitsi.

  4. Le nyagblɔɖia ƒe emevava egbea me la, ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na la le tsitre ɖi na Yesu Kristo. Eyae anɔ dziƒo ade dzesi amewo hena agbetsitsi. Ameha gã la me tɔwo axɔ dzesia ne wodrɔ̃ ʋɔnu wo le xaxa gã la me be wonye alẽwo. Eye esia aʋu mɔ na wo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Mat. 25:34, 46. *

  5. Le emevava egbea me la, ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nuwo ɖe asi la le tsitre ɖi na Yesu ƒe dziƒoʋakɔ si Yesu ŋutɔ le ŋgɔ na. Eteƒe madidi o woatsrɔ̃ dukɔwo ahaɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa.—Eze. 9:2, 6, 7; Nyaɖ. 19:11-21.

Ne míese nufiame vevi siawo gɔme la, ana míaka ɖe edzi be Yehowa metsrɔ̃a ame dzɔdzɔewo kpena ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu gbeɖe o. (2 Pet. 2:9; 3:9) Aɖo ŋku edzi na mí hã be gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele egbea le vevie ŋutɔ. Ele be ame sia ame nase nuxlɔ̃amea hafi nuwuwua nava!—Mat. 24:14.

^ mm. 6 Togbɔ be dzesi si wokpɔna kple ŋku menɔ ŋgonu na amewo abe Baruk (Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla), Etiopiatɔ Ebed-Melek kple Rekab viwo ene o hã la, wokpɔ ɖeɖe. (Yer. 35:1-19; 39:15-18; 45:1-5) Ðe wode dzesi wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hena agbetsitsi.

^ mm. 12 Womade dzesi sia ŋgonu na amesiamina wɔnuteƒewo hena agbetsitsi o. Le woawo gome la, woatre wo nu zi mamlɛa do ŋgɔ na woƒe ku loo alo do ŋgɔ na xaxa gã la ƒe gɔmedzedze.—Nyaɖ. 7:1, 3.