Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nyo Wu Kpe Xɔasi

Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nyo Wu Kpe Xɔasi

Kpe xɔasi siwo ŋu amewo mefena le o dometɔ ɖekae nye lotamekpe. Wodzraa ɖewo dɔlar miliɔn geɖe. Gake ɖe nènyae be le Mawu gbɔ la, nanewo li siwo xɔ asi sãsãsã wu lotamekpe, sika kple kpe xɔasi bubuwoa?

Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe si ŋkɔe nye Haykanush si le Armenia fɔ mɔzɔgbalẽ aɖe le eƒe aƒe gbɔ lɔƒo. Ekpɔ gaxɔgbalẽvi kple ga gbogbo aɖe le mɔzɔgbalẽa me. Etsɔe fia srɔ̃aŋutsu si hã nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.

Ɣemaɣi la, ganyawo nɔ sesẽm na atsu kple asi sia; eya ta ame aɖe agblɔ be, ‘Nu ka dim ŋɔti le wu gbɔgbɔ!’ Gake atsu kple asia tso nya me be yewoazã adrɛs si le mɔzɔgbalẽa me atrɔ ga la ayi na nua tɔ. Esia wɔ nuku na ŋutsu si tɔe mɔzɔgbalẽa nye kple eƒe ƒomea ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo. Haykanush kple srɔ̃a gblɔ na wo be Biblia sɔsrɔ̃e kpe ɖe yewo ŋu yewonye anukwareɖilawo. Wokpɔe be ele vevie be yewoaɖi anukware, eye wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu na ƒomea eye wotsɔ míaƒe agbalẽ aɖewo na wo.

Ƒomea di be yewoana ga Haykanush ɖe eƒe anukwareɖiɖi ta gake egbe. Le ŋkeke eveagbe la, ŋutsua srɔ̃ ɖi tsa yi Haykanush kple srɔ̃a gbɔ, ena lotamekpesigɛ Haykanush eye wògblɔ nɛ be yeƒe ƒomea kpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ la ŋu ŋutɔ eya ta yewodi be wòaxɔ nunana sia.

Haykanush kple srɔ̃aŋutsu ƒe anukwareɖiɖia awɔ nuku na ame geɖe abe ale si ko wòwɔ nuku na ƒome ma ene. Gake ɖe wòawɔ nuku na Yehowa? Aleke wòabu woƒe anukwareɖiɖi lae? Ðe wòle be woaɖi anukware alea kokokoa?

NƆNƆME NYUI SIWO XƆ ASI WU KESINƆNUWO

Biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo mesesẽ kura o. Elabena Mawu subɔlawo nyae be nɔnɔme nyui siwo dzea Yehowa ŋu la xɔ asi le eŋkume wu lotamekpe, sika, alo kpe xɔasi bubuwo. Nyateƒee, Yehowa ƒe susu le nu siwo xɔ asi kple nu siwo mexɔ asi o ŋu to vovo na ame akpa gãtɔ tɔ. (Yes. 55:8, 9) Eye le esubɔlawo gome la, Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ɖeɖe fia nye mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o.

Esia dze ƒãa le nya si Biblia gblɔ le nunya kple nugɔmesese ŋu me. Lododowo 3:13-15 gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si nugɔmesese su; elabena eƒe amesinɔnɔ nyo wu klosalo ƒe amesinɔnɔ, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye nu siwo dzroa wò la dometɔ aɖeke mede enu o.” Yehowa dea asixɔxɔ nɔnɔme siawo ŋu kura wu kpe xɔasiwo.

Ke anukwareɖiɖi hã ɖe?

Yehowa ŋutɔ nye anukwaretɔ; “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖe mía ta, elabena míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Heb. 13:18.

Yesu Kristo ɖo anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Gbe ɖeka Nunɔlagã Kayafa gblɔ nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la!” Yesu ʋu eme anukwaretɔe be yee nye Mesia la, togbɔ be emeʋuʋu alea ate ŋu ana Sanhedrin la natsɔ nya ɖe eŋu be enye busunyagblɔla eye woana woawui gɔ̃ hã.—Mat. 26:63-67.

Ke míawo ya ɖe? Ne míeɖo nɔnɔme aɖe me eye míekpɔe be míakpɔ ga geɖe ne míevivi nume alo míebaɖa afɔ na nya aɖe la, ɖe míalɔ̃ aɖi anukwarea?

NU SIWO ME ANUKWAREÐIÐI SESẼNA LE

Avu kple kɔe wònye le ŋkeke mamlɛ siawo me be woaɖi anukware esime ame akpa gãtɔ nye “ɖokuilɔ̃lawo” kple “galɔ̃lawo.” (2 Tim. 3:2) Ganyawo ƒe sesẽ alo dɔmakpɔwɔe nana anukwareɖiɖi sesẽna. Ewɔna na ame geɖe be yewo tɔ dzɔ be yewoafi fi, aba ame, alo awɔ nu fitifiti bubuwo. Susu sia bɔ ale gbegbe be ne eɖo gakpɔkpɔ dzi la, ne màyi o la, agoo mayi ƒe nyae; anukwareɖiɖi ya mele edzi o. Mɔ̃ sia ɖe Kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã ale be “viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ” na tenɔnɔ nyui megale wo si le hamea me o.—1 Tim. 3:8; Tito 1:7.

Gake Kristotɔ akpa gãtɔ srɔ̃a Yesu. Wonyae hã be Mawu ƒe nɔnɔmewo sɔsrɔ̃ le vevie wu kesinɔnu alo viɖe ɖe sia ɖe. Eya ta Kristotɔ sukuviwo mefia dodokpɔwo kpɔna be yewoakpɔ dzidzedze o. (Lod. 20:23) Nyateƒee, menye ɣesiaɣie woaɖo míaƒe nyateƒetoto teƒe na mí abe Haykanush ene o. Ke hã, anukwareɖiɖi dzea Mawu ŋu henana dzitsinya dzadzɛ nɔa mía si, eye asixɔxɔ manyagblɔ le eŋu.

Gagik ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe edzi nenema. Egblɔ be: “Hafi mava zu Kristotɔ la, menɔ dɔ wɔm na adzɔha gã aɖe; míaƒe dɔtɔa ŋea adzɔ siwo míaxe ɖe eme to ale si mebua viɖe siwo dɔwɔƒea kpɔna la katã ŋuti kɔnta o me. Nyee nye dɔdzikpɔlaa, eye dɔtɔa bia tso asinye be mana zãnu adzɔxɔlawo ale be woagakɔ nu le míaƒe nuwɔnaa dzi o. Ewɔe be ame sia ame nyae be didritɔe menye. Meva srɔ̃ nyateƒea eye megbe be nyemaganɔ agbe ma azɔ o, togbɔ be mekpɔa ga geɖe tsã hã. Meɖo nye ŋutɔ nye dɔwɔƒe. Mede nye dɔwɔƒea agbalẽ me eye mexe nye adzɔwo katã tso gɔmedzedzea ke.”—2 Kor. 8:21.

Gagik gblɔ be: “Ga si mekpɔna ɖiɖi kura eya ta nye ƒomea dzi kpɔkpɔ va nɔ sesẽm nam. Ke hã mele dzidzɔ kpɔm fifia. Nye dzitsinya ŋu kɔ le Yehowa ŋkume. Mele kpɔɖeŋu nyui ɖom na vinyeŋutsu eveawo eye wona agbanɔamedzi geɖem le hamea me. Fifia adzɔxɔlawo kple nye asisiwo katã nyae be menye anukwaretɔ.”

YEHOWA KPENA ÐE MÍA ŊU

Yehowa lɔ̃a ame siwo ɖoa atsyɔ̃ na eƒe nufiafia to eƒe nɔnɔme deŋgɔawo, si ƒe ɖekae nye anukwareɖiɖi, ɖeɖe fia me. (Tito 2:10) Eƒe gbɔgbɔ ʋã Fia David wògblɔ kple kakaɖedzi be: “Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o.”—Ps. 37:25.

Nuteƒewɔla Rut ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe nya sia dzi. Megblẽ lɔ̃xoa Naomi ɖi le eƒe nyagãkuku me o, ke boŋ eku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ. Rut ʋu yi Israel be wòate ŋu asubɔ Mawu vavã la. (Rut 1:16, 17) Esi Rut va ɖo Israel la, eɖi anukware, ewɔ dɔ sesẽ henɔa nukuwo fɔm veviedodotɔe abe ale si wòle le Se la me ene. Yehowa megblẽ Rut kple Naomi ɖi dɔ wu wo gbeɖe o, abe ale si David hã va kpɔe emegbe ene. (Rut 2:2-18) Eɖe dzesi ŋutɔ be menye Rut ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ koe Yehowa kpɔ nɛ o. Etiae be wòanye Fia David kple Mesia si ŋugbe wòdo la gɔ̃ hã mamagã!—Rut 4:13-17; Mat. 1:5, 16.

Ate ŋu adzɔ be ganyawo nava nɔ sesẽm na Yehowa subɔla aɖewo. Be woato anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna aɖe dzi ado le eme teƒe la, wokua kutri wɔa dɔ sesẽ, elabe ‘didi kple nɔvia kekeɖeŋue.’ Woɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ Mawu ƒe nɔnɔme deŋgɔawo, siwo dome anukwareɖiɖi hã le, ŋu wu ŋutilãmenuwo.—Lod. 12:24; Ef. 4:28.

Abe Rut ene la, Kristotɔ siwo le xexea me katã wɔa nu tsɔ ɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu. Woka ɖe Ame si do ŋugbe le eƒe Nya la me be, “nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o” la dzi tso dzi blibo me. (Heb. 13:5) Yehowa ɖee fia enuenu be ŋusẽ le ye si be yeakpe ɖe fukpela siwo ɖia anukware ɣesiaɣi ŋu, eye akpe ɖe wo ŋu hã. Ewɔna ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí la dzi ɖaa.—Mat. 6:33.

Ɛ̃, amegbetɔwo dea asixɔxɔ gã lotamekpe kple kpe xɔasi bubuwo ŋu. Gake nenɔ susu me na mí be, mía Fofo si le dziƒo ya bua anukwareɖiɖi kpakple nɔnɔme nyui bubuwo be woxɔ asi, ɛ̃, wonyo sãsãsã wu kpe xɔasiwo!

Anukwareɖiɖi nana dzitsinya dzadzɛ nɔa mía si eye míeƒoa nu faa le gbeadzi