Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègana Amewo Ƒe Vodadawo Naɖia Nuwò O

Mègana Amewo Ƒe Vodadawo Naɖia Nuwò O

“Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.”—KOL. 3:13.

HADZIDZI: 121, 75

1, 2. Nya kae Biblia gblɔ ɖi ku ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dzidziɖedzi ŋu?

YEHOWA subɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi nye habɔbɔ si le etɔxɛ. Woawoe nye eƒe Ðasefowo. Ele eme baa be wonye amegbetɔ madeblibowo eye vodada le wo ŋu ya. Ke hã, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam xexea me katã ƒe habɔbɔ sia wòle dzidzim ɖe edzi eye nuwo le edzi dzem na wo. Na míakpɔ mɔ siwo dzi Yehowa le eƒe amewo yram le dometɔ aɖewo ɖa.

2 Esi ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me la, Mawu subɔla ʋɛ aɖewo koe nɔ anyigba dzi. Gake Yehowa yra ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Esia wɔe be ame miliɔn geɖe srɔ̃ Biblia me nyateƒea heva zu Yehowa Ðasefowo. Yehowa gblɔ dzidziɖedzi sia ŋu nya ɖi ale: “Ame ʋɛwo azu akpe, eye ame suewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa ŋutɔ, mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.” (Yes. 60:22) Edze ƒãa be nyagblɔɖi sia le eme vam le ŋkeke mamlɛ siawo me. Dukɔ geɖe li siwo me nɔlawo mesɔ gbɔ de Mawu subɔla vavã siwo li egbea ƒe xexlẽme nu o.

3. Mɔ ka nue Mawu subɔlawo ɖe lɔlɔ̃ fia le?

3 Le ɣeyiɣi siawo me la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wole eƒe nɔnɔme vevitɔ, si nye lɔlɔ̃, ɖem fia geɖe wu. (1 Yoh. 4:8) Yesu srɔ̃ Mawu ƒe amelɔlɔ̃, eye wògblɔ na eyomedzelawo be: “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; . . . Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Eyomedzelawo ɖe lɔlɔ̃ sia fia wòdze ƒãa le ƒe siwo va yi me esime dukɔwo kpe aʋa hewu ame gbogbo aɖewo ŋɔdzitɔe. Le kpɔɖeŋu me, wowu ame miliɔn 55 sɔŋ le Xexemeʋa II ɖeɖe ko me. Gake Yehowa Ðasefowo meƒo wo ɖokuiwo ɖe ʋukɔkɔɖi mawo me o. (Xlẽ Mika 4:1, 3.) Esia na wo ŋu “kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.”—Dɔw. 20:26.

4. Nu ka tae wòwɔ nuku be Yehowa ƒe amewo le dzidzim ɖe edzi?

4 Mawu ƒe amewo le dzidzim ɖe edzi togbɔ be futɔ sẽŋu si nye Satana, ame si Biblia yɔ be “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” tsi tre ɖe wo ŋu vevie hã. (2 Kor. 4:4) Ele ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia ƒe dunyahehawo kpakple nyakakamɔnuwo dzi. Gake mate ŋu atɔ te nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa gbeɖe o. Esi Satana nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye ta la, ele agbagba dzem be yeato mɔ vovovowo dzi atrɔ amewo ɖa tso subɔsubɔ vavãtɔ gbɔ.—Nyaɖ. 12:12.

MÍAƑE NUTEƑEWƆWƆ ƑE DODOKPƆ

5. Nu ka gbɔe wòtso be amewo wɔa nu wòvea mí ɣeaɖewoɣi? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Kristo hamea tea gbe ɖe edzi be ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ Mawu kple mía haviwo. Nya ma tututue Yesu gblɔ esi wònɔ nya ŋu ɖom na ŋutsu aɖe si bia nyae tso sedede gãtɔ ŋu. Egblɔ nɛ be: “‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Mat. 22:35-39) Gake Biblia na eme kɔ be, le Adam ƒe nu vɔ̃ si dome míenyi ta mía dometɔ aɖeke mede blibo o. (Xlẽ Romatɔwo 5:12, 19.) Eya ta edzɔna ɣeaɖewoɣi be hamea me tɔ aɖe agblɔ nya alo awɔ nu wòave mí kaɖikaɖi. Esia ate ŋu ado lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple eƒe amewo akpɔ. Nu kae nàwɔ le nɔnɔme ma me? Ðo ŋku edzi be Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema dometɔ aɖewo gblɔ nya alo wɔ nu wòve ame bubuwo, eye míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nu si Biblia gblɔ le wo ŋu me.

Ne ɖe nènɔ Israel le Eli kple viawo ƒe ɣeyiɣia me la, anye ne nu kae nàwɔ? (Kpɔ memama 6)

6. Nu ka tae míagblɔ be Eli mehe viawo o?

6 Viŋutsu eve le Nunɔlagã Eli si siwo mebua Yehowa ƒe sewo ɖe nemi me o. Biblia gblɔ be: “Eli viwo nye ame vɔ̃ɖiwo; womedea bubu aɖeke Yehowa ŋu o.” (1 Sam. 2:12) Togbɔ be wo fofo wɔ akpa vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me hã la, via eveawo nɔ nu vɔ̃ gãwo wɔm. Eli nya nu tso eŋu gake megbee na wo kple ŋkubiã o. Eya ta Mawu he to sesẽ aɖe na Eli ƒe ƒomea. (1 Sam. 3:10-14) Emegbe la, womegaɖe mɔ na eƒe dzidzimeviwo be woanye nunɔlagãwo o. Ne ɖe nènɔ anyi le Eli ƒe ŋkekea me la, aleke nàwɔ nui esime Eli menɔ nya gbem na viawo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o? Ðe esia aɖia nuwò ale gbegbe be nàdzudzɔ Mawu subɔsubɔa?

7. Nu vɔ̃ gã kae David wɔ, eye nu kae Mawu wɔ?

7 Yehowa lɔ̃ David ŋutɔ, eye wònye ‘ŋutsu si ƒe nu dze eƒe dzi ŋu.’ (1 Sam. 13:13, 14; Dɔw. 13:22) Gake David va wɔ ahasi kple Bat-Seba, eye wòfɔ fu. Ɣemaɣi nyɔnua srɔ̃ Uriya nɔ aʋagbedzi. David ɖo du ɖe ŋutsua wòtrɔ gbɔ eye wòte kpɔ be yeana wòayi aƒe me aɖadɔ kple srɔ̃a Bat-Seba ne wòadze abe eyae do fua ene. Uriya gbe, eya ta David wɔ ɖoɖo wowui le aʋaa me. Mawu he to na David ɖe eƒe nu vɔ̃ sia ta, eye vɔ̃ gãwo va eya kple eƒemetɔwo dzi. (2 Sam. 12:9-12) Ke hã esi David zɔ le Yehowa Mawu ŋkume “le dzi dzadzɛ” me ta la, ekpɔ nublanui nɛ. (1 Fia. 9:4) Ne ɖe nènɔ Mawu ƒe amewo dome ɣemaɣi la, aleke nàwɔ nui? Ðe David ƒe nu vɔ̃a aɖia nuwòa?

8. (a) Aleke apostolo Petro do kpo eƒe nyawo dzi wɔwɔ? (b) Nu ka tae Yehowa megbe Petro esi wòda vo o?

8 Ame bubu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ye nye apostolo Petro. Togbɔ be Yesu ŋutɔe tia Petro wònye eƒe apostoloawo dometɔ ɖeka hã la, egblɔ nya alo wɔ nanewo siwo va te ɖe edzi emegbe. Le kpɔɖeŋu me, Petro gblɔ be ne ame susɔeawo katã gblẽ Yesu ɖi hã, ye ya yemagblẽe ɖi akpɔ o. (Marko 14:27-31, 50) Gake esi wolé Yesu la, apostoloawo katã sí gblẽe ɖi, Petro hã le eme! Petro gbe enuenu gɔ̃ hã be yemedze si Yesu o. (Marko 14:53, 54, 66-72) Gake ‘kukuɖelaa, womewunɛ o.’ Petro se veve ɖe nu si wòwɔ ta, eya ta Yehowa megbee o. Ne ɖe nènɔ nusrɔ̃lawo dome ɣemaɣi la, ɖe nàɖe mɔ Petro ƒe nuwɔnaa nagblẽ wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa mea?

9. Nu ka tae nèka ɖe edzi be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi?

9 Ame siwo wɔ nu wòve ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Blema kple egbegbe kpɔɖeŋu bubu geɖewo gali. Edzɔ be Yehowa subɔla aɖewo wɔ nu vɔ̃ siwo gblẽ nu le nɔvi bubuwo ŋu. Anye ne aleke nàwɔ nui? Ðe nàna woƒe vodadawo naɖia nuwò ale gbegbe be nàgblẽ Yehowa kple eƒe amewo, hekpe ɖe miaƒe hamea me tɔwo ŋu, ɖia? Alo ɖe nàkpɔe adze sii be Yehowa nye nublanuikpɔla eye wòle dzi gbɔm ɖi na nu gbegblẽ wɔlaa be wòatrɔ dzi mea? Gake ɣeaɖewoɣi la, ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo dometɔ aɖewo gbea dzimetɔtrɔ. Ðe nàka ɖe edzi be Yehowa nya esia eye wòakpɔ nyaa gbɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye ne ehiã la, ana woaɖe amea le hamea me gɔ̃ hã? Èxɔe se be Yehowa wɔa nu si sɔ hele dzɔdzɔe ɣesiaɣia?

YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE

10. Aleke Yesu bu Yuda Iskariot kple Petro ƒe vodadawo?

10 Biblia ƒo nu tso Mawu subɔla geɖe siwo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe amewo togbɔ be ame bubuwo nɔ vodada gãwo wɔm hã la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu do gbe ɖa na Fofoa zã bliboa hafi tia eƒe apostolowo 12-awo. Yuda Iskariot hã nye wo dometɔ ɖeka. Gake esi Yuda dee asi emegbe la, mena esia de tɔtɔ eya kple Fofoa Yehowa dome o. Nenema kee esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ la, mena wòɖia enu o. (Luka 6:12-16; 22:2-6, 31, 32) Yesu nya be nusrɔ̃la mawo ƒe nuwɔna menye Yehowa alo eƒe amewo ƒe vodada o, elabe ‘agbeli dzekpolo metso ɖaɖa gbɔ o.’ Eya ta Yesu yi edzi wɔ nuteƒe togbɔ be eyomedzela mawo ƒe nuwɔna te ɖe edzi hã. Yehowa ɖo eteƒe na Yesu ale be wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome hena mɔnukpɔkpɔe be wòazu Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia.—Mat. 28:7, 18-20.

11. Nya kae Biblia gblɔ ɖi le Yehowa subɔla siwo li egbea ŋu?

11 Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia mí be ele be míawɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe amewo, eye susu nyuiwo li siwo tae míawɔ esia ɖo. Nu siwo gbegbe wɔm Yehowa le to esubɔlawo dzi le ŋkeke mamlɛ siawo me la wɔ nuku ŋutɔ. Ƒuƒoƒo bubu aɖeke megali si le nyateƒea fiam amewo le xexe bliboa me o, elabena Yehowa mele megbe na wo o; eƒe ame siwo wɔ ɖeka koe wòle mɔ fiamee. Mawu gblɔ nɔnɔme si me eƒe amewo le egbea ɖi le Yesaya 65:14 be: “Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.”

12. Aleke wòle be míawɔ nui ne mía nɔviwo wɔ vodada?

12 Esi Yehowa le mɔ fiam esubɔlawo ta la, wole dɔ nyuiwo wɔm, si na wole dzidzɔ kpɔm. Gake Satana ƒe xexea ya le konyi fam le esi nuwo mele yiyim nyuie na wo o ta. Eya ta nunya manɔ eme kura be míabu fɔ Yehowa alo eƒe habɔbɔa ɖe vodada siwo Mawu subɔla ʋɛ aɖewo wɔna ta o. Ke boŋ ele be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, alé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye míasrɔ̃ ale si míabu amewo ƒe vodada ahawɔ nu ɖe wo ŋu le mɔ nyuitɔ nu.

NU KAE NÀWƆ?

13, 14. (a) Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi na mía nɔewo? (b) Ŋugbedodo ka dzie wòanyo be míaɖo ŋkui?

13 Ekema aleke nàwɔ nui ne edzɔ be Mawu subɔla aɖe gblɔ nya alo wɔ nu wòte ɖe dziwò? Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye esi: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.” (Nyagb. 7:9) Ele be míaɖo ŋui be mí katã míete ɖa le blibodede si nɔ Eden-bɔa me la gbɔ ƒe 6,000 sɔŋ ye nye esia. ‘Tre eve nɔ tɔ ŋgɔ megbea ŋuikaka o.’ Eya ta ele be míakpɔ mɔ be mía nɔvi aɖe adze agɔ le mía dzi godoo. Mele be míana woƒe vodadawo naxɔ dzidzɔ si kpɔm míele le Mawu subɔsubɔ me le ŋkeke mamlɛ siawo me la le mía si o. Esi ganyra wue nye be míana amewo ƒe vodada naɖia mía nu ale gbegbe be míadzo le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Ne edzɔ alea pɛ, ke mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpakple agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me siaa abu ɖe mí!

14 Nu si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ahalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asie nye be míaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋugbedodo fakɔname sia dzi: “Kpɔ ɖa, mele dziƒo yeye kple anyigba yeye wɔm; eye tsãnuwo magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o.” (Yes. 65:17; 2 Pet. 3:13) Mègaɖe mɔ amewo ƒe vodada naɖia nuwò ale be yayra nyui mawo nato ŋuwò o.

15. Nu kae Yesu be míawɔ ne amewo dze agɔ le mía dzi?

15 Gake esi míeɖo xexe yeyea me haɖe o ta la, ele vevie be míabu aɖaŋu siwo Mawu ɖo ku ɖe ale si míakpɔ nyawo gbɔe ne ame aɖe gblɔ nya alo wɔ nane wòve mí ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi; ke ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” Ðo ŋku edzi hã be, esi Petro bia be ɖe míatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃ ake wo “va se ɖe zi adre” mahã la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre.” Edze ƒãa be Yesu di be míalɔ̃ faa atsɔ ake amewo ɣesiaɣi. Mele be wòasesẽ na mí be míatsɔ ake tso dzi me ke o.—Mat. 6:14, 15; 18:21, 22.

16. Kpɔɖeŋu nyui kae Yosef ɖo ɖi?

16 Yosef, si nye Rahel vi gbãtɔ si wòdzi na Yakob, ɖo nu si míawɔ ne amewo da vo ɖe mía ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi. Yosef tɔvi ewoawo nɔ ŋu ʋãmee le esi wo fofo lɔ̃nɛ wu ta. Esia na wotsɔe dzra wòzu kluvi. Le ƒe gbogbo aɖe megbe la, dɔ nyui siwo Yosef wɔ le Egipte na wòva zu ŋusẽtɔ evelia le dukɔa me. Esi dɔ to le nutoa me la, Yosef tɔviwo va be yewoaƒle nuɖuɖu le Egipte, gake womekpɔe dze sii o. Anye ne Yosef ate ŋu azã eƒe ŋusẽ atsɔ aɖo nu si nɔviawo wɔ ɖe eŋu teƒe na wo hafi. Gake mewɔe o; edo nɔviawo kpɔ be yeanya ne wotrɔ. Esi Yosef kpɔe be ye nɔviwo trɔ vavã la, eɖe eɖokui fia wo. Emegbe egblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Manɔ nuɖuɖu nam mia kple mia viwo.” Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Ale wòfa akɔ na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.”—1 Mose 50:21.

17. Nu kae nàwɔ ne amewo da vo ɖe ŋuwò?

17 Ðo ŋku edzi be mí katã agba ɖeka me ko míele. Míawo hã míedzea agɔ le amewo dzi. Ne edzɔ ɖe dziwò alea la, Biblia ƒe mɔfiamea ye nye be, nàyi ame si dzi nèdze agɔ le la gbɔ ahadze agbagba be nàdzra wò kplii dome ɖo. (Xlẽ Mateo 5:23, 24.) Evivia mía nu ne amewo melé nu si míewɔ ɖe wo ŋu me ɖe asi kpaɖii o, eya ta mele be míawo hã míawɔe nenema o. Wode dzi ƒo na mí le Kolosetɔwo 3:13 be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” Eye 1 Korintotɔwo 13:5 gblɔ be, Kristotɔ si lɔ̃a ame “meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Ne míetsɔ kea amewo faa la, Yehowa hã atsɔ ake mí. Eya ta mina mí Kristotɔwo katã míakpɔ nublanui na ame siwo da vo ɖe mía ŋu, abe ale si mía Fofo la hã wɔnɛ na mí ene.—Xlẽ Psalmo 103:12-14.