Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa Mía Mawu La, Yehowa Ðeka Koe”

“Yehowa Mía Mawu La, Yehowa Ðeka Koe”

Oo Israel, see: Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.”—5 MOSE 6:4.

HADZIDZI: 138112

1, 2. (a) Nu ka tae amewo nya 5 Mose 6:4 me nyawo nyuie? (b) Nu kae na Mose gblɔ nya mawo?

ƑE ALAFA geɖee nye esia la, Yuda subɔsubɔ me tɔwo zãa nya siwo le 5 Mose 6:4 abe gbedodoɖa tɔxɛ ene. Woyɔa gbedodoɖa sia be Shema, eye wodonɛ ɖa ŋdi kple fiẽ gbe sia gbe. Shema nye nya gbãtɔ si le kpukpui ma me le Hebrigbe me. To gbedodoɖa sia dzi la, Yudatɔ siwo doa vevie mawusubɔsubɔ ʋua eme be Mawu ɖeka koe yewoasubɔ.

2 Mose ye gblɔ kaklãnya mawo na Israel-dukɔa esime woƒo ƒu ɖe Moab Tagba le ƒe 1473 Do Ŋgɔ Na Yesu. Ɣemaɣi dukɔa nɔ klalo be yewoatso Yordan-tɔsisia ayi aɖaxɔ Ŋugbedodonyigba la. (5 Mose 6:1) Mose, si nɔ wo kplɔm ƒe 40 ye nye ema la, di be woalé dzi ɖe ƒo ahakpe akɔ kple kuxi siwo le ŋgɔ gbɔna. Ele be woaka ɖe Yehowa dzi ahawɔ nuteƒe nɛ abe woƒe Mawu ene. Ðikeke mele eme o be Mose ƒe nya mamlɛ siawo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dukɔa dzi. Esi Mose ƒo nu tso Se Ewoawo kple ɖoɖo bubu siwo Yehowa wɔ na dukɔa ŋu vɔ ye wògblɔ nya ʋãme siwo dze le 5 Mose 6:4, 5. (Xlẽe.)

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ðe Israel-vi siwo ƒo ƒu nɔ to ɖom Mose menya be Yehowa yewoƒe Mawu la, “Yehowa ɖeka koe” oa? Wonya. Israel-vi wɔnuteƒewo dze si woƒe Mawu ɖeka, si nye wo tɔgbui Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la hesubɔnɛ. Ekema nu ka tae Mose gaɖo ŋku edzi na wo be Yehowa woƒe Mawu la “Yehowa ɖeka koe”? Kadodo kae le nya ma kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo tsɔtsɔ subɔ Yehowa, abe ale si wòdze le kpukpui 5 lia me ene, dome? Eye gɔmesese kae le 5 Mose 6:4, 5 ŋu na mí egbea?

MÍA MAWU LA, YEHOWA ÐEKA KOE

4, 5. (a) Nyagbɔgblɔ “Yehowa ɖeka koe” gɔme ɖe? (b) Aleke Yehowa to vovo tso dukɔwo ƒe mawuwo gbɔe?

4 Ðeke Mesɔ Kplii O. Le Hebri kple gbe bubu geɖewo me la, “ɖeka” menyea xexlẽdzesi dzro ko ɣesiaɣi o. Etea ŋu fiana nu si ɖeke mesɔ kplii o, alo nu ɖeka hɔ̃. Edze ƒãa be menye ɖe Mose di be yeana dukɔa nanya be menye ame etɔ̃e le Mawu ɖeka me o. Wonya be Yehowa ye nye dziƒo kple anyigba Wɔla, xexea katã ƒe Dziɖulagã. Mawu vavã aɖeke meli o negbe eya ko; eye mawu aɖeke mede enu o. (2 Sam. 7:22) Eya ta ɖe Mose di be yeaɖo ŋku edzi na Israel-viwo be ele be woasubɔ Yehowa ɖeka ko. Mele be woasrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo siwo subɔa mawu kple mawunɔ vovovowo o. Dukɔ mawo xɔe se be alakpamawu siawo dometɔ aɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe xexemenuwɔwɔ aɖewo dzi. Eye ɖewo hã nye mawu bubuwo ƒe viwo.

5 Le kpɔɖeŋu me, Egiptetɔwo subɔa ɣemawu Ra, dziŋgɔlimawunɔ Nut, anyigbamawu Geb, Nile-tɔsisimawu Hapi kpakple trɔ̃ siwo nye lã vovovowo. Yehowa to Fuwɔame Ewoawo dzi do ŋukpe woƒe alakpamawuawo. Mawu si koŋ Kanaantɔwo subɔna ye nye vidzidzimawu Baal, eye woxɔe se be eya kee ganye dziŋgɔli, tsidzadza kple ahom mawu. Dukɔ mawo dometɔ geɖe bunɛ be Baal ye kpɔa yewo ta. (4 Mose 25:3) Ele be Israel-viwo ya naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be yewoƒe Mawu la, “Yehowa ɖeka koe” eye eyae “nye Mawu vavã la.”—5 Mose 4:35, 39.

6, 7. Gɔmesese bubu kae le nyagbɔgblɔ “Yehowa ɖeka koe” ŋu, eye aleke Yehowa ɖee fia be yemetrɔna o?

6 Metrɔna O, Ewɔa Nuteƒe. Nyagbɔgblɔ “Yehowa ɖeka koe” gafia hã be eƒe tameɖoɖo kple nuwɔnawo toa mɔ ɖeka ɣesiaɣi. Mama aɖeke mele Yehowa Mawu me o, eye menye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o hã o. Ke boŋ ewɔa nuteƒe, metrɔna o, eye wònye nyateƒetɔ. Yehowa do ŋugbe na Abraham be eƒe dzidzimeviwo anyi Ŋugbedodonyigbaa dome, eye wòwɔ nukunu gãgãwo be ŋugbedodo ma nava eme. Togbɔ be ƒe 430 sɔŋ va yi tso esime Yehowa do ŋugbea hã la, metrɔ susu o.—1 Mose 12:1, 2, 7; 2 Mose 12:40, 41.

7 Ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa yɔ Israel-viwo be yeƒe ɖasefowo eye wògblɔ na wo be: “Ame ma ko menye. Womewɔ Mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã medo megbe nam o.” Yehowa te gbe ɖe edzi be yeƒe tameɖoɖo metrɔna o esi wògblɔ kpee be: “Ame ma ko menye ɣeawokatãɣi.” (Yes. 43:10, 13; 44:6; 48:12) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na Israel-viwo kple míawo hã be míele Yehowa, Mawu si ƒe nyawo metrɔna o, si wɔa nuteƒe le nu sia nu me la subɔm!—Mal. 3:6; Yak. 1:17.

8, 9. (a) Nu kae Yehowa di tso esubɔlawo katã si? (b) Aleke Yesu te gbe ɖe Mose ƒe nyawo dzii?

8 Nyateƒee, Mose ɖo ŋku edzi na dukɔa be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple beléname nu mayi gbeɖe o. Eya ta Yehowa le mɔ kpɔm be woawo hã woasubɔ ye ahalɔ̃ ye kple woƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kpakple ŋusẽ blibo. Ebia tso dzilawo hã si be woawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ afia nu wo viwo be woasubɔ ye ɖeka ko.—5 Mose 6:6-9.

9 Esi Yehowa ƒe tameɖoɖo metrɔna o ta la, eme kɔ ƒãa be nu vevi siwo wòdi tso esubɔla vavãwo si la hã metrɔna gbeɖe o. Be míaƒe subɔsubɔ nadze eŋu la, ele be míawo hã míasubɔ eya ɖeka ko ahalɔ̃e kple míaƒe dzi blibo, tamesusu blibo kple ŋusẽ blibo. Le nyateƒe me la, ema tututue Yesu Kristo gblɔ na ŋutsu aɖe si va bia nyae la. (Xlẽ Marko 12:28-31.) Eya ta mina míakpɔ ale si míaɖee afia to míaƒe nuwɔnawo me be míese egɔme vavã be “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.”

SUBƆ YEHOWA ÐEKA KO

10, 11. (a) Nu kae wòfia be míasubɔ Yehowa ɖeka ko? (b) Aleke Hebri ɖekakpui aɖewo siwo nɔ Babilon ɖee fia be Yehowa ɖeɖe koe yewoasubɔ?

10 Be Yehowa nanye mía Mawu ɖeka hɔ̃ la, ele be míasubɔ eya ɖeɖe ko. Mele be míasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe eŋu alo atsɔ alakpasubɔsubɔ ƒe nuwɔna aɖeke atsaka eƒe tadedeagu o, elabe ‘fia eve menɔa zikpui ɖeka dzi o.’ Nenɔ susu me na mí be menye ɖe Yehowa nye mawu vovovowo ƒe tatɔ alo woƒe ŋusẽtɔ gã o. Eyae nye Mawu vavã la. Ɛ̃, Yehowa ɖeka koe wòle be míasubɔ.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.

11 Míexlẽ nu tso Hebri ɖekakpui ene siwo nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azariya ŋu le Daniel ƒe agbalẽa me. Woɖee fia be Yehowa ɖeka hɔ̃ koe yewoasubɔ esi wogbe be yewomaɖu nu makɔmakɔwo o, eye yewomade ta agu na Nebukadnezar ƒe sikalegba la hã o. Le woawo gbɔ la, naneke maxɔ ɖe Yehowa teƒe o; woɖoe be eya ɖeka ko yewoawɔ nuteƒe na.—Dan. 1:1–3:30.

12. Nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo be míasubɔ Yehowa ɖeka ko?

12 Be míasubɔ Yehowa ɖeɖe ko la, ele be eya naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me, eye míanɔ ŋudzɔ be naneke nagava xɔ ɖe eteƒe o. Abe nu kawo ene? Yehowa na eme kɔ le Se Ewo siwo wòtsɔ na eƒe amewo me be mawu bubu aɖeke meganɔ wo si kpe ɖe ye ŋu o, eye womegasubɔ trɔ̃ ƒomevi aɖeke o. (5 Mose 5:6-10) Egbea ne míekpɔ nyuie o la, nu geɖe li siwo ate ŋu azu trɔ̃ míanɔ subɔsubɔm. Gake Yehowa ƒe nudidiwo metrɔ o, eya amea kpɔtɔ nye ‘Yehowa ɖeka ko.’ Na míakpɔ ale si míaƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ egbeae ɖa.

13. Nu kawoe ate ŋu ana míagava lɔ̃ Yehowa ale si dze o?

13 Le Kolosetɔwo 3:5 la, (xlẽe) woxlɔ̃ nu mí Kristotɔwo ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome ŋu. Àde dzesii be wotsɔ ŋukeklẽ sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ. Nu ka tae? Elabena ne nuwo abe ga geɖe alo kesinɔnuwo ene le mía dzrom vevie la, ate ŋu aɖu aƒetɔ ɖe mía dzi abe mawu kalẽtɔ aɖe ene. Nenema kee nu vɔ̃ bubu siwo katã woyɔ le kpukpui ma me la do ƒome kple ŋukeklẽ, wo katã wosɔ kple trɔ̃subɔsubɔ. Eya ta ne míele wo yome la, ate ŋu ana míagava lɔ̃ Mawu ale si dze o. Mele be míaɖe mɔ nu mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ale be woava xɔ ɖe mía Mawu “Yehowa ɖeka” la teƒe gbeɖe o. Esia nede megbe xaa tso mía gbɔ.

14. Aleke apostolo Yohanes xlɔ̃ nu mí?

14 Apostolo Yohanes hã te gbe ɖe nya sia tɔgbi dzi esi wògblɔ be ne ame aɖe lɔ̃a nu siwo le xexea me, siwo nye “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe” la, “Fofo la ƒe lɔlɔ̃ mele” ame ma me o. (1 Yoh. 2:15, 16) Esia fia be ele be míanɔ míaƒe dzi me dzrom ɣesiaɣi ahakpɔe ɖa nenye be xexea ƒe modzakaɖeɖe, hadede, awudodo kple dzadzraɖo le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi vivivi. Xexea lɔlɔ̃ ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míanɔ “nu gãwo dim,” abe suku kɔkɔ dede ene. (Yer. 45:4, 5) Míele xexe yeyea ƒe agbo nu tututu. Eya ta aleke gbegbe wòle vevie be Mose ƒe nya wɔdɔɖeamedzi mawo nanɔ susu me na míe nye esi! Ne míese egɔme nyuie hexɔe se ŋutɔŋutɔ be “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe” la, míawɔ nu sia nu si míate ŋui asubɔ eya ɖeka hɔ̃ ko le mɔ si dzea eŋu nu.—Heb. 12:28, 29.

LÉ MÍAƑE KRISTOTƆWO ƑE ÐEKAWƆWƆ ME ÐE ASI

15. Nu ka tae Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be mía Mawu la, “Yehowa ɖeka koe”?

15 Nyagbɔgblɔ “Yehowa ɖeka koe” na míekpɔe be Yehowa di be ye subɔlawo nawɔ ɖeka eye taɖodzinu ɖeka nanɔ wo si le agbe me. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔwo, Helatɔwo, Romatɔwo kple dukɔ bubuwo me tɔwo ye nɔ Kristo hamea me. Subɔsubɔ si me wonɔ tsã, woƒe dekɔnuwo kple nu siwo doa dzidzɔ na wo to vovo. Esia na wònɔ sesẽm na wo dometɔ aɖewo be woalɔ̃ ɖe subɔsubɔmɔnu yeyea dzi alo aɖe asi le kɔnu xoxo aɖewo ŋu. Apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeaɖo ŋku edzi na wo be Mawu ɖeka si nye Yehowa koe li na Kristotɔwo.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 8:5, 6.

16, 17. (a) Nyagblɔɖi kae le eme vam egbea, eye aleke nɔnɔmea va le le hamewo me? (b) Nu kae ate ŋu agblẽ míaƒe ɖekawɔwɔa me?

16 Ke aleke nɔnɔmea le le Kristo hamea me egbea? Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be “le ŋkeke mamlɛawo me la,” dukɔwo katã me tɔwo aƒo zi ɖe Yehowa ƒe tadeagu si wòdo ɖe dzi la ŋu. Woagblɔ be: “[Yehowa] afia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo.” (Yes. 2:2, 3) Dzidzɔ gã wònye na mí be míele nyagblɔɖi sia me vava teƒe kpɔm kple ŋku! Esia wɔe be le hame geɖe me la, amewo tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me le Yehowa kafum. Gake vovototo siawo ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ.

Èle asi kpem ɖe Kristo hamea ƒe ɖekawɔwɔa ŋua? (Kpɔ memama 16-19)

17 Le kpɔɖeŋu me, aleke nèbua hati Kristotɔ siwo tso to alo nuto bubu me lae? Ðewohĩ gbe si wodona, woƒe awudodo, nuwɔna kple nuɖuɖu madzɔ dzi na wò o. Ðe hadede kpli wo sesẽna na wò, eye mia detɔwo ŋu koe nènɔna? Ke aleke nèbua hamemetsitsi siwo le miaƒe hamea, nutome suea, alo dukɔa me siwo nètsi wu, alo wotso dukɔ alo nuto bubu me lae? Ðe nènɔa ŋudzɔ be nu siawo nagagblẽ ɖekawɔwɔ si le Yehowa subɔlawo dome alo taɖodzinu ɖeka si le mía si la me oa?

18, 19. (a) Aɖaŋu kae woɖo na mí le Efesotɔwo 4:1-3? (b) Nu kae nàwɔ atsɔ akpɔ hamea ƒe ɖekawɔwɔ ta?

18 Nu kae akpe ɖe mía ŋu be mɔ̃ sia nagaɖe mí o? Paulo ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na Kristotɔ siwo nɔ Efeso, si nye du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo, si me dukɔ vovovo me tɔwo nɔ. (Xlẽ Efesotɔwo 4:1-3.) De dzesii be Paulo yɔ nɔnɔmewo abe ɖokuibɔbɔ, tufafa, dzigbɔgbɔ blewu kple lɔlɔ̃ ene. Míate ŋu atsɔ nɔnɔme siawo asɔ kple sɔti siwo lé xɔ ɖe te. Gake ne sɔtiawo sesẽ gɔ̃ hã la, ele be woanɔ nuwo dzram ɖo le xɔa ŋu edziedzi hafi wòate ŋu anɔ nɔnɔme nyui me. Paulo ɖe kuku na Efeso Kristotɔwo be woadze agbagba vevie ‘alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi.’

19 Ame sia ame tɔ wɔƒe li, eya ta agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be wòakpe asi ɖe hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu. Aleke nàwɔe? Gbã la, tu nɔnɔme siwo Paulo yɔ siwo nye ɖokuibɔbɔ, tufafa, dzigbɔgbɔ blewu kple lɔlɔ̃ ɖo eye nàɖee afia. Azɔ ku kutri vevie nàna hamea ƒe “ŋutifafa ƒe nublanu la” me nasẽ ɖe edzi. Dze agbagba nàɖɔ gbagbãƒe ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ɖo. Ne èwɔ esia la, àkpɔ míaƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ xɔasia ta.

20. Aleke míaɖee afia be míese egɔme be “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe”?

20 “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.” Ŋusẽ le nya siawo ŋu loo! Ŋkuɖodzinya mawo do ŋusẽ Israel-viwo wonɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me wova to esi woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi hexɔe wòzu wo tɔ la nu. Nya mawo ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã be míado dzi ato xaxa gã si le ŋgɔ gbɔna me, eye míado ŋutifafa ɖe ŋgɔ le Paradisoa me. Mina míayi edzi asubɔ Yehowa ɖeka ko, míalɔ̃e kple luʋɔ blibo, eye míaʋli be míalé ɖekawɔwɔ si le nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔa me la me ɖe asi. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be nya si Yesu gblɔ na ame siwo wòadrɔ̃ ʋɔnu be wole abe alẽwo ene la ava eme na mí. Egblɔ be: “Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi Fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la dome.”—Mat. 25:34.