Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèlɔ̃na Be Zemela Gã La Natrɔ Asi Le Ŋuwòa?

Ðe Nèlɔ̃na Be Zemela Gã La Natrɔ Asi Le Ŋuwòa?

“Ale si tsu le le zemela si mee la, nenemae miele le asinye me.”—YER. 18:6.

HADZIDZI: 60, 22

1, 2. Nu ka tae Mawu bu Daniel be ‘enye ame vevi,’ eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Daniel?

ESI woɖe aboyo Yudatɔwo yi blema Babilon la, wokpɔe be dua me yɔ fũu kple legbawo, eye emenɔlawo zu kluviwo na gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gake Yudatɔ wɔnuteƒewo, abe Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo ene, meɖe mɔ Babilontɔwo trɔ woƒe nɔnɔme o. (Dan. 1:6, 8, 12; 3:16-18) Daniel kple exɔlɔ̃wo ɖoe kplikpaa be yewoasubɔ yewo Mèla Yehowa ɖeka ko. Eye nu dze edzi na wo! Togbɔ be Daniel nɔ Babilon ƒe geɖe hã la, Mawu ƒe dɔla aɖe gblɔ be enye “ame vevi.”—Dan. 10:11, 19.

2 Le Biblia ŋlɔɣi la, ɣeaɖewoɣi zemelawo tea tsu alo anyi ɖe nane me be zea nanɔ nɔnɔme si yewodi me. Mawusubɔla vavãwo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã, eye ŋusẽ le esi be wòatrɔ dukɔwo be woanɔ abe ale si wòdii ene. (Xlẽ Yeremiya 18:6.) Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe mí ame ɖekaɖekawo hã dzi nenema ke. Gake eɖe mɔ na mí be míawo ŋutɔ míalɔ̃ abɔbɔ na ye. Azɔ mina míakpɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ abe anyi bɔbɔewo ene le Mawu si me ɖa. Míadzro biabia etɔ̃ siawo me: (1) Aleke míawɔ atsri nɔnɔme gbegblẽ siwo ate ŋu ana míaƒe dzi me nasẽ? (2) Aleke míawɔ atu nɔnɔme nyui siwo ana míanye tsu bɔbɔewo le Mawu si me la ɖo? (3) Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu abɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te le wo viwo mamla me?

TSRI NƆNƆME GBEGBLẼ SIWO ATE ŊU ANA WÒ DZI ME NASẼ

3. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe ate ŋu ana míaƒe dzi me nasẽ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Lododowo 4:23 gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, elabena eya mee agbe tsona.” Nɔnɔme gbegblẽ kawo ŋue wòle be míadzɔ míaƒe dzi ŋu le? Woawoe nye dada si gbɔ eme, nu vɔ̃ gbenɔnɔ, kple xɔsemanɔamesi. Nɔnɔme siawo ate ŋu aƒã tomaɖomaɖo kple aglãdzedze ɖe mía me. (Dan. 5:1, 20; Heb. 3:13, 18, 19) Yuda Fia Uziya va zu dadala. (Xlẽ 2 Kronika 26:3-5, 16-21.) Le gɔmedzedzea la, Uziya wɔ “nu si nyo le Yehowa ŋkume,” eye “edi Mawu.” Gake “esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me” togbɔ be Mawue na ŋusẽae hã! Uziya yi gbedoxɔ me gɔ̃ hã be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ, evɔ nunɔla siwo tso Aron ƒomea me koe kpɔ mɔ awɔ dɔ sia hafi. Esi nunɔlawo xlɔ̃ nu Uziya la, edo dziku helĩhelĩ! Nu kae do tso eme? Mawu bɔbɔe ɖe anyi vevie hena wòdze anyidɔ alo kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe.—Lod. 16:18.

4, 5. Nu kae ate ŋu adzɔ ne míekpɔ nyuie le ɖokuidodoɖedzi ŋu o? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Ne míetsri dàda o la, míawo hã míava nɔ ‘mía ɖokui ŋu bum wu ale si dze,’ ale gbegbe be míagbe aɖaŋu siwo woɖo na mí tso Ŋɔŋlɔawo me gɔ̃ hã. (Rom. 12:3; Lod. 29:1) De ŋugble le Kristotɔ hamemetsitsi aɖe si woyɔna be Jim ŋu kpɔ. Eƒe susu mewɔ ɖeka kple hamemetsitsi bubuawo tɔ esi wonɔ hamea ƒe nya aɖe me dzrom o. Jim gblɔ be: “Megblɔ na hamemetsitsiawo be womelɔ̃a ame o, eye metso dzo le wo gbɔ.” Gake ‘dzibilaa, nue woxɔna le esi.’ Le ɣleti ade megbe la, eʋu yi hame bubu me, ke womeɖoe hamemetsitsi le afi ma o. Egblɔ be: “Nye dzi gbã. Ale si mebu ɖokuinye ame dzɔdzɔe akpae la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye ale gbegbe be medo le nyateƒea me.” Jim dzudzɔ kpekpeawo dede ƒe ewo sɔŋ. Egblɔ be: “Ewɔ nam be wodam ɖe anyi, eye meva nɔ fɔ bum Yehowa ɖe eta. Le ƒe siawo katã me la, hamemetsitsiwo vaa gbɔnye be yewoakpe ɖe ŋunye, gake megbe.”

5 Nu si dzɔ ɖe Jim dzi ɖee fia be dàda ate ŋu awɔe be míanɔ mía ɖokui ta ʋlim, si ate ŋu ana míaƒe dzi me nasẽ. (Yer. 17:9) Jim gblɔ be: “Ewɔna nam kokoko be nɔvi kemɛawo ƒe nyae medzɔ o.” Ðe hati Kristotɔ aɖe wɔ nu wòve wò, alo woxɔ agbanɔamedzi aɖewo le asiwò wòte ɖe dziwòa? Nu kae nèwɔ? Ðe nèbu ɖokuiwò wu ale si dzea? Alo ale si nàwɔ ŋutifafa kple nɔviwò ahayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa boŋ ŋue nètsi dzi ɖoa?—Xlẽ Psalmo 119:165; Kolosetɔwo 3:13.

6. Nu kae ate ŋu adzɔ ne míetsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe?

6 Nu vɔ̃ wɔwɔ, ɖewohĩ le bebeme gɔ̃ hã, ate ŋu ana ame nagbe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame. Ate ŋu awɔe be amea nayi nu vɔ̃ gbenɔnɔ dzi. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be yeƒe dzi va ku atri, ale be agbe vlo si nɔm yenɔ megaɖea fu na ye o. (Nyagb. 8:11) Nɔviŋutsu bubu aɖe si tsɔ amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ ɖo dɔe la gblɔ emegbe be: “Menɔ susum be hamemetsitsiwo mesea nu gɔme na ame o.” Eƒe nɔnɔmea nɔ nu gblẽm le eƒe mawusubɔsubɔ ŋu. Mlɔeba eƒe nuwɔna va dze go, eye hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu. Ele eme be mí katã míede blibo o. Gake ne míeva le vodada dim le amewo ŋu alo le míaƒe nuwɔna gbegblẽwo ta ʋlim hegbe Mawu ƒe tsɔtsɔke kple kpekpeɖeŋu biabia la, ke efia be míaƒe dzi me le sesẽm.

7, 8. (a) Aleke xɔsemanɔamesi na blema Israel-viwo ƒe dzi me sẽ? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso eme?

7 Ale si xɔsemanɔamesi ate ŋu ana ame ƒe dzi me nasẽ la dze le Israel-vi siwo Yehowa ɖe tso Egipte la ƒe kpɔɖeŋu me. Dukɔ ma kpɔ eteƒe Mawu wɔ nukunu gãgãwo, esiwo dzi ŋɔ gɔ̃ hã, ɖe wo ta! Gake esi wogogo Ŋugbedodonyigbaa la, womeɖe xɔse fia o. Le esi woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu teƒe la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wolĩ liʋiliʋĩ le Mose ŋu. Wodi gɔ̃ hã be yewoatrɔ ayi Egipte afi si wonye kluviwo le tsã! Ete ɖe Yehowa dzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Va se ɖe ɣekaɣie dukɔ sia agbe bubudede ŋunye?” (4 Mose 14:1-4, 11; Ps. 78:40, 41) Le dzimesesẽ kple xɔsemanɔamesi ta la, dzidzime ma katã tsrɔ̃ le gbea dzi.

8 Egbea esi míele xexe yeyea ƒe agbo nu la, wodoa míawo hã míaƒe xɔse kpɔna. Eya ta anyo be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe xɔse ƒe nyonyome ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu akpɔe ɖa be aleke míebua Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 mahã. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye taɖodzinu kple nyametsotsowo ɖenɛ fiana be mexɔ Yesu ƒe nya mawo dzi se vavã? Ðe magbe kpekpeawo alo gbeadzi dede be mawɔ dɔ akpɔ ga geɖea? Nu kae mawɔ ne nye dɔ va le nye ɣeyiɣi katã xɔm? Ðe maɖe mɔ xexea natrɔ nye nɔnɔme ɖe etɔ dzi, alo atu asim ɖa tso nyateƒea me gɔ̃ hã?’

9. Nu ka tae wòle be ‘míanɔ mía ɖokui dom kpɔ’ be míele xɔse la me hã, eye aleke míawɔ esiae?

9 Tsɔe be Biblia ƒe mɔfiamewo, abe esiwo ku ɖe hadede, ameɖeɖelehame alo modzakaɖeɖe ene ŋu la dzi wɔwɔ medzɔa dzi na Yehowa subɔla aɖe tututu o. Azɔ bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòanye be nyee nye ame ma?’ Ne míekpɔe be nɔnɔme sia ƒomevi le gegem ɖe mía me la, ke ehiã be míalé ŋku ɖe míaƒe xɔse ŋu enumake ŋkubiãtɔe! Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.” (2 Kor. 13:5) Ne gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo le ŋuwò la, lɔ̃ ɖe edzi, eye nàzã Mawu ƒe Nya la atsɔ anɔ wò susu ɖɔm ɖo edziedzi.

YI EDZI NÀNYE ANYI BƆBƆE

10. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ abe anyi bɔbɔewo ene le Yehowa si me?

10 Nu siwo Mawu na mí be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ abe tsu bɔbɔewo ene dometɔ aɖewoe nye eƒe Nya la, Kristo hamea kple gbeƒãɖeɖedɔa. Ale si ko wowua tsi ɖe anyi dzi wòbɔbɔna la, Biblia xexlẽ gbe sia gbe kple ŋugbledede le eŋu akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ bɔlɔbɔlɔe le Yehowa si me. Yehowa bia tso Israel fiawo si be woagbugbɔ Mawu ƒe Sea aŋlɔ na wo ɖokui ahanɔ exlẽm gbe sia gbe. (5 Mose 17:18, 19) Apostoloawo hã de dzesii be Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu aɖe vi na yewo le subɔsubɔdɔa me. Woyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me alo he susu yi edzi zi gbɔ zi alafa geɖe le woƒe nuŋlɔɖiwo me, eye wode dzi ƒo na ame siwo woɖea gbeƒã na hã be woawo hã nawɔe nenema. (Dɔw. 17:11) Nyateƒee, ‘Nu si le veviea, vevize me woɖanɛ le,’ eya ta míawo hã míexlẽa Mawu ƒe Nya la gbe sia gbe, míedoa gbe ɖa hedea ŋugble le eŋu. (1 Tim. 4:15) Esia kpena ɖe mía ŋu míebɔbɔa mía ɖokui na Yehowa wòtrɔa asi le mía ŋu.

Wɔ Mawu ƒe nunanawo ŋu dɔ be wòate ŋu atrɔ asi le ŋuwò bɔbɔe (Kpɔ memama 10-13)

11, 12. Gblɔ ale si Yehowa toa Kristo hamea dzi kpena ɖe mía ŋu míetrɔa nɔnɔme ƒe kpɔɖeŋu.

11 To Kristo hamea dzi la, Yehowa trɔa asi le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le eƒe hiahiã nu. Jim, si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ ƒe dzi va bɔbɔ esime hamemetsitsi aɖe dze xɔ̃e. Jim gblɔ be: “Mehe nya ɖe ŋunye alo bu fɔm ɖe nu si mewɔ ta gbeɖe o. Ke boŋ eƒe nyawo tum ɖo, edi vevie be yeakpe ɖe ŋunye.” Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, hamemetsitsia kpe Jim na Kristotɔwo ƒe kpekpea. Jim gblɔ be: “Hamea xɔm atuu, eye lɔlɔ̃ si woɖe fiam na metrɔ susu. Meva kpɔe be menye ale si mese le ɖokuinye mee le vevie o. Nɔviwo kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a, si ƒe xɔse megbɔdzɔ kpɔ o la, kpe ɖe ŋunye vivivi ŋusẽ gaɖo ŋunye. Nyati siwo nye, ‘Womate Ŋu Ada Fɔbubua Ðe Yehowa Dzi O,’ kple ‘Subɔ Yehowa Nuteƒewɔwɔtɔe,’ siwo dze le November 15, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ me hã de dzi ƒo nam geɖe.”

12 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbugbɔ ɖo Jim hamemetsitsi. Tso ekema dzi la, ekpe ɖe nɔvi bubu siwo hã le nɔnɔme ma tɔgbi me ŋu be ŋusẽ gaɖo wo ŋu. Egblɔ be: “Mebui tsã be nye kple Yehowa dome nɔ nyuie, gake le nyateƒe me la, ɖokuinye blem menɔ! Ete ɖe dzinye be mena dàda gbã ŋku nam be nyemekpɔ nu siwo le vevie wu dze sii o, ale be metsɔ susu ɖo amewo ƒe vodadawo ŋu fũu akpa.”—1 Kor. 10:12.

13. Nɔnɔme nyui kawoe gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu ana míatu ɖo, eye vi kae wòaɖe?

13 Aleke gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo? Nya nyuia gbɔgblɔ na amewo ana míabɔbɔ mía ɖokui ahaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo afia. (Gal. 5:22, 23) Wò ya bu nɔnɔme nyui siwo gbeƒãɖeɖedɔa kpe ɖe ŋuwò netu ɖo ŋu kpɔ ko! Azɔ hã, Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siawo tutuɖo ɖoa atsyɔ̃ na míaƒe gbedeasia, eye wònana aƒemenɔla aɖewo trɔa ale si wowɔa nui ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Ðasefo eve aɖewo siwo le Australia yi ɖe nyɔnu aɖe gbɔ la, ɖeko wònɔ nya kam na wo vãmvãmvãm, gake wolé wo ɖokuiwo kpoo. Emegbe nyɔnua se veve ɖe eƒe nuwɔnaa ta eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Egblɔ le eme be: “Medi be maɖe kuku na gbeƒãɖela dzigbɔɖitɔ bɔbɔɖokui eve mawo ɖe ale si meda wo ɖe anyi hebu ɖokuinye ame dzɔdzɔe akpa la ta. Bometsinue wònye be metɔ ɖe ame eve siwo le Mawu ƒe Nya la kakam ŋkume henɔ agbagba dzem be magblẽ woƒe dɔa me nenema.” Ðe aƒemenɔlaa agblɔ nya ma nenye ɖe wòkpɔe be gbeƒãɖelaawo do dziku vie gɔ̃ hã? Kura o! Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖea vi na míawo ŋutɔwo kple mía haviwo siaa nyateƒe!

BƆBƆ ÐE MAWU ƑE ŊUSẼ TE LE VIWÒWO MAMLA ME

14. Nu kae wòle be dzilawo nawɔ be woate ŋu ahe wo viwo wòadze edzi?

14 Ðevi geɖewo dina vevie be yewoasrɔ̃ nu, eye wobɔbɔa wo ɖokui zi geɖe. (Mat. 18:1-4) Eya ta anyo be dzila dzeaɖaŋuwo naku kutri akpe ɖe wo viwo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea ahalɔ̃e kple dzi blibo. (2 Tim. 3:14, 15) Gake hafi dzilawo nate ŋu awɔ esia wòadze edzi la, ele be woadze agbagba be nyateƒea natsi dzi me na woawo ŋutɔwo gbã, eye woanɔ agbe ɖe enu. Ne dzilawo wɔe alea la, ɖeviawo akpɔ ale si woawɔ nyateƒea ŋu dɔe, ke menye be woanɔ esem kple to ko o. Eye woade dzesii be hehe si xɔm yewole la nye lɔlɔ̃ si le yewo dzilawo kple Yehowa siaa si na yewo la ɖeɖe fia.

15, 16. Aleke dzilawo aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ne edzɔ be woɖe wo vi le hamea me?

15 Gake vi masetonu aɖewo li, siwo gbea nyateƒea, alo woɖea wo le ha me, le wo dzila Kristotɔwo ƒe hehe siawo katã megbe, eye wònyea taɖui na ƒomea. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si le Anyiehe Afrika gblɔ be: “Esi woɖe nɔvinyeŋutsu le haa me la, ɖeko wòle abe ɖe wòku ene. Míaƒe dzi gbã vevie!” Nu kae nɔvinyɔnua kple dzilaawo wɔ? Wowɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe mɔfiafia dzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:11, 13.) Dzilaawo gblɔ be: “Míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, elabe míeka ɖe edzi be ne míewɔ nu abe ale si Mawu dii ene la, nu nyuiwo ado tso eme godoo. Míebu ameɖeɖelehame be enye Mawu ƒe amehehe, eye míexɔe se be Yehowa wɔa esia le lɔlɔ̃ me ale si dze. Eya ta míeƒoa nu kple mía via o negbe ɖe ƒomenya vevi aɖe do mo ɖa ko hafi.”

16 Dɔ kae esia wɔ ɖe wo via dzi? Egblɔ emegbe be: “Menyae be menye ɖe nye ƒometɔwo lé fum o, ke boŋ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafia dzi wɔm wole.” Egblɔ hã be: “Ne nɔnɔme aɖe ƒoe ɖe nuwò be nàɖe kuku na Yehowa abia eƒe kpekpeɖeŋu la, ɣemaɣie nàkpɔ ale si gbegbe nèhiã eyamae.” Kpɔ dzidzɔ si gbegbe ƒome ma kpɔ esi wogaxɔ ɖekakpui ma ɖe hamea me ɖa! Ne míelé ŋku ɖe Mawu ŋu le míaƒe mɔwo katã dzi la, eme anyo na mí.—Lod. 3:5, 6; 28:26.

17. Nu ka tae wòle be míana ɖokuibɔbɔ na Yehowa nadze le míaƒe agbenɔnɔ katã me, eye yayra kae wòahe vɛ na mí?

17 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be, ɣeyiɣi aɖe ava esime Yudatɔ aboyome siwo trɔ dzi me la agblɔ be: “Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía Mèla; wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.” Eye woaɖe kuku nɛ be: “Mègaɖo ŋku míaƒe vodada la dzi tegbee o. Kpɔ mí ɖa, míeɖe kuku, wò dukɔ mí katã míenye.” (Yes. 64:8, 9) Ne míawo hã míebɔbɔ mía ɖokui na Yehowa, eye ɖokuibɔbɔ sia dzena le míaƒe agbenɔnɔ katã me la, abu mí ame veviwoe abe ale si tututu wòbu nyagblɔɖila Daniel ene. Ƒo wo katã ta la, Yehowa ayi edzi anɔ asi trɔm le mía ŋu to eƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔa kple eƒe habɔbɔa dzi ale be gbe ɖeka la, mí katã míazu ‘Mawu ƒe vi’ deblibowo.—Rom. 8:21.