Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ‘Léa Be Na Wò’

Yehowa ‘Léa Be Na Wò’

NU KA TAE nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa be na wò vavã? Susu ɖekae nye be Biblia ŋutɔe gblɔe tẽe. Míexlẽ le 1 Petro 5:7 be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.’ Kpeɖodzi kae li be Yehowa Mawu léa be na wò?

MAWU KPƆA AMEGBETƆWO ƑE NUHIAHIÃWO GBƆ NA WO

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi, enyoa dɔme heʋua asi me

Nɔnɔme siwo nàkpɔ mɔ be woanɔ xɔ̃wò veviwo si la katã le Mawu si. Ame siwo nyoa dɔme henaa nu wo nɔewo zua xɔlɔ̃ veviwo zi geɖe. Wò ŋutɔ àte ŋu aɖi ɖase be Yehowa nyoa dɔme henaa nu amegbetɔwo ɣesiaɣi. “Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Mat. 5:45) Vi kae ɣe ƒe keklẽ kple tsidzadza ɖena na mí? To wo dzi la, Mawu ‘tsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa amegbetɔwo ƒe dziwo me fũu’; gake menye esiawo ko o. (Dɔw. 14:17) Yehowa kpɔa egbɔ be anyigba wɔa nuɖuɖu fũu; nyateƒee, ‘dɔmetɔe nye ametɔ.’

Ke nu ka tae dɔ le ame gbogbo aɖewo wum? Elabena xexemedziɖulawo vu ɖe ŋusẽ kple kesinɔnuwo didi ŋu tsɔ wu be woana agbea naka ɖe eme na wo teviwo. Ema nye ŋukeklẽ, eye Yehowa akpɔ kuxi ma gbɔ kpuie ne egbã dziɖuɖu siwo li fifia hetsɔ Dziƒofiaɖuƒea, si le Via si me la, ɖo eteƒe. Ɣemaɣi la, dɔ magawu ame aɖeke azɔ o. Gake fifia gɔ̃ hã Mawu kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo dzi. (Ps. 37:25) Ðe esiawo meɖee fia be eléa be na mí oa?

YEHOWA KPƆA VOVO ÐE MÍA ŊU

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi, ekpɔa vovo ɖe mía ŋu

Xɔ̃wò vavã kpɔa vovo ɖe ŋuwò. Anɔ gbɔwò gaƒoƒo geɖe mianɔ dze ɖom tso miaƒe nya veviwo ŋu. Eye xɔ̃wò vevi aɖo to nyuie ne èle wò kuxiwo kple wò dzimaɖitsitsiwo gblɔm nɛ. Ðe Yehowa hã kpɔa vovo ɖe mía ŋu nenemaa? Ɛ̃! Eɖoa to sea míaƒe gbedodoɖawo. Esia tae Biblia de dzi ƒo na mí be, “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,” eye wògagblɔ be “minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.”—Rom. 12:12; 1 Tes. 5:17.

Ɣeyiɣi didi kae Yehowa alɔ̃ aɖo to wò gbedodoɖawo? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Biblia me kpɔɖeŋu aɖe me. Hafi Yesu natia eƒe apostoloawo la, edo “gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã.” (Luka 6:12) Anɔ eme be le gbedodoɖa ma me la, Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋkɔ yɔm ɖekaɖeka henɔ susu hem yi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye wòbia Fofoa be wòakpe ɖe ye ŋu le wo tiatia me. Kaka ŋu nake la, Yesu nya be yekpɔ ame siwo dze nyuie azu yeƒe apostolowo. Edzɔa dzi na Yehowa, “Gbedodoɖasela” la, be yeaɖo to gbe siwo katã míedona ɖa tso dzi blibo me. (Ps. 65:2) Yehowa menɔa game kpɔm ne ame aɖe le gbe dom ɖa gaƒoƒo geɖe tso nya vevi aɖe ŋu nɛ o.

MAWU LƆ̃A TSƆTSƆKE

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi, etsɔa vodada kea mí faa

Avu kple kɔe tsɔtsɔke nyena na xɔlɔ̃ veviwo gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi ame siwo nye xɔlɔ̃wo ƒe geɖe la dome gblẽna le esi wòsesẽna na wo be woatsɔ ake wo nɔewo ta. Yehowa mele nenema o. Biblia gblɔ na anukwaretɔwo katã be woabia eƒe tsɔtsɔke, eye “atsɔ ake geɖe.” (Yes. 55:6, 7) Nu kae ʋãa Mawu wòtsɔa nu vɔ̃ kena faa alea?

Eyae nye eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o. Elɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ Via Yesu na be wòaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple emetsonuwo me. (Yoh. 3:16) Mese ɖe afi ma o. To Kristo ƒe tafea dzi la, Mawu tsɔa ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la ƒe nu vɔ̃wo kea wo. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí.” (1 Yoh. 1:9) Yehowa ƒe tsɔtsɔke ʋu mɔ na amewo be woayi edzi anye exɔlɔ̃wo, eye esia nyanya wɔa dɔ ɖe mía dzi vevie.

EKPENA ÐE ŊUWÒ LE HIÃƔI

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi, ekpena ɖe mía ŋu le hiãɣi

Xɔlɔ̃ vavã doa alɔ exɔlɔ̃wo ne woɖo hiã me. Ðe menye esia tututue Yehowa wɔna oa? Ɛ̃, eƒe Nya la gblɔ be: “Ne [Mawu subɔla dze] anyi hã la, maɖo baba ɖi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.” (Ps. 37:24) Yehowa ‘léa esubɔlawo ɖe te’ le mɔ vovovowo nu. Se nane si dzɔ le Karib-ƒukpo, si nye Saint Croix, dzi ɖa ko.

Nyɔnuvi aɖe ƒe sukuhatiwo le fu ɖem nɛ esi wògbe be yemado gbe na aflaga o le yeƒe dzixɔsewo ta. Edo gbe ɖa na Yehowa eye wòɖoe be yeawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Le eƒe sukuxɔ me dɔdeasi aɖe me la, eƒo nu tso gbedodo na aflaga ŋu. Ezã Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo eye wòɖe ale si Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe ŋutinyaa wɔ ɖeka kple eƒe nyametsotsoa me. Egblɔ be, “Yehowa kpɔ Hebri ɖekakpui etɔ̃awo ta esi wogbe be yewomasubɔ kpetata o.” Eye wòtsɔ agbalẽa fia wo. Sukuvi 11 lɔ̃ be yewoaxɔ agbalẽa. Dzi dzɔ nyɔnuvia ale gbegbe esi wòkpɔe be Yehowa do ŋusẽ ye hena nunya ye yeɖi ɖase tso nya sesẽ ma ŋu.

Ne mèka ɖe edzi tututu be Yehowa léa be na wò o la, ke de ŋugble le Biblia kpukpuiwo abe Psalmo 34:17-19; 55:22; 145:18, 19 ene ŋu. Bia Ðasefo siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe be woagblɔ ale si wòlé be na woe la na wò. Ne èhiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, do gbe ɖa nàgblɔe nɛ. Àkpɔ ale si Yehowa ‘léa be na wòe.’