Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nedzɔ Wò Be Zemela Gã La Trɔa Asi Le Mía Ŋu

Dzi Nedzɔ Wò Be Zemela Gã La Trɔa Asi Le Mía Ŋu

“Yehowa, . . . wòe nye mía Mèla; wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.”—YES. 64:8.

HADZIDZI: 89, 26

1. Nu ka tae Yehowae nye Zemela gãtɔ?

LE November 2010 me la, wodzra Chinatɔwo ƒe ze xoxo zɔzrɔ̃e aɖe si nya kpɔ ŋutɔ la dɔlar miliɔn 70 sɔŋ le London, England. Edze ƒãa be zemela ate ŋu atrɔ asi le tsu gbɔlo ŋu wòazu nu xɔasi dzeani aɖe. Ke hã amegbetɔ zemela aɖeke mate ŋu asɔ kple Yehowa gbeɖe o. Le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke adelia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia gblɔ be Mawu “tsɔ anyi mè ame” deblibo si ate ŋu aɖe Ewɔlaa ƒe nɔnɔmewo afia. (1 Mose 2:7) Eya ta esɔ be woyɔ ame deblibo, Adam, si wotsɔ anyi mè la be “Mawu ƒe vi.”—Luka 3:38.

2, 3. Mɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ Israel-vi siwo trɔ dzi me la le?

2 Esi Adam dze aglã ɖe Ewɔlaa ŋu la, meganye Mawu ƒe vi o. Gake Adam ƒe dzidzimevi gbogbo aɖewo, siwo Biblia yɔ be “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã” aɖe, ya tiae be Mawu nanye yewoƒe Dziɖula. (Heb. 12:1) Wobɔbɔ wo ɖokui ɖe Wɔla la te, eye esia ɖee fia be wodi be eya nanye yewo Fofo kple yewo Mèla, ke menye Satana o. (Yoh. 8:44) Woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu na míeɖo ŋku nya si Yesaya gblɔ tso Israel-vi siwo trɔ dzi me ŋu dzi, be: “Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía Mèla; wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.”—Yes. 64:8.

3 Egbea, ame siwo katã subɔa Yehowa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me la dzea agbagba be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo ahawɔ nuteƒe nenema ke. Wobui be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na yewo be yewoayɔ Yehowa be yewo Fofo ahabɔbɔ abe tsu alo anyi ene be wòatrɔ asi le yewo ŋu. Ðe nèkpɔa ɖokuiwò abe tsu bɔbɔe ene le Mawu ƒe asi me helɔ̃na faa be wòatrɔ asi le ye ŋu yeazu ze nyui aɖea? Ðe nèbua mía nɔvi ɖe sia ɖe be eya hã nye ame si ŋu Mawu kpɔtɔ le asi trɔm lea? Be nàte ŋu awɔ esia la, na míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu Zemela Gã Yehowa le asi trɔm le mía ŋu le la me. Gbã, ale si wòtiaa ame siwo ŋu wòdi be yeatrɔ asi le, evelia, nu si tae wòtrɔa asi wo le ŋu, kple etɔ̃lia, ale si wòwɔnɛ.

YEHOWA TIAA AME SIWO ŊU WÒDI BE YEATRƆ ASI LE

4. Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo hea amewo ɖe eɖokui ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Menye amegbetɔwo ƒe gotagome dzedzeme ŋue Yehowa léa ŋku ɖo o. Ke boŋ ekpɔa keke míaƒe dzi me ke. (Xlẽ 1 Samuel 16:7b.) Esia dze ƒãa esime Mawu ɖo Kristo hamea anyi. Ehe ame geɖe siwo adze le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu be ŋudɔwɔnu aɖeke mele wo ŋu o la ɖe eya kple Via ŋu. (Yoh. 6:44) Ame siawo dometɔ ɖekae nye Farisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Saul, si nye “busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame.” (1 Tim. 1:13) Gake Yehowa, ame si “dzroa dziwo me kpɔna” la, mekpɔ Saul abe tsu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke mele o ene o. (Lod. 17:3) Ke boŋ Mawu kpɔe be yeate ŋu atrɔ asi le eŋu wòazu ze vavã aɖe, “dɔwɔnu tiatia” si aɖi ɖase na “dukɔwo kple fiawo kpakple Israel-viwo.” (Dɔw. 9:15) Ame bubu siwo Mawu kpɔ be woate ŋu ava zu ze “si ŋu bubu le” la nye ahamulawo, ahasiwɔlawo kple fiafitɔwo tsã. (Rom. 9:21; 1 Kor. 6:9-11) Ke wova srɔ̃ Mawu ƒe Nya la, woxɔ Yehowa dzi se, eye wolɔ̃ faa be wòamla yewo.

5, 6. Ne míeka ɖe edzi be Yehowae dzroa dziwo me la, (a) aleke míawɔ nu ɖe amewo ŋu le míaƒe anyigbamamaa me? (b) aleke míawɔ nu ɖe mía nɔviwo ŋui?

5 Míexɔe se be Yehowa dzroa dziwo me eye wòhea ame siwo wòdi la ɖe eɖokui ŋu. Ŋusẽ kae esia akpɔ ɖe mía dzi? Awɔe be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo le míaƒe anyigbamama kple hamea me o. Bu Michael ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ne Yehowa Ðasefowo ƒo ʋɔ nam la, nyemekea nu dea eme na wo alo bua wo abe ame ene o. Woƒe nu kua dzi nam ko! Emegbe medo go ƒome aɖe si melɔ̃ vevie ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ta. Gbe ɖeka melulu ale gbegbe esi mesee be Yehowa Ðasefowoe wonye! Woƒe nɔnɔme nyuiwo na metrɔ ale si mebua [Ðasefowoe]. Mekpɔe be ale si mewɔa nu ɖe wo ŋu tsã la nɔ te ɖe alakpanya siwo mese tso wo ŋu dzi.” Esia na Michael va lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia be yeanya nyateƒea tso mía ŋu. Emegbe exɔ nyateƒea eye wòdze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme.

6 Ne míelɔ̃ be Zemela Gã Yehowa natrɔ asi le mía ŋu la, esia akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe haxɔsetɔwo ŋu hã dzi. Ðe nèbua mía nɔviwo abe ale si Mawu bua woe ene, be wonye ame siwo ŋu wòkpɔtɔ le asi trɔm le, ke menye abe ame deblibowo ene oa? Eyae nya ame siwo tututu wonye le ememe kple ale si wòatrɔ asi le wo ŋui. Eya ta amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋue Yehowa léa ŋku ɖo, ke menye ɖe woƒe vodadawo ŋu o. (Ps. 130:3) Míate ŋu asrɔ̃ eyama ahabu susu nyui ɖe esubɔlawo ŋu. Míate ŋu awɔ dɔ aduadu kple mía Mèla ne míekpea asi ɖe mía nɔviwo ŋu be woayi ŋgɔ. (1 Tes. 5:14, 15) Ele be hamemetsitsi siwo nye “nunana siwo nye amewo” naɖo kpɔɖeŋu nyui le esia me.—Ef. 4:8, 11-13.

NU SI TA YEHOWA TRƆA ASI LE MÍA ŊU

7. Nu ka tae nèkpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe amehehe ŋu?

7 Ðewohĩ èsee ame aɖe gblɔ kpɔ be: ‘Esi medzi vi ko hafi meva kpɔ ŋudzedze ɖe hehe si dzinyelawo nam ŋu.’ Ne míetsi hekpɔ nuteƒe le agbe me la, míeva dea asixɔxɔ hehexɔxɔ ŋu elabe míekpɔnɛ be esi Yehowa lɔ̃ mí tae wònaa hehe mí ɖo. (Xlẽ Hebritɔwo 12:5, 6, 11.) Nyateƒee, lɔlɔ̃e ʋãa Yehowa wònɔa mía ŋu zrɔ̃m le dzigbɔɖi me. Edi be míadze nunya, akpɔ dzidzɔ ahalɔ̃ ye. (Lod. 23:15) Medi gbeɖe be míakpe fu o, eye medi hã be míaku abe “vi siwo dzi Mawu ƒe dziku” le ene o.—Ef. 2:2, 3.

8, 9. Aleke Yehowa le nu fiam mí egbea, eye aleke eƒe nufiafiaa ayi edzi le etsɔme?

8 Tsã la, míenye “vi siwo dzi Mawu ƒe dziku nɔ” le esi míewɔa nu siwo medzea Mawu ŋu o ta. Gake Yehowa fia nu mí hetrɔ asi le mí ame siwo nye ame wɔadãwo tsã la ŋu míeva zu ame fafawo abe alẽviwo ene. (Yes. 11:6-8; Kol. 3:9, 10) Eya ta míeva le gbɔgbɔmeparadiso aɖe si le nyonyom ɖe edzi me. Esia nye nɔnɔme tɔxɛ aɖe si me Yehowa le mía mlam le egbea. Míesena le mía ɖokui me be míele dedie, togbɔ be míele xexe vɔ̃ɖi aɖe me hã. Azɔ hã, mía dometɔ siwo tso ƒome siwo me lɔlɔ̃ aɖeke mele o me la va kpɔ ƒome gã si me lɔlɔ̃ vavã le. (Yoh. 13:35) Eye míeva srɔ̃ ale si míalɔ̃ amewo. Ƒo wo katã ta la, míedze si Yehowa heva kpɔe be enye Fofo lɔ̃ame.—Yak. 4:8.

9 Le xexe yeyea me la, míase vivi na míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ƒe yayrawo bliboe. Eye anyigba bliboa hã azu paradiso le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Ɣemaɣi la, Yehowa ayi edzi anɔ asi trɔm le anyigbadzinɔlawo katã ŋu, eye nu siwo wòafia mí la mele gbɔgblɔ me o. (Yes. 11:9) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ana míaƒe susu kple ŋutilã nade blibo ale be míate ŋu ase eƒe nufiafiawo gɔme nyuie ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu pɛpɛpɛ. Eya ta mina míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui na Yehowa, eye míaɖee afia be míedea asixɔxɔ ale si wòle asi trɔm le mía ŋui lɔlɔ̃tɔe ŋu.—Lod. 3:11, 12.

ALE SI YEHOWA TRƆA ASI LE MÍA ŊU

10. Aleke Yesu ɖe Zemela Gã la ƒe dzigbɔɖi kple aɖaŋu fiae?

10 Abe zemela bibi ene la, Yehowa nya “tsu” si ƒomevi le esi me la nyuie eye wònya ale si tututu wòatrɔ asi le eŋui. (Xlẽ Psalmo 103:10-14.) Le nyateƒe me la, enya mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, ŋutetewo kple afi si míeyi ŋgɔ se ɖo, eye esia nɔa susu me nɛ ne ele nu wɔm kpli mí. Yesu srɔ̃ eƒe nɔnɔme sia le ale si wòwɔ nu ɖe eƒe apostolowo ƒe vodadawo ŋui me. Ɣeaɖewoɣi apostoloawo ʋlia nya le wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu. Ne ɖe nèle eteƒe la, aleke nàbu apostoloawoe? Ðewohĩ awɔ na wò be womele abe tsu bɔbɔewo ene o. Gake Yesu ya mebui nenema o. Enyae be ne yexlɔ̃ nu apostolo wɔnuteƒe mawo le tufafa kple dzigbɔɖi me, eye yeɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo la, woatrɔ. (Marko 9:33-37; 10:37, 41-45; Luka 22:24-27) Ɛ̃, esi Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre eye wòkɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe apostoloawo dzi la, wotsɔ woƒe susu katã ɖo dɔ si wode asi na wo dzi, ke menye ɖe ɖoƒe gã didi ŋu o.—Dɔw. 5:42.

11. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be David le abe tsu bɔbɔe ene, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu?

11 Yehowa toa eƒe Nya, gbɔgbɔ kɔkɔea kple Kristo hamea dzi trɔa asi le esubɔla siwo li egbea ŋu. Mawu ƒe Nya la ate ŋu ana míaƒe nɔnɔme nanyo ɖe edzi ne míeléa fɔ ɖe exexlẽ ŋu, míedea ŋugble le eŋu hebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ edzi. Fia David gblɔ be: “Meɖoa ŋku dziwò le nye aba dzi; le zã ƒe ŋudzɔɣiwo la, medea ŋugble le ŋuwò.” (Ps. 63:6) Egblɔ kpee be: “Makafu Yehowa, ame si ɖo aɖaŋu nam. Le zã me hã, nye dzimesusuwo ɖɔam ɖo.” (Ps. 16:7) Nyateƒee, David de ŋugble le Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo ŋu eye wòna wòkpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzi kple susu dzi, ne nuxlɔ̃amea nu sẽ gɔ̃ hã. (2 Sam. 12:1-13) Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi David ɖo ɖi na mí! Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye hã medea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu heɖea mɔ wòkpɔa ŋusẽ ɖe nye dzi dzia? Ðe magate ŋu awɔe geɖe wua?’—Ps. 1:2, 3.

12, 13. Aleke Yehowa toa gbɔgbɔ kɔkɔea kple Kristo hamea dzi trɔa asi le mía ŋu?

12 Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ Kristo ƒe nɔnɔme. Esia bia be míatu Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo. (Gal. 5:22, 23) Kutsetsea ƒe akpa aɖee nye lɔlɔ̃. Eya ta míelɔ̃ Mawu eye míedi be míaɖo toe ne wòamla mí, elabe míenya be eƒe sewo menye agba o. Gbɔgbɔ kɔkɔea agate ŋu ado ŋusẽ mí be xexe sia kple eƒe gbɔgbɔ makɔmakɔ la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. (Ef. 2:2) Esime apostolo Paulo nye ɖekakpui la, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ƒe dadagbɔgbɔ kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Gake gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe eŋu wòtrɔ agbenɔnɔ. Egblɔ emegbe be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Flp. 4:13) Eya ta abe Paulo ene la, mina míanɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam, elabena Yehowa ɖoa to ame fafawo ƒe gbedodoɖawo.—Ps. 10:17.

Yehowa toa hamemetsitsi Kristotɔwo dzi trɔa asi le mía ŋu, gake ele be míawɔ míaƒe akpa dzi (Kpɔ memama 12, 13)

13 Yehowa toa Kristo hamea kple hamemetsitsiwo hã dzi trɔa asi le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ne hamemetsitsiwo de dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le mía ŋu la, wodzea agbagba kpena ɖe mía ŋu. Gake menye woawo ŋutɔ ƒe nunya dzie wonɔa te ɖo wɔnɛ o. (Gal. 6:1) Ke boŋ woɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe nunya kple gɔmesese ŋu. Wokua nu me le Mawu ƒe Nya la kple míaƒe agbalẽwo me dia mɔfiame siwo tututu aɖe vi na mí. Ne hamemetsitsiwo te ɖe ŋuwò be yewoaɖo aɖaŋu na wò le lɔlɔ̃ kple tufafa me, abe le wò awudodo ƒe atsyãwo ene ŋu la, ɖe nàlɔ̃ axɔe ahade dzesii be esia ɖee fia be Mawu lɔ̃ wòa? Ne èwɔe alea la, afia be ènye tsu bɔbɔe le Yehowa si me, eye nèlɔ̃ be wòatrɔ asi le ŋuwò wòaɖe vi na wò.

14. Togbɔ be Zemela Gã la kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi hã la, aleke wòdea bubu míaƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu?

14 Ne míenya ale si Mawu trɔa asi le mí amegbetɔwo ŋu la, ana be mía kple mía nɔviwo dome nanyo, eye susu nyui nanɔ mía si ɖe ame siwo le míaƒe anyigbamama me kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu. Le Biblia ŋlɔɣi la, menye ɖeko zemela kaa tsu alo anyi ko dzea zememe gɔme kplii o. Ke boŋ enyaa anyia heɖea kpe kple ɖinuwo le eme. Nenema kee Mawu hã dzraa ame siwo lɔ̃ faa la ƒe dzi ɖo be wòate ŋu atrɔ asi le wo ŋu. Mezia wo dzi be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ o, ke boŋ efiaa eƒe nudidi dzɔdzɔe wo, ale be woawo ŋutɔ natiae be yewoaɖe asi le yewoƒe nɔnɔme gbegblẽwo ŋu.

15, 16. Nu kae Biblia nusrɔ̃viwo awɔ atsɔ aɖee afia be yewodi be Yehowa natrɔ asi le yewo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

15 Bu nɔvinyɔnu Tessie, si le Australia, ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu si srɔ̃ nu kplii gblɔ be: “Mesesẽ na Tessie kura be wòase Biblia me nyateƒea gɔme o. Ke hã mewɔ ŋgɔyiyi boo aɖeke o, eye medea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo hã o! Eya ta esi medo gbe ɖa tso nyaa ŋu vɔ la, meɖoe be madzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kplii. Gake nukunu aɖe dzɔ. Esi meyi be masrɔ̃ Biblia kple Tessie zi mamlɛtɔ la, egblɔ eƒe dzimenyawo nam. Egblɔ be yekpɔe be yenye alakpanuwɔla, elabe tsatsadada (alo, akɔdada) vivia ye nu. Gake fifia yeɖoe be yeadzudzɔ.”

16 Ema megbe kpuie la, Tessie dze Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede gɔme eye wòɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo fiana togbɔ be exɔlɔ̃wo konɛ hã. Nɔvinyɔnua gblɔ kpee be: “Tessie xɔ nyɔnyrɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe eye wòva zu gbesiagbe mɔɖela togbɔ be enɔ via suewo dzi kpɔm hã.” Eme kɔ ƒãa be ne Biblia nusrɔ̃viwo trɔ woƒe agbenɔnɔ be woƒe nu nadze Mawu ŋu la, eya hã tena ɖe wo ŋu hetrɔa asi le wo ŋu wozua ze zɔzrɔ̃e xɔasiwo.

17. (a) Nu ka tae wòdzɔa dzi na wò be Yehowae nye Zemela Gã la? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Va se ɖe egbea la, zemela geɖewo zãa woƒe asiwo tsɔ trɔa asi le tsu ŋu dzigbɔɖitɔe wòzua ze zɔzrɔ̃e nyakpɔwo. Nenema kee Zemela Gã la gbɔa dzi ɖi xlɔ̃a nu mí hemlaa mí eye wòléa ŋku ɖe ale si míewɔa nui ŋu. (Xlẽ Psalmo 32:8.) Ðe nèkpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wòa? Ðe nède dzesii be ele asi trɔm le ŋuwò beléletɔea? Ne nenemae la, ke biabia lae nye: Nu bubu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nànɔ abe tsu bɔbɔe ene le Yehowa si me? Nɔnɔme kawoe wòle be nàtsri ale be nàganɔ abe tsu sesẽ kpatsii ene o? Eye aleke dzilawo ate ŋu awɔ nu aduadu kple Yehowa le wo viwo mamla me? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo biabia siawo ŋu.