Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Susu Nenɔ Nya Vevi La Ŋu

Wò Susu Nenɔ Nya Vevi La Ŋu

“Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—PS. 83:18.

HADZIDZI: 9, 22

1, 2. (a) Nya vevi kae dze ŋgɔ amegbetɔwo katã? (b) Nu ka tae wòle be nya sia nanɔ vevie na mí?

LE AME geɖe gome egbea la, gae nye woƒe nu vevitɔ. Woƒe susu katã le kɔlili kesinɔnuwo alo woƒe nunɔamesiwo ta kpɔkpɔ ŋu. Le ame bubuwo gome la, woƒe ƒomea, lãmesẽnyawo, alo woƒe agbemetaɖodzinuwoe nye nu vevitɔ na wo.

2 Ke hã, nya vevi aɖe ŋutɔ si dze ŋgɔ mí katã lae nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli. Ele be míanɔ ŋudzɔ be míaƒe susu nagadzo le nya vevi sia dzi o. Aleke wòate ŋu adzɔ be míaƒe susu nadzo le edzi? Míate ŋu ava ƒo mía ɖokui ɖe gbe sia gbe hloloetsotsowo me ale gbegbe be míaŋlɔ ale si gbegbe Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ƒe nyaa le vevie la be. Alo ate ŋu adzɔ be míaɖe mɔ xaxa siwo me tom míele naxɔ susu me na mí ale gbegbe be míaƒe susu nadzo le nya si le vevie wu la dzi. Gake ne míekpɔ ale si gbegbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa le vevie la, míasu te nyuie wu be míakpɔ míaƒe gbe sia gbe kuxiwo gbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ana míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.

NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE NENEMA GBEGBE?

3. Nya kawoe Satana fɔ ɖe te ku ɖe ale si Mawu ɖua dzii ŋu?

3 Satana Abosam tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be medze anye xexea me katã dzi ɖula o. Eƒe nutsotsoe nye be ale si Mawu ɖua dzii la menyo o, eye Yehowa tea nu nyuiwo amegbetɔwo. Abosam ƒe nyae nye be amegbetɔwo akpɔ dzidzɔ wu eye eme anyo na wo wu ne woawo ŋutɔwo le wo ɖokuiwo dzi ɖum. (1 Mose 3:1-5) Le Satana ƒe nya nu la, amegbetɔ aɖeke mawɔ nuteƒe na Mawu tso dzi me o, si fia be ne amegbetɔwo to dodokpɔ sesẽwo me la, womagabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te o. (Hiob 2:4, 5) Le Abosam ƒe nutsotsoa ta la, Yehowa ɖe mɔ ɣeyiɣiwo va yi ale be wòadze kɔtɛ be yeƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea manɔmee la, eme manyo na amegbetɔwo o.

4. Nu ka tae wòle be woakpɔ dziɖulanyenye ƒe nyaa gbɔ?

4 Yehowa ŋutɔ nya be nya siwo Abosam tsɔ ɖe ye ŋu la menye nyateƒe o. Ke nu ka tae wòna ɣeyiɣi Satana be wòadze agbagba aɖo kpe eƒe nutsotsoa dzi? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo ka Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa. (Xlẽ Psalmo 83:18.) Adam kple Xawa gbe Yehowa ƒe dziɖuɖu, eye nenema kee wòle le ame geɖe hã gome tso ɣemaɣi va de asi na egbea. Esia ate ŋu ana ame aɖewo nanɔ susum be ɖewohĩ Abosam ƒe nutsotsoawo le eme. Zi ale si amegbetɔwo kple mawudɔlawo mekpɔ ŋuɖoɖo na nya ma o la, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ manɔ xexea me o. Gake ne Yehowa va ʋli eƒe dziɖulanyenye ta mlɔeba la, ame sia ame alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te tegbee. Ekema ŋutifafa agaxɔ aƒe ɖe xexea katã me.—Ef. 1:9, 10.

5. Nu kae wòle be míawɔ atsɔ aɖee afia be míele Yehowa ƒe akpa dzi le dziɖulanyenye ƒe nyaa me?

5 Kpeɖodziawo ava dze kɔtɛ be Mawue dze aɖu xexe bliboa dzi; Satana kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ado kpo nu keŋkeŋ eye woaɖe wo ɖa. Mawu ƒe dziɖuɖu to eƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi akpɔ dzidzedze, eye nuteƒewɔlawo aɖee afia be amegbetɔwo ate ŋu anɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Yes. 45:23, 24) Ðe nèdi be ye hã yeanɔ nuteƒewɔla siwo de Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi la domea? Ðikeke mele eme o be èdii nenema. Be míanye nuteƒewɔlawo la, ele be míana míaƒe susu nanɔ nya vevi si fɔ ɖe te ŋu eye míase nu si tae wòle vevie nenema gbegbe ɖo la gɔme.

MAWU ƑE DZIÐULANYENYE TA ƲIƲLI LE VEVIE WU MÍAƑE ÐEÐEKPƆKPƆ

6. Aleke gbegbee Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli le vevie?

6 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, nya vevi aɖe si dze ŋgɔ amegbetɔwo katã ye nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli. Ele vevie wu mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ. Ðe nyateƒenya sia fia be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ mele vevie na Yehowa o, alo metsɔ ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ oa? Menye nenemae kura o. Nu ka tae?

7, 8. Nu ka tae Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli bia be eƒe ŋugbedodowo nava eme godoo?

7 Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo eye wòdea asixɔxɔ wo ŋu vevie. Elɔ̃ faa tsɔ Via na wòku ɖe mía ta ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 3:16; 1 Yoh. 4:9) Ne Yehowa mete ŋu wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o la, esia ana mɔ Abosam be wòatsɔ nya ɖe Mawu ŋu be enye aʋatsokala si tea nu nyui amegbetɔwo eye meɖua dzi le mɔ nyuitɔ nu o. Esia awɔe hã be tsitretsiɖeŋulawo ƒe alɔmeɖenyawo nanye nyateƒe. Wogblɔna be: “Afi ka eƒe anyinɔɣi sia si ŋugbe wodo la le? Kpɔ ɖa, tso ŋkeke si mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si ko wole tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ene.” (2 Pet. 3:3, 4) Eya ta, Yehowa akpɔ egbɔ be nu nyui siwo ado tso yeƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli me dometɔ ɖeka anye amegbetɔ toɖolawo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ! (Xlẽ Yesaya 55:10, 11.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ koŋue ɖea dzesi le Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu. Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be ayi edzi alɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo, ade asixɔxɔ wo ŋu eye woƒe nu anyo eŋu ɖaa.—2 Mose 34:6.

8 Nyateƒe si wònye be Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa le vevie la mefia be ebua míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nu tsɛe o. Nu si wòfia koe nye be eƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa le vevie wu míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Ele vevie be esia nanɔ susu me na mí, elabena awɔe be míaƒe susu madzo le nya vevi la dzi o, eye míaɖoe kplikpaa be míanɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ƒe akpa dzi ɣeawokatãɣi.

NU SI NA HIOB ÐƆ EƑE SUSU ÐO

9. Nya kae Satana gblɔ tso Hiob ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Wote gbe ɖe ale si gbegbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa le vevie la dzi le Hiob ƒe agbalẽa, si nye Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ gbã la dometɔ ɖeka me. Agbalẽ ma na míenya be Satana tsò Hiob nu be, ne ekpe fu vevie la, agbe nu le Mawu gbɔ. Satana gblɔ na Mawu be newɔ fu Hiob. Yehowa mewɔ nu ma o, ke hã eɖe mɔ na Satana be wòate Hiob kpɔ esi wògblɔ be: “Eƒe nuwo katã le asiwò me.” (Xlẽ Hiob 1:7-12.) Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Hiob ƒe dɔlawo ku, eƒe nunɔamesiwo dome gblẽ, eye via ewoawo siwo gbɔ melɔ̃a nu le o hã ku. Mɔ si nu Satana he vɔ̃ siawo va Hiob dzi le la na wòdze abe Mawu ŋutɔe he fukpekpe mawo va Hiob dzi ene. (Hiob 1:13-19) Eyome Satana he dɔléle nyɔŋu aɖe va edzi, si na wòse veve ŋutɔ. (Hiob 2:7) Eƒe nuxaxaa nu gasẽ ɖe edzi le srɔ̃a kple zɔhɛ etɔ̃ siwo be exɔlɔ̃woe yewonye la ƒe dzigbãnyawo ta.—Hiob 2:9; 3:11; 16:2.

10. (a) Nu kae Hiob wɔ si ɖee fia be ewɔ nuteƒe na Mawu? (b) Nu ka tae wòhiã be woaɖɔ Hiob ɖo?

10 Nu kae va dzɔ? Eva dze kɔtɛ be Satana ƒe nutsotsoa nye aʋatso. Hiob gbe be yemagbe nu le Mawu gbɔ o. (Hiob 27:5) Ke hã, Hiob ƒe susu va dzo le nya si le vevie wu la dzi vie. Eva tsi dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu fũu akpa, eye wòbia gɔ̃ hã be yeanya nu si ta yele fu kpem ɖo. (Hiob 7:20; 13:24) Le fu si gbegbe kpem wònɔ ta la, ɖewohĩ míasusu be etɔ dzɔ be wòase le eɖokui me nenema. Ke hã, Mawu kpɔe be ehiã be yeaɖɔ Hiob ƒe susu ɖo. Nya kae Yehowa gblɔ nɛ?

11, 12. Nu kae Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòva de dzesii, eye aleke Hiob wɔ nui?

11 Nya siwo Mawu gblɔ na Hiob la dze le Hiob ƒe agbalẽa ƒe ta 38 lia va ɖo ta 41 lia me. Le nya siwo katã Yehowa gblɔ me la, meɖe susu si koŋ tae Hiob nɔ fu kpem ɖo la me nɛ o; mehiã be Mawu naɖe eɖokui nu nɛ o. Ke boŋ, Yehowa di be yeakpe ɖe Hiob ŋu wòakpɔe adze sii be meɖi naneke o ne wotsɔ eya amea sɔ kple Mawu ƒe gãnyenye. Eye ekpe ɖe Hiob ŋu wòkpɔe be nya siwo le toa me la le vevie wu nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo. (Xlẽ Hiob 38:18-21.) Esia kpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe susu ɖo.

12 Esi Hiob kpe fu nenema gbegbe ta la, ɖe ale si Yehowa ƒo nu nɛ kã tsɔ ɖɔe ɖo la fia be mebu eƒe nɔnɔmea ŋu oa? Ao, menye nenemae o, eye Hiob hã mebui nenema o. Togbɔ be Hiob kpe fu ŋutɔ hã la, eƒe nyawo va ɖee fia mlɔeba be ese eɖokui gɔme. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Melɔ̃ ɖe edzi be nyemegblɔe nyuie o, eye metrɔ dzi me le ke kple afi me.” Yehowa ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Hiob dzi hefa akɔ nɛ vavã togbɔ be Yehowa mede ba mo na eƒe nyawo o hã. (Hiob 42:1-6) Hafi Yehowa naƒo nu na Hiob la, ɖekakpui Elihu hã gbe nya na Hiob. (Hiob 32:5-10) Esi Hiob lɔ̃ xɔ Mawu ƒe ɖɔɖɔɖoa eye wòɖɔ eƒe susu ɖo megbe la, Yehowa na ame susɔeawo nya be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Hiob wɔ nuteƒe le dodokpɔwo me la ŋu.—Hiob 42:7, 8.

13. Aleke Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖoa ayi edzi anɔ vi ɖem na Hiob le dodokpɔ siwo va edzi la megbe?

13 Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖoa yi edzi ɖe vi na Hiob ɣeyiɣi didi aɖe le dodokpɔ siwo va edzi la megbe gɔ̃ hã. Le mɔ ka nu? Togbɔ be “Yehowa yra Hiob le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo me wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea” hã la, anya xɔ ɣeyiɣi hafi nu siwo nɔ esi tsã la gava su esi ake. “Wogadzi viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɛ” emegbe. (Hiob 42:12-14) Hiob asusu via siwo Satana wu la godoo, eye aɖo ŋku fu siwo wòkpe va yi la dzi ɣeaɖewoɣi. Ne eva se nu si tae dodokpɔ mawo va edzi ɖo la gɔme nyuie mlɔeba hã la, ate ŋu anɔ eɖokui biam ɣeaɖewoɣi be ɖe wòle be yeakpe fu nenema gbegbe hã. Nu ka kee wòɖasusu o, aɖo ŋku nya siwo Mawu gblɔ nɛ la dzi. Esia akpe ɖe eŋu be susu nyuitɔ nanɔ esi, eye wòakpɔ akɔfafa.—Ps. 94:19.

Ðe míate ŋu ana míaƒe susu nanɔ nya vevi la dzi wu míawo ŋutɔwo míaƒe kuxiwoa? (Kpɔ memama 14)

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Hiob dzi la me?

14 Ŋugbledede le Hiob ƒe ŋutinyaa ŋu ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be susu nyuitɔ nanɔ mía si ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom eye míakpɔ akɔfafa. Esia tae Yehowa kpɔ nuŋlɔɖia ta be “woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Rom. 15:4) Nufiame kae le eme na mí? Vevitɔa ye nye esi: Negadzɔ be míatsi dzi ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe agbemenyawo ŋu ale gbegbe be míaŋlɔ nya vevi sia, si nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli, la be o. Eye mina míaɖo ŋku edzi be akpa si míawɔ le nya vevi sia me la bia be míayi edzi awɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me, abe ale si Hiob wɔe ene.

15. Akpa kae míaƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔwo me wɔna?

15 Nu ka tae ŋugbledede le akpa si míaƒe nuteƒewɔwɔ wɔna ŋu afa akɔ na mí? Nu si tae nye be, dodokpɔ siwo vaa mía dzi la wɔa akpa vevi aɖe le nya si fɔ ɖe te la me. Dodokpɔ mawo mefia be míaƒe nu medze Yehowa ŋu o, ke boŋ wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖee afia be míede Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi. (Lod. 27:11) Míaƒe dzidodo “hea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vanɛ,” eye wòdoa ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ. (Xlẽ Romatɔwo 5:3-5.) Hiob ƒe ŋutinyaa na míekpɔe be “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yak. 5:11) Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo eteƒe na míawo ŋutɔwo kple ame siwo katã dea eƒe dziɖulanyenye dzi. Esia nyanya kpena ɖe mía ŋu be ‘míado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’—Kol. 1:11.

WÒ SUSU NENƆ NYA VEVI LA DZI

16. Nu ka tae ŋkuɖoɖo Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa dzi le vevie?

16 Menye ɣesiaɣie wòle bɔbɔe be míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa dzi o. Ate ŋu awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be kuxi siwo me tom míele la wu tsɔtsɔ na mí. Kuxi suewo gɔ̃ hã ate ŋu adze nu gã ne míele wo ŋu bum fũu akpa. Eya ta, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, anyo be míanɔ ŋku ɖom ale si wòle vevie be míanɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la dzi na mía ɖokui edziedzi.

17. Aleke gomekpɔkpɔ le dɔ si Yehowa de asi na mí me akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nya vevi la dzi?

17 Ne míekpɔa gome le dɔ si Yehowa de asi na mí me edziedzi la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nya vevi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, eva dzɔ be gbagbadɔ dze nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Renee dzi, esea veve madzudzɔmadzudzɔe, eye kansa hã nɔ eŋu. Eɖea gbeƒã na dɔnɔdzikpɔlawo, dɔnɔwo kple ame siwo va srãa dɔnɔwo kpɔ le kɔdzi siwo wòdena. Le kɔ aɖe dzi la, eɖi ɖase gaƒoƒo 80 sɔŋ le kwasiɖa eve kple afã pɛ ko me. Esi Renee ƒe kuɣi nɔ ɖoɖom gɔ̃ hã la, eƒe susu medzo le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa dzi gbeɖe o. Eye esia kpe ɖe eŋu eƒe dzi dze eme.

18. Aleke nu si me nɔvinyɔnu aɖe to la ɖe ale si Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nɔnɔ ɖea vi na mí la fiae?

18 Míedi be míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa ŋu le kuxiwo kple nyaƒoɖeamenu siwo míedoa goe gbe sia gbe hã me. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jennifer la yi be yeaɖo yameʋu atrɔ ayi aƒe me. Gake etsi yameʋudzeƒea ŋkeke etɔ̃ sɔŋ henɔ lalam, elabena wonɔ fli tem ɖe yameʋuɖoɖo ƒe ɖoɖoawo me ɖekaɖeka. Esi wòtsi akogo eye ɖeɖi te eŋu ta la, ate ŋu alé blanui hafi. Ke hã, edo gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu yeagblɔ nya nyuia na ame siwo hã tsi yameʋudzeƒea. Nu kae do tso eme? Eɖi ɖase na ame geɖe eye wòma agbalẽ geɖe. Egblɔ be, “Mekpɔe be Yehowa yram togbɔ be menɔ kuxi ma me tom gɔ̃ hã, eye edo ŋusẽm mekafu eƒe ŋkɔa le amewo dome.” Jennifer ƒe susu nɔ nu si wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu vavã.

19. Akpa kae Yehowa ƒe amewo le le eƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa gome?

19 Asixɔxɔdede Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaa ŋu ɖea vovototo si le subɔsubɔ vavãtɔ kple alakpasubɔsubɔ dome fiana. Nu si tae nye be, tso gbe aɖe gbe ke la, Mawu ƒe amewo nɔa eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. Esi míenye Yehowa subɔla vavãwo ta la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeanɔ Yehowa ƒe akpa dzi ɣeawokatãɣi.

20. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso agbagba si nèdzena be yeanɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la ŋu?

20 Ka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ subɔsubɔdɔ si nèwɔna nuteƒewɔwɔtɔe kple ale si nèdoa dzi le dodokpɔwo me tsɔ ɖenɛ fiana be yede eƒe dziɖulanyenye dzi la ŋu. (Ps. 18:25) Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro susu bubu siwo tae wòle vevie be nàde Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi kple wò dzi blibo, kpakple ale si nàte ŋu awɔ esiae la me.