GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 6 va se ɖe September 2, 2018 la le tata sia me.

“Nye Fiaɖuƒe Menye Xexe Sia Ƒe Akpa Aɖeke O”

Aleke wòle be ale si Yesu wɔ nu le nyaʋiʋli si nɔ amewo dome le eƒe ŋkekea me la me la nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua dunyahenyawo kple hadomegbenɔnɔ ŋuti nyawoe dzi?

Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene

Nu kae nàte ŋu awɔ be ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome la nagasẽ ɖe edzi?

Anye Ne Eƒe Nu Adze Mawu Ŋu Hafi

Yuda Fia Rehabeam ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu dim Mawu le tso mía dometɔ ɖe sia ɖe si.

Na Mawu Ƒe Sewo Kple Gɔmeɖosewo Namla Wò Dzitsinya

Mawu na taɖoƒefianu si fiaa mɔ mí le agbe nyui nɔnɔ gome la mí, gake ele be míakpɔ egbɔ be efia mɔ nyuitɔ mí.

“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ” Hena Yehowa Ƒe Kafukafu

Tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyui ŋu la, nu geɖe gahiã ŋu.

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Fa Akɔ Nam Le Nye Xaxawo Katã Me

Edward Bazely to ƒomekuxiwo me, eƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe eŋu le Yehowa subɔsubɔ ta, dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi eye wòlé blanui vevie.

Ale Si Gbegbe Gbedoname Ðea Vii

Gbedoname kpui gɔ̃ hã tea ŋu ɖea vi geɖe.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nàte ŋu aɖo biabia siawo siwo wotu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa dzi la ŋua?