Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nu ene kawoe míate ŋu awɔ ale be ale si míedzia hae la naganyo ɖe edzi?

Míate ŋu akɔ míaƒe hadzigbalẽa ɖe dzi si awɔe be míadzɔ nyuie. Ele be míagbɔ nyuie. Ne míeke míaƒe nu nyuie hekɔ gbe dzi la, awɔe be míaƒe hadzidzia nade dzi nyuie wu.—w17.11, axa 5.

Nu kae ɖe dzesi le afi siwo sitsoƒeduwo nɔ le blema Israel kple mɔ siwo yi du mawo me ŋu?

Sitsoƒedu ade nɔ anyigba la ƒe teƒe vovovowo, eye mɔ siwo yi duawo me hã nɔ nɔnɔme nyui me. Eya ta, enɔ bɔbɔe be ame si le sitsoƒe dim la nasi ayi afi ma kaba.—w17.11, axa 14.

Nu ka tae tafe si Mawu na to Yesu dzi la nye nunana nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu mía si?

Nunana sia awɔe be didi si le mía me be míanɔ agbe ɖaa la nava eme, eye akpɔ míaƒe hiahiã si nye be míavo tso nu vɔ̃ kple ku si me la gbɔ. Esi Mawu lɔ̃ mí ame siwo nye Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, etsɔ Yesu na ɖe mía ta esime míegakpɔtɔ nye nu vɔ̃ wɔlawo.—wp17.6, axa 6-7.

Mɔ ka nue Psalmo 118:22 me nyawo ku ɖe Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu le?

Amewo gbe Yesu be menye eyae nye Mesia la o, eye wowui. Eya ta ele be woafɔ Yesu ɖe tsitre hafi wòate ŋu ava zu “dzogoedzikpe vevitɔ” la.—w17.12, axa 9-10.

Ðe wòle be ŋgɔgbevinyenye ƒe gome nanɔ ame si hafi wòanɔ dzidzime si me Mesia la ado tso la mea?

Ɣeaɖewoɣi la, viŋutsu si nye ŋgɔgbevi la nɔa dzidzime si me Yesu do tso la me, gake menye ɣesiaɣie wònɔa alea o. David menye Isai ƒe ŋgɔgbevi o, gake Mesia la do tso eƒe dzidzimea me.—w17.12, axa 14-15.

Atikewɔwɔ ŋuti mɔfiame siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo ɖe?

Le Sea nu la, ele be woaɖe ame siwo ŋu dɔléle ƒomevi aɖewo le la ɖe aga. Ele be ame siwo ka asi ame kuku ŋu la nalé tsi. Sea bia be woaɖi afɔdzi ɖe do me. Ne wodzi ŋutsuvi la, ele be woatso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe. Ɣemaɣie vidzĩwo ƒe ʋu tea ŋu blana nyuie, eya ta ʋu mado le wo ŋu akpa o.—wp18.1, axa 7.

Nu ka tae wòsɔ be Kristotɔ nalɔ̃ eɖokui va se ɖe afi aɖe?

Ele be míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene. (Marko 12:31) Ele be srɔ̃ŋutsuwo “nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.” (Ef. 5:28) Gake ame ate ŋu ava nye ɖokuitɔdila ne elɔ̃ eɖokui akpa.—w18.01, axa 23.

Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be nàtsi le gbɔgbɔ me?

Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa, ade ŋugble le eŋu, eye míanɔ agbe ɖe nu siwo míesrɔ̃ nu. Azɔ hã, ele be míaɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nawɔ dɔ ɖe míaƒe susu kple dzi dzi, eye míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ.—w18.02, axa 26.

Nu ka tae ɣletivimefakaka kple afakaka menye mɔ siwo dzi míato anya etsɔme o?

Susu vovovowo tae, gake susu vevitɔe nye be Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe ɣletivimefakaka kple afakaka ŋu.—wp18.2, axa 4-5.

Ne ame aɖe kpe mí be míava ɖu nu kpli ye la, aleke wòle be míawɔ nui?

Ne míelɔ̃ ɖe amekpekpea dzi la, ke ele be míadze agbagba awɔ míaƒe nyaa dzi. (Ps. 15:4) Mele be míagbe edziwɔwɔ le susu dzro aɖe ko ta o. Anɔ eme be ame si kpe mí la ku kutri geɖe ɖa nu ɖe mía nu.—w18.03, axa 18.

Nu kawoe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso Timoteo gbɔ?

Timoteo tsɔ ɖe le eme na amewo tso dzi me, eye etsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Edo vevie subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ, eye wòwɔ nu siwo wòsrɔ̃ la dzi. Eyi edzi na hehe eɖokui, eye eɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ŋu. Hamemetsitsiwo kple ame bubuwo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.—w18.04, axa 13-14.