Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Fa Akɔ Nam Le Nye Xaxawo Katã Me

Yehowa Fa Akɔ Nam Le Nye Xaxawo Katã Me

Indus Tɔsisi, si le afi si woyɔna egbea be Pakistan ƒe ɣetoɖoƒekpa dzie blemadu si nye Sukkur la le. Afi mae wodzim le le November 9, 1929 dzi. Ɣemaɣi lɔƒoe dzinyelawo xɔ agbalẽ aɖewo siwo le amadede vovovowo me la tso Eŋlisi dutanyanyuigblɔla aɖe gbɔ. Esime menɔ tsitsim la, Biblia-gbalẽ mawo kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nyateƒea.

WOYƆA agbalẽ mawo be anyieʋɔ-gbalẽwo. Esime menɔ wo me kpɔm la, mekpɔ nɔnɔmetata nyui siwo na mebu nu geɖewo ŋu. Esia wɔe be tso nye ɖevime ke la, Biblia me nyawo, abe esiwo nɔ agbalẽ mawo me ene, dzroam vevie.

Esi wòsusɔ vie Xexemeʋa Evelia naɖo India la, nuwo te gbegblẽ le nye agbe me. Dzinyelawo klã tso wo nɔewo gbɔ eye wova gbe wo nɔewo. Nyemete ŋu se nu si tae ame eve siwo melɔ̃ vevie la adzo le wo nɔewo gbɔ la gɔme o. Nye dzi gbã, eye mese le ɖokuinye me be wogblẽm ɖi. Nye ɖeka koe wodzi, eye mese le ɖokuinye me be nyemekpɔ akɔfafa kple beléle si mehiã vevie la o.

Nye kple nɔnye míenɔ dugã si nye Karachi me. Gbe ɖeka, Fred Hardaker, si nye ɖɔkta tsitsi aɖe si nye Yehowa Ðasefo la va ƒo ʋɔ na mí. Yehowa Ðasefoe dutanyanyuigblɔla si tsɔ agbalẽ mawo na míaƒe ƒomea hã nye. Ebia nɔnye be adi be yeasrɔ̃ Biblia hã. Dada melɔ̃ o, gake egblɔ nɛ be ɖewohĩ adzɔ dzi na nye ya. Eya ta, Nɔviŋutsu Hardaker va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim le kwasiɖa si kplɔe ɖo me.

Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, mete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le Nɔviŋutsu Hardaker ƒe kɔadzi. Ðasefo tsitsi 12 ye kpena le afi ma hesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la ɖekae. Wofa akɔ nam eye wolé be nam abe woawo ŋutɔ ƒe vi ene. Meɖoa ŋku ale si wonɔa anyi ɖe gbɔnye kple ale si wobɔbɔna be yewoasɔ ta kplim aɖo dze kplim abe xɔlɔ̃ vavãwo ene la dzi. Nu sia tututue mehiã ɣemaɣi.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Nɔviŋutsu Hardaker kpem be nye kpli ye míayi gbeadzi. Efiam ale si mawɔ mɔ̃ si wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé Biblia me nuƒo kpuikpuikpuiwo ɖo la ŋu dɔ ale be míate ŋu aƒo wo na amewo. Wogblɔ nyawo kãkãkã le nuƒoawo dometɔ ʋɛ aɖewo me, eye aƒemenɔla aɖewo mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Gake ɖaseɖiɖi na amewo dzɔa dzi nam. Dzo nɔ menye ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ale gbegbe, eye melɔ̃a nuƒoƒo tso eŋu na amewo.

Esime Japan srafowo nɔ agbagba dzem be yewoadze India dzi la, Britain dziɖuɖua va nɔ Yehowa Ðasefowo yome tim wu tsã. Mlɔeba, le July 1943 me la, yometiti ma ɖo nye hã dzinye. Míaƒe sukutatɔ, si nye Anglikan subɔsubɔhakplɔla la nyam le sukua be “menye kpɔɖeŋu gbegblẽ na sukuvi bubuawo.” Egblɔ na nɔnye be nye hadede kple Yehowa Ðasefowo nye kpɔɖeŋu gbegblẽ na sukuvi bubuawo. Esia ɖe fu na nɔnye ŋutɔ eye wòde se nam vevie be nyemegade ha kple Ðasefoawo azɔ o. Emegbe, edem tɔdziʋu ɖo ɖe fofonye le Peshawar, si nye du si le dziehekpa dzi kilometa 1,370 sɔŋ. Esi wònye be nyemegakpɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu kple hadede nyuiwo o ta la, ƒomedodo si nɔ nye kple Yehowa dome la me va gbɔdzɔ.

ALE SI NYE KPLE YEHOWA DOME ƑOMEDODOA ME GAVA SẼ

Le ƒe 1947 me la, metrɔ yi Karachi be maɖadi dɔ. Esime menɔ afi ma la, meyi Ðɔkta Hardaker ƒe kɔadzi. Edo wòezɔ nam vividoɖeameŋutɔe.

Esusu be lãmesẽnyawo tae meva ɖo, eya ta ebiam be, “Nu kae le fu ɖem na wò?”

Meɖo eŋu nɛ be: “Ðɔkta, menye ŋutilãmedɔ lém mele o. Ke boŋ gbɔgbɔmedɔe. Ðe meva be nàsrɔ̃ Biblia kplim.”

Ebiam be, “Ɣekaɣie nàdi be míadze egɔme?”

Meɖo eŋu be, “Fifi laa, ne anya wɔ.”

Míese vivi na Biblia nusɔsrɔ̃ fiẽ ma. Nye dzi dze eme, elabe mese le ɖokuinye me be metrɔ gbɔ va Yehowa ƒe amewo dome. Nɔnye dze agbagba vevie be yeana madzudzɔ hadede kple Ðasefoawo, gake fifia ya, meɖoe kplikpaa be maxɔ nyateƒea. Le August 31, 1947 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa dzi. Esia megbe kpuie la, medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme esime mexɔ ƒe 17.

MEKPƆ DZIDZƆ LE MƆÐEÐEDƆA WƆWƆ ME

Anyigbamama gbãtɔ si me wona mewɔ mɔɖeɖedɔa le ye nye Quetta, afi si Britain srafowo ƒe nɔƒe aɖe nɔ. Le ƒe 1947 me la, woma dukɔa ɖe akpa eve—India kple Pakistan. * Nudzɔdzɔ sia na zi tɔ le dukɔa me vevie le subɔsubɔnyawo ta, si wɔe be ame gbogbo aɖewo ʋu dzo le dukɔ ɖeka me yi kemɛa me. Ame siwo ʋu la ƒe xexlẽme nye esiwo sɔ gbɔ wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Ame miliɔn 14 sɔŋ zu sitsoƒedilawo. Moslemtɔ siwo nɔ India la ʋu yi Pakistan, eye Hindutɔ kple Sikhtɔ siwo nɔ Pakistan la ʋu yi India. Le zitɔtɔ ma me la, meɖo keteke si me amewo mimi ɖo la le Karachi, eye melé asiléƒe aɖe si le ketekea ŋu la sesĩe le mɔzɔzɔ bliboa kloe me yi Quetta.

Esime mede nutome sue takpekpe le India, le ƒe 1948 me

Esime menɔ Quetta la, medo go George Singh, si nye mɔɖela vevi aɖe, si xɔ abe ƒe 25 ene. George nam gasɔ xoxo aɖe si medona (alo tutuna) le anyigbamama si nye tonuto la me. Zi geɖe la, nye ɖeka koe zɔna le gbeadzi. Le ɣleti ade me la, Biblia nusrɔ̃vi 17 va nɔ asinye, eye wo dometɔ aɖewo va xɔ nyateƒea. Wo dometɔ ɖeka, si nye asrafo, si ŋkɔe nye Sadiq Masih la kpe ɖe nye kple George ŋu míeɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo gɔme ɖe Urdugbe, si nye gbe si wodona le Pakistan dukɔ bliboa me la me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Sadiq va zu nya nyui gbeƒãɖela si me dzo le.

Esime menɔ meli si woyɔna be Queen Elizabeth me yina ɖe Gilead Suku

Emegbe, metrɔ yi Karachi eye mewɔ dɔ kple Henry Finch kpakple Harry Forrest, siwo nye dutanyanyuigblɔla yeye siwo de Gilead Sukua. Hehe nyui ka gbegbee nye esi wonam! Gbe ɖeka, nye kple Nɔviŋutsu Finch míezɔ mɔ yi dziehe Pakistan be míaɖaɖe gbeƒã. Míedo go Urdugbedola ɖokuibɔbɔla geɖe siwo Biblia me nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ wuwum vevie la le kɔƒe siwo nɔ to kɔkɔwo ƒe agunu la me. Le ƒe eve megbe la, nye hã mede Gilead Sukua; metrɔ yi Pakistan eye woɖom nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Menɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Lahore, eye nɔviŋutsu dutanyanyuigblɔla etɔ̃ aɖewo hã nɔ afi ma.

MEÐIÐI VIE HAFI GALI KE

Nublanuitɔe la, dutanyanyuigblɔla siwo nɔ Lahore la mete ŋu yi edzi nɔ anyi le ŋutifafa me kple wo nɔewo o, eye esia wɔe be le ƒe 1954 me la, alɔdzedɔwɔƒea wɔ tɔtrɔ aɖewo le míaƒe dɔdeasiwo ŋu. Esi nyemeɖɔ ŋu ɖo o eye mede akpa ɖeka dzi le nyaʋiʋlia me ta la, woka mo nam vevie. Dzi ɖe le ƒonye, eye mebui be medo kpo nu le gbɔgbɔ me. Metrɔ yi Karachi, eye emegbe meʋu yi London, le England, kple susu be magbugbɔ adze agbea gɔme.

Ame siwo nɔ hame si me menɔ le London la dometɔ geɖe nye London Betel ƒomea me tɔwo. Pryce Hughes, si nye alɔdzedzikpɔla ɣemaɣi la tsɔm abe via ene hena hehem lɔlɔ̃tɔe. Gbe ɖeka, eƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford xlɔ̃ nui vevie la ŋu nam. Ɣemaɣi la, Nɔviŋutsu Rutherford ye nɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm. Esi Nɔviŋutsu Hughes di be yeaɖe ye ɖokui nu la, Nɔviŋutsu Rutherford ka mo nɛ ŋkubiãtɔe. Ewɔ nuku nam be Nɔviŋutsu Hughes nɔ alɔgbɔnu kom esime wònɔ ŋku ɖom nudzɔdzɔa dzi. Egblɔ nam be le gɔmedzedzea me la, yedo dziku. Gake emegbe yeva kpɔe be yehiã na nuxlɔ̃ame ma eye enye mɔ aɖe si dzi Yehowa to ɖe lɔlɔ̃ fia ye. (Heb. 12:6) Nya siawo siwo Nɔviŋutsu Hughes gblɔ nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe, eye esia kpe ɖe ŋunye megayi subɔsubɔdɔa dzi kple dzidzɔ.

Le ɣeyiɣi mawo me lɔƒo la, nɔnye ʋu va London eye wòlɔ̃ faa Nɔviŋutsu John E. Barr, si va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ la srɔ̃ Biblia kplii. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuie eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1957 me. Emegbe meva se be tɔnye hã ɖe mɔ Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplii hafi wòva ku.

Le ƒe 1958 me la, meɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lene, si nye Denmarktɔ si ʋu va London. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Yehowa yra mí míedzi mía vinyɔnu Jane. Eyae nye mía vi atɔ̃awo ƒe gbãtɔ. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ vovovowo hã su asinye le Fulham hamea me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Lene ƒe lãmesẽkuxiwo na wòva hiã be míaʋu ayi afi si dzoxɔxɔ le. Eya ta, le ƒe 1967 me la, míeʋu yi Adelaide, le Australia.

DZIGBÃNYA AÐE DZƆ

Míaƒe hame si le Adelaide la me tɔ 12 nye Kristotɔ amesiamina tsitsiwo. Woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe. Eteƒe medidi o, míegazɔ ɖe ɖoɖo nyui si nɔ mía si ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la dzi.

Le ƒe 1979 me la, míedzi mía vi atɔ̃lia, si ŋkɔe nye Daniel. Lãmesẽkuxi aɖe si woyɔna be Down syndrome * la nɔ fu ɖem nɛ vevie eye ɖɔktawo menɔ mɔ kpɔm be anɔ agbe didi o. Fifia gɔ̃ hã, esesẽna nam be maƒo nu tso ale si gbegbe esia na míexa nui ŋu. Míewɔ nu sia nu si míate ŋui be míakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ, eye le esia wɔwɔ me la, míedze agbagba be míalé be na mía vi ene susɔeawo hã. Ɣeaɖewoɣi la, Daniel ƒe ameti bliboa trɔna blɔ le esi do eve aɖewo le eƒe dzia me, siwo wɔnɛ be ɔksidzin menɔa lãme nɛ ale si dze o ta, eye míekɔnɛ yia kɔdzi afɔtsɔtsɔe. Gake togbɔ be enɔ dɔ lém vevie hã, eƒe tagbɔ kɔ eye elɔ̃a ame. Elɔ̃ Yehowa hã ale gbegbe. Ne ƒomea le gbe dom ɖa le nuɖuɣi la, eléa eƒe asi sue eveawo kpena sesĩe, henɔa ta wɔm ɖe nyawo dzi, eye wògblɔa “Amen!” sesĩe le gbedodoɖaa ƒe nuwuwu. Ema megbe ko hafi wòalɔ̃ aɖu nu.

Esime Daniel xɔ ƒe ene la, elé ʋumenugbagbeviɣidɔ (leukemia) sesẽ aɖe. Esia wɔe be ɖeɖi va te nye kple Lene ŋu le go sia go me. Mese le ɖokuinye me gɔ̃ hã be nyemagate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu o. Ke hã, esime nu te mía ŋu vevie eye dzi ɖe le mía ƒo keŋkeŋ la, míaƒe nutome sue dzikpɔla Neville Bromwich va ƒo ʋɔ na mí. Zã ma me la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòlé mí ame evea ɖe eƒe akɔnu. Mí katã míefa avi. Ale si wòwɔ nu ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe kple nya siwo wògblɔ na mí la fa akɔ na mí wu gbɔgblɔ. Enɔ mía gbɔ va se ɖe esime wòƒo zã ga ɖeka hafi wòdzo. Ema megbe kpuie la, Daniel ku. Eƒe kue nye nu si te ɖe mía dzi wu le agbe me. Ke hã, míedo dzi, elabe míenyae be naneke—ku—gɔ̃ hã mate ŋu ama Daniel ɖa tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. (Rom. 8:38, 39) Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me woafɔe ɖe tsitre le Mawu ƒe xexe yeyea me eye míagawɔ ɖeka kplii!—Yoh. 5:28, 29.

MÍEKPƆ DZIDZƆ LE KPEKPE ÐE AMEWO ŊU ME

Egbea, megale hamemetsitsi ƒe dɔa wɔm, togbɔ be gbagbadɔ sesẽ aɖe dze dzinye zi eve va yi hã. Nu siwo me meto le agbe me la wɔe be mesea veve ɖe ame nu eye ame ƒe nu wɔa nublanui nam, vevietɔ ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom. Medzea agbagba be magabu fɔ wo o. Ke boŋ mebiaa ɖokuinye be: ‘Aleke nu siwo me woto le agbe me la kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe seselelãme kple nuŋububu dzi? Aleke mate ŋu aɖee afia wo be metsɔ ɖe le eme na wo? Aleke mate ŋu ade dzi ƒo na wo be woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu?’ Melɔ̃a hamea me tɔwo sasrãkpɔ ale gbegbe! Vavãe, ne mele akɔ fam na amewo eye mena woƒe dzi dze eme la, mesena le ɖokuinye me be mele akɔ fam na ɖokuinye eye nye hã nye dzi dzea eme.

Hamea me tɔwo sasrãkpɔ gadoa dzidzɔ nam kokoko

Mesena le ɖokuinye me abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, [Yehowa faa] akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.” (Ps. 94:19) Elém ɖe te esime míaƒe ƒomea do go kuxi sesẽwo, esime ƒometɔwo tsi tsitre ɖe ŋunye le Yehowa subɔsubɔ ta, esime nuwo meva yi abe ale si mekpɔ mɔe ene o kple esime melé blanui vevie. Vavãe, Yehowa nye Fofo ŋutɔŋutɔ nam!

^ mm. 19 Tsã la, Ɣetoɖoƒe Pakistan (si woyɔna fifia be Pakistan) kple Ɣedzeƒe Pakistan (si woyɔna fifia be Bangladesh) ye woyɔna be Pakistan.

^ mm. 29 Kpɔ nyati si nye “Ne Viwò Nye Nuwɔametɔ—Kuxiawo Kple Yayrawo,” si dze le July 2011 ƒe Nyɔ! me.