Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anye Ne Eƒe Nu Adze Mawu Ŋu Hafi

Anye Ne Eƒe Nu Adze Mawu Ŋu Hafi

MÍELE Yehowa subɔm eye míedi be míaƒe nu nadze eŋu, alo menye nenemae oa? Gake ame ka ŋue Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖo, eye ame kae wòayra? Le Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu va kpɔ ŋudzedze ɖe ame aɖewo ŋu, togbɔ be wowɔ nu vɔ̃ gãwo va yi gɔ̃ hã. Nɔnɔme nyuiwo nɔ ame aɖewo hã si, gake woƒe nu megava dze Mawu ŋu o. Eya ta, ɖewohĩ míabia mía ɖokui be, “Nu ka tututu dim Yehowa le tso mía dometɔ ɖe sia ɖe si?” Rehabeam, si ɖu fia le Yuda, ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

EDA VO LE GƆMEDZEDZEA ME

Rehabeam fofo ye nye Salomo, ame si ɖu fia le Israel ƒe 40 sɔŋ. (1 Fia. 11:42) Salomo ku le ƒe 997 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Emegbe Rehabeam tso Yerusalem yi Sikem, si le dziehekpa dzi, eye woɖoe fia le afi ma. (2 Kron. 10:1) Ðe nèsusu be Rehabeam nɔ vɔvɔ̃m be yemate ŋu adze Salomo, si xɔ ŋkɔ ɖe eƒe nunya geɖeawo ta la, ƒe afɔɖoƒewo yome oa? Aleke Rehabeam awɔ anya be le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, woado ŋutete si le ye si be yeakpɔ nya sesẽwo gbɔ la kpɔ?

Rehabeam anya de dzesii be Israel dukɔ bliboa tsi dzimaɖi vevie. Eteƒe medidi o, dukɔa teƒenɔlawo va egbɔ eye wotsɔ woƒe dzimaɖitsitsiwo ɖo eŋkume tẽe vɔvɔ̃manɔmee be: “Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe. Gake ne èna fofowò ƒe dɔ sesẽ kple kɔkuti kpekpe si wòɖo mía dzi la dzi ɖe kpɔtɔ na mí la, ekema míasubɔ wò.”—2 Kron. 10:3, 4.

Rehabeam anya se le eɖokui me be womimi ye ɖo! Ne ewɔ nu si dukɔa bia dzi la, ahiã be eya kple eƒe ƒomea kpakple eŋumewo katã naɖe woƒe agbeɖuɖu dzi akpɔtɔ eye womagate ŋu abia nu geɖe tso dukɔa si o. Gake ne egbe woƒe didia dzi wɔwɔ na wo la, woate ŋu adze aglã ɖe eŋu. Eya ta, nu kae wòawɔ? Fia yeye la de adaŋu kple ame tsitsi siwo nye fofoa Salomo ƒe aɖaŋuɖolawo. Gake esia yome la, eyi ɖade adaŋu kple ɖekakpui siwo nye ehatiwo. Le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nu la, etiae be yeatu nu kple dukɔa. Eɖo nya ŋu na wo be: “Mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi. Fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la, matsɔ atam si ŋu nu tɔamewo le la aƒo mi.”—2 Kron. 10:6-14.

Ðe nèkpɔe be nufiame aɖe le ŋutinya sia me na mía? Eme kɔ ƒãa be zi geɖe la, nunya le eme be míaɖo to ame tsitsi kpɔnuteƒe siwo tsi le gbɔgbɔ me. Esi nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si ta la, woate ŋu akpɔ nu si ate ŋu ado tso nyametsotso aɖe me do ŋgɔ eye woaɖo aɖaŋu nyuiwo na mí.—Hiob 12:12.

“WOWƆ ÐE YEHOWA ƑE NYA LA DZI”

Esi dukɔa dze aglã alea la, Rehabeam ƒo eƒe aʋawɔla bibiwo nu ƒu. Gake Yehowa dɔ nyagblɔɖila Semaya be wòagblɔ na wo be: “Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me, elabena gbɔnye wòtso be nu sia dzɔ.”—1 Fia. 12:21-24. *

Ðe wòfia be mele be wòawɔ aʋa kpli wo oa? Wò ya bu ale si nya sia anya ɖe fu na Rehabeam ŋu kpɔ! Aleke amewo abu tso fia si do ŋɔdzi na eteviwo be yeatsɔ “atam si ŋu nu tɔamewo le la” aƒo wo evɔ mete ŋu wɔ naneke le aglãdzedze vɔ̃ɖi sia ŋu o la ŋu? (Tsɔe sɔ kple 2 Kronika 13:7.) Ke hã, fia la kple eƒe asrafowo “[wɔ] ɖe Yehowa ƒe nya la dzi, eye wogbugbɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa gblɔ na wo ene.”

Nufiame kae le eme na mí? Nunya le eme be míaɖo to Mawu ne esia wɔwɔ awɔe be amewo naɖu fewu le mía ŋu gɔ̃ hã. Ne míeɖo to Mawu la, míaƒe nu adze eŋu eye wòayra mí.—5 Mose 28:2.

Aleke nuwo va yi na Rehabeam? Esi wòɖo to Mawu heɖe asi le tame si wòɖo be yeawɔ aʋa kple dukɔ yeyea ŋu la, etrɔ susu ɖe du sesẽwo tsotso ŋu le Yuda kple Benyamin siwo gakpɔtɔ nɔ eƒe ŋusẽ te la ƒe anyigbamamawo me. Ena ŋusẽ gaɖo du sesẽ aɖewo ŋu “geɖe ŋutɔ.” (2 Kron. 11:5-12) Eye vevietɔ wu la, ewɔ Yehowa ƒe sewo dzi va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Esime Israel-to ewo fiaɖuƒea si nɔ Yeroboam te la va ƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me vĩi la, ame siwo nɔ afi ma la dometɔ geɖe ‘va nɔ megbe na Rehabeam’ esi wozɔ mɔ yi Yerusalem ɖanɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi. (2 Kron. 11:16, 17) Aleae wòdzɔe be Rehabeam ƒe toɖoɖo na ŋusẽ ɖo eƒe fiaɖuƒea ŋu.

EVA WƆ NU VƆ̃ EYE WÒTRƆ DZI ME

Gake esi Rehabeam ƒe fiaɖuƒea li ke nyuie la, ewɔ nane si wɔ moyaa ŋutɔ. Egblẽ Yehowa ƒe se la ɖi eye wòtrɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu! Nu ka tae? Ðe wòanye be dadaa si nye Amonitɔ lae kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzia? (1 Fia. 14:21) Nu ka gbɔe esia ɖatso o, dukɔ bliboa dze eyome. Eya ta, Yehowa ɖe mɔ Egipte Fia Sisak xɔ Yuda du geɖe, togbɔ be Rehabeam na ŋusẽ ɖo du mawo ŋu hã!—1 Fia. 14:22-24; 2 Kron. 12:1-4.

Nuwo gagblẽ ɖe edzi esime Sisak va ɖo Yerusalem, afi si Rehabeam nɔ fia ɖum le. Ɣemaɣi la, nyagblɔɖila Semaya gblɔ Mawu ƒe gbedeasi na Rehabeam kple eƒe amegãwo be: “Miegblẽm ɖi, eya ta nye hã metsɔ mi de asi na Sisak.” Aleke Rehabeam wɔ nu ɖe tohehe ƒe gbedeasi sia ŋu? Ewɔ nu si sɔ! Biblia gblɔ be: “Israel-megãwo kple fia la bɔbɔ wo ɖokui, gblɔ be: ‘Yehowa tɔ dzɔ.’” Le esia ta, Yehowa kpɔ Rehabeam kple Yerusalem ta tso tsɔtsrɔ̃ me.—2 Kron. 12:5-7, 12.

Esia megbe la, Rehabeam yi edzi ɖu fia ɖe anyiehe fiaɖuƒea dzi. Hafi wòaku la, ema nunɔamesi geɖe na viaŋutsu gbogboawo. Edze ƒãa be ewɔ esia kple susu be woagatsi tsitre ɖe wo nɔviŋutsu Abiya, si aɖu fia ɖe eyome la ŋu o. (2 Kron. 11:21-23) Rehabeam wɔ nu le nunya me le go sia me wu ale si wòwɔ nui esime wònye ɖekakpui.

AME NYUI WÒNYE LOO ALO AME VƆ̃ÐIE WÒNYE?

Togbɔ be Rehabeam wɔ nu nyui aɖewo hã, eƒe nu medze Mawu ŋu o. Biblia gblɔ tso nu siwo katã wòwɔ le eƒe dziɖuɣi bliboa ŋu kpuie be: “Ewɔ nu si nye vɔ̃.” Nu ka tae? Elabena “meɖoe tso dzi me be yeadi Yehowa o.”—2 Kron. 12:14.

Rehabeam mena ƒomedodo kplikplikpli nɔ eya kple Yehowa dome abe ale si Fia David wɔe ene o

Bu nu si nya sia fia ŋu kpɔ: Rehabeam ɖo to Mawu ɣeaɖewoɣi. Eye ewɔ nu nyui aɖewo na Yehowa ƒe dukɔa. Gake mete ŋu na ƒomedodo kplikplikpli nɔ eya kple Yehowa dome alo ɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si dze Yehowa ŋu o. Eya ta, ewɔ nu si nye vɔ̃ le Mawu ŋkume eye wòƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Esime Rehabeam lɔ̃ xɔ ɖɔɖɔɖo la, ɖe wòanye be ame bubuwoe ƒoe ɖe enu wòwɔ esia tsɔ wu be wòatrɔ dzi me vavã ahadi vevie be yeawɔ nu si dze Mawu ŋua?’ (2 Kron. 11:3, 4; 12:6) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egatrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu. Aleke gbegbe wòto vovo na tɔgbuia, Fia David ye nye esi! Ɛ̃, David wɔ vodadawo, gake lɔlɔ̃ na Yehowa, fɔléle ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋu kple dzimetɔtrɔ vavã si wòɖe fia esi wòwɔ nu vɔ̃ ye ɖe dzesi le David ƒe agbemeŋkekewo katã me.—1 Fia. 14:8; Ps. 51:1, 17; 63:1.

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Rehabeam ƒe kpɔɖeŋua me. Esɔ be amewo nakpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo eye woadze agbagba be agbea nadze edzi na yewo. Gake hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míasubɔe eye míaku ɖe eŋu goŋgoŋ.

Míate ŋu awɔ esia ne míeku kutri vevie be míayi edzi alɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me. Abe ale si ko míedea nake dzo me be wòayi edzi anɔ bibim ene la, nenema kee wòle vevie be míayi edzi anɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la tum ɖo to eƒe Nya la sɔsrɔ̃, ŋugbledede le nu si míesrɔ̃ ŋu kple gbedodoɖa edziedzi me. (Ps. 1:2; Rom. 12:12) Eye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa aʋã mí be míawɔ nu si dzea eŋu le nu sia nu me. Azɔ hã, lɔlɔ̃ sia aʋã mí hã be míatrɔ dzi me vavã, ne nɔnɔmea va bia nenema. Míawo ya míawɔ nu abe Rehabeam ene o, ke boŋ míayi edzi ali ke le subɔsubɔ vavãtɔ me ɖaa.—Yuda 20, 21.

^ mm. 9 Esi Salomo mewɔ nuteƒe na Yehowa Mawu o ta la, Yehowa gblɔe ɖi xoxo be fiaɖuƒea ama ɖe eve.—1 Fia. 11:31.