Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Gbegbe Gbedoname Ðea Vii

Ale Si Gbegbe Gbedoname Ðea Vii

“ŊDI na wò! Alekee, èfɔa?”

Ðikeke mele eme o be èdo gbe na amewo alea kpɔ zi geɖe. Ðewohĩ, le gbedodo na amewo me la, ènaa asi wo alo wɔa atuu na wo. Ale si amewo doa gbe na wo nɔewo kple nya siwo wozãna la to vovo le teƒeteƒewo, gake taɖodzinuawo le ɖeka. Le nyateƒe me la, wobua ame si medoa gbe alo lɔ̃a gbe na ame o la be melɔ̃ ame o alo mebua ame o.

Gake menye ame sia amee dina be yeado gbe na ame o. Ame aɖewo hena ɖe megbe le gbedodo na amewo me le esi wokpea ŋu alo wosena le wo ɖokuiwo me be yewo mele ɖeke me o ta. Esesẽna na ame aɖewo hã be woado gbe na ame siwo ƒe ŋutigbalẽ, dekɔnu alo hadomeɖoƒe to vovo na wo tɔ. Ke hã, gbedoname kpui gɔ̃ hã tea ŋu ɖea vi geɖe.

Bia ɖokuiwò be: ‘Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso gbedodo na amewo me? Eye nu kae Mawu ƒe Nya la fia mí tso gbedodo na ame ŋu?’

DO GBE NA “AME ƑOMEVIWO KATÔ

Esi apostolo Petro xɔ Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ gbãtɔ, si nye Kornelio, va Kristo hamea me la, Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Dɔw. 10:34) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Petro gblɔ be Mawu “[di] be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Ðewohĩ, awɔ na mí gbã be ame siwo le nyateƒea srɔ̃m ŋue nya mawo ku ɖo. Gake Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo hã be: “Mibu ame ƒomeviwo katã, milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.” (1 Pet. 2:17) Eya ta, ɖe manyo be míado gbe na amewo metsɔ le woƒe ŋutigbalẽ, dekɔnu, alo afi si wotso me oa? Esia wɔwɔ nye mɔ aɖe si dzi míate ŋu ato ade bubu wo ŋu ahaɖe lɔlɔ̃ afia wo.

Apostolo Paulo de dzi ƒo na hamea be: “Mixɔ mia nɔewo, abe ale si ko Kristo la hã xɔ mii ene.” (Rom. 15:7) Paulo ƒo nu tso nɔviŋutsu siwo zu “ŋusẽdodo” nɛ la ŋu zi geɖe. Egbea hã, mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo hiã ŋusẽdodo geɖe, elabena dzi le Satana kum vevie ɖe Mawu ƒe amewo ŋu.—Kol. 4:11, etenuŋɔŋlɔ; Nyaɖ. 12:12, 17.

Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo ɖee fia be viɖe siwo dona tso gbedodo na amewo me la yi ŋgɔ wu nana be amewo ƒe dzi nadze eme ko.

VIÐE SIWO DONA TSOA GBEDODO NA AMEWO ME

Esime ɣeyiɣia de be woatsɔ Mawu ƒe Vi la ƒe agbe ade Maria ƒe vidzidɔ me la, Yehowa dɔ mawudɔla aɖe be wòaɖaƒo nu kple Maria. Mawudɔlaa dze eƒe nyaa gɔme ale: “Medo gbe na wò, wò, ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa li kpli wò.” Maria ‘ɖi vo ŋutɔ,’ elabe menya nu si tae mawudɔlaa le nu ƒom kpli ye o. Mawudɔlaa de dzesi esia eye wògblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, Maria, elabena Mawu ve nuwò.” Mawudɔlaa ɖe eme na Maria be tame si Mawu ɖo ɖe eŋue nye be wòadzi Mesia la. Azɔ, Maria ƒe dzi dze eme, eye wògblɔ bubutɔe be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe dɔlanyɔnue menye! Neva eme nam le wò nya la nu.”—Luka 1:26-38.

Mɔnukpɔkpɔe wònye na mawudɔlaa be Yehowa nadɔe; ke hã, mebu nuƒoƒo kple amegbetɔ madeblibo be enye ye ɖokui dada ɖe anyi o. Etsɔ gbedoname dze eƒe nyaa gɔme. Ðe manyo be míasrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu sia me oa? Ele be míanɔ klalo be míado gbe na amewo ahade dzi ƒo na wo. To nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ me la, míate ŋu ade dzi ƒo na amewo ahana woaka ɖe edzi be, vavãe, yewo hã yewole Yehowa ƒe amewo dome.

Paulo va nya nɔvi geɖewo le Asia Sue kple Europa bliboa. Le agbalẽ siwo wòŋlɔ dometɔ geɖe me la, eyɔ ame aɖewo ŋkɔ tẽe do gbe na wo. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Romatɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta 16 lia me. Paulo ɖo gbedonamewo ɖe ehati Kristotɔ geɖewo. Eyɔ Foibe “mía nɔvinyɔnu” la ŋkɔ, eye wòde dzi ƒo na nɔviawo be ‘woaxɔe le Aƒetɔ la me abe ale si dze ame kɔkɔewo ene, eye woana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã lae.’ Paulo do gbe na Priska kple Akwila hegblɔ be: “Menye nye ɖeɖe koe le akpe dam na wo o, ke hame siwo katã le dukɔwo me la hãe.” Edo gbe na nɔvi aɖewo siwo ŋu míenya nu tso egbea o la hã. Eyɔ wo dometɔ aɖe be “nye lɔlɔ̃tɔ Epeneto” eye wòdo gbe na eya kple “Trifena kple Trifosa, nyɔnu siwo dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la me.” Ɛ̃, Paulo do gbe na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo faa.—Rom. 16:1-16.

Bu ale si gbegbe dzi dzɔ nɔvi siawoe be Paulo ɖoa ŋku yewo dzi ŋu kpɔ. Esia anya wɔe be lɔlɔ̃ si le wo si na Paulo kple wo nɔewo me gasẽ ɖe edzi! Eye kakaɖedzitɔe la, gbedoname lɔlɔ̃tɔe mawo de dzi ƒo na Kristotɔ bubuwo hã, eye wòkpe ɖe wo ŋu woyi edzi li ke le xɔse la me. Ɛ̃, gbedoname siwo me míeɖea ɖetsɔleme vavãtɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu fiana le la nana xɔlɔ̃wɔwɔwo me gasẽna ɖe edzi eye wònana ɖekawɔwɔ nɔa Mawu subɔla wɔnuteƒewo dome.

Esi Paulo ɖo Puteoli melidzeƒea eye wòɖo ta Roma la, Kristotɔ siwo nɔ nuto mawo me la tso keke anyiehe va kpee. Esi Paulo kpɔ wo wogbɔna la, “eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.” (Dɔw. 28:13-15) Ɣeaɖewoɣi le nɔnɔmeawo ta la, ɖewohĩ alɔgbɔnu koe míate ŋu ako alo asi ko míate ŋu aʋuʋu atsɔ ado gbe na ame. Ke hã, esia gɔ̃ hã ate ŋu ado ŋusẽ ame si dzi nu te ɖo alo ame si lé blanui.

EÐO GƆMEÐOANYI NYUI

Eva hiã be nusrɔ̃la Yakobo naxlɔ̃ nu nɔvi aɖewo ŋkubiãtɔe. Kristotɔ aɖewo nɔ gbɔgbɔmehasi wɔm to xɔlɔ̃dzedze xexea me. (Yak. 4:4) Gake de dzesi ale si Yakobo dze eƒe nyaa gɔme le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe wo la me:

“Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi, le esia ŋlɔm ɖo ɖe to wuieve siwo ka hlẽ la: Medo gbe na mi!” (Yak. 1:1) Ðikeke mele eme o be enɔ bɔbɔe na ame siwo xlẽ eƒe agbalẽa be woaxɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa esi wokpɔe le eƒe gbedonamea me be yewo kplii siaa yewosɔ le Mawu ŋkume. Ɛ̃, gbedoname ɖokuibɔbɔtɔe ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na dzeɖoɖo tso nya siwo nye ŋkubiãnya gɔ̃ hã ŋu.

Ele be gbedoname nyuitɔ nanye esi tso dzi me eye wòaɖe lɔlɔ̃ vavã afia, ne ele kpuie gɔ̃ hã. Esia nye nyateƒe ne edze abe amea mesee o gɔ̃ hã. (Mat. 22:39) Nɔvinyɔnu aɖe si le Ireland la ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me le ɣeyiɣi si tututu dzi wole kpekpea gɔme dze ge. Esime wòwɔ kabakaba ge ɖe eme la, nɔviŋutsu aɖe trɔ, ko alɔgbɔnu hegblɔ nɛ be: “Wòe zɔ nɔvi. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpɔ wò.” Ðeko nɔvinyɔnua yi ɖanɔ anyi.

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, nɔvinyɔnua te ɖe nɔviŋutsua ŋu eye wògblɔ nɛ be, ɣeyiɣi aɖee nye esia yele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom le aƒe me. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Dzi nɔ kuyem vevie fiẽ ma ale gbegbe be esusɔ vie nyemeva Fiaɖuƒe Akpataa me o. Nyemate ŋu aɖo ŋku nu boo aɖeke dzi le kpekpe ma me o, negbe wò gbedonamea ko. Ena nye dzi dze eme ŋutɔ. Akpe na wò.”

Nɔviŋutsua menya ale si gbegbe eƒe gbedoname kpui ma wɔ dɔ ɖe nɔvinyɔnua dzi o. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Esi wògblɔ ale si nya mawo wɔ dɔ ɖe edzi nam la, dzi dzɔm ŋutɔ be medo gbe nɛ. Ena nye hã nye dzi dze eme.”

Salomo ŋlɔ bena: “Da wò abolo ɖo ɖe tɔwo dzi, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖe megbe.” (Nyagb. 11:1) Ne akpa vevi si gbedoname wɔna nɔa susu me na mí esime míele gbe dom na amewo, vevietɔ mía nɔvi Kristotɔwo la, esia ɖea vi na mía kple woamawo siaa. Eya ta, neva eme be míagabu ale si gbegbe gbedoname wɔa dɔ ɖe ame dzi la nu tsɛe gbeɖe o.