Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene

Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene

‘Mele biabiam be wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim ene.’—YOH. 17:20, 21.

HADZIDZI: 24, 99

1, 2. (a) Nu kae Yesu bia Mawu le gbe mamlɛtɔ si wòdo ɖa kple eƒe apostolowo me? (b) Susu ka tae Yesu anya tsi dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu?

YESU tsi dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu esime wònɔ fiẽnu mamlɛtɔ ɖum kple eƒe apostolowo. Esime wònɔ gbe dom ɖa kpli wo la, egblɔ be yedi be yeƒe nusrɔ̃lawo katã nawɔ ɖeka, abe ale si ye kple ye Fofo yewowɔ ɖeka ene. (Xlẽ Yohanes 17:20, 21.) Woƒe ɖekawɔwɔa anye ɖaseɖiɖi nyui aɖe kple kpeɖodzi sẽŋu be Yehowae dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòava wɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Ne lɔlɔ̃ le wo dome la, ana amewo nade dzesii be wonye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo eye ana ɖekawɔwɔ si le wo dome nagasẽ ɖe edzi.—Yoh. 13:34, 35.

2 Esɔ be Yesu te gbe ɖe ɖekawɔwɔ dzi nenema gbegbe. Le fiẽnu mamlɛtɔ ma ɖuɣi kple ɣebubuɣiwo la, ede dzesii be ɖekawɔwɔ menɔ yeƒe apostolowo dome o. Abe ale si wowɔ ɣeaɖewoɣi va yi ene la, wogaʋli nya le wo nɔewo dome le “wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.” (Luka 22:24-27; Marko 9:33, 34) Gbe ɖeka Yakobo kple Yohanes bia tso Yesu si be wòana yewoanɔ bubunɔƒewo le egbɔ le eƒe Fiaɖuƒea me.—Marko 10:35-40.

3. Nu kawoe anya wɔe be ɖekawɔwɔ menɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dome o, eye biabia kawo mee míadzro?

3 Menye didi si nɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo me be yewoanɔ bubunɔƒe la ɖeɖe koe nye nu si ate ŋu agblẽ woƒe ɖekawɔwɔa dome o. Fuléle kple nazãbubu wɔe be mama nɔ Yesu ŋɔlimetɔwo dome. Ehiã be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo naɖu nɔnɔme gbegblẽ mawo dzi. Le nyati sia me la, míadzro biabia siwo gbɔna me: Nu kae Yesu wɔ tso nazãbubu ŋu? Aleke wòkpe ɖe eyomedzelawo ŋu wosrɔ̃ ale si woawɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe kple ale si woawɔ be ɖekawɔwɔ vavãtɔ nanɔ wo dome? Eye aleke eƒe nufiafiawo akpe ɖe mía ŋu be míalé míaƒe ɖekawɔwɔa me ɖe asi?

ALE SI AMEWO BU NAZÃ ÐE YESU KPLE EYOMEDZELAWO ŊUI

4. Gblɔ ale si amewo bu nazã ɖe Yesu ŋu la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

4 Amewo bu nazã ɖe Yesu ŋutɔ hã ŋu. Esime Filipo gblɔ na Nataniel be yeke ɖe Mesia la ŋu la, Nataniel ɖo eŋu nɛ be: ‘Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret-a?’ (Yoh. 1:46) Edze ƒãa be Nataniel nya nyagblɔɖi si le Mika 5:2, eye ebui be Nazaret nye du tsɛ aɖe, eya ta, Mesia la mate ŋu atso afi ma o. Nenema kee Yudatɔ ame ŋkutawo do vlo Yesu le esi wònye Galileatɔ ta. (Yoh. 7:52) Yudatɔ geɖewo bua Galileatɔwo be womele ɖeke me o. Yudatɔ bubuwo hã dzu Yesu be enye Samariatɔ. (Yoh. 8:48) Samariatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple woƒe subɔsubɔ to vovo na Yudatɔwo tɔ. Eya ta, Yudatɔwo kple Galileatɔwo siaa mebua Samariatɔwo ɖe nemi me o, eye woƒoa asa na wo.—Yoh. 4:9.

5. Aleke amewo bu nazã ɖe Yesu yomedzelawo ŋu?

5 Yudatɔwo ƒe kplɔlawo hã do vlo Yesu yomedzelawo. Farisitɔwo bu wo be wonye ‘fiƒodemewo.’ (Yoh. 7:47-49) Ɛ̃, wobua ame sia ame si mede rabiwo ƒe sukuwo alo ame si mewɔa woƒe kɔnyinyiwo dzi o la be enye ame ɖigbɔ kple ame tsɛ. (Dɔw. 4:13, etenuŋɔŋlɔ) Dada si le amewo me ɖe woƒe mawusubɔsubɔ, hadomeɖoƒe kple to si me tɔwo wonye ŋu tae wobu nazã ɖe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɖo. Nazãbubu ƒe gbɔgbɔ ma nɔ nusrɔ̃lawo hã me. Eya ta, hafi woate ŋu awɔ ɖeka la, ele be woatrɔ woƒe nuŋububu kura.

6. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖe ale si nazãbubu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la fia.

6 Egbea, nazãbubu xɔ aƒe ɖe xexe si me míele la me. Amewo ate ŋu abu nazã ɖe mía ŋu, alo ate ŋu adzɔ be míawo ŋutɔwo míabu nazã ɖe amewo ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si le Australia, si nye mɔɖela fifia, la gblɔ be: “Ale si melé fu yevuwo la nu gasẽ ɖe edzi esi metsɔ susu ɖo nu madzɔmadzɔ siwo yevuwo wɔ ɖe Australia vidzidziwo ŋu le blema kple egbea siaa ŋu. Nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe nye ŋutɔ ŋunye la wɔe be melé fu wo ɖikaa.” Nɔviŋutsu aɖe si le Canada la bua nazã ɖe gbe bubu dolawo ŋu tsã. Egblɔ be: ‘Mebunɛ be Canadatɔ siwo nye Fransegbedolawo nyo wu Canadatɔ Eŋlisigbedolawo. Eya ta nyemelɔ̃a Canadatɔ Eŋlisigbedolawo ƒe nya o.’

7. Nu kae Yesu wɔ tso nazãbubu ŋu?

7 Nazãbubu ƒe gbɔgbɔ ate ŋu aƒo ke ɖe to sesĩe ɖe amewo me egbea abe ale si ko wònɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ene. Nu kae Yesu wɔ tso eŋu? Gbã la, eya ŋutɔ mebua nazã ɖe amewo ŋu o, eye medea vovototo amewo me o. Eɖe gbeƒã na kesinɔtɔwo kple ame dahewo, Farisitɔwo kple Samariatɔwo, eye eɖe gbeƒã na adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã. Evelia, eto eƒe nufiafia kple agbenɔnɔ dzi ɖee fia eƒe nusrɔ̃lawo be ele be woadzudzɔ nazãbubu alo susu manyomanyowo bubu ɖe amewo ŋu.

LƆLƆ̃ KPLE ÐOKUIBƆBƆ AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAÐU NAZÃBUBU DZI

8. Nufiamenya vevi kae kpena ɖe Kristotɔwo ŋu wowɔa ɖeka? Ðe eme.

8 Yesu fia nu vevi aɖe eyomedzelawo si kpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖeka. Egblɔ na wo be: “Mi katã la, nɔviwo mienye.” (Xlẽ Mateo 23:8, 9.) Gbã la, gɔmesese aɖe si nu míenye “nɔviwo” le ye nye be Adam ƒe dzidzimeviwoe mí katã míenye. (Dɔw. 17:26) Gake mese ɖe afi ma o. Yesu ɖe eme be yeƒe nusrɔ̃lawo nye nɔviwo, elabena wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye yewo Fofo si le dziƒo. (Mat. 12:50) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wova zu gbɔgbɔmeƒome gã ɖeka me tɔwo, eye lɔlɔ̃ kple xɔse na wowɔ ɖeka. Esia ta, apostoloawo yɔa hati Kristotɔwo be “nɔviwo.”—Rom. 1:13; 1 Pet. 2:17; 1 Yoh. 3:13.

9, 10. (a) Nu ka tae susu aɖeke meli si tae wòle be Yudatɔwo nasusu be yewonyo wu dukɔ bubu me tɔwo o? (b) Aleke Yesu ɖee fia be mesɔ be míabu dukɔ bubu me tɔwo be womele ɖeke me o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Esi Yesu na eme kɔ ƒãa be ele be míabu mía nɔewo be nɔviwo míenye vɔ la, ete gbe ɖe edzi be ɖokuibɔbɔ le vevie. (Xlẽ Mateo 23:11, 12.) Abe ale si míekpɔe ene la, dadagbɔgbɔ si nɔ apostoloawo me la wɔe be masɔmasɔ ɖo wo dome ɣeaɖewoɣi. Eye anɔ eme be dada si nɔ wo me le dukɔ si me tɔwo wonye ta hã nye kuxia ƒe akpa aɖe. Ðe susu aɖe li si tae wòle be Yudatɔwo nada le esi wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta? Dada sia nu sẽ ɖe Yudatɔ geɖe me. Gake Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gblɔ na wo be: “Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham.”—Luka 3:8.

10 Yesu ƒo nu tsi tre ɖe dada ma ƒomevi ŋu. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu dɔ tsɔ wɔ esia esi agbalẽfiala aɖe biae be: “Ame ka tututue nye hanyevi?” Le nyaa ŋu ɖoɖo me la, Yesu wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe Samariatɔ dɔmenyotɔ aɖe si lé be na Yudatɔ mɔzɔla aɖe si fiafitɔwo ƒo vevie la ŋu. Yudatɔwo va to ŋutsua ŋu gake womekpe ɖe eŋu o, ke Samariatɔ aɖe ya kpɔ nublanui nɛ. Le kpɔɖeŋua ta ƒoƒo me la, Yesu gblɔ na agbalẽfiala ma be eya hã newɔ abe Samariatɔ la ene. (Luka 10:25-37) Yesu ɖee fia be Samariatɔ ate ŋu afia nu si havilɔlɔ̃ vavãtɔ fia la Yudatɔwo.

11. Nu ka tae wòhiã be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nawɔ nu ɖe amedzrowo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, eye aleke Yesu kpe ɖe wo ŋu wose esia gɔme?

11 Hafi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nate ŋu awɔ dɔ si wòde wo si la, ehiã be woaɖe asi le dada kple nazãbubu ƒe gbɔgbɔ si le wo me la ŋu. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede dɔ asi na wo be woaɖi ɖase le “Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Yesu dzra wo ɖo ɖe dɔ gã nyadri sia wɔwɔ ŋu esi wòhe woƒe susu yi nɔnɔme nyui siwo le dukɔ bubu me tɔwo si la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ekafu asrafomegã aɖe si nye dukɔ bubu me tɔ la ɖe xɔse gã si le esi la ta. (Mat. 8:5-10) Esi Yesu nɔ Nazaret la, eƒo nu tso ale si Yehowa ve dukɔ bubu me tɔ aɖewo nu la ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye ahosi si nye Foiniketɔ si tso Zarefat kple Siriatɔ Naaman si nye anyidɔlélaa. (Luka 4:25-27) Eye menye ɖeko Yesu ɖe gbeƒã na Samaria nyɔnu aɖe ko o, ke etsi Samariatɔwo ƒe du aɖe me ŋkeke eve le esi dua me tɔwo di vevie be yewoase eƒe gbedeasia ta.—Yoh. 4:21-24, 40.

EHIÃ BE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME KRISTOTƆWO NAÐU NAZÃBUBU DZI

12, 13. (a) Aleke apostoloawo wɔ nui esi wokpɔ Yesu wònɔ nu fiam Samaria nyɔnu aɖe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae ɖee fia be Yakobo kple Yohanes mese nu si Yesu di be yeafia wo la gɔme o?

12 Gake menɔ bɔbɔe na apostoloawo be woadzudzɔ nazãbubu o. Esi wokpɔ Yesu wònɔ nu fiam Samaria nyɔnu aɖe la, ewɔ nuku na wo. (Yoh. 4:9, 27) Yuda subɔsubɔhakplɔlawo meƒoa nu na nyɔnuwo le dutoƒo o, ʋuu keke wòahayi Samaria nyɔnu si ŋu ŋkɔ nyui mele o la nye ge. Apostoloawo gblɔ na Yesu be wòaɖu nu. Gake ale si wòɖo nya ŋu na wo la ɖee fia be eƒe susu ku ɖe nu si fiam wònɔ nyɔnua la ŋu ale gbegbe be metsi dzi ɖe nuɖuɖu ŋu o. Fofoa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be wòaɖe gbeƒã na amewo katã, ne Samaria nyɔnue gɔ̃ hã, eye esia wɔwɔ nɔ vevie nɛ abe nuɖuɖu ene.—Yoh. 4:31-34.

13 Yakobo kple Yohanes mese nu si Yesu di be yeafia wo la gɔme o. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ zɔm to Samaria nutoa me la, nusrɔ̃lawo yi ɖadi dzeƒe le Samariatɔwo ƒe kɔƒe aɖe me. Gake Samariatɔwo gbe be yewomaxɔ wo o, eya ta dzi ku Yakobo kple Yohanes eye wogblɔ na Yesu be nena yewoana dzo nage tso dziƒo ava tsrɔ̃ kɔƒe bliboa. Yesu ka mo na wo vevie le esia ta. (Luka 9:51-56) Ne ɖe Galilea, si nye nuto si me wotso la ƒe kɔƒe aɖe me tɔwoe gbe be yewomaxɔ wo o la, ɖe Yakobo kple Yohanes awɔ nu alea? Edze ƒãa be nazãbubu si nɔ wo me lae wɔe be kɔƒea me tɔwo ƒe nu ku dzi na wo nenema ɖo. Anɔ eme be ŋu va kpe apostolo Yohanes vie ɖe eƒe dziku ma ta, elabena esi wòva ɖe gbeƒã le Samaria nutoa me ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame geɖe xɔ gbedeasia nyuie.—Dɔw. 8:14, 25.

14. Aleke wokpɔ masɔmasɔ aɖe si do mo ɖa le gbe vovovo dolawo dome la gbɔe?

14 Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste ŋkekea megbe kpuie la, vovototodedeameme ƒe nya aɖe do mo ɖa. Esi wonɔ nuɖuɖu mam na ahosi dahewo la, wogblẽ ahosi siwo nye Helagbe dolawo la ɖi. (Dɔw. 6:1) Anɔ eme be vovototodedeameme le gbe si wòdona ta hã nye kuxia ƒe akpa aɖe. Gake apostoloawo ɖɔ nuwo ɖo kaba esi wotia ŋutsu siwo dze la be woakpɔ nuɖuɖumama ƒe dɔa dzi. Helatɔwo ƒe ŋkɔwoe nɔ ŋutsu siwo katã wotia la si. Esia anya wɔe be ahosi siwo ŋu wowɔ nu ma ɖo la ƒe dzi dze eme.

15. Aleke Petro va srɔ̃ ale si wòawɔ nu ɖe amewo katã ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

15 Le ƒe 36 K.Ŋ. me la, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa keke ta ɖo dukɔ geɖe me. Hadede kple Yudatɔwoe ma apostolo Petro. Gake esi Mawu ɖee fia kɔtɛ be mele be Kristotɔwo nakpɔ ame ŋkume o la, Petro ɖe gbeƒã na Roma srafo aɖe si ŋkɔe nye Kornelio. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:28, 34, 35.) Esia megbe la, Petro se vivi le hadede kple haxɔsetɔ siwo nye Dukɔwo me tɔwo la me. Gake le ƒe aɖewo megbe la, Petro va dzudzɔ nuɖuɖu kple Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la le Antiokia. (Gal. 2:11-14) Eya ta, Paulo ka mo na Petro vevie, eye edze ƒãa be eya hã lɔ̃ faa wɔ ɖɔɖɔɖo si hiã. Aleke míewɔ nya? Le agbalẽ gbãtɔ si Petro ŋlɔ na Yudatɔ Kristotɔwo kple Kristotɔ siwo nye Dukɔwo me tɔwo siwo nɔ Asia Sue me la, egblɔ be ele vevie be woalɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.1 Pet. 1:1; 2:17.

16. Aleke amewo nya Kristotɔ gbãtɔwoe?

16 Edze ƒãa be apostoloawo srɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na wo be woalɔ̃ “ame ƒomeviwo katã” la me. (Yoh. 12:32; 1 Tim. 4:10) Wova trɔ woƒe nuŋububu mlɔeba togbɔ be esia xɔ ɣeyiɣi geɖe hã. Amewo nya Kristotɔ gbãtɔwo be wolɔ̃ wo nɔewo. Tertullian, si nye agbalẽŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa evelia me la, gblɔ be amewo gblɔna tso Kristotɔwo ŋu be: “Wolɔ̃ wo nɔewo . . . Wolɔ̃na faa be yewoaku ɖe yewo nɔewo ta gɔ̃ hã.” Esi Kristotɔ gbãtɔwo ‘do amenyenye yeyea’ ta la, wova bua amewo katã be wosɔ le Mawu ŋkume.—Kol. 3:10, 11.

17. Aleke míawɔ be míadzudzɔ nazãbubu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

17 Le míawo hã gome egbea la, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi míadzudzɔ nazãbubu keŋkeŋ. Nɔvinyɔnu aɖe si le France la ɖɔ avu si wɔm wòle la ale: “Yehowa fia nu si wòfia be woalɔ̃ ame, nu si wòfia be woana nu ame kple nu si wòfia be woalɔ̃ ame ƒomeviwo katã lam. Gake megale agbagba dzem kokoko be madzudzɔ susu manyomanyowo bubu ɖe ame ƒomevi bubuwo ŋu, eye menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Esia tae meyi edzi le gbe dom ɖa tso eŋu ɖo.” Avu sia tɔgbi ke wɔm nɔvinyɔnu aɖe si le Spain la le; egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena nam be maɖu fuléle si le menye ɖe to aɖe me tɔwo ŋu la dzi, eye zi geɖe la, metea ŋu ɖua ɖokuinye dzi. Gake menyae be ehiã be mayi avua wɔwɔ dzi. Medaa akpe na Yehowa, elabe dzi le dzɔyem be menye ƒome si wɔ ɖeka la me tɔ.” Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adzro eɖokui me anukwaretɔe. Ðe wòanye be ele be míawo ŋutɔwo hã míaʋli vevie be míaɖu nazãbubu si le mía me ɖe ame aɖewo ŋu la dzi abe ale si wònɔ le nɔvinyɔnu eve siawo gome enea?

NE LƆLƆ̃ NU LE SESẼM LA, NAZÃBUBU NU YINA

18, 19. (a) Susu nyui kawo tae wòle be míaxɔ amewo katã? (b) Mɔ kawo dzie míate ŋu ato awɔ esia?

18 Enyo be míaɖo ŋku edzi be, ɣeaɖeɣi va yi la, mí katã míenye “ame tutɔwo” le Mawu ŋkume, si fia be ƒomedodo nyui menɔ mía kplii dome o. (Ef. 2:12) Gake Yehowa tsɔ “lɔlɔ̃ka” he mí va eɖokui gbɔ. (Hos. 11:4; Yoh. 6:44) Eye Kristo xɔ mí nyuie. Eʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na mí, ale be míate ŋu ava zu Mawu ƒe ƒomea me tɔwo. (Xlẽ Romatɔwo 15:7.) Míede blibo o, ke hã Yesu lɔ̃ faa xɔ mí, eya ta, ele be wòade megbe xaa tso mía gbɔ be míagbe ame aɖe!

Yehowa subɔlawo tiaa nunya si tso dziƒo la yome eye wowɔ ɖeka helɔ̃ wo nɔewo (Kpɔ memama 19)

19 Ðikeke mele eme o be mamawo, nazãbubu kple fuléle anɔ gã dom ɖe edzi le xexe sia me esime nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum. (Gal. 5:19-21; 2 Tim. 3:13) Gake esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míetiaa nunya si tso dziƒo la yome, eye nunya sia medea vovototo amewo me o, ke boŋ ewɔa ŋutifafa. (Yak. 3:17, 18) Dzidzɔe wònyena na mí be míadze xɔlɔ̃ ame siwo tso dukɔ bubuwo me, míade bubu woƒe dekɔnuwo ŋu eye míalɔ̃ asrɔ̃ wo degbe gɔ̃ hã. Ne míewɔa esia la, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, míaƒe ŋutifafa nɔna abe tɔsisi ene, eye míaƒe dzɔdzɔenyenye hã nɔna abe ƒutsotsoewo ene.—Yes. 48:17, 18.

20. Nu kae dzɔna ne lɔlɔ̃ na míetrɔ ale si míebua nu ŋui kple ale si míesena le mía ɖokui me ɖe amewo ŋu?’

20 Nɔvinyɔnu si tso Australia, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ tso ŋusẽ nyui si Biblia sɔsrɔ̃ kpɔ ɖe edzi la ŋu be, “eʋu sidzedze vavãtɔ ƒe tsigbowo” na ye. Egblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe nye susu kple nye dzi dzi. Esia wɔe be nazãbubu kple fuléle siwo ƒo ke ɖe menye la katã nu yi.” Eye nɔviŋutsu si tso Canada la gblɔ be fifia yekpɔe be “zi geɖe la, manyae wɔnɛ be amewo dea vovototo amewo me le afi si wotso ta, eye amewo ƒe amenyenye menɔa te ɖe afi si wodzi wo ɖo dzi o.” Emegbe eɖe nɔvinyɔnu si nye Eŋlisigbedola! Tɔtrɔ siawo tɔgbi ɖoa kpe edzi be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖua nazãbubu dzi. Enana míewɔa ɖeka eye tsi metoa mía dome o.—Kol. 3:14.