Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Mawu Ƒe Sewo Kple Gɔmeɖosewo Namla Wò Dzitsinya

Na Mawu Ƒe Sewo Kple Gɔmeɖosewo Namla Wò Dzitsinya

“Wò ŋkuɖodzinyawo ŋue medea ŋugble le.”—PS. 119:99.

HADZIDZI: 127, 88

1. Nu siwo na amegbetɔwo de ŋgɔ wu lãwo la dometɔ ɖeka ɖe?

NU SIWO na be amegbetɔwo de ŋgɔ wu lãwo la dometɔ ɖekae nye be Mawu na dzitsinya mí. Aleae wòle tso esime Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe anyigba dzi. Aleke míewɔ nya be dzitsinya nɔ Adam kple Xawa si? Esi woda le Mawu ƒe se dzi megbe la, woɣla wo ɖokuiwo. Esia fia be woƒe dzitsinya nɔ fɔ bum wo.

2. Aleke míaƒe dzitsinya ate ŋu anɔ abe taɖoƒefianu ene na mí? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Ame siwo memla woƒe dzitsinya nyuie o la le abe tɔdziʋu aɖe si ƒe taɖoƒefianu mele dɔ wɔm nyuie o ene. Ne tɔdziʋukula tsɔ tɔdziʋu si ƒe taɖoƒefianu mele dɔ wɔm nyuie o le mɔ zɔm la, afɔku ate ŋu adzɔ. Ya kple ƒutsotsoewo ate ŋu ana tɔdziʋua natra mɔ bɔbɔe. Gake taɖoƒefianu si le dɔ wɔm nyuie la ate ŋu akpe ɖe tɔdziʋukulaa ŋu wòaku tɔdziʋua ava dze go dedie. Míaƒe dzitsinya le abe taɖoƒefianu ene; efiaa mɔ mí le agbe nyui nɔnɔ gome. Enye seselelãme si le mía me si nana míedea vovo nyui kple vɔ̃ dome ale be míate ŋu awɔ nu si sɔ. Gake hafi míaƒe dzitsinya nate ŋu afia mɔ mí nyuie la, ele be míamlae nyuie.

3. Ne míemla míaƒe dzitsinya nyuie o la, nu kae ate ŋu ado tso eme?

3 Ne míemla míaƒe dzitsinya nyuie o la, mate ŋu axlɔ̃ nu mí ne míeyina nu gbegblẽ wɔ ge o. (1 Tim. 4:1, 2) Dzitsinya sia tɔgbi ate ŋu ana be míabu “vɔ̃ be nyui” gɔ̃ hã. (Yes. 5:20) Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Gaƒoƒo gbɔna esime ame sia ame si awu mi la asusu be yewɔ dɔ kɔkɔe na Mawu.” (Yoh. 16:2) Aleae wònɔ le ame siwo wu nusrɔ̃la Stefano la gome, eye nenemae wònɔ le ame bubuwo hã gome. (Dɔw. 6:8, 12; 7:54-60) Tso blema ke la, ame siwo gblɔna be yewonye mawusubɔlawo la wu amewo hewɔ nu tovo bubuwo le Mawu ƒe ŋkɔ me, evɔ nuwɔna mawo nye Ame si wogblɔ be yewole subɔsubɔm la ƒe sewo dzi dada! (2 Mose 20:13) Eme kɔ ƒãa be woƒe dzitsinya mele dɔ wɔm nyuie o!

4. Nu kae míawɔ be míaƒe dzitsinya nanɔ dɔ wɔm nyuie?

4 Nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe dzitsinya nanɔ dɔ wɔm nyuie? Se kple gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me la nyo “na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Tim. 3:16) Eya ta, ne míesrɔ̃a Biblia edziedzi hedea ŋugble le nu siwo míesrɔ̃ ŋu eye míenɔa agbe ɖe wo nu la, esia amla míaƒe dzitsinya ale be míaƒe nuŋububu nava wɔ ɖeka kple Yehowa tɔ geɖe wu. Ekema, míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe dzitsinya afia mɔ mí nyuie. Na míakpɔ ale si Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míamla míaƒe dzitsinyae ɖa.

NA MAWU ƑE SEWO NAMLA WÒ

5, 6. Aleke Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖea vi na mí?

5 Hafi Mawu ƒe sewo naɖe vi na mí la, ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu wo xexlẽ alo wo nyanya ko. Ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ Mawu ƒe sewo ahade bubu wo ŋu. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.” (Amos 5:15) Gake aleke tututu míate ŋu awɔ esia? Mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míasrɔ̃ ale si míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be mète ŋu le alɔ̃ dɔm nyuie o. Èyi ɖakpɔ wò ɖɔkta eye wòɖo aɖaŋu na wò le nu si nàɖu, ale si nàde kame kple tɔtrɔ bubu siwo nàwɔ le wò agbe me ŋu. Esi nèwɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la, èkpɔe be èva le alɔ̃ dɔm nyuie azɔ! Edze ƒãa be àde asixɔxɔ aɖaŋu si wò ɖɔktaa ɖo na wò la ŋu le esi wòde wò lãmesẽ dzi ta.

6 Nenema kee mía Wɔlaa de se siwo ate ŋu akpɔ mía ta tso nu siwo nu vɔ̃ wɔwɔ gblẽna le ame ŋu la me ale be agbea nadze edzi na mí. Bu viɖe siwo míekpɔna ne míewɔna ɖe Biblia me se siwo ku ɖe aʋatsokaka, tame vɔ̃ ɖoɖo, fififi, gbɔdɔdɔ manɔsenu, ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ ŋu ŋuti kpɔ. (Xlẽ Lododowo 6:16-19; Nyaɖ. 21:8) Ne míenɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu eye míekpɔ teƒeɖoɖo siwo do tso eme la, míeva lɔ̃a Yehowa kple eƒe sewo geɖe wu, eye míegadea asixɔxɔ wo ŋu wu tsã.

7. Aleke amewo ƒe ŋutinya siwo le Biblia me la xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

7 Dzidzɔtɔe la, mehiã be fukpekpe siwo Mawu ƒe sewo dzi dada hena vɛ la nava mía dzi hafi míade vovo nyui kple vɔ̃ dome o. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo da vo le blema, siwo ƒe ŋutinyawo le Mawu ƒe Nyaa me la ƒe vodadawo me. Lododowo 1:5 gblɔ be: “Nunyala asee, eye wòasrɔ̃ nu geɖe akpee.” Vavãe, ne míele amewo ƒe ŋutinyawo kple nya bubuwo xlẽm le Biblia me hele ŋugble dem le wo ŋu la, míele nufiame nyuitɔ kekeake xɔm tso Mawu gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu fu siwo gbegbe Fia David kpe esi wòda le Yehowa ƒe se dzi hewɔ ahasi kple Bat-Seba ŋu kpɔ. (2 Sam. 12:7-14) Ne míele ŋutinya sia xlẽm hele ŋugble dem le nu si dzɔ ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Anye ne aleke Fia David ate ŋu aƒo asa na fu siwo katã wòkpe le ahasi si wòwɔ kple Bat-Seba ta la hafi? Ne tetekpɔ sia tɔgbi va dzinye la, ɖe mate ŋu aɖu ɖokuinye dzi ahatrɔ ɖa le vɔ̃wɔwɔ ŋua? Ðe masi abe Yosef enea, alo ɖe maƒo ta ɖe eme abe ale si David wɔe enea?’ (1 Mose 39:11-15) Ne míedea ŋugble le fukpekpe siwo nu vɔ̃ hena vɛ ŋu la, esia ado ŋusẽ míaƒe dziwo be ‘míalé fu vɔ̃.’

8, 9. (a) Taɖodzinu ka tae Mawu na dzitsinya mí ɖo? (b) Aleke Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe míaƒe dzitsinya ŋu wòwɔa dɔ nyuie?

8 Ðewohĩ, míeƒoa asa na nuwɔna siwo Mawu lé fui. Ke hã, nu bubuwo alo agbemenya aɖewo li siwo ŋu womede se ɖo tẽe le Ŋɔŋlɔawo me o. Le go siawo tɔgbi me la, aleke míawɔ anya nu si sɔ kple nu si dzea Mawu ŋu? Afi siae dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la hiã le.

9 Esi Yehowa lɔ̃ mí ta la, ena gɔmeɖose siwo ate ŋu afia mɔ míaƒe dzitsinya la mí. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Nye Yehowae nye wò Mawu, Nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò.” (Yes. 48:17, 18) Ne míedea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu eye míenana wowɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi la, míate ŋu aɖɔ míaƒe dzitsinya ɖo ahamlae. Esia kpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me nyuie.

NA BIBLIA ME GƆMEÐOSEWO NAFIA MƆ WÒ

10. Nu kae nye gɔmeɖose, eye aleke Yesu wɔ wo ŋu dɔ nyuie?

10 Gɔmeɖose nye nyateƒenya vevi si fiaa mɔ míaƒe nuŋububu eye wòkpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me nyuie. Hafi míase gɔmeɖose aɖe gɔme la, ele be míase Senalaa ƒe nuŋububu kple susu siwo tae wòde se aɖewo ɖo la gɔme. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, efia nyateƒenya veviwo eƒe nusrɔ̃lawo be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nɔnɔme alo nuwɔna aɖewo me tsonuwo adze sii. Le kpɔɖeŋu me, efia nu be ameléleɖedɔme tea ŋu kplɔa ame dea ŋutasẽnuwɔwɔ me eye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo tea ŋu kplɔa ame dea ahasiwɔwɔ me. (Mat. 5:21, 22, 27, 28) Hafi míate ŋu amla míaƒe dzitsinya nyuie la, ele be míaɖe mɔ Biblia me gɔmeɖosewo nafia mɔ mí, eye esia ahe kafukafu vɛ na Mawu.—1 Kor. 10:31.

Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la bua ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu (Kpɔ memama 11, 12)

11. Aleke ame aɖe ƒe dzitsinya ate ŋu ato vovo na ame bubu tɔe?

11 Le nya aɖewo gome la, Kristotɔ siwo tsɔ Biblia na hehe woƒe dzitsinya gɔ̃ hã ƒe nyametsotsowo ato vovo. De ŋugble le aha muamewo zazã ŋu kpɔ. Biblia meƒo nu tsi tre ɖe aha sesẽ nono le ŋuɖɔɖo me ŋu o. Ke hã, exlɔ̃ nu ku ɖe aha tsu nono kple ahamumu ŋu. (Lod. 20:1; 1 Tim. 3:8) Ðe esia fia be ne Kristotɔ aɖe noa aha sesẽ le ŋuɖɔɖo me ko la, megahiã be wòatsɔ ɖe le nu bubu siwo ku ɖe nya sia ŋu me oa? Kura o. Togbɔ be aha sesẽ nono meɖea fu na eƒe dzitsinya o hã, ele be wòabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu.

12. Aleke nya si dze le Romatɔwo 14:21 la ʋãa mí míedea bubu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu?

12 Paulo ɖee fia be ele be míade bubu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu esi wòŋlɔ bena: “Enyo be nàgaɖu lã, ano wain, alo awɔ nane si aɖia nɔviwò nu o.” (Rom. 14:21) Togbɔ be èkpɔ mɔ awɔ nanewo hã la, ɖe nàlɔ̃ faa aɖe asi le wo ŋu ne ènya be nu mawo ate ŋu aɖia nɔviwò si ƒe dzitsinya to vovo na tɔwò la nua? Ðikeke mele eme o be àwɔe nenema. Hafi mía nɔvi aɖewo nava xɔ nyateƒea la, aha tsu nono nye kuxi na wo, gake fifia, woɖoe kplikpaa be yewoaƒo asa na aha sesẽ nono. Mía dometɔ aɖeke madi gbeɖe be yeƒe nuwɔna nawɔe be mía nɔvi aɖe nagaƒo eɖokui ɖe eƒe tsãgbenɔnɔ si agblẽ nu le eŋu vevie la me o! (1 Kor. 6:9, 10) Eya ta, ne nɔvi aɖe kpe nɔviwo va eƒe me eye wo dometɔ aɖe gbe be yemano aha sesẽ o la, manye lɔlɔ̃ɖeɖefia be wòaƒoe ɖe nɔvia nu be wòano aha sesẽa o.

13. Aleke Timoteo ɖo kpɔɖeŋu nyui le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me?

13 Timoteo ɖekakpui la anya nɔ eƒe ƒewuiwo ƒe nuwuwu loo alo anya ge ɖe eƒe ƒe 20-awo me teti koe wòlɔ̃ faa be woatso aʋa na ye. Nu si tae nye be medi be yeaɖia Yudatɔ siwo yele gbeƒã ɖe ge na la nu le esi yenye aʋamatsomatsotɔ ta o. Nɔnɔme sia ɖe dzesi le apostolo Paulo hã ŋu. (Dɔw. 16:3; 1 Kor. 9:19-23) Ðe wò hã àlɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe ɖe ame bubuwo ƒe viɖe ta abe ale si Timoteo wɔe enea?

“MINA MÍAYI ŊGƆ AÐO TSITSINYENYE GBƆ”

14, 15. (a) Nu kae wòbia be míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ? (b) Aleke lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo ɖenɛ fiana be Kristotɔ tsi le gbɔgbɔ me?

14 Ele be wòanye Kristotɔwo katã ƒe didi be yewoadze agbagba agbɔ “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” nyanya ŋu ahayi “ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.” (Heb. 6:1) Esia mevana le eɖokui si o. Ehiã be ‘míayi ŋgɔ,’ si fia be míanɔ agbagba dzem le eŋu. Ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ bia be míaƒe sidzedze kple nugɔmesese nadzi ɖe edzi. Esia tae wodea dzi ƒo na mí enuenu be míaxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbe sia gbe. (Ps. 1:1-3) Ðe esia nye wò taɖodzinua? Ne èwɔa esia la, àva se Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo gɔme nyuie wu eye àgase Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe edzi.

15 Se vevitɔ si wode na Kristotɔwo lae nye lɔlɔ̃ ƒe se la. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Yesu dadavi Yakobo yɔ lɔlɔ̃ be “fiasedede la.” (Yak. 2:8) Paulo gblɔ be: “Lɔlɔ̃e nye sedziwɔwɔ.” (Rom. 13:10) Mewɔ nuku be wote gbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi o, elabe Biblia gblɔ na mí be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) Menye seselelãme dzro koe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nye o. Yohanes ŋlɔ bena: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía me, be Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to eya amea dzi.” (1 Yoh. 4:9) Ɛ̃, Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ la fia to nuwɔna me. Zi ale si míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa kple Via kpakple mía nɔvi Kristotɔwo kple ame bubuwo la, ekema míele eɖem fia be míenye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me.—Mat. 22:37-39.

Ne míedea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la, míaƒe dzitsinya ava nye mɔfianu nyui aɖe na mí (Kpɔ memama 16)

16. Nu ka tae wòle be gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ nanɔ vevie na mí esime míele ŋgɔ yim ɖo ta tsitsinyenye gbɔ?

16 Ne èle ŋgɔ yim ɖo ta Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ la, àkpɔe be gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ ava nɔ vevie na wò wu. Nu si tae nye be, nɔnɔme aɖewo koŋ mee wowɔa sewo ŋu dɔ le, gake woate ŋu awɔ gɔmeɖosewo ya ŋu dɔ le nɔnɔme vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi sue mate ŋu ase afɔku si le hadede vɔ̃wo me la gɔme o, eya ta, edzilawo ade se siwo akpɔ eta la nɛ. (1 Kor. 15:33) Gake ne ɖevia le tsitsim la, eva wɔa eƒe tamebubuŋutetewo ŋu dɔ nyuie wu, eye etea ŋu dea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu. Esia ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòatso nya me nyuie le ame siwo wòade ha kplii la gome. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 13:11; 14:20.) Zi ale si míedea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la, zi nenemae míaƒe dzitsinya ava nye mɔfianu nyui aɖe na mí, eye akpe ɖe mía ŋu míanya nu si Mawu adi be míawɔ le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.

17. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nu siwo míehiã be míate ŋu atso nya me nyuie la le mía si?

17 Ðe nu sia nu si míehiã be míate ŋu atso nya me wòadze Yehowa ŋu la le mía sia? Ɛ̃. Ne míewɔa se kple gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu dɔ aɖaŋutɔe la, ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (2 Tim. 3:16, 17) Eya ta, di Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ale be ‘nàkpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la adze sii.’ (Ef. 5:17) Wɔ dɔwɔnu siwo míetsɔ wɔa numekukui, siwo wòna mí to Kristo hamea dzi la ŋu dɔ nyuie. Wo dometɔ aɖewoe nye Watch Tower Publications Index (alo Index des publications Watch Tower), Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo, Watchtower Library, Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑEA, kple JW Library dɔwɔnua. Wotrɔ asi le dɔwɔnu siawo ŋu na mí be míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ naɖe vi na mí geɖe wu.

DZITSINYA SI WOTSƆ BIBLIA NA HEHEE LA HEA YAYRAWO VANƐ

18. Ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi la, yayra kawoe dona tso eme?

18 Ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi la, yayra geɖe dona tso eme, abe ale si wòdze le Psalmo 119:97-100 ene. Afi ma gblɔ be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Medea ŋugble le eŋu ŋkeke blibo la. Wò sedede na medze nunya wu nye futɔwo, elabena ele gbɔnye tegbee. Gɔmesese deto su asinye wu nye nufialawo katã, elabena wò ŋkuɖodzinyawo ŋue medea ŋugble le. Mewɔa nu kple gɔmesese si gbɔ ame tsitsiwo tɔ ŋu, elabena melé wò sededewo me ɖe asi.” Ne míedia ɣeyiɣi ‘dea ŋugble’ le Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu la, míava nɔ nu wɔm le nunya, gɔmesese, kple nugɔmesese me geɖe wu. Ɛ̃, ne míedze agbagba vevie heɖe mɔ be Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo namla míaƒe dzitsinya la, míate ŋu aɖo “tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.”—Ef. 4:13.