Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ” Hena Yehowa Ƒe Kafukafu

“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ” Hena Yehowa Ƒe Kafukafu

“Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be . . . woakafu mia Fofo [la].”—MAT. 5:16.

HADZIDZI: 77, 59

1. Susu vevi ka tae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo?

DZIDZƆ ka gbegbee nye esi míekpɔna ne míese nu tso dzidziɖedzi si kpɔm Yehowa ƒe amewo le ŋu! Le ƒe si va yi me la, míewɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame miliɔn 10 kple edzivɔ. Esia ɖee fia kɔtɛ be Yehowa subɔlawo na woƒe kekelia le keklẽm! Eye bu ɖetsɔlemetɔ miliɔn geɖe siwo de Ŋkuɖodzia hã ŋu kpɔ. Esia wɔe be wova nya nu tso lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia esi wòtsɔ Via na wònye tafe ɖe ameƒomea ta la ŋu.—1 Yoh. 4:9.

2, 3. (a) Nu kae metea ŋu xea mɔ na mí be ‘míaganɔ keklẽm abe akaɖiwo ene’ o? (b) Le nya si Yesu gblɔ le Mateo 5:14-16 ta la, nu ka mee míadzro?

2 Le xexea me godoo la, Yehowa ƒe amewo doa gbe vovovowo. Gake esia mexea mɔ na mí be míagakafu mía Fofo, Yehowa, le ɖekawɔwɔ me o. (Nyaɖ. 7:9) Gbe ka kee míeɖadona o, afi ka kee míeɖale o, míate ŋu aklẽ “abe akaɖiwo ene le xexea me.”—Flp. 2:15.

3 Dzidziɖedzi si teƒe kpɔm míele, ɖekawɔwɔ si le mía dome kple agbagba si míedzena be míanɔ ŋudzɔ la siaa hea kafukafu vanɛ na Yehowa. Le nyati sia me la, míadzro ale si míana míaƒe kekelia naklẽ le mɔ etɔ̃ siawo nu la me.—Xlẽ Mateo 5:14-16.

KPE ÐE AMEWO ŊU WOASUBƆ YEHOWA

4, 5. (a) Tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, mɔ bubu ka dzie míate ŋu ato ana míaƒe kekelia naklẽ? (b) Ne míewɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie la, nu nyui kae dona tso eme? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 “Ame aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Aƒetɔ la le ŋkeke mamlɛ siawo me . . . o, negbe ɖe wòwɔ mɔnukpɔkpɔ si le ʋuʋu ɖi be wòana eƒe kekelia naklẽ la ŋu dɔ ko hafi.” June 1, 1925, ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si ƒe tanyae nye “Kekeli Klẽ Le Viviti Me” la mee nya mawo dze le. Nyati ma gblɔ yi edzi be: “Ale si wòawɔ esia ye nye be wòanɔ nya nyuia gblɔm na anyigba dzi nɔlawo, eye wòanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple kekelia ƒe mɔwo.” Eme kɔ ƒãa be mɔ aɖe si dzi míetona nana míaƒe kekelia klẽnae nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe. (Mat. 28:19, 20) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu akafu Yehowa to míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi. Aƒelikawo kple ame siwo tsoa eme va yina la léa ŋku ɖe ale si míewɔa nui ŋu. Míaƒe alɔgbɔnukoko xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple gbedoname vividoɖeameŋutɔe ɖea nu geɖe fiana tso ame siwo míenye kple Mawu si míesubɔna ŋu.

5 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na aƒea me tɔwo.” (Mat. 10:12) Le nuto siwo me Yesu kple eƒe apostolowo ɖe gbeƒã le me la, amewo lɔ̃a amedzrowo xɔxɔ ɖe woƒe aƒewo me. Egbea, mele nenema le teƒe geɖe o. Ke hã, ne susu nyui le asiwò ɖe amewo ŋu eye nèwɔa nu ɖe wo ŋu vividoɖeameŋutɔe esime nèle nu si tae nèva wo gbɔ ɖo la gblɔm la, zi geɖe la, esia ate ŋu awɔe be aƒemenɔlaa naɖe dzi ɖi eye mabi dzi o. Zi geɖe la, nu nyuitɔ si míawɔ ne míekpɔ ame aɖe zi gbãtɔe nye be míako alɔgbɔnu. Alea kee wòle ne nɔviwo le kekevi siwo dzi míeɖoa míaƒe agbalẽwo ɖo la zãm le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me. Ne èkpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me la, ɖewohĩ ède dze sii be amewo wɔa nu ɖe mía ŋu nyuie wu ne míeko alɔgbɔnu hedo gbe na wo vividoɖeameŋutɔe. Esia ate ŋu ana woate ɖe mía ŋu atsɔ míaƒe agbalẽawo dometɔ aɖe. Ne èwɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie la, ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàdze dzeɖoɖo gɔme kpli wo.

6. Aleke mía nɔvi atsu kple asi tsitsi aɖe wɔ keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?

6 Atsu kple asi tsitsi aɖe si le England la ƒe lãmesẽkuxiwo wɔe be womegatea ŋu ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me abe tsã ene o. Eya ta, woɖoe be yewoanɔ yewoƒe aƒea ŋkume ko ana yewoƒe kekelia naklẽ. Woɖoa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe kplɔ̃ dzi le ɣeyiɣi si me dzilawo va kplɔa wo viwo le suku aɖe si te ɖe woƒe aƒea gbɔ. Dzila geɖe xɔ Sɔhɛwo Biana Be gbalẽa ƒe Babla 1 kple 2 lia kpakple agbalẽ gbadzawo. Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si le woƒe hamea me la va wɔ ɖeka kpli wo le woƒe ɖaseɖiɖidɔ sia me. Nɔvinyɔnua ƒe vividoɖeameŋu kple atsu kple asia ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo ʋã dzila aɖe wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

7. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame yeye siwo ʋu va miaƒe nutoa me la ŋu?

7 Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, sitsoƒedilawo va dzi ɖe edzi le dukɔ geɖe me. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu woanya Yehowa kple eƒe tameɖoɖo? Gbã la, àte ŋu asrɔ̃ ale si wodoa gbe na ame le wo degbea me. Míaƒe JW Language dɔwɔnua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me. Azɔ hã, ɖe manyo be nàsrɔ̃ nyagbɔgblɔ ʋɛ aɖewo siwo ana woadi be yewoaɖo dze kpli wò oa? Eyome, àte ŋu ahe woƒe susu ayi jw.org dzi eye nàtsɔ míaƒe video kple agbalẽ siwo le wo degbe me le nyatakakadzraɖoƒea la afia wo.—5 Mose 10:19.

8, 9. (a) Aleke míaƒe kwasiɖa domedome kpekpeawo kpena ɖe mía ŋui? (b) Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo nya ŋu le kpekpeawo me?

8 Esi Yehowa lɔ̃ mí ta la, ewɔ ɖoɖo ɖe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ŋu na mí ale be míate ŋu abi ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Nufiame nyui siwo míexɔna le kpekpe sia me la wɔnɛ be dzi ɖoa mía ƒo geɖe wu be míawɔ tɔtrɔyiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃wo.

9 Ne ame yeyewo va míaƒe kpekpeawo la, ewɔa nuku na wo ne wokpɔ ale si ɖeviwo ɖoa nya ŋui. Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu woanya ale si woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me ale be woana woƒe kekelia naklẽ. Ɣeaɖewoɣi la, woƒe nyaŋuɖoɖo kpui si tso dzi me la ʋãa ɖetsɔlemetɔ yeyewo wokpɔnɛ dzea sii be nyateƒea ye nye esia.—1 Kor. 14:25.

DO ŊUTIFAFA ÐE ŊGƆ

10. Akpa kae ƒometadedeagu wɔna le míaƒe ɖekawɔwɔa dodo ɖe ŋgɔ me?

10 Mɔ bubu aɖe si dzi nàto ana wò kekelia naklẽ ye nye be nàwɔ tɔwò sinua be ɖekawɔwɔ nanɔ wò ƒomea kple wò hamea me. Mɔ aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato awɔ esiae nye be woanɔ Ƒometadedeagu wɔm edziedzi. Ƒome aɖewo kpɔa JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnaa hã ɣeaɖeɣi le ɣletia me. Ne miekpɔ wɔnaa vɔ la, ɖe manyo be miadzro ale si miawɔ nu siwo miesrɔ̃ dzi la me oa? Esime dzilaa le ƒometadedeagua dzi kpɔm la, ele be wòanɔ susu me nɛ be mɔfiame siwo ɖevi suewo hiã la to vovo na sɔhɛwo tɔ. Na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nakpɔ ale si wòatsɔ nu si srɔ̃m miele la awɔ dɔe ale be nusɔsrɔ̃a naɖe vi na ƒome bliboa.—Ps. 148:12, 13.

Ne ètsɔa ɖe le eme na ame tsitsiwo la, esia atu wò kpli wo siaa ɖo 11)

11-13. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ hamea ƒe ɖekawɔwɔ?

11 Aleke sɔhɛwo ate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu ahato esia me ade dzi ƒo na ame bubuwo be woana woƒe kekelia naklẽ? Ne sɔhɛ Kristotɔe nènye la, ɖe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu be yeadze xɔ̃ ame tsitsi siwo le miaƒe hamea me oa? Àte ŋu abia wo ne woagblɔ nu si kpe ɖe wo ŋu wole Yehowa subɔm ƒe geɖewoe nye esia la na wò. Àkpɔe be esia atu wò ɖo ŋutɔ, eye ade dzo yeye wò kpli wo siaa me be miana miaƒe kekelia naklẽ. Eye mí katã míate ŋu aɖoe míaƒe taɖodzinu be míado vivi ɖe ame yeye siwo va míaƒe kpekpea le Fiaɖuƒe Akpataa me la ŋu. Esia wɔwɔ ana míaƒe ɖekawɔwɔa me nasẽ eye ate ŋu aʋã ame yeyewo be woadi be yewo hã yewoava kpe asi ɖe eŋu be kekelia naklẽ. Nu siwo nàte ŋu awɔ ƒe ɖee nye be nàko alɔgbɔnu na wo ahado gbe na wo vividoɖeameŋutɔe, eye ɖewohĩ nàkpe ɖe wo ŋu woakpɔ teƒe si woanɔ. Ðe wo fia ame bubuwo ale be woaɖe dzi ɖi.

12 Ne wode dɔ asi na wò be nàkpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi aɖe dzi la, àte ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ðe anyigbamama si asɔ ɖe woƒe nɔnɔmea nu la le wo sia? Le go aɖewo me la, ahiã be nàwɔ ɖoɖo be woawɔ dɔ kple ɖekakpui alo ɖetugbui si ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. Àte ŋu aɖe ameŋububu afia ame siwo lãmesẽnyawo kple kuxi bubuwo wɔe be womate ŋu awɔ geɖe o. Ɛ̃, wò nugɔmesese kple ameŋububu ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo, nya nyui gbeƒãɖela bibiwo kple esiwo mekpɔ nuteƒe o la siaa ŋu be woaɖe gbeƒã nya nyuia kple dzonɔameme.—3 Mose 19:32.

13 Hakpalaa gblɔ dzidzɔtɔe be: “Kpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!” (Xlẽ Psalmo 133:1, 2.) Le blema Israel la, ne Yehowa subɔlawo va ƒo ƒu ɖekae la, wo hati Yehowa subɔla bubuwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo dea dzi ƒo na wo. Enɔna abe ami kɔkɔe si ʋẽna lilili, si nana ame ƒe dzi dzea eme ene. Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu be nàna nɔviawo ƒe dzi nadze eme eye nàdo ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me oa? Ne èle esia wɔm xoxo la, ekema èdze na kafukafu. Gake ɖe nàte ŋu ‘aʋu wò dzi me gbadzaa,’ si fia be nàgawɔe geɖe wu eye nànɔ ewɔm edziedzi wu tsã?—2 Kor. 6:11-13.

14. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàna wò kekelia naklẽ le miaƒe nutoa me?

14 Ðe nàte ŋu ana Biblia me nyateƒea ƒe kekelia naklẽ ɖe edzi le miaƒe nutoa mea? Wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔna tuameɖowo ate ŋu awɔe be nyateƒea nadzro wò aƒelika aɖewo. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke nye aƒelikawo buamee? Ðe nye aƒe me kple egodo siaa nɔa dzadzɛ eye wòwɔnɛ be míaƒe nutoa me nya kpɔna? Ðe metsona le ɖokuinye si kpena ɖe amewo ŋua?’ Ne èle dze ɖom kple Ðasefo bubuwo la, ɖe manyo be nàna woaƒo nu tso dɔmenyo aɖe si wowɔ alo woƒe agbenɔnɔ nyui si wɔ dɔ ɖe woƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo dzi ŋu na wò oa? Anɔ eme be woƒe nuteƒekpɔkpɔwo awɔ dɔ ɖe dziwò.—Ef. 5:9.

NƆ ŊUDZƆ

15. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ?

15 Nɔnɔme si le mía si hã wɔa akpa vevi aɖe le ale si míenana míaƒe kekelia klẽna me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo zi geɖe be: “Minɔ ŋudzɔ.” (Mat. 24:42; 25:13; 26:41) Eme kɔ ƒãa be ne ewɔna na mí be “xaxa gã” la le adzɔge ʋĩi, eye míesusuna be ava ya, gake manye le míaƒe agbenɔɣi o la, esia awɔe be mímatsɔ nuwɔwɔ kpata ƒe susu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa o. (Mat. 24:21) Awɔe hã be le esi teƒe be míana kekelia nanɔ keklẽm nyuie le míaƒe nutoa me la, míaƒe kekelia anɔ tsitsim vivivi eye ate ŋu atsi keŋkeŋ gɔ̃ hã.

16, 17. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàyi edzi anɔ ŋudzɔ?

16 Esi nuwo gale gbegblẽm ɖe edzi le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ele be mí katã míayi edzi anɔ ŋudzɔ. Míenyae be Yehowa ahe xaxa gã la ava le ɣeyiɣi si sɔ tututu dzi. Ðikeke aɖeke mele esia ŋu o. (Mat. 24:42-44) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, yi edzi nàgbɔ dzi ɖi eye nànɔ ŋudzɔ. Nɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ ŋudzɔ ahanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. (1 Pet. 4:7) Na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wole dzidzɔ kpɔm esime wole ŋudzɔ eye wona woƒe kekelia le keklẽm la ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo naɖe vi na wò. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Ƒe Blaadre Ye Nye Esia Melé Yuda Ŋutsu Ðeka Ƒe Awu Toga.” Edze le April 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 18-21.

17 Nɔ gome kpɔm le dɔwɔna kple hadede tuameɖowo me. Esia ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe, eye awɔ na wò be ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba. (Ef. 5:16) Ƒe alafa ɖekae nye esi va yi la, mía nɔviwo ku kutri vevie eye wote ŋu wɔ dɔ geɖe. Gake míele dɔ geɖe wu wɔm egbea le Yehowa ƒe asi sesẽ si le mía kplɔm la ta. Míena míaƒe kekelia le keklẽm sesĩe le mɔ si meva susu me na ame aɖeke kpɔ o la nu.

Ne hamemetsitsiwo va srã mí kpɔ la, esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be nunya si le Mawu ƒe Nyaa me nasu mía si (Kpɔ memama 18, 19)

18, 19. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ahasubɔ Yehowa dzonɔamemetɔe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

18 Togbɔ be míede blibo o hã, míate ŋu asubɔ Yehowa wòadze eŋu, eye esia nyanya dea dzi ƒo na mí. Be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míawɔ esia la, ena “nunana siwo nye amewo” la mí; woawoe nye hamemetsitsiwo. (Xlẽ Efesotɔwo 4:8, 11, 12.) Ne hamemetsitsi aɖe gava srã wò kpɔ la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàna eƒe nunya kple aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wò.

19 Le England la, atsu kple asi aɖe si nɔ kuxiwo me tom le woƒe srɔ̃ɖeɖe me la bia tso hamemetsitsi eve aɖewo si be woakpe ɖe yewo ŋu. Nyɔnua se le eɖokui me be ye srɔ̃a mexɔa ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. Srɔ̃aŋutsua lɔ̃ ɖe edzi be yemebi ɖe nufiafia me o eye yemewɔ ɖoɖo be yewoanɔ ƒometadedeagu wɔm edziedzi o. Hamemetsitsiawo he atsu kple asia ƒe susu yi kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la dzi. Yesu lé be na eƒe nusrɔ̃lawo eye wòkpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Hamemetsitsiawo de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsua be wòasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Wode dzi ƒo na srɔ̃nyɔnua hã be wòagbɔ dzi ɖi na srɔ̃a. Azɔ hã, hamemetsitsiawo ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na atsu kple asia tso ale si woawɔ nu aduadui ale be woate ŋu awɔ ƒometadedeagu kple wo viwo eveawo ŋu. (Ef. 5:21-29) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, hamemetsitsiawo kafu srɔ̃ŋutsua ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta. Wode dzi ƒo nɛ be megana ta o eye wòaɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòakpe ɖe eŋu wòaxɔ ŋgɔ na eƒe ƒomea le Yehowa subɔsubɔ me. Lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo si hamemetsitsiawo ɖe fia la kpe ɖe ƒome sia ŋu be woana woƒe kekelia naklẽ.

20. Ne èna wò kekelia le keklẽm la, nu kae nàte ŋu akpɔ mɔ na?

20 Hakpalaa dzi ha be: “Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa, ame si zɔa eƒe mɔwo dzi.” (Ps. 128:1) Àte ŋu ana wò kekelia naklẽ ne èkpena ɖe amewo ŋu be woasubɔ Yehowa, ne ènɔa agbe le mɔ si ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ nu, eye nèyi edzi le ŋudzɔ. Esia wɔwɔ ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu. Amewo ade dzesi wò dɔ nyui wɔwɔwo, eye esia aʋã ame geɖe be woakafu mía Fofo la.—Mat. 5:16.