Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nye Fiaɖuƒe Menye Xexe Sia Ƒe Akpa Aɖeke O”

“Nye Fiaɖuƒe Menye Xexe Sia Ƒe Akpa Aɖeke O”

“Esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe la.”—YOH. 18:37.

HADZIDZI: 15, 74

1, 2. (a) Aleke mama si le xexea me la le gã dom ɖe edzi? (b) Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

NƆVINYƆNU aɖe si le anyiehe Europa ɖo ŋku ale si agbea nɔ nɛ va yi la dzi eye wògblɔ be: “Mekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ geɖe teƒe tso nye ɖevime ke. Eya ta megbe nu le dunyaheɖoɖo si le míaƒe dukɔa me la gbɔ, eye meda megbe na tɔtrɔ siwo ame geɖe buna be wogbɔ eme. Le nyateƒe me la, menye dugbãla ŋɔdzinuwɔla aɖe ƒe ahiãvi ƒe geɖe.” Nɔviŋutsu aɖe si le anyiehe Afrika la hã wɔa ŋutasẽnu tsã. Egblɔ be: “Mexɔe se be to si me tɔ menye la nyo wu to bubu ɖe sia ɖe, eye meɖo dunyahehabɔbɔ aɖe me. Wofia ale si míatsɔ akplɔ awu dunyaheha bubu me tɔwo la mí, eye míewua míaƒe toa me tɔ siwo de dunyaheha bubuwo dzi la gɔ̃ hã.” Nɔvinyɔnu aɖe si le titina Europa la gblɔ be: “Mebua susu vɔ̃ ɖe amewo ŋu, eye meléa fu dukɔ bubu ɖe sia ɖe me tɔwo alo ame sia ame si ƒe mawusubɔsubɔ to vovo na tɔnye.”

2 Egbea la, amewo va le nɔnɔme siwo nɔ ame etɔ̃ mawo si tsã la ɖem fia geɖe wu. Ðokuisinɔnɔ ƒe habɔbɔ siwo doa ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la le dzidzim ɖe edzi, dunyaheha vovovo me tɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le gã dom ɖe edzi, eye le dukɔ geɖe me la, ame siwo nye amedzrowo la sena le wo ɖokuiwo me be amewo va lé fu yewo fifia wu tsã. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, ame geɖe “melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi” le ŋkeke mamlɛ siawo me o. (2 Tim. 3:1, 3) Esi ɖekawɔwɔ zu dze bu ɖe ama me le xexea me egbea ta la, aleke Kristotɔwo awɔ akpɔ woƒe ɖekawɔwɔa ta? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la me. Le eƒe ŋkekea me la, ame geɖe lé susu siwo nɔ wo si le dunyahenyawo me la me ɖe asi kpaɖii eye esia de mama wo me. Na míadzro biabia vevi etɔ̃ siawo me: Nu ka tae Yesu meƒo eɖokui ɖe dunyahehabɔbɔ aɖeke me o? Aleke wòɖee fia be mele be Mawu subɔlawo nade akpa aɖe dzi le dunyahenyawo me o? Eye aleke Yesu fia mí be masɔ gbeɖe be míawɔ ŋutasẽnu ɖe ame bubuwo ŋu o?

ÐE YESU DE DUNYAHEHA AÐE DZIA?

3, 4. (a) Le Yesu ƒe ŋkekea me la, nu kawoe Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na? (b) Aleke Yudatɔwo ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi?

3 Yudatɔ siwo Yesu ɖe gbeƒã na la dometɔ geɖe nɔ didim vevie be yewoado le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Yudatɔ Zazɛ̃nyahelawo, alo dulɔ̃lawo, ƒã susu ma ɖe dukɔa me tɔwo me. Zazɛ̃nyahela siawo dometɔ geɖe dze Yuda Galileatɔ la yome. Enye aʋatso mesia aɖe si kplɔ ame geɖe tra le ƒe alafa gbãtɔ me. Yudatɔwo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Yuda sia “ƒlɔ dzo ɖe dukɔa me viwo te be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu; egblɔ tso ame siwo lɔ̃na xea adzɔ la ŋu be wonye vɔvɔ̃nɔtɔwo.” Romatɔwo wu Yuda sia. (Dɔw. 5:37) Zazɛ̃nyahelawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔ ŋutasẽnuwo be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ.

4 To vovo na zazɛ̃nyahela mawo la, Yudatɔ bubuwo hã nɔ mɔ kpɔm vevie na Mesia si anye dunyahedziɖula. Esia fia be, wonɔ mɔ kpɔm be, ne Mesia la va la, ado yewoƒe dukɔa ɖe ŋgɔ eye ana ablɔɖe yewo tso Romatɔwo si me. (Luka 2:38; 3:15) Ame geɖe xɔe se be Mesia la agbugbɔ aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi ɖe anyigba dzi le Israel. Ne esia va eme la, Yudatɔ siwo ka hlẽ ɖe dukɔ vovovowo me la atrɔ agbɔ va wo denyigba dzi. Ðo ŋku edzi be Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa bia Yesu be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?” (Mat. 11:2, 3) Yohanes anya di be yeanya nenye be ame bubu aɖee ava wɔ nu siwo katã Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na. Nusrɔ̃la eve siwo do go Yesu le mɔ si ɖo ta Emaus dzi la kpɔe be Mesia la mewɔ nu siwo yewonɔ mɔ kpɔm na o. (Xlẽ Luka 24:21.) Esia megbe kpuie la, Yesu ƒe apostolowo biae be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?”—Dɔw. 1:6.

5. (a) Nu ka tae Galileatɔwo di be Yesu nanye yewoƒe fia? (b) Aleke Yesu ɖɔ woƒe susu ɖo?

5 Ðikeke mele eme o be nu siwo Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava wɔ la tae Galileatɔwo di be Yesu nanye yewoƒe fia ɖo. Woanya susu be Yesu anye kplɔla nyuitɔ kekeake. Enye nuƒola bibi; etea ŋu daa dɔ na dɔnɔwo; etea ŋu naa nuɖuɖu ame siwo dɔ le wuwum gɔ̃ hã. Esi Yesu na nuɖuɖu ame siwo ade 5,000 megbe la, ede dzesi tame si ɖom wole ɖe eŋu. Biblia gblɔ be: “Esi Yesu nya be wogbɔna ye lé ge aɖo fiae la, egaɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.” (Yoh. 6:10-15) Anɔ eme be kaka Yesu naɖo Galilea-ƒua ƒe go kemɛ dzi le ŋufɔke la, dzo si nɔ wo me ɖe tame si woɖo ŋu la nu fa vie. Azɔ Yesu ɖe taɖodzinu si tututu le eƒe dɔa ŋu la me na wo. Eɖe eme na wo be nu si ta yeva ɖoe nye be yeafia nu wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, ke menye be yeakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o. Eyome, egblɔ na wo be: “Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ . . . la ta.”—Yoh. 6:25-27.

6. Aleke Yesu na eme kɔ ƒãa be yemedi be yeanye dunyahedziɖula le anyigba dzi o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ede dzesii be ye yomedzelawo dometɔ aɖewo nɔ mɔ kpɔm be yeaɖo fiaɖuƒe aɖe ɖe anyigba dzi le Yerusalem. Eya ta, ezã minawo ŋuti lododoa tsɔ ɖɔ woƒe susu ɖo. Lododoa ɖee fia be ahiã be Yesu, si le tsitre ɖi na “bubume” si le lododoa me la, nazɔ mɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe. (Luka 19:11-13, 15) Yesu gblɔ na Roma dziɖulawo hã be yemedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Pontio Pilato bia Yesu be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” (Yoh. 18:33) Ðewohĩ, nutodziɖulaa nɔ vɔvɔ̃m be Yesu ava de zi dukɔa me; nu sia nye kuxi gã aɖe le Pilato ƒe dziɖuɣia katã me. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 18:36) Yesu gbe be yemade nu dunyahenyawo me o, elabe dziƒoe eƒe Fiaɖuƒea anɔ. Egblɔ na Pilato be dɔ si wɔ ge yeva le anyigba dzie nye be ‘yeaɖi ɖase na nyateƒe la.’—Xlẽ Yohanes 18:37.

Ðe wò susu nɔa xexemekuxiwo ŋu loo alo Mawu Fiaɖuƒea ŋu? (Kpɔ memama 7)

7. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míagade dunyaheha aɖeke dzi le míaƒe dzi me o?

7 Ne míese dɔ si Mawu de mía si la gɔme nyuie abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, míawɔ míaƒe ŋutete katã be míagade dunyahehabɔbɔ aɖeke dzi le míaƒe dzi me gɔ̃ hã o. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Míaƒe nutoa me tɔwo ƒe dzi va ku ɖe dunyahelawo ƒe ŋugbedodowo ŋu vevie.” Dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ va xɔ aƒe ɖe wo me, eye ame geɖe xɔe se be ne yewo ŋutɔ yewo detɔwo le yewo dzi ɖum la, agbea aka ɖe eme na yewo. “Dzidzɔtɔe la, nɔviawo kpɔ woƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa ta esi wolé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu. Wokpɔa Mawu sinu be wòava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple kuxi bubu siwo me tom yewole la ɖa.”

ALEKE YESU ƑO ASA NA NUDEDE DUNYAHEHE ME?

8. Aleke wonɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe Yudatɔwo ŋu le Yesu ƒe ŋkekea me?

8 Zi geɖe la, amewo ƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me ne wokpɔe be wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe yewo ŋu. Adzɔxexe nye dunya sesẽ aɖe si amewo hena le Yesu ƒe ŋkekea me. Le nyateƒe me la, nu si na Yuda Galileatɔ, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋue nye ale si Romatɔwo nɔ dukɔmeviwo ƒe ŋkɔ ŋlɔm kple susu be yewoaxɔ adzɔ le wo si. Woxɔa adzɔ vovovowo le Roma fiaɖuƒea teviwo kple Yesu ƒe nyaselawo si ɖe woƒe nunɔamesiwo, anyigbawo kple aƒewo ta. Eye adzɔxɔlawo ƒe nu fitifiti wɔwɔ wɔe be agbaa gava nɔ wo kpem wu tsã. Adzɔxɔlawo tea ŋu naa ga dziɖuɖumegãwo ale be ɖoƒe kɔkɔ nasu yewo si eye wowɔa woƒe ɖoƒea ŋu dɔ tsɔ xɔa adzɔ gã le amewo si. Zaxeo, si nye adzɔxɔlawo ƒe amegã le Yeriko la, tafa amewo xɔ ga le wo si, eye wòto esia me va zu kesinɔtɔ. (Luka 19:2, 8) Anɔ eme be aleae wònɔ le adzɔxɔla geɖewo hã gome.

9, 10. (a) Aleke Yesu ƒe futɔwo dze agbagba be yewoana wòade nu dunya aɖe me? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu ɖo nyaa ŋui me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Yesu ƒe futɔwo dze agbagba be yewoatre mɔ̃ nɛ ne wòade akpa aɖe dzi le adzɔxexe ƒe nyaa me. Adzɔ si ŋu nyaa ku ɖoe nye esi dukɔ siwo katã dzi Roma kpɔ ŋusẽ ɖo la me tɔ ɖe sia ɖe xena “na Kaisaro,” si ƒe home nye denario ɖeka. (Xlẽ Mateo 22:16-18.) Yudatɔwo medina kura be yewoaxe adzɔ sia o. Adzɔ sia xexe ɖoa ŋku edzi na wo be wonye Roma dziɖuɖua teviwo. “Herodes habɔbɔ me nɔlawo” fɔ nya sia ɖe te kple susu be ne Yesu gblɔ be mesɔ be woaxe adzɔ sia o la, woatsɔ nya ɖe eŋu be edze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu. Eye ne Yesu gblɔ be adzɔ sia si nye agba kpekpe le dukɔa dzi la sɔ la, esia ate ŋu ana eyomedzelawo natrɔ le eyome.

10 Yesu ɖɔ ŋu ɖo le nyaŋuɖoɖo me ale be yeagade akpa aɖe dzi le adzɔxexe ƒe nyaa me o. Eya ta, eɖo eŋu be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.” (Mat. 22:21) Yesu nyae nyuie be adzɔxɔlawo nye nu fitifiti wɔlawo, gake metsɔ eƒe susu ɖo nya ma ŋu o. Ke boŋ eƒe susu nɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu vavãtɔ, si nye Mawu Fiaɖuƒea dzi. Eto esia dzi gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na eyomedzelawo katã. Ele be woaƒo asa na nudede dunyahenyawo me, aleke kee wòadze be akpa ɖeka ƒe nya dzɔ alo akpa kemɛ tɔ medzɔ o gɔ̃ hã. Kristotɔwo tsɔa susu ɖoa Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Eya ta, womebua dunyahenya aɖe be esɔ alo mesɔ o, eye womeƒoa nu tsia tsitre ɖe nu madzɔmadzɔ aɖewo siwo le edzi yim la ŋu o.—Mat. 6:33.

11. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato aɖee afia be míedi be nu madzɔmadzɔ nu nayi?

11 Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe te ŋu ɖe asi le seselelãme sẽŋu si nɔ wo me tsã ɖe dunyahenya aɖewo ŋu la ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si le Great Britain la gblɔ be: “Esi mesrɔ̃ nu tso hadomegbenɔnɔ ŋuti nunya ŋu le yunivɛsiti vɔ la, seselelãme sẽŋu aɖe va nɔ menye. Medi be maʋli ameyibɔwo ƒe gomenɔamesiwo ta, le esi míekpe fu geɖe le nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe mía ŋu ta. Togbɔ be metea ŋu ʋlia nya eye meɖua dzi hã la, esia mehea dzidzeme aɖeke vanɛ nam o. Nyemenya tsã be hafi woakpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu ƒe nyaa gbɔ la, ele be woatrɔ dzi ƒe nɔnɔme si le amewo si o. Gake esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, meva kpɔe be ele be mawɔ dɔ tso nye ŋutɔ nye dzi ŋu gbã. Eye nɔvinyɔnu yevu aɖee kpe ɖe ŋunye dzigbɔɖitɔe mete ŋu wɔ tɔtrɔ siwo hiã. Fifia, menye gbesiagbe mɔɖela hele subɔsubɔm le tokunɔgbe hame aɖe me, eye mele agbagba dzem be makpe ɖe ame ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.”

“GBUGBƆ WÒ YI LA DE ETEƑE”

12. “Amɔwɔʋãnu” ka ƒomevie Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaƒo asa na?

12 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, subɔsubɔhakplɔlawo dea dunyahelawo dzi zi geɖe. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ale si amewo nɔa agbe le Yesu ƒe ŋkekea me ŋu la gblɔ be “subɔsubɔha vovovo siwo me Yudatɔwo nɔ ɣemaɣi la nɔ ko abe habɔbɔ siwo míeyɔna egbea be dunyahehawo ene.” (Daily Life in Palestine at the Time of Christ) Esia tae Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu la ŋuti.” (Marko 8:15) Anɔ eme be esi Yesu yɔ Herodes ŋkɔ le nya sia me la, Herodes habɔbɔ me nɔlawoe wòwɔnɛ. Farisitɔwo di be Yudatɔwo nakpɔ ablɔɖe tso Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Mateo ƒe nuŋlɔɖia ɖee fia be Yesu ƒo nu tso Zadukitɔwo hã ŋu le nya sia me. Woawo ya di be nuwo nanɔ abe ale si wole ko ene. Wo dometɔ geɖe le dziɖuɖunɔƒewo le Romatɔwo ƒe dukplɔɖoɖowo me. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo vevie be woaƒo asa na habɔbɔ etɔ̃ siawo ƒe “amɔwɔʋãnu la” alo woƒe nufiafiawo. (Mat. 16:6, 12) Eye eɖe dzesi ŋutɔ be esi amewo tee kpɔ be yewoaɖo Yesu fia megbe kpuie koe Yesu gblɔ nya sia.

13, 14. (a) Aleke dunyahenyawo kple subɔsubɔnyawo na amewo wɔ ŋutasẽnu kple nu madzɔmadzɔ? (b) Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu gɔ̃ hã la, nu ka tae masɔ gbeɖe be míawɔ ŋutasẽnu o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Ne subɔsubɔhawo de nu dunyahehe me la, zi geɖe la, esia hea ŋutasẽnuwɔwɔ vanɛ. Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo be mele be woade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Esia hã le eme tae nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ɖoe be yewoawu Yesu. Wonɔ vɔvɔ̃m be, ne amewo ɖo to Yesu la, woatrɔ le yewo yome. Eye ne edzɔ alea la, ɖoƒe siwo le yewo si le subɔsubɔhawo kple dukplɔɖoɖowo me la age le yewo si. Wogblɔ be: “Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ekema wo katã woaxɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava xɔ míaƒe nɔƒe kple míaƒe dukɔa siaa le mía si.” (Yoh. 11:48) Eya ta, Nunɔlagã Kayafa xɔ ŋgɔ woɖo nugbe be yewoawu Yesu.—Yoh. 11:49-53; 18:14.

14 Kayafa dɔ asrafowo ɖa be woayi aɖalé Yesu le zã me. Yesu nya ŋukpenanu si woɖo be yewoawɔ la nyuie, eya ta, esime wònɔ eƒe nuɖuɖu mamlɛtɔ ɖum kple eƒe apostolowo la, egblɔ na wo be woatsɔ yi aɖewo ɖe asi. Yi eve sɔ gbɔ be wòatsɔ afia nu vevi aɖe wo. (Luka 22:36-38) Emegbe le zã ma me la, Petro tsɔ yiawo ƒe ɖeka wɔ nu vevi amehawo dometɔ ɖeka. Ðikeke mele eme o be, ale si amehawo va be yewoalé Yesu madzemadzee le zã me la ku dzi nɛ vevie. (Yoh. 18:10) Gake Yesu gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.” (Mat. 26:52, 53) Nufiame vevi sia wɔ ɖeka kple gbe si Yesu do ɖa ɖe wo ta do ŋgɔ le zã ma me be woaganye xexea ƒe akpa aɖeke o la. (Xlẽ Yohanes 17:16.) Ele be woagblẽe ɖe Yehowa si me be wòaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa.

15, 16. (a) Aleke Mawu ƒe Nya la kpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woaƒo asa na fuléle kple ʋunyaʋunyawɔwɔ? (b) Ne Yehowa kpɔ ale si xexea le egbea la, vovototo kae wòkpɔna?

15 Nɔvinyɔnu si le anyiehe Europa la hã va kpɔe be ele be woagblẽe ɖe Yehowa si me be wòaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa. Egblɔ be: “Mekpɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ meɖea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa o. Mekpɔe be, zi geɖe la, ame siwo wɔa ŋutasẽnu la bua woƒe agbe. Eye vevesese kple nuxaxa sɔŋ koe tsia akɔ dzi na wo dometɔ geɖe. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mesrɔ̃e le Biblia me be Mawu ɖeka koe ate ŋu ahe dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ava anyigba dzi. Ƒe 25 ye nye esia mele gbeƒã ɖem nya vevi sia.” Nɔviŋutsu si le anyiehe Afrika la tsɔ “gbɔgbɔ la ƒe yi,” si nye Mawu ƒe Nya la, ɖɔ li eƒe akplɔa, le gɔmesesea nu be etsɔa ŋutifafagbedeasia yina na ehaviwo, to ka ke mee woɖatso o. (Ef. 6:17) Eye esi nɔvinyɔnu si le titina Europa la va zu Yehowa Ðasefo la, eva ɖe nɔviŋutsu aɖe si nye to si me tɔwo wòlé fui tsã la me tɔ. Nɔvi etɔ̃ siawo te ŋu wɔ tɔtrɔ siawo elabena wodi vevie be yewoaɖi Kristo.

16 Eye ele vevie ŋutɔ be míawɔ tɔtrɔ siawo! Biblia tsɔ ameƒomea sɔ kple atsiaƒu dzeagbo si mate ŋu anɔ anyi kpoo o. (Yes. 17:12; 57:20, 21; Nyaɖ. 13:1) Esime dunyahenyawo hea dzikudodo, mama, kple ŋutasẽnuwɔwɔ manyatalenuwo vaa amewo dome la, míawo ya míenɔa anyi le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. Eye ne Yehowa kpɔ ale si míaƒe xexea ma kakɛkakɛe la, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ ɖekawɔwɔ si le eƒe amewo dome.—Xlẽ Zefaniya 3:17.

17. (a) Mɔ etɔ̃ kawo nue míate ŋu ado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Míekpɔe be míate ŋu ado Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le mɔ etɔ̃ nu: (1) Míekpɔa mɔ be Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa, (2) míeɖoe kplikpaa be míade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o, eye (3) míeƒoa asa na ŋutasẽnuwɔwɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, nazãbubu ate ŋu ana míaƒe ɖekawɔwɔa naɖo afɔku me. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si míate ŋu aɖu kuxi sia dzi, abe ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔe ene, la me.